All posts by admin5

24-1110 Tiatira Hame Ƒe Agbenɔɣi La

Gbedasi: 60-1208 Tiatira Hame Ƒe Agbenɔɣi La


BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ Si Me Woklẽ Ɖo,

Alesi Aƒetɔ la le eɖem fia mí be le agbenɔɣiawo katã me la, hatsotso sue aɖe ŋutɔ nɔ anyi ɣesiaɣi si nɔ Eƒe Nya la gbɔ. Womege ɖe futɔ la ƒe mɔ̃ si blea ame me o, ke boŋ woyi edzi nye nyateƒetɔ kple nuteƒewɔla na Nya la hena woƒe ŋkekea.

Gake ɣeyiɣi aɖeke meva kpɔ o, alo amewo ƒe hatsotso aɖeke, si ŋu Aƒetɔ la ƒo adegbe le, alo ka ɖe edzi, wu mí o. Míenye Eƒe Aƒenɔ Ŋugbetɔ Tiatia si woma aflu o, eye vevietɔ wu la, WOMATEŊU aflu mí o; elabena míesea Alẽkplɔla ƒe Gbe eye míedzea Eyome.

Ele eɖem fia mí be le agbenɔɣiawo katã me la, amewo ƒe hatsotso eve nɔ anyi, wo ame evea siaa le gbeƒã ɖem woƒe ɖeɖefia tso Mawu gbɔ kple woƒe ƒomedodo kple Mawu. Gake Egblɔ na mí be, Aƒetɔ la nya amesiwo nye Etɔ. Ekplɔa míaƒe tamesusuwo ɖo. Enya nusi le míaƒe dzi me. Ekpɔa míaƒe dɔwɔwɔwo to nyagblɔɖila la kple Eƒe Nya la gbɔ nɔnɔ me, siwo nye nusi le mía me ƒe ɖeɖeɖego kɔtɛ. Míaƒe susuwo, míaƒe tameɖoɖowo nye nusi Wònya esi Wòle ŋku lém ɖe míaƒe nuwɔna ɖesiaɖe ŋu.

Egblɔ na mí be ŋugbedodo siwo katã Wòdo na agbenɔɣi ɖesiaɖe, nye MÍATƆ. Ekpɔa mí amesiwo le edzi yim le Eƒe dɔwo wɔm nuteƒewɔwɔtɔe vaseɖe nuwuwu. ENA MÍ ŋusẽ ɖe dukɔwo dzi. Egblɔa na mí be míenye dziɖula ŋusẽtɔ, ŋutetetɔ, siwo mebɔbɔna o, siwo ate ŋu anɔ te ɖe nɔnɔme ɖesiaɖe nu ŋusẽtɔe ale gbegbe. Futɔ si mɔkpɔkpɔ bu ɖee wu gɔ̃ hã agbã gudugudu ne ehiã. Míaƒe dziɖuɖu ɖeɖefia to Eƒe ŋusẽ me anɔ abe Vi la ŋutɔ tɔ ene. ŊUTIKƆKƆE!!

Míewɔ Mawu ƒe goglome ƒe numetoto le míaƒe agbe me. Enye ame ŋutɔ ƒe numetoto kuɖe Mawu ƒe Gbɔgbɔ si le miame ŋu. Mawu ƒe nunya kple sidzedze to Eƒe Nya dzi klẽ ɖe míaƒe susuwo dzi.

Míeyina afisiafi si Ŋugbetɔsrɔ̃a le. Eyama magblẽ mí ɖi gbeɖe o. Míadzo le Eƒe akpa dzi gbeɖe o. Míama fiazikpui la Kplii. Woatsɔ Eƒe ŋutikɔkɔe kple bubu aɖo fiakuku na mí.

Eɖe alesi gbegbe futɔ nye ameflula le agbenɔɣi ɖesiaɖe me kple alesi wòle vevie be míanɔ anyi Kple EƑE NYA GƆMEDZETƆ LA la fia mí. Womate ŋu atrɔ Nya ɖeka pɛ hã o. Agbenɔɣi ɖesiaɖe tsɔ ɖe kpee eye woɖe ɖe le me, le esi wotsɔ woawo ŋutɔ ƒe gɔmeɖeɖe de Nya gɔmedzetɔa; eye wobu tegbee to esia wɔwɔ me.

Le Tiatira Hamea ƒe Agbenɔɣia me la, beble gbɔgbɔ ma ƒo nu to Roma ƒe papa dzi eye wòtrɔ Eƒe Nya. Ewɔe wònye “avuléla ɖeka le Mawu kple amegbetɔ dome (menye amegbetɔwo o).” Eyata fifia eléa avu le avuléla kple amegbetɔwo dome. Aleae wotrɔ Mawu ƒe ɖoɖo bliboa; menye to nya aɖe tɔtrɔ me o, ke boŋ to ŋɔŋlɔdzesi ÐEKA tɔtrɔ me. Satana trɔ “E” wòzu “A”.

Woadrɔ̃ ʋɔnu Nya ɖesiaɖe to Eƒe Nya Gɔmedzetɔa si wogblɔ le nyaƒowo dzi dzi. Eyata ELEBE Eƒe Ŋugbetɔ nanɔ anyi kple nyaƒokawo. Esime futɔa le agbagba dzem be yeaɖe dzi le ameawo ƒo to ɖoɖo bubu, susu bubu, ŋɔŋlɔdzesi bubu nana wo me hã la, Ŋugbetɔ la ANƆ ANYI KPLE NYA GƆMEDZETƆA.

Le agbenɔɣi ɖesiaɖe me la, Yesu dea dzesi Eɖokui kple agbenɔɣi ma ƒe gbedeasitsɔla la. Woxɔa ɖeɖefia si le Nya la ŋu tso Eyama gbɔ na woƒe agbenɔɣia. Nya sia ƒe ɖeɖefia kplɔa Mawu ƒe ame tiatiawo doa goe le xexeame eye wòva wɔa ɖeka blibo kple Yesu Kristo.

Eyɔ ame geɖewo eye wòɖo wo be woanye yayra na hame la, gake GBEDEASITSƆLA LA ÐEKA KOE le esi si Wòyɔ be wòakplɔ yeƒe hamea to Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me. GBE ÐEKA ye li kple Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi. GBE ÐEKA li si Wògblɔ be Yeatsɔ adrɔ̃ ʋɔnu mí. GBE ÐEKA aɖe li si dzi Eƒe Ŋugbetɔa le woƒe dzeƒe mavɔ la tum ɖo. GBE MA NYE MAWU ƑE GBE LE NYAƑOKAWO ME.

Ŋugbetɔ, Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na mí enye Blibodede, eye le Eƒe ŋkume la, MÍEDE BLIBO. Ke blibodede ma nye dzigbɔɖi, lala Mawu… kple alala kpɔ Mawu si ŋu. Egblɔ na mí be enye míaƒe de ƒe ŋgɔgbedede ƒe ɖoɖo. Dodokpɔ, tetekpɔwo kple xaxa geɖewo ate ŋu anɔ mía ŋu, gake miaƒe nuteƒewɔwɔ na Eƒe Nya le dzigbɔɖi dim le mía me be míade blibo eye míazu blibo, esi naneke maʋe te do mí o.

Míaŋlɔ be gbeɖe be XƆSE vana to nusese me, Nya la sese me, eye Nya la vana nyagblɔɖila la o.

Va kpɔ dzidzɔ gãtɔ kekeake le wò agbe me esi nànɔ anyi ɖekae kpli mí le Dziƒo nutowo me esi míase Mawu ƒe Gbe wòahe Nya la vɛ na mí le: Tiatira Hame La Ƒe Agbenɔɣi 60-1208 ŋu, ƔETRƆ ga 12:00, Jeffersonville ƒe game dzi.

Nɔvi. Joseph Branham

24-1103 Pergamo Hame Ƒe Agbenɔɣi La

Gbedasi: 60-1207 Pergamo Hame Ƒe Agbenɔɣi La


BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Nɔaƒe Dzadzɛ Lɔlɔ̃tɔ,

Ðe miele vivi sem na Hame ƒe Agbenɔɣi Adreawoa? Mawu le nyɔnyɔ nam si tɔgbe medzɔ kpɔ o nam Eƒe Ŋugbetɔ. Ele Ɖeɖefia geɖe, Xɔse geɖe, kple kakaɖedzi geɖe nam mí esi míenya amesiwo míenye, kple nusi wɔm míele to Nya la gbɔ nɔnɔ, Eƒe Mɔ si wona mí egbea me.

Azɔ Ele gbɔgblɔm na mí be: “Tso Kwasiɖagbe ƒe subɔsubɔdɔa dzi la, mido miaƒe gbɔgbɔme tamebubu. Mina Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nana wòage ɖe Eme ɖaa ko eye wòalé gbɔgbɔ me dɔwɔwɔ le nusiwo katã Mawɔ me. Enye Nye Nya si Gbɔgbɔ la gbɔ agbe si Nye nyagblɔɖila Maleaxi 4 tɔ ɖe gblɔ”.

Mina míaxlẽ Eƒe Nya ʋɛ aɖewo ahalé wo eye míatsɔ míaƒe gbɔgbɔme tamebubu ade wo me.

Mawu ɖo Eƒe kplɔla si yɔ fũ kple Gbɔgbɔ na Eƒe hatsotso si yɔ fũ kple Gbɔgbɔ; Eƒe dɔla; eye Etsɔ ŋkɔ aɖe ƒe nutrenu ɖo edzi, gake mele be wòaɖee afia o. Ele be wòadzrae ɖo ɖe eɖokui gbɔ, mikpɔea. “Ame aɖeke menyae o negbe eya ŋutɔ ko.”

Eyata Mawu tsɔ kplɔla si yɔ fũ kple Gbɔgbɔ na Eƒe Ŋugbetɔ na Eƒe hatsotso si yɔ fũ kple Gbɔgbɔ. KPLƆLA, MENYE KPLƆLAWO na Eƒe hatsotso si yɔ fũ kple Gbɔgbɔ la o.

Esime wògbɔna xexeame kpuie la, Kekeli ƒe dɔla gã si ava mía gbɔ, si akplɔ mí ado goe, Gbɔgbɔ Kɔkɔe gã aɖe, ava le ŋusẽ me, eye wòakplɔ mí ayi Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ.

Kekeli ƒe dɔla gã aɖe. Amekae nye Kekeli ƒe dɔla gã la na agbenɔɣi mamlɛ sia? William Marrion Branham ye. Menye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋue wòle nu ƒom tsoe o. Eva xoxo eye wògblɔ be ema ava.

Ema AKPLƆ MÍ ADO GO. Míenyae vavã eye míexɔe se be Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae le mía kplɔm, gake edze ƒã be etsɔ Eƒe dɔla kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒo ƒui eye wògblɔ be EYA (Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe) akplɔ mí (TO) Eƒe Kekeli ƒe dɔla gã la dzi.

Eyi edzi bla wo ɖekae esi wògblɔ be:

Anɔ eme be manyae o, .

Menye ɖe wòle gbɔgblɔm be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la manya amesi Wònye o, ke boŋ Eƒe anyigbadzi dɔla gbedeasitsɔla si Wòtia be WÒAKPLƆ MÍ ADO GO.

Gake anɔ afisia le ŋkeke siawo dometɔ aɖewo me. Awɔ…Mawu ana woanyae. Mahiã be wòaɖe eɖokui afia o, Mawu ana woanyae. Mawu aɖo kpe Eya Ŋutɔ tɔ dzi.

Azɔ hã, menye ɖe Wòle gbɔgblɔm be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la anɔ afisia ŊKEKE SIAWO ƑE ÐEWO o, ke boŋ Eƒe Kekeli ƒe dɔla gã lae be wòakplɔ Eƒe Ŋugbetɔ. Mahiã be wòaɖe eɖokui afia o, Mawu Ŋutɔ ana Eƒe Ŋugbetɔ anya Eƒe kplɔla gã to ƉEƉEƉIA me.

Ðe miele gbɔgbɔme ƒe akpadzia léma? Ɖee miele amesi nye Kekeli ƒe dɔla si Mawu tia be wòakplɔ Yeƒe Ŋugbetɔa kpɔma? Ðee wògblɔ le afisia be wotsɔ atikplɔa na kplɔla bubuwoa?

Mànɔ agbe si kɔkɔ wu wò pastɔ gbeɖe o. Miɖo ŋku esia dzi ko, mikpɔea.

Esime ame bubuwo mate ŋu ase mía gɔme o eye woaɖu fewu le mía ŋu gɔ hã la, aleke gbegbe míele dzidzɔ kpɔm eye míeda akpe vavã le Ɖeɖefia la ta be miagblɔ be, WILLIAM MARRION BRANHAM YE NYEE MÍAƑE PASTƆ.

Azɔ esi wònye be gbedeasi siawo dometɔ ɖesiaɖe la ɖe woɖoe ɖe “dɔla” la— (dɔla amegbetɔ) gbɔ ta la, dɔdeasi gã aɖe ŋutɔ kpakple mɔnukpɔkpɔ wɔnuku aɖee nye eƒe akpa.

Woɖo Gbedeasi la ɖe Eƒe dɔla, emegbe Eƒe dɔla Tsɔe na Ŋugbetɔa; menye subɔsubɔdɔa ɖeɖeko o, ke boŋ na EƑE ŊUGBETƆ LA KATÃ eye Ele nyaƒoka dzi be amewo katã nase. Womate ŋu atsɔ akpe ɖe eŋu alo aɖee le eme o, eye mehiã GƆMEÐEÐE AÐEKE o.

Ele vava ge kpuie, eye ne Eva la, Ava gbɔwò gbã, eye woadrɔ̃ ʋɔnu wò le Nyanyui si nèɖe gbeƒãe la nu, eye míanye wò teviwo.” Megblɔ be, “Èle gbɔgblɔm be nyee nye amesiawo katã ƒe ŋgɔnɔla?” Egblɔ be, “Amesiame. Wodzi wò kplɔla.”

Ne ʋɔnudrɔ̃gbe gã la ɖo la, Ele vava ge ɖe Eƒe Kekeli ƒe dɔla gbɔ gbã eye wòadrɔ̃ ʋɔnui gbã le nyanyui si wòɖe gbeƒãe la nu. Míenye EƑE TEVOWO. Eyae nye mía dometɔ ɖesiaɖe ƒe ŋgɔnɔla abe alesi wònye Mawu ƒe KPLƆLA tiatia ene.

Mizã míaƒe gbɔgbɔme nu gɔmesesea na ema. Woatsɔ nya si Mawu ƒe dɔla gblɔ la adrɔ̃ ʋɔnu mí. Alea ɖe, ɖee miedi be miafe dze le miaƒe agbe mavɔ ŋu to nusi ame aɖe gblɔ be EYA GBLƆ dzi esime miate ŋu asee tẽ tso EGBƆA?

Aleke ame aɖe awɔ axɔe ase be SUBƆSUBƆDƆ LE VEVIE WU NUSIWO LE NYAƑOKAWO ME. Ne miexɔ ema se, alo woƒoe ɖe mianu to tamebubu me la, anyo na mi wu be miatrɔ ayi GƆMEDZE NYA la gbɔ; elabena nya siwo le nyaƒokawo dzi ye woatsɔ adrɔ̃ ʋɔnu mi. Minɔ Nya la gbɔ abe alesi Woɖe gblɔ ene.

Gake nyagblɔɖila sia ava, eye abe alesi ŋgɔdola na vava gbãtɔ do ɣli be, “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe Alẽvi, si tsɔ xexeame ƒe nu vɔ̃ yina” ene la, nenema ke ɖikeke mele eme o be ado ɣli be, “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe Alẽvi la gbɔna le ŋutikɔkɔe me.” Awɔ esia, elabena abe alesi Yohanes nye nyateƒe ƒe gbedeasitsɔla na ame tiatiawo ene la, nenema ke ame siae nye gbedeasitsɔla mamlɛtɔ na ŋugbetɔ tiatia la si wodzi to Nya la me.

Amekae akplɔ mí afia Aƒetɔ Yesu? Eƒe Kekeli ƒe dɔla gã, William Marrion Branham ye.

Va zu Ŋugbetɔ Nɔaƒe Dzadzɛ kpli mí esi míase Eƒe dɔla gbedeasitsɔla gã la wòahe Ɖeɖefia bubuwo vɛ na mí, Kwasiɖagbe le ƔETRƆ ga 12:00 me, Jeffersonville ƒe game dzi, esi míase Gbedeasi 60-1207 – “Pergamo Hame La Ƒe Agbenɔɣi”.

Nɔvi. Joseph Branham

24-1027 Smirna Hame La Ƒe Agbenɔɣi

Gbedasi: 60-1206 Smirna Hame La Ƒe Agbenɔɣi


BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ Si Gbɔgbɔ La Yɔ fũu,

Amewo ƒe hatsotso ɖeka koe li; amewo ƒe hatsotso tɔxɛ aɖe ŋutɔ, siwo te ŋu sea nusi Gbɔgbɔ la le gbɔgblɔm le agbenɔɣi mamlɛ sia me. Enye hatsotso tɔxɛ aɖe si xɔ Nyaɖeɖefia na agbenɔɣi sia. Hatsotso ma nye Mawu tɔ. Hatsotso si mate ŋu ase nu o la, menye Mawu tɔ o.

Hatsotso si ate ŋu, eye wòle nusi si Gbɔgbɔ la le gbɔgblɔm sem la, xɔa Nyaɖeɖefia Vavã la. Míawoe nye amesiwo si Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le. Míawoe nye amesiwo Mawu dzi eye wotsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nyrɔ̃ mí. Míenye Eƒe Ŋugbetɔ si Gbɔgbɔ yɔ fũu si xɔ Nyaɖeɖefia na míaƒe agbenɔɣi.

Gɔmesese kae le Play Zizi si na mí? NYAƉEƉEFIA! Enye nusese, nuxɔxɔ kple anyinɔnɔ kple Mɔ si Mawu ta egbea la dzi. Mawu ƒe Gbe Ŋutɔ si le nu ƒom ɖe to me na Eƒe Ŋugbetɔ. Enye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si le nu ƒom na míaƒe dziwo kple luʋɔwo.

Míenya be Mawu zãa ame siwo wotsɔ Eƒe Gbɔgbɔ si ami na tsɔ ƒoa nu, gake teƒe bubu aɖeke megali woase Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi le o negbe to Play Zizi kple Eƒe dɔla adrelia, William Marrion Branham, ƒe GBE sese me ko. Enye Gbe ɖeka kolia si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ ɖo kpe edzi. Eyae nye Mawu ƒe Gbe, Mawu ƒe nyagblɔɖila, Mawu ƒe pastɔ, na mí, kple xexeame.

Ne ele nu ƒom la, míegblɔna be AMEN na Nya ɖesiaɖe; elabena Mawu Ŋutɔe le nu ƒom na mí. Eƒe Nya la yenye Nya ɖeka si mehiã gɔmeɖeɖe aɖeke o. Mawu wònye le eƒe gbe zãm tsɔ le nuƒom na Eƒe Ŋugbetɔ.

Mawu Ŋutɔe le gbɔgblɔm na mí be, “Vinye suewo, menye miawoe Tiam o, ke boŋ Nyee tia mi. Hafi ɣletivimeʋuʋudedi ƒe vi sue aɖe ko nanɔ anyi la; hafi miava Nyam abe mia Mawu gɔ̃ hã la, Menya mi. Mienɔ Nye Susu me, nɔ anyi le Nye Tamesusu mavɔwo me. Mienye Nye Nya Nuku Ŋugbetɔ woɖe gblɔ ŋutɔŋutɔ.

Togbɔ be mienɔ Nye Tamesusu mavɔwo me hã la, Nyemeɖe mi gblɔ o vaseɖe Nye ɣeyiɣi kple azãgbe si Meɖo ɖi la dzi. Elabena Menya be MIAnye Nye hatsotso tɔxɛ si anɔ Nye Nya la gbɔ. Mamleawo katã da ƒu, gake Menya be miada ƒu o.

Menya be woti miayome eye woɖu fewu le mia ŋu elabena mietsi Nye nyagblɔɖila gbɔ, gake mienye Nye Weinti Vavã si metra ɖa tso Nye Nya la gbɔ o, ke boŋ mienye nyateƒetɔ kple nuteƒewɔla na Nye nyagblɔɖila si gblɔa Nye Nyawo.

Bubu geɖewo hã li siwo wofianu nuteƒewɔwɔtɔe, gake womesrɔ̃a alesi wòle vevie be woagblɔ nya si Megblɔ to Nye dɔla dzi ko la ɣesiaɣi o.”

Aleke gbegbe wòle be míaɖɔ ŋu ɖoe nye si be míase gbe ÐEKA, elabena gbe ɖeka koe le Gbɔgbɔ la si si nye Mawu ƒe gbe.

Oo, aleke gbegbe wòle vevie enye si be woase Mawu ƒe gbe to Eƒe gbedeasitsɔlawo dzi, eye emegbe woagblɔ nusi wona wo be woagblɔ na hameawo.

“Nye Nya la va Nye nyagblɔɖila gbɔ ɣesiaɣi, gake le ŋkeke sia me la, Mena wolé Nye Gbe ɖe mɔ̃ dzi ale be VODADA aɖeke naganɔ nusi Megblɔ na Ŋugbetɔ la ŋu o. Dzidzeka ɖeka koe li, atikplɔ ɖeka koe li, eye eyae nye NYA si megblɔ to Nye dɔla dzi. Abe alesi wònɔna le agbenɔɣi ɖesiaɖe me ene la, Nye nyagblɔɖilae nye Nya na ŋkekea.”

Nyaƒokawo, Eƒe Gbe, nye lɔlɔ̃gbalẽ na mí. Togbɔ be futɔ la le míatem ɖe anyi ɣesiaɣi to míaƒe dodokpɔwo kple xaxawo kple nɔnɔme sesẽwo me hã la, Edɔ Eƒe dɔla sesẽ la be wòagblɔ na mí be menye naneke wu Mawu ƒe lɔlɔ̃ si wòtsɔ tia mí o, si le kpeɖom edzi na mí be Etia mí be míaʋa o.

Eƒe tameɖoɖo gã lae nye be ne míekpe fu hena ɣeyiɣi vi aɖe vɔ la, Ana míade blibo, aɖo mí anyi ahado ŋusẽ mí. Egblɔ na mí be míaƒe Aƒetɔ Yesu gɔ̃ hã de blibo to Eƒe fukpekpe me. Yayra ka gbegbee nye si Wògblẽ ɖi na mí. Elabena to míaƒe fukpekpe me la, Akplɔ mí ayi blibodede hã me.

Ele míaƒe de tum ɖo to míaƒe dodokpɔwo kple xaxawo me. Elabena womewɔ míaƒe de fukpekpe manɔmee o. Eyata míaƒe fukpekpe nye DZIƉUƉU na mí, ke menye nunana o.

Aleke míate ŋu aɖo kpe míaƒe lɔlɔ̃ dzi na Eyama?

  • To nusi Wògblɔ dzi xɔxɔ se me.
  • Eƒe Nya la gbɔ nɔnɔ.
  • Míaɖokui kpɔkplɔ kple dzidzɔ to míaƒe dodokpɔwo kple xaxawo me, be Eya, le Eƒe nunya gã la me, ɖe mɔ be wòava eme.

Alesi Wòdoa míaƒe gbɔgbɔ ɖe dzi to Eƒe Nya sese me. Eƒe Gbe fa akɔ na míaƒe luʋɔ. Ne míezi Play dzi eye míese Eƒe nuƒoƒo la, míaƒe agbawo katã ɖiɖina. Míate ŋu adze kesinɔnu siwo wodzra ɖo ɖi na mí le míaƒe xaxa katã me la ŋububu me gɔ̃ hã gɔme o.

Oo, Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ, aleke gbegbe dzi dzɔm enye si be menye Wo Dometɔ Ðeka kple mia dometɔ ɖesiaɖe. Dzidzɔ kae yɔa nye dzi me fũu be manya be Ena Eƒe Nya ƒe Ɖeɖefia mí. Esi Wògblɔ na mí be woaɖi wonɔewo ale gbegbe be aflu ame tiatiawo ŋutɔ ɖe wòle bɔbɔe ɖe la, Ena ƉEƉEƉIA VAVÃTƆ la mí.

Va, ge ɖe Gbɔgbɔ la me kpli mí Kwasiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, esi míele Nya deblibo la se ge: 60-1206 — Smirna Hame La Ƒe Agbenɔɣi

Nɔvi. Joseph Branham

24-1020 Efeso Hamea Ƒe Agbenɔɣi

Gbedasi: 60-1205 Efeso Hamea Ƒe Agbenɔɣi


BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Vavãtɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Ɣeyiɣi wɔnuku kae nye si me míele esi Eƒe Agbe le sisim hele ʋuʋum le mía me kple to mía me, hele agbe nam mí. Eya Manɔmee la, agbe aɖeke manɔ anyi o. Eƒe Nya lae nye míaƒe gbɔgbɔ ŋutɔ.

Le viviti tiɖitiɖi ƒe ŋkeke vɔ̃ɖi sia me la, míenye Eƒe agbenɔɣi ƒe hatsotso mamlɛtɔ si fɔ ɖe tsitre; Eƒe Ŋugbetɔ vavã si le ŋkeke mamlɛa me si aɖo to Gbɔgbɔ la ko, Mawu ƒe Gbe na míaƒe ŋkekea.

Alesi míelɔ̃a be míase Wòagblɔ na mí be, “Na Nyea la, wotsɔ mi sɔ kple sika dzadzɛ si woƒo. Miaƒe dzɔdzɔenyenyee nye Nye dzɔdzɔenyenye. Miaƒe nyenyewo nye Nye ŋutikɔkɔe nyenyewo. Miawoe nye Nye Ŋugbetɔ Vavãtɔ lɔlɔ̃tɔ.”

Esi wòdze abe míaƒe aʋawɔwɔwo le sesẽm ɖe edzi kwasiɖa sia kwasiɖa ene la, ɖeko míezia Play dzi be míase Wòaƒo nu na mí vividoɖeameŋutɔe alea eye wòagblɔ na mí be, “Migatsi dzi o, miedze na Nye nyanyui la. Mienye atsyɔ kple dzidzɔ nu. Melɔ̃a ŋkuléle ɖe miaŋu esime miele futɔ dzi ɖum to miaƒe dodokpɔwo kple agbe sia me tetekpɔwo me.”

Mekpɔ wò lɔlɔ̃ ƒe dɔ; wò agbe ƒe yɔyɔ kɔkɔ wònye be Nàsubɔm. Menya do ŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoanyi be àde dzesi Nye dɔla sesẽ si Madɔ be wòanye Nye Gbe na wò; alesi womaflu wò ne amegãxi nyanyrawo va ƒo xlã wò hele agbagba dzem be yewoagblɔ be ɖeɖefia sɔsɔe le yewo si o. Màtra ɖa tso Nye Nya la gbɔ o, le ɣeyiɣi aɖeke me o, MENYE KPLE IOTA ÐEKA O. Ànɔ Nye Nya, Nye Gbe gbɔ.

Àkpɔ alesi Weinti Vavã la kple alakpa weinti siwo dze egɔme le Eden-bɔa me woatsi ɖe du le agbenɔɣiawo katã me la adze sii esi mele Nye Nya la ɖem fia wò.

Nusi dze egɔme le gɔmedzehamea me ayi edzi le agbenɔɣi ɖesiaɖe me. Alesi le hame ƒe agbenɔɣi gbãtɔ me la, Satana ƒe alakpa weinti la adze gege ɖe eme gɔme, eye wòaɖu hameviwo dzi to eƒe nicolaitane gbɔgbɔ me. Gake aleke gbegbe melɔ̃e be wò, Nye Ŋugbetɔ tiatia la, koe womaflu o.

Kwasiɖa sia me la, Mana Nye Nya la me akɔ ƒã le mewò to da la ƒe nuku ƒe nyaɣaɣla gã la ɖeɖefia me. Maɖe nu siwo dzɔ le Eden-bɔa me la afia mi tsitotsito; ale si Satana ƒo eɖokui ɖe ameƒomea me.

Anye dzidzɔdodo susu ale gbegbe ne ède dzesii be wotsɔ Nye, Agbeti si le Eden-bɔa me, si ŋu womate ŋu ate ɖo vaseɖe fifia o le Adam ƒe gegea ta la, na mi azɔ, Nye dziɖulawo.

Esia anye wò fetu. Mana Mawu ƒe paradiso ƒe mɔnukpɔkpɔ wò; hadede Kplim ɣesiaɣi. Woma ma wò ɖa tso Gbɔnye gbeɖe o. Afi si mayi la, wò, Nye Ŋugbetɔ la ayi. Nusi nye Tɔnye la, mamã kpli wò, Nye lɔlɔ̃tɔ.

Alesi míaƒe dziwo le du dzi le mía me esime míele nya siawo xlẽm. Míenya be Eƒe ŋugbedodowo me vava le aƒe tum kabakaba, eye bebli hafi míate ŋu alala. Neva eme be míaɖabla awɔ ɖe Eƒe Nya dzi eye míato esia me aɖo kpe míaƒe dzedze be míakpɔ gome le Eƒe ŋutikɔkɔe me dzi.

Medi be makpe mi be miava wɔ ɖeka kpli mí esime míele míaƒe Hame ƒe Agbenɔɣi Adreawo nusɔsrɔ̃ gã la dzi, afisi Mawu le Eƒe Nya la ɖem fia mí to Eƒe mɔ si wona mí, Eƒe dɔla gbedeasitsɔla adrelia dzi.

Nɔvi. Joseph Branham

Kwasiɖagbe ƔETRƆ ga 12 me, le Jeffersonville ƒe game dzi.
60-1205 Efeso Hame Ƒe Agbenɔɣi La

24-1013 Patmo Ŋutega La

Gbedasi: 60-1204E Patmo Ŋutega La


BranhamTabernacle.org

Nya Deblibo Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Nukae le edzi yim le Ŋugbetɔa me le xexeame godoo? Míele gegem ɖe Gbɔgbɔ la me, míele tsotsom hele ɣli dom be, “Ŋutikɔkɔe! Aleluya! Mikafu Yehowa!” Mawu le míakɔm hele Eƒe Nya la ɖem fia Eƒe Ŋugbetɔ la.

Nusiwo míexlẽ hese le míaƒe agbemeŋkekewo katã me la le dzedzem azɔ. Agbegbɔgbɔ gã aɖe le edzi yim. Nya la le kekeli klẽm na mí wu tsã.

Míesenɛ le míaƒe luʋɔwo ƒe gogloƒe me ŋutɔ. Nane to vovo, nane le edzi yim. Míele sesem le mía ɖokui me be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le ami sim na mí, tsɔ Eƒe Nya yɔ míaƒe dziwo kple susuwo me fũ.

Míate ŋu ase Eƒe nuƒoƒo na mí be: Menya be futɔ la le avu wɔm kpli mi wu tsã ŋutɔ, gake migavɔ̃ o ɖevi suewo, TƆNYEE MIENYEE. Metsɔ Nye lɔlɔ̃, dzideƒo kple ŋutete na mi. Miɖe Nya la gblɔ ko, eye Mawɔe. Meli kpli mi ɣesiaɣi.

Le míaƒe Yesu Kristo ƒe Nyaɖeɖefia ŋuti nusɔsrɔ̃ gã me la, míele mɔ kpɔm vevie kwasiɖa sia kwasiɖa na nusi Wòaɖe afia mí le emegbe. Eƒe Nya koe nye míaƒe sitsoƒe, ŋutifafa kple akɔfafa. Míeɖoa to nyuie zi gbɔ zi geɖe geɖe. Xexlẽme ɖesiaɖe si míexlẽa la, míedina be míado ɣli ahakpa abobo sesiẽ esime Nya la le ʋuʋum le míaƒe ŋkume. Kɔkɔdzɔe ƒe Xose la le ɖiɖim ɖe Ŋugbetɔ la dzi , eye wòle míaƒe luʋɔwo me yɔm fũ

Mibu eŋu kpɔ, teƒe bubu aɖeke meli le xexeame si nàte ŋu ayi o, negbe le wò asibidɛwo nu tututu, be nàse Mawu ƒe Gbe aƒo nu na wò eye wòaɖe Eƒe Nya la afia.

Alesi Mawu ɖe nutsyɔnu la ɖa, hee ɖe megbe, eye wòna Yohanes kpɔ eme eye wòkpɔ nusi hame la ƒe agbenɔɣi ɖesiaɖe le wɔwɔ ge, eye Wòŋlɔe ɖe Agbalẽ me Heɖoe ɖe mí. Emegbe esime ɣeyiɣia ƒe blibonyenye va la, Mawu dɔ Eƒe dɔla adrelia sesẽ la ɖa be Wòaɖee agblɔ, eye wòaɖe nusi katã Wòdi be yeagblɔ la afia.

Yohanes ŋlɔ nusi wòkpɔ, gake menya eƒe gɔmesese o. Yesu menyae gɔ̃ hã esime Wònɔ anyigba dzi afisia o. Ame aɖeke le agbenɔɣiawo katã me menya o, vaseɖe egbe, ɣeyiɣi sia, dukɔ sia, MÍ, Eƒe Ŋugbetɔ.

Alesi Wòɖee fia mí be akaɖi adre mawo nɔ agbe kple kekeli hem tso agba gã ma ƒe nunɔamesiwo me. Egblɔ alesi wo dometɔ ɖesiaɖe tsɔ eƒe amikawo nyrɔ̃ ɖe eme la na mí. Hame ƒe agbenɔɣi ƒe dɔla ɖesiaɖe nɔ dzo me kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kple eƒe amika si nyrɔ ɖe Kristo me, nɔ Kristo ƒe agbe tututu hem eye wònɔ Kekeli ma nam hamea. Ke azɔ, míaƒe ŋkeke mamlɛa ƒe gbedeasitsɔla, gãtɔ kekeake le gbedeasitsɔlawo katã dome la, ɖe agbe ma ke kple Kekeli ma ke ɖe go to agbe si woɣla kple Kristo le Mawu me dzi.

Emegbe míaƒe dɔla sesẽ la gblɔ na mí be menye ɖeko gbedeasitsɔla ɖesiaɖe ɖo teƒenɔnu le afima o, GAKE MÍA DOMETƆ ƉESIAƉE HÃ, Mawu ƒe xɔsetɔ vavãwo. Woɖe mía dometɔ ɖesiaɖe hã ƒe teƒenɔnu le afima fia wòwɔ nuku ŋutɔ. Mía dometɔ ɖesiaɖe le nu hem tso dzɔƒe ɖeka me ke abe gbedeasitsɔlawo ene. Wotsɔ mí katã nyrɔ̃ ɖe agba ɖeka ma ke me. Míeku na mía ɖokui eye MÍAƑE agbe ɣla ɖe, kple Kristo Yesu mía Aƒetɔ la me.

Alesi wòdea dzi ƒo na mí to gbɔgblɔ be ame aɖeke mate ŋu aɖe mí le Mawu ƒe Asi me o me. Womate ŋu atrɔ asi le míaƒe agbe ŋu o. Míaƒe agbe si wokpɔna la le bibim hele keklẽm, le kekeli kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ɖeɖeɖegowo nam. Míaƒe agbe ememetɔ, si womekpɔna o la ɣla ɖe Mawu me eye Aƒetɔ la ƒe Nya la nyia mí.

Aʋaawo nu sẽ ŋutɔ. Futɔa le dziku dom wu tsã, hele agbagba ɖesiaɖe dzem be yeaɖe dzi le mía ƒo, ate mí ɖe anyi, gake mate ŋu awɔe o. Mawu ŋutɔ ƒoa nu na mí to amegbetɔ ƒe nuyiwo dzi eye wògblɔna na mí be, MÍENYE EƑE ŊUGBETƆ, AMESIWO WÒTIA, eye Eɖua abosam dzi ƔESIAƔI.

Míaƒe Aƒetɔ Deblibo, si le Eƒe Nya Deblibo la gblɔm, le Ŋutifafa Deblibo nam, Eƒe Ŋugbetɔ Deblibo la.

Abe kokoko ene la, míele xexeame kpem be woava nyrɔ̃ woƒe amika ɖe AGBA GÃ la me, Gbedeasi sia, si wodzra ɖo helé ɖi na Ŋugbetɔ la. Míanɔ ɣli dom sesiẽ ahanɔ abobo kpam le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, esi míanɔ Mawu ƒe Gbe sem wòaƒo nu aɖe nusi dzɔ le: Patmo Ŋutega La 60-1204E me afia.

Nɔvi. Joseph Branham

24-1006 Yesu Kristo Ƒe Ɖeɖefia

Gbedasi: 60-1204M Yesu Kristo Ƒe Ɖeɖefia


BranhamTabernacle.org

Mawu ƒe Aʋakɔ Si Dzi Womeɖuna O Lɔlɔ̃tɔ,

Míawoe nye amesiwo Fofo tia eye wòtsɔ Eŋutɔ ƒe NYAGBLƆÐI NYATEƑETƆ la na; Eƒe HAME NYATEƑETƆ ɖeka kolia. Amesiwo Wòtia be woawɔ Eƒe DƆ GÃWO WU. Elabena to Eƒe Gbɔgbɔ me la, míate ŋu ade dzesi Satana ƒe antikristo gbɔgbɔ ahatsi tre ɖe eŋu. ŊUSẼMANƆŊUTƆ ye wònye le MÍA ŋkume, elabena míenye Eƒe Aʋakɔ si Dzi Womeɖu na o.

Satana léa fu ɖeɖefiawo katã, GAKE MÍELƆ̃ NƐ; elabena míenye Mawu ƒe Nya si woɖe fia lɔ̃lawo. Esi Eƒe Ɖeɖefia vavãtɔ le míaƒe agbe me ta la, dzomavɔ ƒe agbowo mate ŋu aɖu mía dzi o; míeɖua futɔ la dzi. Abosam ɖe sia ɖe le míaƒe afɔ te. Míele Ðeka Kplii eye míate ŋu aɖe Nya la agblɔ, elabena míenye Eƒe Nya.

Aƒetɔ la tsɔe da ɖe nye dzi dzi be míasrɔ̃ eye míase Hame ƒe Agbenɔɣi Adreawo. Ele Ŋkuɖodzi Kwasiɖawo nye ge na mía dometɔ ɖesiaɖe. Anɔ Eƒe Nya la ɖem fia mí wu tsã, to Eƒe ŋusẽ si ɖua dzi la dzi.

Fifiae nye ɣeyiɣia. Fifiae nye azãgbea. Anɔ agbe gbɔm mí, anɔ dzi dem ƒo na mí, to Dzodzodede ame me to Ɖeɖefia me nana mí dzi, eye Ade dzo míaƒe luʋɔwo me!!

Yesu Kristo ƒe Ɖeɖefia nye Nyagblɔɖigbalẽ si gɔme ameha aɖe si si nyagblɔɖi ƒe gɔmesese le koe ate ŋu ase, MÍ, Eƒe Ŋugbetɔ ye. Ehĩa Ɖeɖefia NYATEƑETƆ la be mianya be miele Mawu ƒe Gbe xlẽm hele esem tso Eƒe dɔla gbedeasitsɔla tiatia la gbɔ, si le nufiame si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu nam mí.

Enye Yesu Kristo ƒe Ɖeɖefia si wotsɔ na Yohanes na agbenɔɣi ɖe sia ɖe ƒe Kristotɔwo. Eya koe nye agbalẽ ɖeka kolia si le Biblia katã me si Yesu Ŋutɔ ŋlɔ, to eɖokui dzedze na agbalẽŋlɔla aɖe me.

Nyaɖeɖefia 1:1-2, “Yesu Kristo ƒe nyaɖeɖefia, si Mawu tsɔ nɛ, be wòafia nusiwo lava ve me kaba la, eƒe dɔlawo la, enye esi; eye wòto eƒe mawudɔla, si wòdɔ ɖa la, dzi heɖe wo me fia eƒe dɔla Yohanes, amesi ɖi ɖase le Mawu ƒe nya kple Yesu Kristo ƒe ɖaseɖiɖi ŋuti, abe alesi wòkpɔ nuawo katãe ene.

Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa nye Mawu ƒe susu siwo tututu Mawu Ŋutɔ ŋlɔ. Gake Edɔe ɖa eye wòna Eƒe dɔtsɔla Yohanes Nyae to Eƒe dɔla dzi. Yohanes menya Eƒe gɔmesese o; ɖeko wòŋlɔ nusiwo wòkpɔ kple nusiwo wòse.

Gake egbea la, Mawu dɔ Eƒe dɔla sesẽ la ɖe anyigba dzi be wòaɖe Nyaɖeɖefia Gã sia afia Eƒe Ŋugbetɔ, ale be míate ŋu axlẽ nu siwo dzɔ le hamea ƒe agbenɔɣiwo katã me ahase wo. Míate ŋu akpɔ Eƒe alẽha sue si nɔ nyateƒe me eye wòwɔ nuteƒe na Nya la le agbenɔɣi ɖesiaɖe me.

Mawu ƒo nu to Eƒe dɔla dzi eye wògblɔ be le ŋkeke mamlɛ siawo me la, ne yeƒe hame adrelia ƒe agbenɔɣi ƒe dɔla ƒe Gbe adze gbeɖiɖi gɔme la, aɖe Mawu ƒe nya ɣaɣlawo afia abe alesi woɖee fia Paulo ene. Amesiwo axɔ nyagblɔɖila ma le eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ me la axɔ nyagblɔɖila ma ƒe subɔsubɔdɔa ƒe viɖe nyui.

Ŋutikɔkɔe, míenye Mawu ƒe Play Zizi Ŋugbetɔ si xɔ nyagblɔɖila ma le eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ me, eye míele viɖe si dona tso eme la xɔm. Míexɔe se be enye Mawu ƒe Gbe si le nu ƒom hele Eƒe Ŋugbetɔ la kplɔm.

Oo Hame, nusi míaxlẽ ahase le kwasiɖa siwo gbɔna me. Le Eya gbɔ la, míele abe Eƒe sika DZADZE ene. Nusi Wònye la, míenye. Míenye Eƒe Weintsetse Vavãtɔ la. Míeɖu dzi. Wowɔ mí bliboe, woɖo mí anyi, wodo ŋusẽ mí. Wotia mí to Eƒe Lɔlɔ̃ si Tiana ame me. Naneke meli woavɔ̃ o. Míawoe nye hatsotso si se gbedeasitsɔla la kple eƒe Gbedasia eye Míexɔe henɔ agbe ɖe Eŋu.

Kwasiɖa sia kwasiɖa míanɔ gbɔgblɔm be, “Ðe míaƒe dzi mele bibim le mía me esime wòle nuƒom hele Eƒe Nya la ɖem fia mí le mɔa dzi oa”.

Ne èdi be yease Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe amisisi la le ɖokuiwò me, axɔ Mawu ƒe Nya la ƒe Ɖeɖefia geɖe wu, eye èdi be yeanɔ anyi ɖe Vi la ŋkume eye yeatsi, aɖaxɔ Kɔkɔdzɔe le Xɔse me la, va wɔ ɖeka kpli mí Kwasiɖagbe le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi , esime míele míaƒe nusɔsrɔ̃ gã la gɔme dzem le: Yesu Kristo Ƒe Ɖeɖefia 60-1204M ŋu.

Nɔvi. Joseph Branham

Medi be made dzi ƒo na mi be miase, alo axlẽ, kwasiɖa sia kwasiɖa le Hame Ƒe Agbenɔɣiwo ƒe Agbalẽ me, ta si míase Kwasiɖagbe ɖesiaɖe.

Nuɖuɖu Kɔkɔe ƒe Subɔsubɔdɔ

Nɔviŋutsuwo kple Nɔvinyɔnuwo,

Medi be míagawɔ Kɔmuniɔ̃ kple Afɔkɔklɔ bubu le Kwasiɖagbe sia, Anyɔnyɔ 29 lia dzi, ne Aƒetɔ la lɔ̃. Abe alesi míewɔe va yi ene la, made dzi ƒo na mi be miadze egɔme tso ƔETRƆ ga 5, le miaƒe nutoa me ƒe game dzi. Togbɔ be Nɔviŋutsu Branham gblɔ be apostoloawo ɖua Kɔmuniɔ̃ ɣesiaɣi si wova kpe ta hã la, elɔ̃a ewɔwɔ le fiẽsi me, eye wòyɔe be Aƒetɔ la ƒe Fiẽ Nuɖuɖu.

Gbedasia Kple Kɔmunĩɔ Takpekpea anɔ Gbe ƒe Radio dzi, eye kadodo aɖe hã anɔ anyi na faɛl si woate ŋu awɔ kɔpi na na amesiwo mate ŋu akpɔ mɔ na Gbe ƒe Radio le Kwasiɖagbe fiẽ o.

Le xɔsetɔ siwo le Jeffersonville nutoa me gome la, míagakpɔ Kɔmunĩɔ wein si anɔ anyi be woava xɔ. Eteƒe madidi o gbeƒãɖeɖe aɖe ado si me woagblɔ teƒea, ŋkekea kple gaƒoƒoa le.

Mele mɔ kpɔm godoo be míawɔ ɖe ɖoɖo xɔasi sia si Aƒetɔ la gblẽ ɖi na mí la dzi. Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye si wònye na mí be míadzra míaƒe aƒewo ɖo ahaʋu míaƒe dziwo na Fiawo dzi Fia be wòage ɖe eme aɖu nu kpli mí le Eƒe Kplɔ̃ ŋu.

Mawu neyra mi,
Nɔviŋutsu Joseph

Instructions for Baking Bread / Making Wine

Instructions to obtain Communion Wine / Feet Washing Bins

24-0922 Satana Ƒe Eden

Gbedasi: 65-0829 Satana Ƒe Eden


BranhamTabernacle.org

Mawu ƒe Nyenye Lɔlɔ̃tɔ,

Míawoe nye mía Fofo si le Dziƒo la ƒe nyenye ŋutɔŋutɔ; elabena míenɔ Eyama me le gɔmedzedzea me. Míeɖo ŋku edzi fifia o, gake míenɔ afima kplii, eye Enya mí. Elɔ̃ mí ale gbegbe be wòwɔ ŋutilã na mí, ale be Wòate ŋu atsa ka kpli mí, aƒo nu kpli mí, alɔ̃ mí, ana mí asi gɔ hã.

Gake Satana va eye wòtro gbo Mawu ƒe Nya gɔmedzetɔa, Eƒe Fiaɖuƒe, kple Eƒe ɖoɖo si wòwɔ na mí. Etsaka ŋutsuwo kple nyɔnuwo eye wòkpɔ dzidzedze le xexe sia si me míele la gbototro kple edziɖuɖu me. Etsɔ anyigba wɔ eƒe fiaɖuƒe, eƒe Eden-bɔ.

Enye gaƒoƒo si me beble kple alakpanuwɔwɔ le wu ɖesiaɖe. Abosam ɖo ayemɔ ɖe sia ɖe si wòate ŋu; elabena eyae nye ameblela gãtɔ. Ele be Kristotɔ la nanɔ ŋudzɔ egbea wu alesi wònɔ wu le agbenɔɣi ɖesiaɖe me.

Gake le ɣeyiɣi ma ke me la, enye ŋutikɔkɔetɔ kekeake le agbenɔɣiawo katã dome, elabena míele Ƒe Akpe Ðeka gã la ŋgɔ. Míaƒe Eden-bɔa gbɔna kpuie, afisi lɔlɔ̃ deblibo kple Mawu ƒe lɔlɔ̃ gɔmesese deblibo anɔ mía si le. Míanɔ agbe eye míanɔ dedie kple Eyama le míaƒe Eden me le Mavɔmavɔ me.

Yesu gblɔ alesi wòle be míakpɔ nyuie le egbe sia me na mí le Mateo 24 me. Eklã mí be anye ŋkeke si dzi beble le wu ɖesiaɖe, “ egogo ale gbegbe be aflu Mawu ƒe Ametiatiawo ŋutɔ ɖe wòle bɔbɔe”; elabena abosam ƒe ayedzedze ana amewo axɔe ase be yewonye Kristotɔ, evɔ womenyee o.

Gake agbenɔɣi sia hã ana Eƒe Nya Ŋugbetɔ dzadzɛ si woma, eye womate ŋu, aflu o; elabena woanɔ Eƒe Nya gɔmedzetɔa gbɔ.

Gake agbenɔɣi sia hã ana Eƒe Nya Ŋugbetɔ dzadzɛ si woma, eye womate ŋu, aflu o; elabena woanɔ Eƒe Nya gɔmedzetɔa gbɔ.

Abe Yosua kple Kaleb ene la, míaƒe Ŋugbedodonyigba la le dzedzem abe wo tɔ gɔ hã ene. Míaƒe nyagblɔɖila gblɔ be Yosua gɔmee nye, “Yehowa-Ðela”. Etsi tre ɖi na nuwuɣia ƒe kplɔla si ava hamea me, abe alesi Paulo va abe kplɔla Gɔmedzetɔ ene.

Kaleb tsi tre ɖi na amesiwo wɔ nuteƒe na Yosua. Abe Israel-viwo ene la, Mawu tsɔ Eƒe Nya dze wo gɔme abe ɖetugbui leaƒe ene; gake wodi nane si to vovo. Míaƒe nyagblɔɖila gblɔ be, “nenema ke ŋkeke mamlɛa ƒe hame sia hã le.” Eyata, Mawu meɖe mɔ na Israel wòyi ŋugbedodonyigba la dzi o vaseɖe esime wònye Eŋutɔ ƒe ɣeyiɣi si wòɖo ɖi.

Amewo zi Yosua, woƒe kplɔla si Mawu tsɔ na wo la dzi, eye wogblɔ be, “Anyigba la nye mía tɔ, na míayi aɖaxɔe. Yosua, tɔwò vɔ keŋkeŋ, ànya bu wò dɔdeasi la. Ŋusẽ si nɔ asiwò tsã la megale asiwò o. Tsã la, èsea nu tso Mawu gbɔ eye nènyana Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, eye nèwɔa nu kaba. Nane gblẽ le ŋuwò.”

Yosua nye nyagblɔɖila si Mawu dɔ, eye enya Mawu ƒe ŋugbedodowo. Míaƒe nyagblɔɖila gblɔ na mí be:

“Mawu tsɔ kplɔlanyenye bliboa de Yosua siwo me elabena etsi anyi kple Nya la. Mawu ate ŋu aka ɖe Yosua dzi, gake menye ame mamlɛawo ya dzi o. Eyata agadzɔ ake le nuwuɣi sia. Kuxi ma ke, zizi mawo ke”.

Abe alesi Mawu wɔe kple Yosua ene tututu la, Etsɔ KPLƆLANYENYE BLIBO la de Eƒe dɔla nyagblɔɖila, William Marrion Branham siwo me; elabena Enya be Yeate ŋu aka ɖe edzi, gake menye ame bubuwo o. Ele be Gbe Ðeka, Kplɔla Ðeka, Nya mamlɛ Ðeka nanɔ anyi le ɣeyiɣi ma, kple FIFIA.

Melɔ̃ alesi nyagblɔɖila la gblɔ na mí be ame akpe akpe geɖewo anɔ anyi siwo ase nyaƒokawo. Egblɔ be nyaƒokawo NYE SUBƆSUBƆDƆ. Mía dometɔ aɖewo anɔ anyi siwo atsɔ nyaƒoka (eƒe subɔsubɔdɔ la) age ɖe aƒewo kple hamewo me be míalé Mawu ƒe Nuku si woɖo ɖi la.

Esi míetrɔ gbɔ va gblɔ bena, Aƒetɔ, míewɔ ɖe wò sededewo dzi, eye ame aɖewo nɔ anyi siwo míekpɔ esime míeƒo nyaƒoka la woxɔe se. Fifia míeɖe gbeƒã ema, le xexeame godoo, ɖe Àde bubu eŋua?

Agblɔ be: “Numae medɔ mi ɖa be miawɔ.”.

Mawu ade bubu eŋu. Wò aƒe mamu gbeɖe o. Ne Mawu na dzesi be yeatsrɔ̃ nu bliboa la, wò ƒomea katã, wò nunɔamesiwo katã, anɔ dedie le wò aƒe me. Àte ŋu anɔ tsitre ɖe afima. Mehiã be nàkpɔ nu to fesre o, ɖeko nàzi Play dzi esime aʋaa le edzi yim.

Wokpɔ Wò nyawo eye meɖu wo eye wò nya va zu nye dzi ƒe dzidzɔ kple dzidzɔ le menye, elabena woyɔ wò ŋkɔ ɖe ŋunye, Oo Yehowa Mawu zebaot.

Mele miakpem be miava wɔ ɖeka kpli mí esime míaɖu Mawu ƒe subɔsubɔdɔ gã, si le agbe, si nye nuwuɣitɔ, Kwasiɖagbe sia le ƔETRƆ 12:00 me , Jeffersonville ƒe game dzi, esi míele nusianu sem tso: Satana Ƒe Eden 65-0829 ŋu.

Neva eme be míanɔ agbe vaseɖe Aƒetɔ la ƒe Vava gbe, ne wòle bɔbɔe. Neva eme be míawɔ nusianu si le míaƒe ŋusẽ me, kple lɔlɔ̃ kple gɔmesese, gɔmesese be Mawu le xexeame dzrom, egbea, le alẽ ɖesiaɖe si bu la kpɔm. Eye neva eme be míaƒo nu kpli wo kple lɔlɔ̃ ƒe gbedodoɖa kple Mawu ƒe Nya, be míate ŋu ake ɖe mamlɛtɔ ma ŋu, ale be míate ŋu ayi Aƒe, eye míado le Satana ƒe Eden xoxo sia me le afisia, Aƒetɔ.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ hafi ase Gbedeasia:
Timoteo II, 3:1-9
Nyaɖeɖefia 3:14
Tesalonikatɔwo II 2:1-4
Yesaya 14:12-14
Mateo 24:24

24-0915 Amesi Bua Ta Me Ƒe Nutsyɔnu

Gbedasi: 65-0822E Amesi Bua Ta Me Ƒe Nutsyɔnu


BranhamTabernacle.org

Aƒenɔ Yesu Kristo lɔlɔ̃tɔ,

Mawu gbagbe la ƒe gbɔgbɔ, gbɔ ɖe mía dzi. Na míatsɔ Wò Nutsyɔnu eye míanɔ agbe le Ete, Aƒetɔ. Gbɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ya nyui la ɖe míaƒe dzɔfitowo kple míaƒe luʋɔwo me gbesiagbe. Wò Nya la dzi koe míate ŋu anɔ agbe ɖo; Nya ɖesiaɖe si dona tso Wò nu me na agbenɔɣi sia si me míele.

Míeɖɔ Wò Dziƒonuwo kpɔ eye Wò Nya le míaƒe dziwo me. Míekpɔ Wò Nya si woɖe ɖe go le míaƒe ŋkume, eye míaƒe luʋɔ bliboa xatsa ɖe Eme. Xexe sia, kple Xexeame ƒe nuwo katã ku na mí.

Míenye Wò agbekui Nya si nɔ Wò me tso gɔmedzedzea me ke, míele tsitre ɖe afisia, hele Wò Agbe nuku hem. Wò nuku le míaƒe dziwo me to Wò nunyadaɖi me. Èɖoe ɖi na mí do ŋgɔ be míagahe nu bubu aɖeke o, negbe Wò Nya, Wò Gbe, le nyaƒokawo dzi ko.

Ŋku ƒe agbenɔɣi la va ɖo; naneke megasusɔ o negbe Wò Vava na Wò Ŋugbetɔ la. Míaƒe nutsyɔnu enye Wò Nya, Maleaxi 4, Ale Aƒetɔ la Gblɔ Esi.

Na míaƒã Wò Nya ɖe míaƒe dziwo me, eye míaɖoe be míagatrɔ ɖe ɖusi alo miame o, ke boŋ míanye nuteƒewɔla Nɛ le míaƒe agbemeŋkekewo katã me. Fofo, ɖiɖi Agbe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe mía dzi, eye nàna Wò Nya la nagbɔ agbe na mí, alebe míaɖe Wò ɖe go.

Míaƒe dziwo ƒe didi enye be míanye viŋutsu kple vinyɔnu vavãwo na Wò. Míele anyi ɖe Wò Gbe ŋkume, míele tsitsim, hele mía ɖokui dzram ɖo ɖe míaƒe Srɔ̃ɖe Nuɖuɖu si míaɖu kpuie kpli Wò la ŋu.

Dukɔwo le gbagbãm. Xexeame le kakam. Anyigbaʋuʋuwo le California ʋuʋum abe alesi Nègblɔ na mí be adzɔ ene. Míenyae be magadid kura o, míenya eƒe akpa si didi agbadroƒe alafa wuiatɔ̃; keke agbadroƒe alafa etɔ̃ alo ene, anyrɔ̃, ɖewohĩ agbadroƒe blaene ayi anyime ayi ʋe gã ma me le afima. Ƒutsotsoewo aʋu yi keke Kentucky nutome, eye ne wowɔe la, aʋuʋu xexeame ale gbegbe be nusianu si le edzi la amu dze anyi.

Wò toklã mamlɛtɔ le dodom. Xexeame le gbegblẽ me keŋkeŋ, gake le ɣeyiɣi mawo katã me la, Wò Ŋugbetɔ le ɖiɖim ɖe eme le Wò kple Wò Nya me, bɔbɔ nɔ anyi ɖekae le dziƒo nutowo me esi Èle nu ƒom na mí, eye nèle akɔ fam na mí le mɔa dzi.

Aleke gbegbe míeda akpee, Fofo, be míate ŋu “Zi Play” ko eye míase Wò Gbe wòaƒo nu na mí, ade dzi ƒo na mí ahagblɔ na mí be:

Mègavɔ̃ o Alẽha sue. Nusiwo katã menye la, miawo hã mienye domenyilawo na. Nye ŋusẽwo katã nye tɔwò. Nye ŋusẽkatãnyenye nye tɔwò esi mele tsitre ɖe wò titina. Menye be mahe vɔvɔ̃ kple gege vɛ o, ke boŋ lɔlɔ̃ kple dzideƒo kpakple ŋutete. Wotsɔ ŋusẽwo katã na Nam eye wò wòle be nàzãe. Ɖe Nya la gblɔ eye mawɔ edzi. Emae nye Nye nubabla eye mate ŋu adaƒu gbeɖe o.”

Oo Fofo, NANEKE mele mía si míavɔ̃ o. Èna Wò lɔlɔ̃, dzideƒo kple ŋutete mí. Wò Nya la le mía me be míazã ne Míehiãe. Míeɖenɛ gblɔna, eye Àna wòava me. Wò Nubablae, eye Mate ŋu ADAƑU GBEÐE o.

Kukuawo ƒe nyagbewo mate ŋu aɖe alesi míesena le mía ɖokui me afia o, Fofo, gake míenya be Èkpɔa míaƒe dziwo kple luʋɔwo me; elabena Wò akpa aɖee míenye.

Aleke gbegbe míeda akpee nye si be Èna mɔnu xexeame be wòase Wò Gbe le nuwuɣi sia me. Kwasiɖa sia kwasiɖa la, Èkpea xexeame be woava wɔ ɖeka be woase Wò dɔla gbedeasitsɔla esime Nànyi mí kple Alẽwo ƒe Nuɖuɖu si wodzra ɖo be wòalé mí ɖe te vaseɖe esime Nàtrɔ ava na mí.

Míelɔ̃a Wò Fofo.

Nɔvi. Joseph Branham

Gbedeasi : 65-0822E Amesi Bua Tame Ƒe Nutsyɔnu

Game: ƔETRƆ ga 12, Jeffersonville ƒe Game

Ŋɔŋlɔawo: Mose IV 19:9 / Efesotɔwo 5:22-26