Egbe Ƒe Numegbe / Gbesiagbebolo

24-0426

Xɔse Nye Nuvavãtɔ La
47-0412

Mose, gaɖela ŋutɔ, Mawu ƒe nunana na amewo, womese eya gɔme o. Mikpɔ nusi gblɔm melea? Womese Mose gɔme o. Ke Mose susui be, kakaɖedzitɔe la, be wole egɔme se ge be yenye woƒe nunana be yeaɖega wo. Gake womese egɔme o.

Ke azɔ, xɔ̃nyewo, migasem gɔme baɖa o. Mina magblɔ esia kple bubu le nye dzi me dzro, esime menyae be menye Mavɔmavɔme si anɔ tsitre ɖe ʋɔŋudɔdrɔ ŋu gbeɖeka.

Ame akpe akpewo le ƒudam woƒe nunana. Mikpɔea? Womete ŋu le egɔme sem o. Ke woakpɔ nu agblɔ be, “Oo, ame koe wònye.”

Nyateƒee. Mawu ye loo Mose wònye ɖe ga amewo mahã? Mawu wònye nɔ Mose me. Mikpɔea? Wode ɣli bia gaɖela. Eye esime Mawu dɔ gaɖela ɖo ɖe wo la, wodaƒu ekpɔkpɔ, elabena to ame dzi ye. Gake menye ame ye o ɖe; Mawu wònye nɔ ame la me.

Gbesiagbebolo

Eyaŋuti miawo hã minyae bena, wodɔ Mawu ƒe xɔxɔ sia ɖe trɔ̃subɔlawo gbɔ; eye woawo la woaɖo toe. Dɔwɔwɔwo 28:28

24-0425

Trɔsubɔlawo Ƒe Agbenɔɣi Ƒe Gɔmedzedze Kple Nuwuwu
55-0109E

Midzro Ŋɔŋlɔ la me.

“Mawu ƒe Nya nye akaɖi na míaƒe afɔwo,” alebe mí—alebe woafia mɔ mí, ekem. Enye Kekeli si tsɔa afɔmɔ si kplɔa mí tso dziɖuɖu me yi ɖe dziɖuɖu me.

Azɔ, hafi dziɖuɖu nasu miasi la, elebe aʋa nanɔ anyi. Ke ne aʋa aɖeke meli o la, dziɖuɖua aɖeke meli o. Eyata elebe míada akpe ɖe aʋawo kple dodokpɔwo ta, ke Mawu wònye le gomekpɔkpɔ nam mí be dziɖuɖuwo nasu míasi. Oo, míatɔwo! Ɖee ema mena wòka ɖe me na mi vie teti azɔ oa? Mikpɔea? Aʋa va do; ameaɖe le nya baɖa aɖe gblɔm tso ŋu o; dɔlele va dzi wò. Ɖewomahĩ Mawu le fukpekpe sue mawo nam wò, alebe Wòate ŋu ayɔdɔ wò aɖafia wò Eƒe dɔmenyonyo, aɖana nàkpɔ nusi wodi be Yeagblɔ to dzi be, Yelɔ̃ wò.

Gbesiagbebolo

Yehowa, tɔwòe nye gãnyenye kple ŋusẽ, ŋutikɔkɔe, bubu kple kafukafu, elabena nusianu, si le dziƒo kple anyigba la, tɔwòe. Kronika I 29:11

24-0424

Abraham Kple Eƒe Nuku Le Eƒe Megbe
61-0416

Mègakpɔ ɖokuiwò dzi o; kpɔ wò Vɔsasa la dzi. Mawu mele dziwò kpɔm o; Ekpɔa wò Vɔsasa si nye Kristo dzi. Mègakpɔ ɖokuiwò dzi o. Nyemedze o; mèdze o; ameaɖeke medze o; gake Eyae nye Amea. Nyemele nuɖom ɖe nusi mewɔ, nusi menye ŋu o, lo madze dzi nam—nam gbeɖe o.

Gake mele nusi Wòwɔ dzi kpɔm. Afimae mele kakam ɖe dzi le: Nusi Wòwɔ. Enye nye Vɔsasa. Nyemedze na dɔyɔyɔ o. O, amegã. Aƒetɔ, anye ne meku xoxo, anye ne womedzim gbeɖe o. Gake mele agbe; Agbe Mavɔ su asinye; meɖo ta Dziƒo. Nukata?

Elabena Ewɔe nam. Eyae nye Amea. Exɔ tenyeƒe. Nye atawo xa tsã, ŋkuwo traxa le nɔnɔme ƒomevi ɖe sia ɖe me, gake Exɔ tenyeƒe. Le gbɔgbɔme nuƒoƒo ŋu la, metsaka keŋkeŋ tsã, hetsaka keŋ; gake Exɔ tenyeƒe; ke Ewɔm Mawu ƒe viŋutsu debliblo, Mawu ƒe vinyɔnu debliblo. Eƒe vɔsasa ye wɔe, menye tɔnyee o. Nyemeɖo naneke awɔ le me o. Wodzim esime nɔnɔme aɖeke menɔ asinye o alekekee hã. Gake nye—nyemele kakam ɖe nusi mewɔ dzi o. Meka ɖe nusi Wòwɔ dzi (Mikpɔea?), nusi Wònye tsã, nusi wònye ema.

Gbesiagbebolo

Elabena Amegbetɔvi la meva, be wòagblẽ amewo ƒe agbe o; ke boŋ, bena wòaɖe wo. Eye wodzo yi ɖe kɔƒe bubu me. Luka 9:56

24-0423

Mawu Le Eƒe Dukɔ Me
50-0227

Tɔsisi aɖe le ʋuʋu, le sasram faa le afisiafi. Minoe ko sẽ ɖe esime miagate ŋu noe o. Atia la, ne ɖeko wònona etɔ gome la, tsyo, ɖeko wòakpɔtɔ anɔ, kuɖiɣi me ɣesiaɣi. Numae nye kuxi la kple Kristotɔwo. Womenonɛ akpa o. Elebe mianoe sẽ ɖe esime miatsi ko eye miana amebubu nakpɔe. Mikpɔea? Mitse ku. Mixɔ ɖaseɖiɖi aɖe. Mide asi na Mawu. Mixɔe se. Miɖe zɔ ɖe dzi. Mibia miaƒe ŋugbedodo ta se. Gblẽ—gblẽ ɖe Mawu dzi ko. Xɔe se. “Gblẽ wò mɔwo ɖe Yehowa dzi.” Ana nukakee dim nèle la wòavame.

Gake Mate ŋu wɔe o sẽ ɖe esime…zi geɖe alesi miele eme lém ɖe asi la. Miegblɔa be, “Azɔ, makpɔeɖa be ne wòle kakam ɖe me nam mahã, eye makpɔe be esia awɔ dɔ hã.” Wò la dee asi na Eyama; ŋlɔ eƒe susuɔea be. Yi aɖanɔ ɖaseɖim kuɖe nusiwo mele kpɔkpɔm o gɔ hã ŋu. Wò la xɔe se. Menye nusi kpɔm nèle ye o; nusi nèxɔ se ye. Menye nusi sem nèle le lãme ye o. Megblɔ kpɔ be, “Ɖee nèse le lãme mahã?” gbeɖe o. Egblɔ be, “Ɖee nèxɔe sea?”

Gbesiagbebolo

Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa dzi, eye naɖo ŋu ɖe eŋu, ekema awɔe ade goe. Psalmo 37:5

24-0422

24-0421

24-0420

24-0419

24-0418

24-0417

24-0416

24-0415

24-0414

24-0413

Tɔɖoƒe
62-1230M

Ɛ̃ ɖe. Nusiawo ƒe ɖeke meʋãm o, elabena woblam ɖe seke aɖe ŋu. “Oo, tso esime medo Goe la,” Paulo be, “le mɔ ma dzi, woblam ɖe seke aɖe ŋu. Egbugbɔm le mɔa dzi. Ena megadze egɔme nyuie.” Miɖo ŋku dzi, Paulo nye ɖoɖowɔha gãtɔ kekeake, si le anyigba la dzi me nɔla, ke ɖeko wòbla eɖokui ɖe tɔɖoƒe la ŋu.

Miɖo to. Medi be magblɔ nane na mi. Tameɖoɖo aɖe le esi si ta wòɖem. Tameɖoɖo aɖe le esi si ta wòɖe wò. Eye meɖoe kplikpã, to Eƒe lɔlɔ̃nu me, be mawɔe; menye be matsɔ akpe ɖe Eŋu o, alo aɖe le Eme o. Nyaɖeɖefia 22:19, ne miedi be miaŋlɔe daɖi la. Esɔ gbe. “Amesiame si ɖe le…” Meɖoe kplikpã. Mele dzadzram ɖo be madzo le hamea gbɔ, ke mienya nenema. Ke eyata meɖoe kplikpã be manɔ anyi kple Nyanyuie sia zi alesi mele agbe, to Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me. Huh! Miɖo ŋku dzi, afii amenuveve le. Ame millionwo nɔ kukum le nuvɔ̃ me esime Wòɖem. Ameka nyea menye be Wòaɖem? Tameɖoɖo aɖe le esi, ta wòɖem, eye meɖoe kplikpã be mawu tameɖoɖo ma nu. Nyemetsɔ le eme o. Ɖewohĩ, ate ŋu anye nye nuwuwu, si gbɔna kpuie tso fifia dzi. Gake, ɖesiaɖe wòanye la, meku ɖe eŋu kokoko. Nyemetrɔ kpɔ o.

Gbesiagbebolo

Gake la nyemebui naneke o, eye nyemebu nye agbe hã nu xɔasi na ɖokuinye o, bena mawu nye mɔzɔzɔ kple subɔsubɔ, si mexɔ tso Aƒetɔ Yesu gbɔ la nu, be maɖi ɖase le Mawu ƒe amenuveve nyanyuie la ŋuti. Dɔwɔwɔwo 20:24

24-0412

24-0411

Bartimeo Ŋkugbagbãtɔ
57-0301

Minya nane li kuɖe ameɖokui ɖeɖe ɖe aga ŋu.
Ame geɖewo medoa gbeɖa gbeɖe o sẽ ɖe esime woava sɔleme.
Ame geɖewo susunɛ bena teƒe ɖeka si li be woado gbeɖa le lae nye sɔleme, gake Biblia gblɔ be amewo nado gbeɖa le afisia afi, esime woado asi kɔkɔewo ɖe dzi. Ke emegbe ne míeɖe míaɖokui ɖe aga la, enuenu la míedoa gbeɖa wòtoa vovo wu alesi míawɔe ne míedo gbeɖa le sɔleme. Eyae nye adzame gbedodoɖa si ŋu Yesu ƒo nu le, nɔ gbɔgblɔm be, “Mige ɖe ɣaɣlaƒe, eye mido ʋɔtru la, ke ne miewɔe nenema la, mido gbeɖa na mia Fofo Si kpɔa nu le ɣaɣlaƒe; eye Amesi kpɔa nu le ɣaɣlaƒe la laɖo teƒe na mi.”

Ke ne míele gbedom ɖa nenema la, edze abe nane le gbedodoɖa ŋu si ɖea ayemenuwɔwɔ la katã le me. Edzea abe míegena ɖe katsatsa nyuie aɖe me wu kple Mawu, ne míele aga. Ke ɣeyiɣi geɖewo li le nye agbe me, ɖewomahĩ le miaƒe agbe me nenema ke, si wòle be miaɖe miaɖokui ɖe aga ɣeaɖewoɣi kple Yesu.

Gbesiagbebolo

Ke wò la, ne èle gbe do ge ɖa la, yi ɖe wò xogã me, eye esi nètu ʋɔa la, nado gbe ɖa na Fofowò le ɣaɣlaƒe, eye Fofowò, si le nu kpɔm le ɣaɣlaƒe la, laɖo teƒe na wò. Mateo 6:6

24-0410

Ame Deblibo La Ƒe Nɔnɔme
62-1014M

Ne amea ɖe ku, eye mieɖe ʋu le lãme nɛ, hedee amatsi me la. Kuxi lae nye bena, womede wo dome ame geɖewo amatsi me o. Ne woɖe ʋu le amea me la, ekema etɔ vɔ. Ke nu ɖeka si woawɔ la enye be woatsɔ ame bubu ƒe ʋu ade eme; ekema aganɔ agbe. Miɖe eƒe ʋu le eme.

Eye azɔ míetsɔ Yesu Kristo ƒe Ʋu de eme, mikpɔea, eye esia ahe Yesu Kristo ƒe xɔse vɛ, Yesu Kristo ƒe amewɔwɔ, Yesu Kristo ƒe sidzedze, Yesu Kristo ƒe ɖokuidziɖuɖu, Yesu Kristo ƒe dzidodo, Yesu Kristo ƒe mawusosroɖa, Yesu Kristo ƒe nɔvilɔlɔ̃, kple Mawu ƒe lɔlɔ̃, si enye Yesu Kristo la vɛ. Eyamae nye Ta si le dziwò ɖum. Eye wò afɔwo nye gɔmeɖoɖo, si nye xɔse. Amen! Èle Ta la ƒe kpɔkplɔ te, ehiã be…?…Eyae nye ma. Esiae nye Mawu ƒe ame si deblibo la, nenye be amewɔŋusẽ siawo le eme.

Gbesiagbebolo

Eyaŋuti miawo hã mizu blibo, sigbe alesi mia Fofo, si le dziƒo la, le blibo ene. Mateo 5:4

24-0408

Tɔtrɔ Ƒe Ŋusẽ
65-1031M

Ke mexɔe se be Dawid ye gblɔe be, “anyo nam wu be manye afɔtutunu le Aƒetɔ la ƒe aƒe me, wu be manɔ agbadɔwo me kple ame vɔ̃ɖi.” Mikpɔea, meka nusi wònye o la, “maxɔ nye nɔƒe.”

Ɣeaɖewoɣi la elebe nàma ɖokuiwò ɖa le nusianu si le vevie le anyigba dzi, na wò, gbɔ be nàxɔ wò tsitrenɔƒe si gbɔ Mawu yɔ wò ɖo. Mekaɖedzi be miate ŋu axlẽ fliawo dome. Mikpɔea? Ɣeaɖewoɣi la ame vevietɔ kekeake na wò le anyigba dzi la, elebe nána asiwo; aɖaxɔ wò tsitrenɔƒe le Kristo me, yi afisi Mawu yɔwò ɖo gbɔ. Mikpɔea? Gake nukae wɔm Mawu le? Le miatrɔm tso nusi mienye va yi me, ɖewomahĩ vinyɔnu alo viŋutsu, alo nukake wònye la, tso ƒome lɔlɔ̃tɔ me ɣeaɖewoɣi la, ede na mi afiaɖe. Elabena Nenemae Wòwɔnɛ, mikpɔea, to miaƒe susu ƒe yeyewɔwɔ me, be miaɖo to Mawu ƒe Nya la, meka nusi fetu la nye o. Mikpɔea? Nusiawo mevana o…Meyɔ o…

Míaƒe xɔxɔƒle la menye xokpɔtsɔ nu ye o, ɖe wònɔ be elebe Mawu ƒe Vi la naku ɖe míata. Mikpɔea? Menye…Nusiwo ŋu asixɔxɔ gã le la vana kple fetu gã.

Gbesiagbebolo

Alo nuka amegbetɔ atsɔ ana agaxɔ eƒe luʋɔ mahã? Marko 8:37

24-0407

Fia Fofo La Mí Ke Aɖikɔ Na Mí
53-0611

Enyo, ne ku ƒo flawa sue aɖe la, miade dzesi be edea eƒe ta sue la to, bubutɔe ko. Seƒoƒoawo gena, eye aŋgbawo gena, kple nuku yibɔ sue aɖe gena. Ekema wowɔa ameɖiɖi kɔnu. Tsi dzana hefana avi ɖe anyigba dzi le ƒea ƒe kele me heɖina nu sue la.

Ke emegbe kasia mianya la fafa miamiamia vana. Ɖewomahĩ nuku sue la le gu me si de gogloƒe alea le afisi tsidzadza la ɖi le, eye emegbe le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nuk-…fafa ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi vana eye wòzua kpe. Emegbe la nuku sue xoxo la zua kpe. Lã si nɔa kua ŋu la wona, hedoa le ŋu. Nukua wona gbo eye lã si nɔa kua ŋu la dona. Ke vuvɔŋɔli la yia dzi to ya sesẽwo kple ya sesẽ ɖe ya sesẽ megbe me.

Emegbe le ɣeyiɣi vi aɖe megbe le Dzove me, Dzove ƒe ŋkeke mamlea me, Tedoxe ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, atia bu, bɔlb la bu, seƒoƒo la bu, flawa la bu. Nusianu si li la bu. Ɖee ema nye seƒoƒo ma ƒe nuwuwua? Kpao, amegã; mina ɣe ma nadze dzodzo nana anyigba ma ake eye flawa ma aganɔ agbe ake. Nukata? Agbe nuku aɖe le flawa ma si ame aɖeke mate ŋu kpɔ alo vuvɔŋɔli aɖeke mate ŋu na wòazu kpe o me. Mawu wɔe le Eŋutɔ Ƒe mɔ ŋu, eye agbe nuku sue ma wokpɔe ta le gu ma me, ke flawa ma aganɔ agbe ake.

Enyo, ne Mawu ta mɔ aɖe na flawa aɖe be wòaganɔ agbe ake la, kae kuɖe ame si wowɔ le Eŋutɔ ƒe nɔnɔme me ŋu? Mɔ aɖe le afi aɖe na ema be wòaganɔ agbe ake.

Gbesiagbebolo

Ne ŋutsu ku la, ɖe wògagbɔa agbea? Le nye aʋamenɔɣiwo katã la manɔ asiɖeɖe le ŋunye lalam. Hiob 14:14

24-0406

Èle Esia Xɔm Le Sesema?
51-1003

Meka alesi gbegbe esia, ema, kple kemea o la, elebe nane naƒo wò, nɔviŋutsu, vevie; ema ɖɔnɛ ɖo ɖaa. Xɔse ye ma.

Yesu nye Nunɔla Gã na miaƒe nyameʋuʋu. Nukake me ʋum miele be Wòle wɔwɔm la eyae Wòawɔ. Mi…

Ame geɖewo kpɔa dɔlelea ƒe dzesiwo dzi. Miegblɔa be, “Enyo, Nɔviŋutsu Branham, nye asi mevlu o.” Mele ewɔ ge gbeɖe zi geɖe alesi nànɔ edzi kpɔm o. Míekpɔa ema dzi o; míekpɔa Mawu ƒe ŋugbedodo dzi ye.

Le dɔlele ƒe dzesiwo ŋu la, mikpɔ Yona, le bosro ƒe dɔme ɖaa. Ne ame aɖe te ŋu ɖo dɔlele dzesiwo la, wonɔ esi: ede megbe; asiwo le babla ɖe megbe nɛ; ele egodo le atsiaƒu dzi, ahom aɖe tso; wokɔe ƒu gbe; bosro mii gbla, eyi ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe. Akpa ɖe sia ɖe, ne wò—… ne wòɖunu vɔ la, eyina ɖa dzudzɔa eƒe adza—adzawo le atsiaƒua ƒe gogloƒe. Ke eyae nye ema le afima kple eƒe dɔme si yɔ fũ kple mawunyagblɔla megbedela, emlɔ anyi ɖe afima le goawo dzi, la…eme ɖa le afima le atsiaƒu la te, ahom nɔ tsotsom le atsiaƒu la dzi. Ede megbe, nɔnɔme kae nye esi me wònɔ. Ekpɔ mɔ sia dzi, enye bosro ƒe dɔme; ekpɔ mɔ ma dzi, enye bosro ƒe dɔme; afisiafi si wòkpɔ la, enye bosro ƒe dɔme. Minya nusi wògblɔa? Egblɔ be, “Nyemele bosro ma ƒe dɔme dzi kpɔm o.” Egblɔ be, “Wonye yakanu dzodzrowo.” Egblɔ be, “Aƒetɔ, zi ɖeka ake la magakpɔ Wò gbedoxɔ kɔkɔe la dzi.” Aleluya. Mekpɔ bosro ƒe dɔme o, ekpɔ Mawu ƒe gbedoxɔ la.

Gbesiagbebolo

Amesiwo subɔa yakanu dzodzrowo la, gblẽa woƒe amenuveve ɖi. Yona 2:9

24-0405

Ɖasefowo
53-0405E

Yesu nyae be, hafi apostolo siawo nate ŋu do go aɖanye ɖasefo nyuie aɖe la, be elebe woawɔ numetoto kuɖe nusi ŋu wole ɖasefo nyem le. Ɖee ema manyo, egbea, ne biblia suku ɖe sia ɖe wɔ numa ke, ne Kristotɔ ɖe sia ɖe wɔ numa kea? Ɖeko mialɔ̃ ava sɔleme ko agblɔ be, “Azɔ mele Yesu xɔm abe nye Ɖela tɔxɛ enea. Mele afisia tsi ge anɔ sẽ ɖe esime maxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe amenyɔnyrɔ̃, ke emegbe la medo yina be manye ɖasefo.” Mikpɔea? Nuwo woato vovo. Ɖee miebui nenema oa? [ Ƒuƒoƒe la gblɔ be, “Amen.”—TALA]
Ɖaseɖiɖi tutu, kaka mawo manɔ míasi o.

Amewo ɖia ɖase hegblɔa be yewonye Kristotɔ, hedoa go ɖanɔa agbe bubuwo. Ke dzimaxɔsetɔ la gena ɖe me hekpɔa ema, egblɔa be, “Enyo, kpɔ afima ɖa! Nenemae wo…” Ke abosam le asi fia ge wo kokoko, hã. Ɖeko miate ŋu aku ɖe ema ŋu. Enye asitsala. Eye migaɖigbɔ eƒe ŋutete kple asitsaɖoƒewo o, elabena enya nusi ŋu nua katã ku ɖo.

Gbesiagbebolo

elabena edze ƒã bena, míenye Kristo ƒe agbalẽ, si wotsɔ míaƒe subɔsubɔdɔ wɔe, si wometsɔ agbalẽŋlɔtsi ŋlɔe o, ke boŋ Mawu gbagbe ƒe Gbɔgbɔ lae wotsɔ ŋlɔe; womeŋlɔe ɖe nuŋlɔkpewo dzi o, ke ɖe nuŋlɔkpe, siwo nye ŋutilã ƒe dziwo la dzi boŋ. II Korintotɔwo 3:3

24-0404

24-0403

Nukata?
61-0128

Esime Mawu wɔ ame la, enae…Eɖeasi…Abosam xɔ eƒe ta. Mawu tia eƒe dzi. Abosam to eƒe nububukpɔ dzi la naa eyama bu nusianu ŋu–na eyama Ŋɔŋlɔ la ƒe tagome nukpɔsusuwo. Gake Mawu gea ɖe eƒe dzi me hekplɔa eyama to Gbɔgbɔ la dzi; nana eyama xɔ nusiwo ŋu eƒe tagomenunya menya naneke kuɖo o. Amen! Ema wɔam be mesea ɖokuinye subɔla vie ne mele susu bum kuɖe ema ŋu, mikpɔea.

Esime Mawu ƒe asi su ame dzi la, ege ɖe eƒe dzi me. Mawu ƒe teƒe si wònɔa kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi ye ma. Eye susu si tae amewo noa aha, yɔa siga, daa tsatsa, daa alakpa, fiafi, heyia dzi abe alesi wowɔnɛ ene la, wole agbagba dzem be yewoana kɔɖiɖi didi vevie ma le yewoƒe dzi me. Nenemae Mawu wɔwo, alebena Yeateŋu geɖe me le afima aɖana kɔɖiɖi didi vevie ɖe sia ɖe si le miame. Gake, aleke ameaɖe akatse adze agbagba be yeati nu xɔasi ma ŋu kple xexeame nuwo mahã?

Gbesiagbebolo

Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me. Filipitɔwo 4:7

24-0402

Agbe Nye Dɔyɔla
56-0612

Abosam mate ŋu wɔ naneke o. Ɖeko abosam troa gbo nu. Mate ŋu wɔ nu o; etroa gbo nu ye. Eye gbã la ele be mɔ aɖe nanɔ esi. Bia ɖɔkita se. Ne wò ŋutilã debliblo hele abe alesi Mawu wɔe le gɔmedzedzea me ene la, anye ne mava be nàlé dɔ gbeɖe o. Gake ele be abosam nakpɔ gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe le afi aɖe be wòatro gbo.
Nenema kee wòle kple wò luʋɔ.
Susu si ta miexɔa Mawume dɔyɔyɔ dzi se o la, abosam kpɔ teƒe gbɔdzɔ aɖe le miame, eye wòtro gboe. Mawu nye Dɔyɔla la. Eye míenye Mawu ƒe viwo, Mawu ƒe viŋutsuwo kple vinyɔnuwo siwo le xɔm le sesem abe alesi mía Fofo xɔna sena ene.

Gbesiagbebolo

Eyae naa lãmesesẽ amesiwo ŋu ɖeɖi te, eye wònaa ŋusẽ geɖe ame beliwo. Yesaya 40:29

24-0401

Mawu Ƒe Nunana Si Woxatsa
60-1225

Ke, wogbe Kristo ke ko egbea abe alesi wowɔe Nɛ le megbe afima ene. Teƒe aɖeke meli, le zã sia me, le míaƒe hame nyuiawo, míaƒe hame gãwo, míaƒe hame nyuiawo me o. Teƒe aɖeke mele míaƒe subɔsubɔ nutowome, egbea, na Gbɔgbɔ Kɔkɔe takpekpe aɖe o. Womele Edim o. E, Eɖiɖiawo kpɔtɔ le dua ƒe hatsotsowo ŋkume. Eɖiɖiawo kpɔtɔ be yewoasusui be yewoabɔbɔ yewoɖokuiwo aɖi va vɔsamlekpui aɖe gbɔ, afavi aɖalala le afima sẽ ɖe esime woayɔ fũ kple Ŋusẽ tso Dziƒo, be woafɔ̃ ɖe tsitre tso afima le Agbe ƒe yeyewɔwɔ me; be woaɖe asi le nyɔnuwo ŋu woaɖe asi le woƒe ɖa ŋu woatsi, aɖawɔnu abe alesi wòle be nyɔnuwo nawɔ ene; be woana be ŋutsuwo naƒu woƒe sigaretiwo gbe, adzudzɔ woƒe ahanono, aɖakpɔ woƒe ƒomeawo gbɔ nyuie. Eglo wo. Eyata wolé woƒe dzixɔsea me ɖe asi, woƒe hamea tɔ, le esime wòle be woaxɔ Mawu ƒe Nunana, Mawu ƒe Krismas Nunana la.

Gbesiagbebolo

Eva ye ŋutɔ tɔwo gbɔ, eye ye ŋutɔ tɔwo mexɔe o. Yohanes 1:11

24-0331

Alẽvi Kple Ahɔnɛ
60-0805

Esime Mawu wɔ ame gbã la, ewɔ eyama atsu kple asi siaa le gbɔgbɔme. Ewɔ eyama le Eya Ŋutɔ ƒe Nɔnɔme ŋu, azɔ Mawu nye Gbɔgbɔ. Esime Woma eyama, hede ŋutilã me la, ede atsu ƒe gbɔgbɔ la ŋutsua me, eye asi ƒe gbɔgbɔ la nyɔnu la me. Ke nane tovo na ema la, gbototro vi aɖe le afima. Tututu. Miekpɔ nyɔnu aɖe le agbagba dzem be yeawɔ nu abe ŋutsu ene la, nu sue aɖe li si gblẽ le afima. Lãme nugbagbeviawo tsaka le afi aɖe. Esɔ gbe. Miekpɔ ŋutsu aɖe si nye nyɔnugbɔme alegbegbe be medi be yeaɖe gbeƒã tsitre ɖe nuvɔ̃ alo nububu aɖeke ŋu nenema, be yeade abi ame aɖe ƒe seselelãmewo ŋu o la, tsakatsaka aɖe le afiaɖe hã, menye eƒe kodzogbeme dzidzi ɖeɖeko o, gake gbɔgbɔme dzidzi hã.
Oo, nusi míehĩa egbea la yenye be ŋutsi nanye ŋutsu, nyɔnu, aƒenɔ.
Mawu ɖo wo be woanɔ nenema: ado awu wòato vovoe.
Miegblɔ be, “Èle nu xlãm ɖe mí nyɔnuwo dzi.”
Azɔ mele nuƒo ge na mi kuɖe ŋutsu ŋu. Ŋutsu ɖe sia ɖe si ɖe asi le esrɔ̃a ŋu wòyɔa sigaretiwo, eye wòdoa atakpui mawo, hewɔa nu nenema la, ŋutsu ƒe sue aɖe ŋutɔ koe le eya me, le nye nukpɔsusu ŋu.

Gbesiagbebolo

Eye Mawu wɔ ame ɖe ye ŋutɔ ƒe nɔnɔme, Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔe ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ._ Mose I 1:27

24-0329

Mina miaƒe Kekeli Neklẽ Nenema Ke Le Amewo Ŋkume
61-0903

Gake ele abe ne ʋu xoxo aɖe le asiwò ene eye ènɔ to aɖe dzi yim, eye menyae be esi nèdze egɔme le anyi me le akpa kemea la brake aɖeke mele asiwò o. Nyemele tsitre tsi ge ɖe ame la ŋu o, nyemele ɣli dom ɖee o, menye eyae o, ʋu si me wòle la ye; ele abi xɔ ge.

Eye nenema ke wòle kuɖe ɖoɖowɔhawo ŋu. Mesusui be amesiwo kuna ɖe ɖoɖowɔha mawo ŋu, abe ɖee wònye Mawu ŋutɔ ene, eye wotena ɖa le Mawu ƒe Nya gbɔ, be yewoaku ɖe ɖoɖowɔha la ŋu.
Enyo, ne wowɔ ema la, mele vɔvɔ̃m be wole vodada vevi aɖe wɔ ge. Ke menye ɖe meɖo nane tsitre ɖe ame la ŋuti o, gake tɔdziʋu si me wòle le kukum lae, mikpɔea, mekaɖedzi be mele edzi dze ge nɛ o. Mele edzi dze ge na ɖoɖowɔha kpɔ gbeɖe o, gake adze dzi na Kristo ya. Eyata midzo ɖa—midzo ɖa le ɖoɖowɔhanyenye ƒe tɔdziʋu ŋɔŋɔ la me, ayi ɖe Zion Tɔdziʋu dedie la me, Tɔdziʋu xoxo si mekpɔ daƒu kpɔ gbeɖe be yeade go ɖe game dzi o, Kristo.

Gbesiagbebolo

elabena meƒo nu kpli wo, ke womesee o, meyɔ wo, ke wometɔ o. Yeremia 35:17

24-0328

Mawu Si Le Eɖokui Ɖem Fia Le Gblɔenyenye Me Emegbe Le Eɖokui Ɖem Fia Nenema Ke
63-0317M

Azɔ, Kɔkɔenyenye ƒe mɔ gã aɖe, amewoŋutɔ le agbagba dzem be yewoawɔ yewoɖokuiwo kɔkɔe. Eye ne miele ewɔm la, ele ko abe alesi megblɔe do ŋgɔ ene, ele abe…Anɔ abe gbekãga si le agbagba dzem be yeado ahɔnɛ fuwo le yeɖokuisi ene, be yeawɔ yeɖokui ahɔnɛ, esime eƒe dzɔdzɔme kpɔtɔ nye gbekãga. Mikpɔea? E, enye…Anɔ abe akpaʋĩa si le agbagba dzem be yeado a—akpakpafuwo, alo atsrima aɖe tɔ ene, hele gbɔgblɔm be, “Mikpɔea, menye xevi nyakpɔ aɖe.” Mikpɔea, enye nane si wòkpa wɔ.

Gake mele na atsrima be wòavɔ‌ be yele atsrimafuwo to ge alo o ɖe. Mele na ahɔnɛ be wòavɔ‌ be yele ahɔnɛfuwo to ge alo o ɖe. Zi geɖe alesi eƒe dzɔdzɔme nye ahɔnɛ la, ahɔnɛfu woe anɔ esi.

Azɔ, mikpɔ, kɔkɔenyenye tɔwo dze gbɔgblɔ be, “Elebe nyɔnuwo nado ɖa lɔbɔ kple awu abɔ legbɛwo, kple—kple nusiawo katã, kple kpoyokpoyo legbɛwo, eye mele be woado asivigɛ aɖeke alo adzagba aɖekɛ ƒomevi o.” Mikpɔea, ezu ameŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye ƒe kɔkɔenyenye. Mikpɔea? Mikpɔea? Ema—ema nye—ema nye kɔkɔenyenye si wokpa wɔ.

Gbesiagbebolo

Ame ƒe zɔzɔmewo katã dzana le eya ŋutɔ ŋku me; ke Yehowa ye daa gbɔgbɔwo kpɔna. Lododowo 16:2

24-0327

Nyaƒoɖeamenu Kple Ɖetsɔleme
62-0118

Woyɔ Mawunyagblɔlawo. Nyagblɔɖilawo, kple nufialawo, kpakple nyanyuiekakalawo, kpeɖe kplɔlawo ŋu, kple etɔeawo, woxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, eye emegbe nunanawo be woawɔ nusiawo kplii.

Gake ɖevi vi sue aɖeke alo tɔgbeyɔviwo mele Mawu si o. Wokatã wonye viwo Nɛ. Esɔgbe tututu. Eye miaƒe tsitrenɔƒe fifia tututu yenye anyinɔnɔ tututu le Dziƒo nutowome le Kristo Yesu me, kple ŋusẽ ɖe sia ɖe.

Miagblɔ be, “Nɔviŋutsu Branham, nyee nye mlɔetɔ kekeake le hamea me. Amevi sue aɖe ko menye.”

Gake, miɖo ŋku dzi be, ne Wòɖi va tso Dzi la, mikpɔea, woakɔ mi dzi kple Eyama. Miele Ŋutilã me. Eye miele kple Kristo fifia tututu, nɔ anyi ɖe Dziƒo nutowome. Ne agbadze nènye le afɔ gɔme la, gbɔgbɔvɔ̃ ɖe sia ɖe le te wò. Esɔ gbe. Esɔ gbe tututu. Hame La! Afisi ta le la, ŋutilã li kpli. Eye ne woɖi mí, míeku, woɖi mí le Kristo me la, ekema wofɔ̃ mí ɖe tsitre kple Eyama le Eƒe tsitretsitsi me, eye míenɔ anyi ɖe Dziƒo nutowome le Kristo Yesu me, kple dzota ƒe dzo ɖe sia ɖe le míate. Amen. Esɔ gbe. Meka alegbegbe sue miele o la, gbɔgbɔvɔ̃ ɖe sia ɖe le miate.

Gbesiagbebolo

Azɔ la mizu mawusrɔ̃lawo abe lɔlɔ̃viwo ene, Efesotɔwo 5:1

24-0326

Tɔtrɔgbɔ Ƒe Mɔ La
62-1123

Dukɔ aɖe nɔna Mawu si kokoko le afi aɖe si Wòateŋu tsɔ asi fia agblɔ be, “Yenye ma.” Oo, medi be manɔ xexlẽme ma dome. Mekaɖedzi be míakatã míedi be míanɔ afima, enye dzi ɖe sia ɖe ƒe didi. Míedi be míanɔ xexlẽme ma dome alebe Mawu wòateŋu gblɔ be, “Nye dukɔ yenye Esi. Mikpɔwo ɖa, wonye nusi menye ƒe kpɔɖeŋu. Wole Nye Agbe ɖem fia le Wotɔwo me, wotsɔ woaƒe agbe na, eye mele Tɔnye ɖem ɖe go, Agbe, to wotɔwo me.” Nu nyakpɔ kae nye esi! Nuka ye… Alegbegbe wòle be wòana Mawu nase le eɖokui me nyuie be wòanyae be ameaɖe le Yesi si dzi Yeate ŋu ka ɖo…

Gbesiagbebolo

…ke ya lɔ wo katã ɖe nu, eye ƒuƒu kplɔ wo dzoe. Ke amesi sim tso la, anyi anyigba ƒe dome, eye wòaxɔ nye to kɔkɔe la wòanye etɔ. Yesaya 57:13

24-0325

Gbɔgbɔ Ƒe Dzesidede
60-0308

Azɔ, geɖe li alegbegbe le ŋkeke si me míele agbe le, kuɖe “nunanawo” ŋu. Ame geɖewo alegbegbe drɔ‌a ʋɔnu amewo kple nunana siwo le wo si. Enyo, mexɔe se be nusiawo nye nunanawo. Mexɔese be nusiwo kpɔm míele wole mevam lae nye nunanawo, eye wonye nunana siwo Mawu na. Gake, mí, ne míele wozãm le nɔnɔme nyuietɔa si me Mawu ɖoe be woazãwo le o la, ekema míate ŋu wɔ vɔ‌ geɖe kple nunanawo wu esi míate ŋu wɔ ne nunanawo mele míasi o. Zã kemea la mewɔ nyameʋuʋu sia le nyagblɔti la dzi, nɔ esia gblɔm, be adzrom wu be makpɔ havilɔlɔ‌ wòanɔ hamea me, ne dɔyɔyɔ ƒe nɔnɔme ɖeka alo nu bubu aɖeke mele mía si o. Miekpɔea, elebe míanya nusita nusiawo li ɖo.

Gbesiagbebolo

Nenye ɖe metsɔ amewo kple mawuɖɔlawo ƒe gbegbɔgblɔwo ƒoa nu, ke lɔlɔ̃ mele asinye o la, anye ne mele abe ayawagba, si ɖina alo abe gaƒoƒo, si ɖina la ene. Korintotɔwo I 13:1

24-0324

Israelviwo
47-1123

Mía Fofo Dziƒovitɔ, ŋkeke sia, esi mele tsitre le afisia ɖeɖi te ŋunye le ame hatsotso sia ŋkume, eye nute ŋunye, kple nye abɔwo kpakple nye atawo le nye ɖum, le nye vem, hele nye lém, hele nye hem. O Kristo, gbeɖeka la, ɖemɔ be Wò dɔtsɔla nadzo le ŋutifafa me, alebe míate ŋu tso tɔ la. Mekaɖedzi be Nànam dzudzɔ le go kemea dzi.

Fofo, Ènya alesi sem mele egbea, alesi adzrom gɔ hã be manɔ aƒeme hena Akpedavɔsa, be manɔ anyi kple srɔ̃nye kple ƒomea, O Mawu, ɣlidede kple hehe ma, le dzigbe le Portland, to wodzi, Oregon, dzigbe duawo, kpakple ame xɔasi siawo le afisia le Phoenix, tso dukɔ vovovowo, ame vovovowo me, siwo le vavam ɖe du be yewoakpɔ dɔyɔyɔ.
Azɔ Fofo, gbeɖeka la, wɔe be míaɖu Akpedavɔsa ɖe du dzro, esime woaɖo Wò fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ, le Akpedavɔsa Ŋkeke gã ma dzi, esime amekɔkɔeawo katã le ƒoƒu ge ɖe du. Mawu, kpeɖe míaŋu be míawɔ dɔ na Ŋkeke ma esime míekpɔtɔ le anyigba dzi le afisia, eye Na mí Mawume ŋusẽ.
Ke Fofo, esime míele Wò Nya ʋum azɔ hena ɣeyiɣi vi aɖe la, Nà be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wòaɖi va aɖatsɔ Mawu ƒe nuwo aɖatsɔwo tẽ geɖe amehatsotso lɔ̃ame sia me, eye wòaƒã lɔlɔ̃ kple nɔvikadede ɖe amewo ƒe ƒuƒoƒe sia me, sẽ ɖe esime woayra hame ɖe sia ɖe, eye amewo nadze nyɔnyɔ̃ aɖe gɔme, Aƒetɔ, le woŋutɔwo dome, eye woahe luʋɔ geɖewo va takpekpe etɔ̃ siwo gbɔna la me. Wɔe dzro, Fofo, eye míatsɔ kafukafu na Wò ɖe eta, elabena míebiae le Eƒe Ŋkɔ me. Amen.

Gbesiagbebolo

Mitsɔ akpedada ge ɖe eƒe agbowo me kple kafukafuha…Psalmowo 100:4

24-0323

Israel Ƒe Viwo
47-1123

Azɔ, xɔ̃wo, mɔnu ɖeka koe li le xexeame be ame nate ŋu kpɔ dɔyɔyɔ, eye to xɔse le Mawu me ɖeka ko dzi ye. Azɔ, meka alesi gbegbe Mawu aɖemɔ nam, to nye ŋutɔ nye xɔse dzi, be maɖe gbɔgbɔ la le miadzi o la, negbe ko miyi dzi xɔ Mawu dzi se, hesubɔ Mawu, heka ɖe Mawu dzi o la, agatrɔ gbɔ va miadzi ake. Ɖee Yesu megblɔ be, “Yi eye mègawɔ nuvɔ̃ azɔ o, loo nu vɔ̃ɖi aɖe wu esia adzɔ ɖe dzi wò oa?”

Migava gbedodoɖa ƒe fli aɖe me o negbe ko miele mɔkpɔm be miasubɔ Mawu le miaƒe agbe ƒe ŋkeke mamleawo me. Esɔ gbe. Kokoko la, miganɔ nuvɔ̃ ƒe agbe kpɔ gbeɖe o, elabena miavɔ̃ɖi ɖe dzi, miavɔ̃ɖi ɖe dzi wu. Mawu do ŋugbe be miavɔ̃ɖi ɖe dzi wu alesi mienɔ zi gbãtɔ.

Gbesiagbebolo

Kpɔ ɖa, wò lãme sẽ, megãwɔ nuvɔ̃ azɔ o, bena ne nu vɔ̃ɖi wu esia nagawɔ wò o. Yohanes 5:14

24-0322

Agudzedze Yenye Esi
65-0418M

Ne kɔnu kɔkɔe aɖe li la, elebe wòava le sabat ŋkeke la dzi, si nye Kɔsiɖa ƒe ŋkeke adrelia, si nye Memleɖagbe. Gake ɖee miede dzesi, le ŋkuɖoɖodzi sia me, be woaʋuʋui le kɔsiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔa dzia?

“Lubabla la, si nye wò nuku si nèƒã, ƒe gbãtɔ la, ne wòmie heɖi la, nàlã lubabla sia aɖatsɔ yi na nunɔla la. Eye nàɖemɔ wòatsɔe aɖaʋuʋui le Aƒetɔ la ŋkume, hena ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ŋu wò, bena wolɔ̃ xɔ wò. Èva kple wò lubabla la, eye elebe wòaʋuʋui le Aƒetɔ la ŋkume, le…”

Menye le sabat, ŋkeke adrelia gbe o; gake le ŋkeke gbãtɔ la, si míeyɔa be Kɔsiɖagbe, K-ɔ-s-i-ɖ-a-g-b-e.

Gbesiagbebolo

Eye wògblɔ na wo bena: Wowɔ Sabat le ame ta, eye menye ame le Sabat ta o; Marko 2:27

24-0321

Alẽkpo La Ƒe Kplɔla
56-0403

Nyemedi ko be mase yayrawo ƒe vivi aɖaɖu ama le afima o. Medi be manye alẽ. Medi be manya Eyama le Eƒe tsitretsitsi ƒe ŋusẽ me.

Be woanya Eyama la yenye be agbe nanɔ amesi. Menye be woanya wò katekismo o ɖe, ema menye agbe ye o ɖe. Menye be woanya Mawu kafukafunya o, menye be woanya apostolowo ƒe dzixɔse o, menye agbe ye o. Menye be woanya Biblia nye agbe o, togbɔ be ate ŋu nyo. Gake be woanya Eyama nye Agbe. Eye amesiwo, ne fĩeɣi dze vava, eye míaƒe agbe ƒe ɣe dze toyiyi la ƒɛ koe, medi be mase nu le to si ma nye kple ŋutikɔkɔe dome le go kemea ɖa, medi be mase Alẽkplɔla ƒe gbe wòayɔ, agblɔ be, “Nɔviŋutsu Branham, èwɔe nyuie, Nye subɔla nyuie kple nuteƒewɔla.” Mekaɖedzi be nenema ke wònye na miakatã.

Gbesiagbebolo

Elabena nye la Kristo enye agbe nam, eye ku enye viɖe nam. Filipitɔwo 1:21

24-0320

Mesia
61-0117

Ɖee miesusu esia kpɔa? Mina mabia mi nane. Mikpɔm ɖa miniti ɖeka. Nye asi yenye esi; nye asibidɛ yenye esi; nye to yenye esi; nye ŋɔti yenye esi; gake nyee nye ameka? Menye nyee ma o ɖe. Nane si nye tɔnye ye ma. Mikpɔea? Nye asi yenye esi, gake nye si tɔ yenye asi la ɖee amekae menyee? Mikpɔea, esia aƒe aɖe ko wònye si me mele agbe le. Nuka ƒomevi…

Enyo, elebe nane nanɔ eme le afima si woyɔ be “nye.” Elebe “nye” la nanɔ afi aɖe, elabena esia tɔnyee. Mikpɔea? “Nye” nye ameaɖe, elabena nane nye tɔnye. Asi le asinye. Tɔnyee. Enyo, amekae nye “nye” si tɔ ema nyee? Wò gbɔgbɔ ye ma. Enyo, eku ɖe gbɔgbɔ si ƒomevi wònye ŋu. Amesi nètsɔna wò ŋutinuwo na la, amema ƒe subɔla nènye.

Gbesiagbebolo

Asi sesẽ miexɔ; eyata mitsɔ miaƒe ŋutilã kple miaƒe gbɔgbɔ, siwo nye Mawu to la, kafu Mawu! Korintotɔwo I 6:20

24-0319

Nyɔnyɔ Gã Si Gbɔna La Kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe La Ƒe Kɔkɔeɖeanyi
54-0718A

“Kekeli ado le fĩeɣiŋɔli.” Alilikpoawo he yi ɖe megbe. Kɔmahatsɔŋkɔwo gbã (Aleluya.), eye dukɔ la geɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe nyɔnyrɔ̃ me kple dzesiwo kple nukunuwo tututu ko abe alesi wònɔ wosi le gɔmedzedzea me ene. “Kekeli ado le fĩeɣiŋɔli.”

Azɔ miɖo ŋku dzi be, fĩeɣiŋɔli mee wotia Ŋugbetɔ la le. Wokɔ Rebeka le fĩeɣiŋɔli me. Fĩeɣiŋɔli mee wòdo go Isak le: enɔ egodo le agble me. Fĩeɣiŋɔli mee. Míaƒe Trɔ̃subɔsubɔ nyɔnyɔ la awunu le madidi me ŋutɔ. Yudatɔwo le nyɔnyɔ la xɔ ge. Ne wonya te ŋu kpɔ Mawu ƒe ŋusẽ si le ɖeɖem ɖe go hexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe ko la, woatsɔ Nyanyuie la. Míaƒe Trɔ̃subɔsubɔ ŋkekeawo le nuwum. Mige ɖe Fiaɖuƒe la me esime miele—mɔnukpɔkpɔ le miasi be miage ɖe Fiaɖuƒe la me.

Gbesiagbebolo

Ne amea ɖe melɔ̃ Aƒetɔ Yesu Kristo o la, nezu busu! Aƒetɔ la gbɔna! Korintotɔwo I 16:22

24-0318

Alẽvi La Kple Ahɔnɛ La
56-0917

Azɔ, Biblia gblɔ be Ekpɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ la abe Ahɔnɛ ene, eye Wògblɔ be, “Kpɔɖa Mawu ƒe Alẽvi la yenye esi.” Ke Ahɔnɛ la va Alẽvi la dzi heti anyi…Melɔ̃ ema “anyitsitsi.”

Azɔ, nukae ne ɖee Alẽvi la xlɔ̃ abe amegãxi nyanyra ene. Tsyo, anye ne Ahɔnɛ la adzo.

Minya, ɣeaɖewoɣi la mebia ɖokuinye se be ne susuma tae kuxi geɖe alegbegbe le hamea me mahã. Ne míenye Mawu ƒe alẽviwo la, elebe alẽviwo ƒe dzɔdzɔme nanɔ míasi ne míele mɔkpɔm be Ahɔnɛ la nati anyi. Ɖee miexɔe sea? Mexɔe se.

Azɔ, ne míalé ŋku ɖe Ahɔnɛ la ŋu la…Susu si ta Etsi Alẽvi la dzi la, yenye be Woƒe dzɔdzɔmeawo le ɖeka. Eye susu si ta Ahɔnɛ tsia Kristotɔ dzi la yenye be, Atsi afima zi geɖe alesi wònye alẽvi. Gake ne wòtsɔ dzɔdzɔme bubu aɖe la, Ahɔnɛ la adzo Dzo.

Gbesiagbebolo

Eyata ale. Yehowa Zebaot gblɔ esi: Milé ŋku ɖe miaƒe zɔzɔme ŋu: Xagai 1:5

24-0317

Ɖee Hame La Adzo Doŋgɔ Na Xaxa Gã La?
58-0309E

Oo, ŋkeke aɖeke menɔ anyi kpɔ, si, asitsanyawo alegbegbe, abe egbea ene, ʋu xoxowo ko kple nusianu. Ede ɖoƒe aɖe, wɔe be, àte ŋu aƒle fridzi ƒe sia, eye nàxe abe dɔla alafa ene alo atɔ̃ ɖe eta, eye le ƒe si va emegbe me la ameaɖeke megale edim o. Megale asia dzi o. Ɖee miekpɔ afisi asitsanya xexeame na miele dɔwɔm atraɖii lea? Àte ŋu aƒle ʋu ƒe sia me, eye le ƒe si va emegbe la kakaɖedzitɔe be enyo ko abe esi miate ŋu aƒle ke ɣeyiɣi ma me ene, gake eƒe asixɔxɔ aɖiɖi dɔla akpe ɖeka elabena woɖɔli yafamɔ̃nutuvi la alo wowɔ movi nu sue aɖe nɛ. Boblododo koe, be wòawu Biblia ŋu.
“Abe alesi wònɔ le Noa ƒe ŋkekewo me, kple le Lot ƒe ŋkekewo me ene.”

Gbesiagbebolo

Elabena alesi wowɔ le ŋkeke, si dze ŋgɔ na tɔɖɔɖɔ me, wole nu ɖum, eye wole nu nom, wole srɔ̃ ɖem, eye wole wo tsɔm na, bena woaɖe, vaseɖe ŋkeke, si dzi Noa yi ɖe aɖakaʋua me, Mateo 24:38

24-0316

Nunanawo
56-1207

Meka alesi gbegbe tuwowo geɖe le wosi o, hydrogen tuwowo geɖe, kple alesi gbegbe woƒoa nu kuɖe esia ŋu kpakple alesi esia le dzɔdzɔ ge ŋu o la. Migavɔ̃ o. Mawu ye le kpɔkplɔ la wɔm. Enya alesi wòaku ʋua ko. Enya alesi wòle dodo ge ko. Eyata mele be míavɔ̃ nu ɖeka hɔ̃ o, gake míanye vi sue, lɔlɔ̃tɔ dziɖeɖitɔ, si wua mo dzi kpɔa Fofo la miniti ɖe sia ɖe, eye wònɔa te ɖo Eyama dzi be wòakplɔ mí, afia mɔ mí, eye wòakɔ mí yi míaƒe dzeƒe le Eƒe amenuveve me.

Ke le Eyama lɔlɔ̃ me nenema la, màdi be yeawɔ naneke si ade abi Eŋu o. Tsyo, ne wòva me be nèwɔ nane si ade abi Eŋu la, ekema le zã katã me la, aɖatsi xɔdzowoe asra le alɔgowo dzi na wò le dzimetɔtrɔ me. Elabena màdi be yeade abi Fofo la ŋu ɖe naneke ta o. Ɖee nàdi…Màdi be yeade abi wò vidzĩ sue la ŋu o; àlé fu ema wɔwɔ. Àlé fu abi dede srɔ̃wònyɔnu alo srɔ̃wòŋutsu ƒe seselelãmewo ŋu. Aleke gbegbe wò Aƒetɔ kple Ɖela tɔ mawu mahã?
Ɖee miawoe, ne mielɔ̃ Eyama…

Gbesiagbebolo

Mawue nye lɔlɔ̃, eye amesi nɔa lɔlɔ̃ la me la, eya nɔa Mawu me, eye Mawu hã nɔa eya me. Yohanes I 4:16

24-0315

Yehowa-Jireh 56-0613

Gake Yona le bosro la ƒe dɔmea, asiwo le babla le megbe nɛ, ede megbe, le ƒu wɔ adã dzi, le bosro ƒe dɔme le heɖeɖe me, dɔlele ƒe dzesiwo ƒe Nya gblɔm mielea, wonɔ esi. Ne kpɔ ale la, bosro ƒe dɔmee. Ekpɔ alea la, bosro ƒe dɔmee. Afisiafi si wòkpɔ la enye bosro ƒe dɔme. Azɔ, miele nɔnɔme basa ma me o. Gake nukae Yona gblɔ? Egblɔ be, “Wonye alakpa dzodzrowo. Nyemele wodometɔ aɖeke dzi xɔ ge ase o.” Egblɔ be, “Aƒetɔ, zi ɖeka ake la, makpɔ Wò gbedoxɔ kɔkɔe la dzi.” Mekpɔ bosro ƒe dɔme la dzi o; enɔ gbedoxɔ la dim.

Migakpɔ miaƒe dɔlele ƒe dzesiawo dzi o ɖe, mikpɔ ŋugbedodo la dzi. Alesi gbegbe miele dɔ o, mikpɔ alegbegbe Amesi do ŋugbe la lolo dzi. Mawu ye gblɔe nenema.

Gbesiagbebolo

Menye ɖe Aƒetɔ la le wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodowo dziwɔwɔ me, abe alesi amea ɖewo bunɛ blewuwɔwɔ la ene o; hafi egba dzi ɖi blewu na mi, esi melɔ̃ bena, amea ɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ la ŋuti. Petro II 3:9

24-0314

24-0313

24-0312

Nukaŋutie Míenye Kɔmahatsɔŋkɔ O Mahã?
58-0927

Ɖe mienyaa? Azɔ miɖo to, mi nyɔnuwo. Mi nyɔnu Kristotɔ dzɔdzɔe nyuiwo la miwoe nye nu nyuitɔ kekeake si Mawu ate ŋu ana ŋutsu, ɖe mele nenema o la anye ne Atsɔ nu bubu anɛ. Ɛ̃, amegã. Mikpɔea? Nyɔnu menɔ nuwɔwɔ gɔmedzetɔa me gɔ̃ hã o. Nyɔnu menye Mawu ƒe nuwɔwɔ si wòwɔ o. Enye ŋutsu ƒe ɖeɖetsome. Mawu wɔ ŋutsu la, wònye ŋutsu kple nyɔnu siaa. Eye Wòmã wo me. Eye emegbe esi ŋutsu la nɔ anyigba dzi hetsɔ ŋkɔ na lãwo, eye wònɔ afisia eteƒe didi vɔ megbe la, Eva tsɔ Adam ƒe agbaƒuti le eƒe axa me, abe ɖeɖetsome ene, eye wòtsɔ wɔ nyɔnue. “Adam wowɔ gbã, eye emegbe Xawa.” Azɔ mikpɔ ɖa.

Eye womeble Adam o ke nyɔnu lae woble eye wòge ɖe vodada me.

Mawu tsɔ ŋutsu. Abosam tsɔ nyɔnu. Mikpɔe ɖa, le mia ŋku me ƒã, nukae le esia wɔm egbe. Milé ŋku ɖe Mawu ƒe Hame vavãtɔ la ŋu, agblɔ be, “Yesu!” Kristo ƒe futɔ ya agblɔ be, “Maria!” Milé ŋku ɖe gbɔgbɔ mawo ŋu. Mikpɔea? Woawoe nye ekem.

Gbesiagbebolo

Eye Yehowa Mawu gblɔ na nyɔnua bena: Nukaŋuti nèwɔ alea? Mose I 3:13

24-0311

Mɔkpɔkpɔ
61-0205M

Mexlẽ nu kuɖe Abraham Lincoln ŋu, nyiehetɔ gã aɖe, amesi ɖi le tɔdziʋu me le afima le New Orleans, eye wòkpɔ wo le kluviwo ƒe ʋe me le afima, le ŋutsu gã aɖe dzram le dutoƒe, Ameyibɔ gã klitsu aɖe. Ke esrɔ̃a sue dahea nɔ tsitre ɖe afima kple vidzĩ eve, nɔ avifam elabena wole edzra ge be woana wòade nyɔnu siwo le gãwu, le lãmesẽ me wu gbɔ be woadzi kluvi siwo le gã wu. Abraham Lincoln mli kɔ̃ alea, hegblɔ be, “Ema mele eteƒe o. Gbeɖeka la mele ƒoƒo ge ɖe dzi, ne wòagaxɔ nye agbe hã.” Eva me, gake eƒo ɖe dzi.
Egbãe, hã.

Na magblɔe na wò, nɔviŋutsu, dzimaxɔse tso abosam gbɔ. Na maƒo ɖe dzi, Aƒetɔ. Nyemetsɔ ɖe le me ne wòaɖe nye agbe ɖa o.”

Nà be magbã numa ɖa le hamea dzi, liƒo mawo, kple etɔeawo, alebe míate ŋu kpɔ be, mí, to Gbɔgbɔ ɖeka dzi la, wonyrɔ̃ míakatã ɖe ŋutilã ɖeka me, eye míenye Kristotɔwo. Míenye nɔviwo. Meka ne ame la nye Mawu ƒe Hame tɔ eye nye la menye Ƒuƒuoƒeawo me tɔ, eye amesia ya nye Baptistetɔ, alo Presbyteria tɔ o; míenye nɔviwo, nusi míenye ye ma, míenye nɔviwo le Kristo me. Mina míagbãe. Míamu liƒo mawo ƒu anyi. Míate ŋu ke abɔwo me na nɔvi ɖe sia ɖe.

Gbesiagbebolo

Elabena Gbɔgbɔ ɖeka me wonyrɔ̃ mí katã le, bena míanye ŋutilã ɖeka, míeɖanye Yudatɔwo alo Helatɔwo o, míeɖanye kluviwo alo ablɔɖeviwo o, eye wotsɔ Gbɔgbɔ ɖeka kpe na mi katã. Korintotɔwo I 12:13

24-0310

24-0309

Migavɔ̃ O He, Nyee
61-0414

Nukata míenyrɔ̃a ame ɖo? Tsi mele miaɖe ge o ɖe, gake enye toɖoɖo ƒe wɔna. Kɔmunĩɔ xɔxɔ mele miaɖe ge o, gake enye sededeawo ɖo kpɔkplɔ. Ɖeko miele…

Vɔsamlekpuia dzi ƒoƒo mele dɔyɔ ge na mi o ɖe. Vɔsamlekpuia dzi ƒoƒo mele miaɖe ge o. Miate ŋu aƒo vɔsamlekpuia dzi sẽ ɖe esime gbɔgbɔ ati ƒo na mi eye—eye miaku tsi afima. Miakpɔtɔ anye ame makpɔɖeɖe sẽ ɖe esime mialɔ̃ aɖaxɔe se be Yesu ku ɖe miaƒe teƒe, eye mialɔ̃ axɔ Eyama abe miaƒe Ɖela tɔxɛ ene. Mawunyagblɔla ɖe sia ɖe le afisia ate ŋu da asi ɖe dɔlela ɖe sia ɖe dzi le afisia aɖado gbeɖa tso fifia dzi yiɖe nyitsɔ zã me. Naneke madzɔ kura o sẽ ɖe esime mialɔ̃ axɔ nusi Yesu wɔ na mi la. Eyata alea metso mawunyagblɔlawo gbɔ o, ame ɖeka ɖeka gbɔ o, gake etso míaŋutɔ ƒe xɔse tɔxɛ le dɔ aɖe si ŋu wowu vɔ si Kristo wɔ na mí le Kalvaria gbɔ.

Gbesiagbebolo

Amesi me miekpɔe mɔnu hã le le xɔse me heyina ɖe amenuveve sia gbɔ, si me míetsia tre ɖo la, eye mieƒoa adegbe le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ la ŋuti. Romatɔwo 5:2

24-0308

24-0307

Tete Woƒe Ŋkuwo Ʋu Wodze Sii
64-0312

Mawu mehĩa gɔmeɖela aɖeke o ɖe. Nyemate ŋu aɖe Eƒe Nya gɔme o, nenema ke amea ɖeke mate ŋu aɖe Eƒe Nya gɔme o. Enye Eŋutɔ ƒe gɔmeɖela. Ne Wògblɔ be Yele nane wɔ ge la, Ewɔnɛ, eye ema ɖɔnɛ ɖo. Nusi ko le eŋu ye ma. Egblɔ be Yele ewɔ ge, ke Ewɔe. Ema ɖɔe ɖo. Mehĩa ameaɖeke be wòagblɔ Nɛ be esia yenye Ema, alo ema yenye Ema o. Eŋuto, Yewɔnɛ. Míaƒe gɔmeɖeɖewo menye naneke na Ŋɔŋlɔ la o. Eya Ŋutɔ, ƒoanu, eye nenemae wòle.

Esime le gɔmedzedzea me, esime Wògblɔ be, “Kekeli nedo,” tete kekeli do. Ema mehĩa gɔmeɖeɖe aɖeke o. “Ɖetugbui afɔ fu,” Ewɔe! “Makɔ Nye Gbɔgbɔ ɖe ŋutilã ɖe sia ɖe dzi,” Ewɔe. Mehĩa gɔmeɖeɖe aɖeke o.

Nusi Wògblɔ be Yeawɔ le ŋkeke sia me la, Ewɔe. Mehĩa be woaɖe egɔme o; eɖea eɖokui gɔme. Enye Eŋutɔ ƒe gɔmeɖela.

Gbesiagbebolo

Nye Yehowa ye ƒo nu, egbɔna, eye mawɔ edzi, Xezekiel 24:14

24-0306

Egbe Sia Wowu Ŋɔŋlɔ Sia Nu
65-0219

Azɔ, aleke nenem mewo te ŋu da ƒu be woakpɔ Amesi Wònye? Aleke wote ŋu dae ƒu ɖo? Aleke wòte ŋu va eme, esime wowɔe eme kɔ fãa heɖi fiaa? Aleke womete ŋu kpɔe o mahã? Esime wò…

Nya kae nye si! Mibu eŋu kpɔ, “Egbe sia wowu Ŋɔŋlɔ sia nu le miaƒe ŋkuwo me.” Amekae gblɔe? Mawu Ŋutɔ ye, Amesi nye Eya Ŋutɔ ƒe Nya ƒe gɔmeɖela. “Egbe sia wowu Ŋɔŋlɔ sia nu.” Mesia la, Ŋutɔ, tsitre le ƒuƒoƒe la ŋkume hele Nya xlẽm le Biblia me, kuɖe Eɖokui ŋu, eye wòle gbɔgblɔm be, “Egbe sia wowu Ŋɔŋlɔ sia nu,” ke hã wokpɔtɔ daƒu Ekpɔkpɔ.

Gbesiagbebolo

Eye wòde asi gbɔgblɔ me na wo bena: Egbe wowu ŋɔŋlɔ sia nu le miaƒe towo me. Luka 4:21

24-0305

Ŋkugbagbãtɔ Bartimo
61-0124

Ne miexɔe se be Gbɔgbɔ Kɔkɔe le vavã o la, milé Mawu ƒe Ŋugbedodo la, eye minɔ anyi kpli ko.

Milé ɖe ŋu. Migadzo ɖa le egbɔ o. Ne miexɔe se be enye Dɔyɔla o, dɔlele alo xaxa kakee le miaŋu o, fifi laa la, migalala kpɔ dɔyɔyɔ ƒe fli la o; miaƒe asi ne su dzi fifi laa ko, eye migblɔ be, “Mawu, mele Asiwòwo me.”

Ke Satana agblɔ be,
“Mekaɖe me na wò ɖeke o”

Numae wògblɔ nam. Megblɔ be, “Kpɔ afii, fuɖenametɔ xoxoe. Ne mèwɔ…Ne èdi…ne èdi be yease maɖi ɖase le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ŋu la, tsi afisiae. Gake mèle nye ʋuʋu ge ɖa le ema ya gbɔ o. Ne nèlɔ̃a Mawu ƒe ɖaseɖiɖiwo, kple Mawume dɔyɔyɔ ƒe kafukafu sese la, nɔ tsi tre ɖe afisia. Mele eɖe ge agblɔ sesiẽ ko zi geɖe alesi ko mate ŋui ko. Tsi afisia ko eye see. Melewò kpem be nàsee. Tsi afisia.”

Ŋkeke gbãtɔ, mekaɖe me wu o; ŋufɔke, mekaɖe me wu o; ŋufɔke mekaɖe me wu o. Mekpɔtɔ tsi anyi, le ɖaseɖim, le Mawu kafum, le edzi yim to alilikpo do blukɔwo dome. Edo ŋugbe aɖe. Mlɔeba la yenye ma. Ɖeɖi te eŋu esime wòwɔ vie megbe eye wòsi dzo.

Gbesiagbebolo

Eyaŋuti mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu te; ke mitsi tre ɖe Abosam ŋu, eye wòasi le mia gbɔ. Yakobo 4:7

24-0304

Lazaro Ƒe Tsitretsitsi La
51-0729A

Mele Eyama kpɔm. Naneke mele eŋu kakaka be woaɖe ŋku ɖee o. Biblia gblɔ be ɖekadzedze aɖeke mele eŋu be Wòadzro mí o. Menye ame dzɔ atsu si kɔkɔ meta 2 o. Enye Amevi gbɔdzɔ aɖe ko. Evlu Eƒe ŋutilã sue la, eƒe abɔta gegewo abe alesi Wònɔ ene. Wogblɔ be Eƒe ge ƒo wɔ hafi Wòxɔ ƒe blaetɔ̃. Eƒe abɔtawo ge alea, egblɔ be, “Nɔviwòŋutsu la agafɔ̃ ɖe tsitre ake.”

Oo, míatɔwo. Egblɔ be, “Ẽ, Aƒetɔ. Menyae be afɔ̃ ɖe tsitre le ŋkeke mamlea me.” Yudatɔ mawo xɔ tsitretsitsi gã la dzi se. Egblɔ be, “Menyae be afɔ̃ ɖe tsitre le ŋkeke mamlea me. Ŋutsuvi nyuie aɖe wònye. Ke Mawu le efɔ̃ ge ɖe tsitre le ŋkeke mamlea me.”

Mele Yesu kpɔm wòle gbɔgblɔm be, “Gake Menye Tsitretsitsi Kple Agbe. Menye,” menye “Manye; Menye va yi” o: Menye (fifia ƒe ɣeyiɣi.); Menye Tsitretsitsi kple Agbe. Amesi xɔ Dzinye se la maku kpɔ gbeɖe o.”

Gbesiagbebolo

Eye esi wògblɔ esia la, edo ɣli kple gbe, sesẽ bena: Lazaro lee, do go! Yohanes 11:43

24-0303

24-0302

24-0301

Gã Wu Solomon Le Afisia
64-0306

Mawu, azɔ kokoko le ɣeyiɣiwo katã me la, nana gbɔgbɔme nunanawo Eƒe dukɔ kokoko. Nenemae wodea Dzesii henya nɛ, to gbɔgbɔme nunanawo dzi. Eye ne Mawu dɔ gbɔgbɔme nunana aɖe ɖo ɖe Eƒe dukɔ, eye wogbe nu le gbɔgbɔme nunana ma gbɔa, ekema dukɔ ma—ma yina ɖe gbegblẽ ƒe blukɔ me. Ɣesiaɣi, le agbenɔɣiawo me la, ne Mawu dɔ nane ɖo ɖe dukɔ la, nunana aɖe, eye wogbee la, Mawu gbea nu le dukɔ ma gbɔ elabena egbe Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ.

Oo, dedienɔnɔ kae wòanye, le zã sia me, alegbegbe wòalolo wu tuwowo ƒe bebeƒe kple—kple teƒe siwo katã ŋu míate ŋu bu, ne dukɔ sia, si woyɔ be Kristotɔ dukɔ, ate ŋu lɔ̃ axɔ Mawu ƒe nunana si wonae la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe gã si wokɔ ɖi le ŋkeke mamlɛ siawo me. Ke alesi ne dukɔ sia alɔ̃ axɔ Ema la, anye dedienɔnɔ wu nu ɖe sia ɖe si me woage ɖo. Gake wogbenu le Egbɔ, eyata naneke megasusɔ o negbe gbegblẽ kple ʋɔŋudɔdrɔ.

Gbesiagbebolo

Amesi nye nunyala la, nese nusia gɔme; amesi si gɔmesese le la, nedze sii! Elabena Yehowa ƒe mɔwo dzɔ, ame dzɔdzɔewoe zɔa edzi; ke ame vɔ̃ɖiwo edze anyi; ɖe edzi. Hosea 14:9

An Independent Church of the WORD,