Gbeƒãɖeɖe: 60-0518 Vixɔxɔ #2
Lɔlɔ̃tɔ veviewo,
Ðe miele gbesɔsɔ, Mawu ƒe viŋutsu kple vinyɔnu siwo woɖe ɖe go, be woanɔ anyi, ɖedu le dziƒo nutowo me, awɔ ɖeka kple Ŋugbetɔ le xexeame godoo, be miase Mawu ƒe Gbe wòaƒo nu ɖe to me na mia?
Ɛ̃!!! Míele gbesɔsɔ be míase Mawu ƒe Gbe wòagblɔ amesiwo tututu míenye na mí.
Meyɔ mi be “lɔlɔ̃tɔ” elabena ye mienye. Mienye—mienye nye lɔlɔ̃tɔwo. Minya nukaea? Mina…Afii la Ŋɔŋlɔa ɖe va. Paulo gblɔ be, “Meʋã ŋu ɖe mia nu (Eƒe Hame lae) kple mawume ŋuʋãʋã, elabena medo mia ŋugbe.” Yee koe ma, amesiwo te ŋu kpɔe. Yee koe ma. “Elabena medo mia ŋugbe, mewɔ mi ŋugbetɔ na Kristo, abe ɖetugbui dzadzɛ ene.”
Ŋutikɔkɔe na Mawu, Eƒe dɔla do mí ŋugbe Nɛ. Míenye ɖetugbui leaƒe dzadzɛwo na Eƒe Nya, Gbedeasi sia, na Eƒe Gbe le nyaƒokawo dzi. Wodo mí ŋugbe na Kristo fifia.
Míanɔ klalo eye míanɔ mɔkpɔkpɔ gã aɖe me Kwasiɖagbe. Míele míaƒe asibidɛ ɖu ge, ade fe míaƒe luʋɔ, eye míaho míaƒe dziwo le dɔme. Míaganɔ ɣli dom, anɔ Aƒetɔ la kafum, anɔ ɣli dom be “amen, aleluya”, abe alesi agudze ɣletiviwo dzi ha ɖe du eye Mawu viwo do ɣli kple dzidzɔ ene; esi wokpɔ ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ɖoɖoa, esime Mawu de míaƒe ŋkɔwo Eƒe Agbalẽ me do ŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖo anyi ke.
Ðe míate ŋu ase egɔme be Papa Mawu lala, tso xexeame ƒe gɔmedzedze ke, vaseɖe egbe, KPƆ MÍA? Ekpɔ afisi míaɖe mía ɖokuiwo ɖe go le ŋkeke mamlɛawo me le, eye wònɔ lalam kpɔ mí henɔ ŋeŋem be míatso kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ be yeaɖe nyaɣaɣla siwo woɣla vaseɖe egbe la afia mí.
Le agbenɔɣiawo katã me la, nyagblɔɖilawo lala vaseɖe ŋkeke mamlɛ siawo me be woaɖe nusiawo afia. Papa Mawu gblɔ be yelala be yeƒe Sɔlemeha la natsi tso Luthertɔwo ƒe agbenɔɣia me, Baptistetɔwo ƒe agbenɔɣia me, Methodistetɔwo ƒe agbenɔɣia me, Pentekostetɔwo ƒe agbenɔɣia me, eye tẽ yi ɖe tame Kpe ma gbɔ be wòaɖo edzi. Emegbe wowu Xɔtutu la nu.
Ŋkeke si ŋugbe wodo si ŋu Aƒetɔ la ƒo nu le eye wòdi vevie la le edzi yim fifia eye wòle eme vam le mía ŋkume… EYE LE MÍA ME. Míele Kristo Yesu me fifia, míebɔbɔ nɔ anyi ɖe Dziƒo ŋutifafa me, Dziƒo yayrawo, Dziƒo Gbɔgbɔ me, afisi nusianu nye mía tɔ le. Míele Ŋugbedodonyigba la dzi eye nusianu nye míatɔ keŋkeŋ. Eƒe Nuku gbãtɔ tsi keŋkeŋ eye woʋuʋui le Eƒe Ŋugbetɔ ŋkume. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ka nya ta na Papa Mawu eye wògblɔ nya sia tso Eƒe dɔla sesẽ la ŋu be:
Wò dɔla le tsitsim le amenuveve me! Eƒe anake le bibim ŋutɔ. Ekplɔna alẽmawo eye ekpɔawo gbɔ tututu abe Wò hã ene. Menaa ƒumeŋɔto wo gbeɖe o. Menana atsatsragbe wo gbeɖe o. Ne wova ƒo xlãe gblɔ be, ‘Míedi be míage ɖe hame la me la, egblɔna be, ‘Mimia nu, ema mehĩa na wò o! Kpao, amegã. Nusi hĩa na wò yenye Esi, “Mia dometɔ ɖesiaɖe, mitrɔ dzime eye miaxɔ nyɔnyrɔ, le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me, hena miaƒe nuvɔ̃wo tsɔtsɔke. Miaxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe nunana.”’
“Oo, ɖe wògblɔe nenema nyateƒea?”
“Ẽ, Aƒetɔ, egblɔe godoo.”
“Enyo, nenema tututue Meŋlɔ Ema.”
“Nenema tututue Wògblɔnɛ.”
“Ènya nusia? Mekpɔ Arkbishɔpgã Asimesi gblɔ nɛ be ‘mate ŋu ava du sia me awɔ takpekpe o.’ Gake, Ènyaa, mekplɔe le mɔ aɖe nu, megblɔ be, ‘Yi aleke kee hã.’ Wogblɔ nɛ be anyo be wòaɖe eƒe nyaƒokawo katã ɖa, eye mègaɖe mɔ nɛ be wòaɖe wo do go o. Míeyi aleke kee hã!”
“Vinyeŋutsu si Mexɔ nɔ lalam kpɔ yenye esi. Fifia mate ŋu aƒo nu to edzi eye maɖe Nye nyaɣaɣla ɣaɣlawo katã afia Nye alẽwo.”
“Ewɔ nuku Papa Mawu.”
“Azɔ Àdi be magblɔ Viwò bubuawo ŋu nya na Wòa?”
“Ẽ, aleke wofɔ̃ ɖo?”
“Oo Papa…Akpɔ ŋudzedze le wo ŋu ale gbegbe. Wole ko abe ɖe wokawo le ŋuwò ene. Arkbishɔpgã xoxo mawo gale nya ma ke gblɔm na wo, be womegade Nyaƒokahamemawo me aɖase Wò Gbe o. Wogblɔ be nyaƒokamawo menye Gbe vevitɔ kekeake si wòle be woase o; gbe veviwo li fifia.” “Ènya nusi Wò Alẽwo gblɔna na mawunyagblɔlamawoa?”
“MIMIA NU, MÍELE ANYINƆGE KPLE NYAƑOKAWO, MÍELE ANYINƆGE KPLE MAWU ƑE GBE LA.”
“Wowɔnɛ nyateƒea?”
“Ẽ, Amegã, wole ko abe Wò ene.”
“Oo, ewɔ nuku loo. Ema doa dzidzɔ Nam ŋutɔ. Menɔ lalam kpɔ wo eteƒe didi ŋutɔ. Azɔ woawo hã wole gbesɔsɔ na VIXƆXƆ!!” “Woanɔ woƒe dɔwɔƒe Kwasiɖagbe sia le ŊDƆ ga 12:00 me, Jeffersonville ƒe game, be woase Wò Gbe. Woawɔ ɖeka eye woaƒo ƒu tso xexeame godoo eye woakpe amesiame be woava wɔ ɖeka kple yewo.”
“Ewɔ nuku, MANƆ AFIMA KPLI WO.”
Nɔvi. Joseph Branham
Ŋkuɖodzinya: Mègaŋlɔ Game ƒe tɔtrɔ la be o
Gbedeasi: Vixɔxɔ #2 60-0518
Ŋɔŋlɔawo: Mose I, 1:26
Efesotɔwo Ta Gbãtɔ
Romatɔwo 8:19
Galatiatɔwo 1:6-9
Hebritɔwo Ta Adelia
Yohanes 1:17