All posts by AutoPost7

26-1115 Vixɔxɔ #4

Gbedasi: 60-0522E Vixɔxɔ #4

PDF

BranhamTabernacle.org

Lɔlɔ̃tɔ Siwo Trɔ Dzime.

To Play Zizi me la, míele to ɖom Mawu ƒe Nya si me dana ƒu o. Enye be Nya ɖesiaɖe nye Nyateƒe, eƒe nyagbe ɖesiaɖe. Woyɔ mí hekpɔ mía ta, yɔ mí fũ eye woɖe mí ɖe aga; Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ mí fũ, eye fifia míele Kanaan nyigba dzi xoxo. Míevɔ̃na na naneke o…NANEKE O, míenya amesiwo míenye.

Esi míenɔ anyi kple Eƒe Nya la, abe alesi Wòde se na mí be míawɔe ene la, Ele gbɔgblɔ ge na mí be Yegblẽ domenyinu aɖe ɖi na mí. Ɣekaɣie Nèwɔ nu ma, Fofo? Esi Metia mi eye Mede miaƒe ŋkɔwo Alẽvi ƒe Agbegbalẽa me doŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi ke la.

Esi ɣeyiɣi ƒe blibodede la va la, Medɔ Yesu Alẽvi la, Si wowu tso xexeame ƒe gɔmeɖoanyia ke la, be miate ŋu axɔ miaƒe domenyinu be mianye Vinyeŋutsuwo kple nyɔnuwo, mawu suewo.

Ele be malé ŋku ɖe miaŋu le gbeɖeɖe krekrekre kple teƒe siwo le ƒuƒlu ta hafi mate ŋu ana teƒe mi.

  • “Èxɔe se be Nye Gbe ƒoƒo le nyaƒokawo dzi le hamea me gblẽa?
  • “Ẽ, mele be miaƒo nyaƒokawo le hamea me o.”
  • “Mibu fɔe. Mile gbeɖem krekrekre.”
  • “Miexɔe se be Nye Nya le nyaƒokawo dzi hiã gɔmeɖeɖea?”
  • “Ẽ, Ehiã be ame aɖe naɖe egɔme.”
  • “Èle gbeɖem krekrekre. Ètsɔe ƒu gbe. Mèsɔ gbe haɖe o.”

Ne èsɔ gbe la, àgblɔ be, “Amen” ɖe nya ɖesiaɖe dzi.

  • “Èxɔe se be Menye Eyama ke Etsɔ, Egbe yiɖe mavɔmavɔ mea?”
  • “Amen.”
  • “Èxɔe se be Nye Gbe le nyaƒokawo dzi nye GBE VEVITƆ KEKEAKE si wòle be nàsea?”
  • “Amen.”
  • “Èxɔe se be Nye Gbe si le nyaƒoka dzi ana Ŋugbetɔ la nawɔ ɖeka?”
  • “Amen.”
  • “Èxɔe se be Nye dɔla sesẽtɔ la akplɔ mi afia Nyea?”
  • “Amen.”

Èle sesẽm azɔ. Melé ŋku ɖe ŋuwò ɖe gbeɖeɖe krekrekre kple teƒe siwo le ƒuƒlu ta. Mesɔ gbe be be mado ʋɔa. Made Nye Nutrenu dziwò. Èɖu dzi le Nye nudodokpɔ me.

Azɔ mina magblɔ nane na mi, Nye lɔlɔ̃tɔ xɔasi siwo le nyaƒoka nyigbawo dzi; le Ƒuwogodo kple afisiafi si miele la, migavɔ̃ o. Nusianu le nyuie. Menya mi doŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi ke. Menya nusianu si adzɔ.

Megbɔna kpuie ɖe miawo ta eye makplɔ mi ayi Teƒe si ku aɖeke, vevesese aɖeke, ŋuʋaʋã aɖeke, naneke meli o; Blibodede ko, lɔlɔ̃ deblibo.
    
Vaseɖe ɣemaɣi la, migaŋlɔ be gbeɖe o, Metsɔ Nye Ŋya la na mi, miawoe NYE NYE NYA si zu ŋutilã. Ne NANE hiã mi la, migblɔe, ekema Mixɔe se; Miaƒe domenyinu ye.

Maɖo Nye Gbe ɖe mi ake le Kwasiɖagbe sia eye maɖe Wo katã gɔme na mi. Magagblɔ amesi mienye la na mi zi ɖeka ake, afisi mieyina, kple alesi Wòle le afima, fifi la.

Va wɔ ɖeka kple Nye Ŋugbetɔ esime Mana woaƒoƒu ɖe du anɔ anyi ɖe du le dziƒo nutowo me le Kwasiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe Game, eye Nàsem mana mi teƒe to Nye Nya dzi.  
60-0522E Vixɔxɔ #4.
   

Nɔvi. Joseph Branham
    

26-1108 Vixɔxɔ #3

Gbedasi: 60-0522M Vixɔxɔ #3

PDF

BranhamTabernacle.org

Lɔlɔ̃tɔwo Siwo Woxɔ Vi,

Xexeame Dziɖuɖuwo le gbɔgblɔm na amewo be, “Midzraɖo, minɔ gbesɔsɔ na ʋɔnudɔdrɔ̃gbe la. Midzra nuɖuɖu kple tsi ɖo na miaƒe ƒome, alebe miabla akpa na nusi gbɔna la.” Ŋɔdzi le xexeame. Nukae le dzɔdzɔ ge? Nukae le tsɔ me?

Míele nyagblɔɖi kpɔm wòle eme vam le míaƒe ŋkuwo me. Xexeame le tsɔtsrɔm. Vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi le gbagbãm ɖe xexeame, le esi womenya nusi gbɔna o ta. Nukae le tsɔ me? Nukae míate ŋu awɔ? Ɖe esiae nye nuwuwu la?

Le ɣeyiɣi ma ke me la, Papa Mawu le tokla nam mí henɔ míawo hã dzram ɖo. Edzra nuɖuɖu kple tsi ɖo na mí vɔ xoxo, eye míele azã ɖum le tsi nom tso tometsi vudo la me. Míele gbesɔsɔ, menye na Ʋɔnudɔdrɔ̃gbe o, ke bɔŋ na Kɔkɔdzoe!!

Kristo ƒe Ŋugbetɔ mekpɔ dzidzɔ wu alo eƒe dzi me dze me nenema kpɔ o. Papa Mawu le gbɔgbɔm na Eƒe Ŋugbetɔ sue le xexeame godoo be, “MIGAVƆ̃ O, midzɔ dzi. Miawoe nye Nye Ame tiatiawo. Mele miadzram ɖo na Kɔkɔdzoe, miaƒe Srɔ̃ɖeɖe Ŋkeke la. Mele miaɖem do go le gbegblẽ sia me. Mienye Nye Viŋutsu kple Vinyɔnu siwo Mexɔ Viwoe.” Ɣeyiɣi ƒe blibodede la gbɔna.

Yubili kae nye si me tom míele. Nya ɖe sia ɖe si sem míele la nye sikakɔ na mí. Ɖeko míetsɔ Nɛ le Eŋuti zrɔm ɖaa hele Eŋuti zrɔm ɖaa ake kple ake. Emegbe la míegblɔa be:

“Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe, na Aƒetɔ la.” “Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe, na Aƒetɔ la.” Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe, na Aƒetɔ la.”

Míetsɔ míaƒe ŋku ɖo Kalvaria dzi, eye naneke meli si atɔ mí te o! Míele zɔzɔm le Fia ƒe Mɔ gã la dzi, esi wosi ami na mi kple amisisi ƒe Ami tɔxɛ, le gegem ɖe kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe me.

Ne futɔ la dze agbagba be yeagblɔ na mí be míebu eye míenye Eƒe Ŋugbetɔ o la, ɖeko Míezia Play dzi eye Wòdoa ɣli sesĩe ɖe mía ta hegblɔna be:

Miɖee ɖa le miaƒe susu me be miegbɔna bubu ge kple miava wɔ aleke, eye mianɔ vɔvɔm na esia. Mègavɔ̃ na naneke o, elabena ele didim be yeagblɔ afisi èle la na wò, amesi nènye, alesi èle tsitre ɖo.

Xexeame le VƆVƆ̃ me, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, Papa Mawu le gbɔgblɔm na mí be, “Migavɔ̃ NANEKE o, mele amesi mienye kple afisi mieyina gbɔgblɔm na mi.” … ŊUTIKƆKƆE!!

Le míaƒe amegbetɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ me la míedoa kpo nu gbesiagbe. Míewɔa vodada geɖe ale gbegbe. Míewɔa nu geɖe ŋutɔ siwo mele be míawɔ o. Emegbe abosam ƒoa mí heƒoa mí, gblɔna be aleke míateŋu anye Ŋugbetɔ la.

Gake wofianu mí. Míenya nusi tututu míawɔ: Míazi Play dzi be míase nya si Papa Mawu gblɔ.

Azɔ, ate ŋu anye be nàwɔ nusiwo nye vodada, ke ɣesiaɣi si nàwɔ nane si nye vodada la èle èkpɔ ge ɖe enu. Ɛ̃, amegã, nusi nèƒã lae nàŋe! Gake ema meɖo nyaa ɖeke kple wò ɖeɖekpɔkpɔ o. Ne wodzi wò kple Mawu ƒe Gbɔgbɔ la, Agbe Mavɔ su asiwò eye màgate ŋu aku o alesi Mawu mate ŋu aku o. Ènye Mawu ƒe akpaa ɖe, ènye Mawu ƒe vi.

Edze Mawu ŋu be wòɖo mí ɖi do ŋgɔ. Edze Mawu ŋu be wòwɔ mí Viŋutsuwo kple Vinyɔnuwo. Edze Mawu ŋu be wòxɔ mí Vi. Edze Mawu ŋu be wòna amesi Wònye kple amesiwo míenye ƒe Ɖeɖefia vavãtɔ mí. Edze Mawu ŋu be wòkplɔ Eƒe dɔla yi ɣeyiɣi ƒe xɔmetsovɔ la godo eye wòfiae MÍ le go kemɛ dzi ale be míate ŋu adzɔ dzi eye VƆVƆ̃ aɖeke manɔ mía me o.

Dzɔgbevɔ̃etɔe la, nyaƒoka siawo menye ame sia ame tɔ o. Nyagblɔɖila ƒe hame la tɔ koe wonye…Ŋutikɔkɔe, míawoe nye emae. Miniti ɖesiaɖe si míate ŋui, kple ɣesiaɣi si míeƒo ƒu ɖe du la, nusi míedi be míawɔ koe nye be míazi Play be míase Mawu ƒe Gbe.

Ame bubuwo hã se egɔme nyuie. Ðeko womekpɔnɛ abe míawo ene o. Woxɔe nenema ke, gake na míawo la… Enyo ŋutɔ be míalé ŋku ɖe eŋu; elabena míenya be Enye Papa Mawu ƒe mɔ si wota na egbea.

Gbesiagbe xexeame kple etɔwo tɔtɔna ɖe edzi le susume. Nusianu dzena viviti wu eye wòdoa blukɔ ɖe dzi wu. Gake na Ŋugbetɔ la, gbesiagbe hea ahamuame to Ɖeɖefia me geɖe vɛ. Míele gbɔɖeme xɔm, Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ mí fũ, míenɔ anyi ɖe du le dziƒo nutowo me.

Ɖee miebu alesi wònɔ le Pentekoste ŋkekea dzi esime ya sesẽ aɖe ƒo eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ xɔa me taŋ, kple amesiame le afima la me ŋu kpɔa?

Mègabu eŋu kpɔ azɔ o. Va wɔ ɖeka kple mí Kwasiɖagbe le ŊDƆ ga 12:00 me, Jeffersonville ƒe game dzi, esi Wòle Eƒe hɔ̃wo nu ƒom ƒu ɖe du, wòatsɔ Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ miaƒe xɔ me taŋ, eye wòadzra mí ɖo na Eƒe Vava kpuie la to Eƒe nuɖuɖu si wodzra ɖo ɖi la nana mí me. Ànɔ nu ɖum ahanɔ nu nom tso Eƒe nudzraɖoƒe, Mawu ƒe Gbe si le nyaƒokawo dzi.

Nɔvi. Joseph Branham

Gbedeasi: Vixɔxɔ #3 60-0522M

Ŋɔŋlɔawo:

Mateo 28:19
Yohanes 17:7-19
Dɔwɔwɔwo 9:1-6, Ta 18 kple 19
Romatɔwo 8:14-19
Korintotɔwo I, 12:12-13
Galatiatɔwo 1:8-18
Efesotɔwo Ta 1 lia
Hebritɔwo 6:4-6, 9:11-12

26-1101 Vixɔxɔ #2

Gbeƒãɖeɖe: 60-0518 Vixɔxɔ #2

PDF


BranhamTabernacle.org

Lɔlɔ̃tɔ veviewo,

Ðe miele gbesɔsɔ, Mawu ƒe viŋutsu kple vinyɔnu siwo woɖe ɖe go, be woanɔ anyi, ɖedu le dziƒo nutowo me, awɔ ɖeka kple Ŋugbetɔ le xexeame godoo, be miase Mawu ƒe Gbe wòaƒo nu ɖe to me na mia?

Ɛ̃!!! Míele gbesɔsɔ be míase Mawu ƒe Gbe wòagblɔ amesiwo tututu míenye na mí.

Meyɔ mi be “lɔlɔ̃tɔ” elabena ye mienye. Mienye—mienye nye lɔlɔ̃tɔwo. Minya nukaea? Mina…Afii la Ŋɔŋlɔa ɖe va. Paulo gblɔ be, “Meʋã ŋu ɖe mia nu (Eƒe Hame lae) kple mawume ŋuʋãʋã, elabena medo mia ŋugbe.” Yee koe ma, amesiwo te ŋu kpɔe. Yee koe ma. “Elabena medo mia ŋugbe, mewɔ mi ŋugbetɔ na Kristo, abe ɖetugbui dzadzɛ ene.”

Ŋutikɔkɔe na Mawu, Eƒe dɔla do mí ŋugbe Nɛ. Míenye ɖetugbui leaƒe dzadzɛwo na Eƒe Nya, Gbedeasi sia, na Eƒe Gbe le nyaƒokawo dzi. Wodo mí ŋugbe na Kristo fifia.

Míanɔ klalo eye míanɔ mɔkpɔkpɔ gã aɖe me Kwasiɖagbe. Míele míaƒe asibidɛ ɖu ge, ade fe míaƒe luʋɔ, eye míaho míaƒe dziwo le dɔme. Míaganɔ ɣli dom, anɔ Aƒetɔ la kafum, anɔ ɣli dom be “amen, aleluya”, abe alesi agudze ɣletiviwo dzi ha ɖe du eye Mawu viwo do ɣli kple dzidzɔ ene; esi wokpɔ ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ɖoɖoa, esime Mawu de míaƒe ŋkɔwo Eƒe Agbalẽ me do ŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖo anyi ke.

Ðe míate ŋu ase egɔme be Papa Mawu lala, tso xexeame ƒe gɔmedzedze ke, vaseɖe egbe, KPƆ MÍA? Ekpɔ afisi míaɖe mía ɖokuiwo ɖe go le ŋkeke mamlɛawo me le, eye wònɔ lalam kpɔ mí henɔ ŋeŋem be míatso kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ be yeaɖe nyaɣaɣla siwo woɣla vaseɖe egbe la afia mí.

Le agbenɔɣiawo katã me la, nyagblɔɖilawo lala vaseɖe ŋkeke mamlɛ siawo me be woaɖe nusiawo afia. Papa Mawu gblɔ be yelala be yeƒe Sɔlemeha la natsi tso Luthertɔwo ƒe agbenɔɣia me, Baptistetɔwo ƒe agbenɔɣia me, Methodistetɔwo ƒe agbenɔɣia me, Pentekostetɔwo ƒe agbenɔɣia me, eye tẽ yi ɖe tame Kpe ma gbɔ be wòaɖo edzi. Emegbe wowu Xɔtutu la nu.

Ŋkeke si ŋugbe wodo si ŋu Aƒetɔ la ƒo nu le eye wòdi vevie la le edzi yim fifia eye wòle eme vam le mía ŋkume… EYE LE MÍA ME. Míele Kristo Yesu me fifia, míebɔbɔ nɔ anyi ɖe Dziƒo ŋutifafa me, Dziƒo yayrawo, Dziƒo Gbɔgbɔ me, afisi nusianu nye mía tɔ le. Míele Ŋugbedodonyigba la dzi eye nusianu nye míatɔ keŋkeŋ. Eƒe Nuku gbãtɔ tsi keŋkeŋ eye woʋuʋui le Eƒe Ŋugbetɔ ŋkume. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ka nya ta na Papa Mawu eye wògblɔ nya sia tso Eƒe dɔla sesẽ la ŋu be:

Wò dɔla le tsitsim le amenuveve me! Eƒe anake le bibim ŋutɔ. Ekplɔna alẽmawo eye ekpɔawo gbɔ tututu abe Wò hã ene. Menaa ƒumeŋɔto wo gbeɖe o. Menana atsatsragbe wo gbeɖe o. Ne wova ƒo xlãe gblɔ be, ‘Míedi be míage ɖe hame la me la, egblɔna be, ‘Mimia nu, ema mehĩa na wò o! Kpao, amegã. Nusi hĩa na wò yenye Esi, “Mia dometɔ ɖesiaɖe, mitrɔ dzime eye miaxɔ nyɔnyrɔ, le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me, hena miaƒe nuvɔ̃wo tsɔtsɔke. Miaxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe nunana.”’

“Oo, ɖe wògblɔe nenema nyateƒea?”

“Ẽ, Aƒetɔ, egblɔe godoo.”

“Enyo, nenema tututue Meŋlɔ Ema.”

“Nenema tututue Wògblɔnɛ.”

“Ènya nusia? Mekpɔ Arkbishɔpgã Asimesi gblɔ nɛ be ‘mate ŋu ava du sia me awɔ takpekpe o.’ Gake, Ènyaa, mekplɔe le mɔ aɖe nu, megblɔ be, ‘Yi aleke kee hã.’ Wogblɔ nɛ be anyo be wòaɖe eƒe nyaƒokawo katã ɖa, eye mègaɖe mɔ nɛ be wòaɖe wo do go o. Míeyi aleke kee hã!”

“Vinyeŋutsu si Mexɔ nɔ lalam kpɔ yenye esi. Fifia mate ŋu aƒo nu to edzi eye maɖe Nye nyaɣaɣla ɣaɣlawo katã afia Nye alẽwo.”

“Ewɔ nuku Papa Mawu.”

“Azɔ Àdi be magblɔ Viwò bubuawo ŋu nya na Wòa?”

“Ẽ, aleke wofɔ̃ ɖo?”

“Oo Papa…Akpɔ ŋudzedze le wo ŋu ale gbegbe. Wole ko abe ɖe wokawo le ŋuwò ene. Arkbishɔpgã xoxo mawo gale nya ma ke gblɔm na wo, be womegade Nyaƒokahamemawo me aɖase Wò Gbe o. Wogblɔ be nyaƒokamawo menye Gbe vevitɔ kekeake si wòle be woase o; gbe veviwo li fifia.” “Ènya nusi Wò Alẽwo gblɔna na mawunyagblɔlamawoa?”

“MIMIA NU, MÍELE ANYINƆGE KPLE NYAƑOKAWO, MÍELE ANYINƆGE KPLE MAWU ƑE GBE LA.”

“Wowɔnɛ nyateƒea?”

“Ẽ, Amegã, wole ko abe Wò ene.”
“Oo, ewɔ nuku loo. Ema doa dzidzɔ Nam ŋutɔ. Menɔ lalam kpɔ wo eteƒe didi ŋutɔ. Azɔ woawo hã wole gbesɔsɔ na VIXƆXƆ!!” “Woanɔ woƒe dɔwɔƒe Kwasiɖagbe sia le ŊDƆ ga 12:00 me, Jeffersonville ƒe game, be woase Wò Gbe. Woawɔ ɖeka eye woaƒo ƒu tso xexeame godoo eye woakpe amesiame be woava wɔ ɖeka kple yewo.”

“Ewɔ nuku, MANƆ AFIMA KPLI WO.”

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋkuɖodzinya: Mègaŋlɔ Game ƒe tɔtrɔ la be o

Gbedeasi: Vixɔxɔ #2 60-0518

Ŋɔŋlɔawo: Mose I, 1:26

Efesotɔwo Ta Gbãtɔ

Romatɔwo 8:19

Galatiatɔwo 1:6-9

Hebritɔwo Ta Adelia

Yohanes 1:17

21-0113 Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu

Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu

13.01.2021

Dzidzɔme Lɔlɔ̃awo,

Ale gbegbe míele fiafiam le míaƒe dziwo me egbe esi míele ŋugble dem hele Aƒetɔ la subɔm, le akpe dem na Eyama ɖe Ɖeɖefia si Wòna mí la ta.
Ɖeɖefia kuɖe Eŋutɔ ŋu le míaƒe ŋkeke me.

Mawu wònye le nuƒom to Eƒe dɔla kple Gbedasitsɔla, sinye míaƒe osɔfo kple míaƒe nyagblɔɖila, amesi ƒe agbe wonyrɔ̃ ɖe Kristo me dzi. Eƒe akaɖi la nɔ agbe kple kekeli hem tso go Gãtɔ la ƒe dzɔtsoƒewo me, Kristo ŋutɔ ƒe agbe wònye. Mawu wònye hele Eɖokui Ɣlam Le Gblɔenyenye Me, Ke azɔ la Ele Eɖokui Ɖem fia Eƒe Ŋugbetɔ la Nenema ke.

Esi Wòna mí Ɖeɖefia sia ta, azɔ la Mí katã le edum tso Dzɔtsoƒe ma ke me. Woƒo mí katã ɖe Go ɖeka ma me. Míeku na míaɖokuiwo eye woɣla míaƒe agbewo kple Kristo ɖe Mawu me.

Wotre mía ŋu kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe. Amea ɖeke mate ŋu aho mí tso le Eƒe asi me o. Womate ŋu aka asi míaƒe agbewo ŋu o. Eƒe agbe si nye nukpɔkpɔ la le dzobim eye wòle keklem le mía me, hele kekeli kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ɖeɖeɖegowo nam xexeame.

Satana mate ŋu ka asi mía ŋu o. Ku gɔ hã mate ŋu ka mía ŋu o, elabena ku bu eƒe nutɔnu; ke yɔdo ya bu eƒe dziɖuɖu.

Miɖo to Aƒetɔ la esime wòle nuƒom hele dzidem ƒo na mí egbea.

Nyama medaƒu kpɔ gbeɖe le Kristo xɔsetɔwo ƒe nuwo me o. Ke le agbenɔɣi mamle sia me la ele teƒe sia hesesẽ wu eye wòhe lolowu tsã le ŋugbetɔ Nya vavã la me. O, alẽha sue, mi hatsotso suetɔ, milé Nya me ɖe asi, miyɔ miaƒe nume kple dzime fũ kplii, eye gbeɖeka la Mawu ana mi fiaɖuƒe la.

Midzɔdzi eye mikafu Aƒetɔ la egbe ɖe nusi wokatã Wòwɔ vɔ, kple esi wɔge Wòala ta, eye migaŋlɔ nusi wɔm Wòle na mí be le ŋkeke sia ŋutɔ me kpɔ gbeɖe o.

Nɔvi. Joseph Branham

20-1216 Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu

Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu

12/16/2020

Hame Lɔlɔ̃a Ɖiƒoƒo Kple Ayilele Ɖeke Manɔnutɔ,
Míeda akpe ale gbegbe egbea ɖe nusiwo katã Wòwɔ, kple esiwo katã wɔm Wòle na mí ta. Ne míeyi ɖe Eyama gbɔ le gbedodoɖa me, hedze agbagba be míaɖe nusi le míaƒe dziwo me gblɔ la, mebɔbɔna o. Ke, abe alesi wòlena nububu siwo míewɔna ene la, míetrɔna ɖe Nya la ŋu, elabena enye NUSIANU NA MÍ.

O, mina míade míaƒe ta to eye míagblɔ be:
“Fofo, míelɔ̃ Wò. Míelɔ̃ Wò. O, ale gbegbe míelɔ̃ Wò! Míede Akpe na Wò, geɖe ŋutɔ, Aƒetɔ. O, míaƒe—míaƒe dzi dahɛwo mateŋu ɖe nusi sem míele le míaɖokuiwo me agblɔ, kuɖe alesi Nèletsi na mí le Wò Ŋutɔ Ʋuwò me o. Amedzrowo míenye vayi, Aƒetɔ. Míe—míelɔ̃ xexeame nuwo, eye mí katã—katã tra ɖe xexeame nuwo me le afima, ke Nèɖi va le Wò amenuveve me heƒo Wò asi kɔkɔe xɔasiwo ɖe nuvɔ̃ ɖiƒoƒo si me míele me, ɖe mí dogo, tia mí, letsi na mí, tutu mía ŋu, de Gbɔgbɔ yeye mía me, ke hã trɔ míaƒe susuwo ɖe dziƒonuwo ŋu. Ale gbegbe míelɔ̃ Wò, Aƒetɔ!”
Wò AMENUVEVE WƆ NUKU Fofo. Be míabu eŋu be Nètia mí, be Nèletsi na mí, eye emegbe la Nède Wò Gbɔgbɔ mía me. Ɛ̃ Aƒetɔ, míelɔ̃ Wò!

Le Agbenɔɣi si woble sia me, esime nububu aɖeke mega susɔ na mí le xexeame me o, Aƒetɔ. Naneke mesusɔ na xexeame o, enye—enye—enye nuwuwuɣi. Míekpɔ to Biblia me, be agbenɔɣi ɖesiaɖe ŋu vayi. Míele nuwuwu azɔ, enu le yiyim kaba kaba. Magadidi o Yesu ava. O Mawu, de dzo míaƒe dziwo me, mega na míazi kpoo o.

O Aƒetɔ ale gbegbe míede akpe be Èle dzodom míaƒe dziwo me to Wò Nya ƒe ɖeɖefia me na mí wu tsã. To Wò Nya sese me la, míekpɔ be míele nuwuwu. Ŋɔŋlɔawo le me vam le míaƒe ŋkuwo me gbesiagbe.

Aƒetɔ, míaƒe gbedodoɖa tso míaƒe dzi me, kee nye esi:

Ke azɔ, Aƒetɔ, medogbeɖa be Nàlé míaƒe luʋɔwo ɖe Wò asi me, nya mí, li mí, elabena Wogblɔ be Wò “nègbɔna na Hame aɖe si ŋuti ɖiƒoƒoa aɖeke alo ayilélea ɖeke manɔ o”
Ná be Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ga dzedzo la na li ayiléle ɖesiaɖe le mía ŋu, ke míele te hele gbesɔsɔ na Amegbetɔvi la ƒe vavã.

Amen ɖe amen dzi.

Nɔvi. Joseph