Gbeƒãɖeɖe: 62-1014E Mɔfiala
Ŋusẽ ƒe aƒe lɔlɔ̃tɔ,
Mawu do ŋugbe be yeaɖo mɔfiala ɖo ɖe Yeƒe Ŋugbetɔ le ŋkeke mamlɛ siawo me ale be wòate ŋu aɖe Eɖokui afia le ŋutilã me, abe alesi Wòwɔe esime Wòva anyigba dzi le Via, Yesu me ene. Egblɔ na mí le Eƒe Nya me be Yeadɔ nyagblɔɖila Eliya, amesi anye Amegbetɔvi si aɖe Eɖokui afia le amegbetɔ ƒe ŋutilã me; elabena nya geɖewo gali wòagblɔ ahafia mí.
elabena maƒo nu le ye ŋutɔ ɖokui si o; ke boŋ nusianu si ke wòase la, eya wòagblɔ : eye wòagblɔ nusiwo gbɔna la, afia mi. Elabena, eya akɔ ŋutinye : elabena aɖe atso tɔnye me, eye wòagblɔe afia mi.
Edɔ William Marrion Branham ɖa be wòawu Yeƒe Nya la ŋu eye wòatu mí ame ɖekaɖekawo be míanye Yesu Kristo ƒe Nɔnɔme; ame deblibo si ate ŋu aɖu futɔ ɖesiaɖe dzi, eye wòanye ŋusẽ ƒe aƒe na Gbɔgbɔ Kɔkɔe la be wòanɔ eme.
Mawu medo kpo mɔfiala ɖoɖo ɖa Eƒe amewo ɣesiaɣi kpɔ gbeɖe o. Gake be nànye Eƒe Ŋugbetɔ la, ele be nàlɔ̃ axɔ mɔfiala ma. Ele be nàxɔe ase. Ele be nàyi le mɔ si wògblɔ la nu alo nàbu. Meka nusi míesusu o, nusi dze abe susu le eŋu ene, alo nusi dze abe ɖe wònye nukokoe nya ene o, míenye ame siwo ate ŋu ama ema me o, mɔfiala la koe nye ame ɖeka.
Miagblɔ be, Nɔviŋutsu Joseph, Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae nye ema be wòafia mɔ mí, ke menye Nɔviŋutsu Branham o. Nya siwo wògblɔ la NYE Gbɔgbɔ Kɔkɔe la menye Nɔviŋutsu Branham ye o; ke eyae nye amesi Mawu tia be yeaɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la afia le eme, eye wòanye míaƒe anyigba dzi mɔfiala.
Ke azɔ Mawu dɔna Eƒe mɔfialawo ɖa ɣesiaɣi, eye mɔfiala megbea Esi nɔnɔ o, to agbenɔɣiwo katã me. Amea ɖe nɔna Mawu si kokoko si ke nɔa Eteƒe le anyigba dzi, le agbenɔɣiwo katã me.
Ele be míade dzesi amesi nye anyigba dzi mɔfiala ma si le Eyama teƒe le anyigba dzi afisia; afimae Ɖeɖefia vavãtɔ la le Eƒe Nya la dzi.
Míenya be Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae nye Mɔfiala Gã si Fofo la dɔ ɖa be wòakplɔ Eƒe Ŋugbetɔ la, gake le afisia la Mawu gblɔ be Yedɔa ame ɖa kokoko be wòanye mɔfiala alebe wòanɔ Yeŋutɔ yeƒe teƒe eye wòakplɔ Yeƒe Ŋugbetɔ.
Míaƒe Mɔfiala gblɔ na mí be Kornelio nye bubume gã aɖe si tu gbedoxɔwo. Ewɔ dɔmenyo geɖewo eye wòdo gbe ɖa gbesiagbe. Gake esime Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va la, Mɔfiala hĩa nɛ.
Mawu dɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖo ɖee. Edɔ Esia ɖa le amegbetɔ si nye Petro me, “Elabena esi Petro gale Nya siawo gbɔgblɔ dzi la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dze edzi.” Mawu zã Mɔfiala to Petro me. Ezã Eyama, elabena Ekplɔ Kornelio to mɔ si dze la dzi.
Esi Petro kpɔtɔ nɔ nu ƒom la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dze ɖe wo dzi. Petro gblɔ be,
Eye wògblɔ bena, “Alo amea ɖe ate ŋu axe mɔ ɖe tsi be, woaganyrɔ̃ amesiawo o mahã?” _Mikpɔa, Mɔfialae gale nu ƒoƒo dzi, menye Petro o.
Menye ame ye le mía kplɔm o; Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae le mía kplɔm, EYA SI LE NU ƑOM TO AME SI MAWU TIA BE WÒANYE MÍAƑE ANYIGBADZI MƆFIALA LA DZI.
Gbɔgbɔ Kɔkɔe si le nu ƒom to Eƒe dɔla mɔfiala dzi la agblɔ Nya la ɣesiaɣi. Egblɔ na mí be, “Nya geɖewo le Asinye magblɔ na mi. Miate ŋu ase Egɔme fifia o, gake nenye be Eva la, Akplɔ mi yi ɖe Egbɔ.”
Gbɔgbɔ lae kplɔ Yohanes be wòŋlɔ Nyaɖeɖefia. Mɔfiala lae kplɔe. Mɔfiala lae kplɔe be wògblɔ bena, “Ne amea ɖe aɖe Nya ɖeka le eme la, alo tsɔ Nya ɖeka akpe ɖe Eŋu la, woaɖe ame ma, ƒe gome, le Agbe Gbalẽ la me.”
Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔ Nɔviŋutsu Branham hã be wòagblɔ be ele be míagblɔ nusi le nyaƒokawo dzi ko; menye be woatsɔe akpe ɖe eŋu alo aɖee le eme o. Eye Ena mɔnu aɖe si dzi míato awɔ nusi tututu wòfia mí be míawɔ la, Play Zizi ye.
Azɔ, aleke nàtsɔ nane aɖɔli Mawu ƒe Nya lae, evɔ aganɔ gbɔgblɔm be Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae le ye kplɔm mahã?
Gbɔgbɔ Kɔkɔe si na mí Ɖeɖefia kuɖe amesi Wònye ŋu, kuɖe amesi Wòdɔ ɖa be wòanye Eƒe anyigba dzi mɔfiala be wòayɔ Eƒe Ŋugbetɔ la do goe ŋu, ke azɔ kuɖe Tamekpe ma ŋu: kuɖe amesiwo míenye ƒe Ɖeɖefia ŋu lae le mía kplɔm. Ewu nu na amegbetɔ.
Mikpɔ nusi Wòwɔ na mí, le kwasiɖa ʋee mamlɛ siawo me ko la ɖa. Efia mí alesi míaɖu futɔ ɖesiaɖe si ado ɖe ŋgɔ na mí la dzi; alesi míahe míaƒe XƆSE ƒe Yi do go aƒoe wòaku. Naneke meli míavɔ̃ o. Naneke mate ŋu anɔ te ɖe ŋgɔ na mí o.
Alesi Wòdzra Nuɖuɖu ɖo ɖi na Eƒe Ŋugbetɔ be wòaɖu. Esime Eƒe gbedeasitsɔla gale adzɔge ʋĩ gɔ̃ hã la, Mɔfiala aɖe si ŋu xexeame menya naneke le o la gakpɔtɔ le mía si; gake na Eƒe Ŋugbetɔ la, Enye Gbɔgbɔme Nuɖuɖu Le Eɖuɣi, Mana Ɣaɣla si míeɖuna gbesiagbe.
Etu mí ɖe ame deblibowo ƒe nɔnɔme me ale be Wòate ŋu anɔ agbe anɔ mía dometɔ ɖesiaɖe me. Edɔ Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe mí eye wòɖe Eɖokui fia le ŋutilã me, abe alesi Wòwɔe ƒe 2000 enye esi ene, be yeanye míaƒe Mɔfiala, si le agbe le nuƒom to Eƒe anyigbadzi mɔfiala dzi.
Mele mia dometɔ ɖesiaɖe kpem be miava ase Eƒe, “Hɔ̃ẽ-hɔ̃ẽ, hɔ̃ẽ-hɔ̃ẽ!” afisi Ŋugbetɔ la ava Xɔxlɔ̃ ma gbɔ tẽ le. Awɔ, “Hɔ̃ẽ-hɔ̃ẽ, hɔ̃ẽ-hɔ̃ẽ!” eye yubili aɖe tɔgbe ava me le xexeame godoo. Nukata? Ŋugbetɔ la nya woƒe Mɔfiala ƒe Gbe.
Ne mèdi be yeabu o la, va ɖo to míaƒe Mɔfiala esi Wòle nu ƒo ge to Eƒe anyigbadzi mɔfiala si wòtia la dzi Kwasiɖagbe sia le ŊDƆ ga 12:00 me, Jeffersonville ƒe game dzi.
Nɔvi. Joseph Branham
Gbedeasi:
62-1014E — Mɔfiala
Ŋɔŋlɔawo:
Marko Kɔkɔe 16:15-18
Yohanes Kɔkɔe 1:1 / 16:7-15
Dɔwɔwɔwo 2:38
Efesotɔwo 4:11-13 / 4:30
Hebritɔwo 4:12
Petro II, 1:21
Mose II, 13:21