22-0410 Mɔfiala

Gbedasi: 62-1014E Mɔfiala

PDF



BranhamTabernacle.org

Alẽvi Lɔlɔ̃awo Siwo Kplɔm Wole,

Aʋa mamlɛ sia tu aƒe. Míeyina ɖe afisi míede kpɔ gbeɖe tsã o. Míele gbedadaƒo me tom, eye míele míaƒe mɔdzi le afiaɖe, eye míate ŋu ayi míaƒe Mɔfiala manɔme o. Migavɔ̃ o alẽha sue, Mawu na Mɔfiala aɖe be wòakplɔ mí.

Mɔfiala sia aɖe nuwo afia mí, eye agblɔ nusiwo Wòse la; Ate ŋu agbugbɔ gblɔ míaƒe nyawo tututu aɖagblɔ nusi míegblɔ la. Edze be míakplɔ Mɔfiala sia ɖo, elabena Eyae nye ame Ɖeka pɛ si nya mɔ la.

Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, Egblɔ na Eƒe nusrɔ̃lawo be nu geɖewo kpɔtɔ le Ye si be yeagblɔ aɖaɖefia mí, eyata Yele nyateƒe Gbɔgbɔ la ɖo ge ɖe mí, eye Afia mɔ mí yiɖe Nyateƒe siawo katã me. Egblɔ be Eƒe Ŋugbetɔ la ade dzesi Eyama esime Wòaɖe Eɖokui afia aɖaɖokpe Eɖokui dzi tututu ko abe alesi Wòwɔe esime Wòva ŋutilã me zi gbãtɔ ene.

Anya susu ɖe sia ɖe si le míaƒe dzi me. Anya amesi míenye kple nusi míewɔ. Anya nusianu kuɖe míaŋu. Enye Mawu ƒe Mɔfiala, Gbɔgbɔ Kɔkɔe si le agbe hele Eɖokui ɖem fia le agbetɔ ŋutilã me.

Tututu ko abe alesi Yesu Ŋutɔ gblɔ ene be, “Menye Nyee le dɔawo wɔm o; Fofonye si le Menye lae. Vavã mele egblɔm na mi, Vi la mate ŋu awɔ naneke le Eɖokui si o; negbe nusi Wòkpɔ Fofo la le wɔwɔm la, emae Vi la hã wɔna. Fofo la le dɔwɔm, eye nye hã mele dɔwɔm.”

Nenema ke Eƒe dɔla mele nuƒoge le eɖokui ŋu o, gake nukake se ge wòala la, eyae gblɔ ge wòala. Axɔ nusiawo katã le Fofo la gbɔ, eye emegbe la afiawo mí. Afia nyaɣlaɣlawo katã siwo woɣla ɖe Nya la me.

Fofo gblɔ na mí be AMEAƉE anɔ YE si si anɔ Yeƒe teƒe le afisia le anyigba dzi, Mɔfiala aɖe, eye bena Yeƒe Ŋugbetɔ la ade dzesi Eyama kɔtɛ adze eyome.

Akɔ Mawu ɖeɖeko ŋuti. Agblɔe eme akɔ ƒãa be, Menye yee enye, dɔla adrelia o, amegbetɔ Vi la ƒe ɖeɖeɖego ye. Mawu ƒe nyaɣlaɣla si ŋu wole nuʋum le lae. Menye ame ye o, Mawu ye. Menye amegbetɔ Vi lae o; enye gbedeasitsɔla tso amegbetɔ Vi la gbɔ. Amegbetɔ Vi lae nye Kristo, eyae nye ame Ɖeka si ɖum míele.

Geɖewo woagblɔ be ye woenye amesiwo wosi ami na be yewoakplɔ Ŋugbetɔ la, gake Mawu medi be miaziɔ ɖe miaƒe nugɔmesese alo miaƒe susuwo dzi, alo ame aɖe ƒe susu ametɔwɔwɔe aɖewo dzi o. Mawu dɔ Mɔfiala aɖe ɖa, eye Mawu di be miaɖo ŋku dzi be Yeƒe Mɔfiala si yefia mi lae ma.

Míaƒe Mɔfiala mele ame ɖeka kplɔ ge ato mɔ sia, eye ɖeka ato mɔ ma aɖagblɔ be : edze be nàse mawunyagblɔla sia, emegbe la edze be nàse mawunyagblɔla ma o; womelɔ̃a ɖe dzi kple wonɔewo gɔ hã o. Aleke ema ate ŋu ana miade blibo mahã?

NYA DEBLIBO ƉEKA koe li si le míahe ge va aɖalé mí ɖe du, EƑE GBE NYA DEBLIBO SI DZI WOƉOKPE LE NYAƑOKA DZI.

Wogblɔna egbe be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le míadometɔ ɖe sia ɖe kplɔm tɔxɛ tɔxɛ, nusi le eteƒe. Ekema nukata mawunyagblɔla le miasi ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe le miakplɔm mahã? Ɖo to ɖokuiwò: anyo nam wu be mawunyagblɔla aɖe nekplɔm eye wòafia num ke menye Mawu ƒe nyagblɔɖila si dzi woɖokpe ya o mahã? Anyo nam wu be eƒe gɔmeɖeɖe kuɖe Nya ŋu nasu asinye wu be masee tẽ tso Mawu Ŋutɔ ƒe Gbe me esime eya ate ŋu aɖe egɔme geɖe alegbegbe wu mahã?

Nyemele agbagba dzem be mabufɔ mawunyagblɔlawo, lo be magblɔ be wonye alakpatɔwo, alo be mele be miaɖo to mawunyagblɔlawo o. Meɖekuku mitsɔe kem ne nyemele egblɔm nyuie o. Ɖeko mele gbɔgblɔm be ɖe womateŋu anye miaƒe tɔɖoƒe, nya mamlea, miaƒe Mɔfiala o. Amewo mate ŋu alɔ̃ ɖe dzi kple wonɔewo gbeɖe o. Ame ɖe sia ɖe ɖo susu vovovo, kpɔkplɔ vovovo. Aleke ema ate ŋu ana Ŋugbetɔ la ade blibo mahã? Ne mieɖo to wokatã, henya be wokatã womateŋu alɔ̃ ɖe dzi be nusi gblɔm yewole nye Mawu ƒe Nya si deblibo o la, aleke ema ya ate ŋu ana Ŋugbetɔ la ade blibo mahã? Aleke ema ate ŋu anye miaƒe Mɔfiala mahã?

Ne ɖeko míaɖe asi le Gbɔgbɔ Kɔkɔe ŋu be wòalé mí ɖe du kple Eƒe Nya la, míanɔ dzi ɖeka, susu ɖeka, tame ɖeka, to Gbɔgbɔ ɖeka dzi; Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, Mawu ƒe Mɔfiala si afia mɔ mí yi ɖe Nyateƒe la katã me. Gake edze be nàdze wò Mɔfiala yome.

Megaʋli wò Mɔfiala ƒe Nya gbeɖe o. Dze Eyome. Ne menye nenem o la, èle búbú ge. Ke, ɖo ŋku edzi be, ne èdzo le Egbɔ la, natsi akogo, eyata míedi be míate ɖe Mɔfiala ŋuti.

Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le míakplɔm be míadze Yeƒe Mɔfiala yome, esi nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si le nuƒom to Eƒe dɔla kple gbedeasitsɔla adrelia dzi. Menye ame ƒe Nya ye o, Enye Mawu ƒe Gbe na Eƒe Ŋugbetɔ la eye Eyae nye NU ƉEKA PƐ SI ATE ŊU NA ŊUGBETƆ LA ADEBLIBO.

Va tu mí Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míadze míaƒe Easter Kɔsiɖa la gɔme le toɖoɖo míaƒe Mɔfiala la me. Ele mɔfiage mí to afisi míede kpɔ gbeɖe tsã o.

62-1014E Mɔfiala

Nɔvi. Joseph Branham

Marko Kɔkɔe 16:15-18
Yohanes Kɔkɔe 1:1/ 16:7-15
Dɔwɔwɔwo 2:38
Efesetɔwo 4:11-13/4:30
Hebritɔwo 4:12
Petro II 1:21
Mose II 13:21