22-0414 Dodo Etɔ̃lia

Gbedasi: 63-0630m Dodo Etɔ̃lia



BranhamTabernacle.org

ŊUGBETƆ WƆƉEKA Lɔlɔ̃a Si Le NYA la Gblɔm,

Nye agbe ƒe ɣeyiɣi gãtɔ kekeake yenye esi xɔ̃nyewo! Míele Nya la kpɔm wòle emevam le míaƒe ŋkuwo me tututu wu gbeɖe tsã. Alegbegbe wònye dzidzɔ be woade dzesi Amesi Wònye, amesi Gbedeasitsɔla si Wòdɔ ɖo ɖa la nye, eye emegbe la be MÍANYA AMESI MÍENYE! Akpe na wò Fofo. Míesusui kpɔ be Nudzɔdzɔ siawo le dzɔdzɔ ge alea o, gake eyae nye esi le dzɔdzɔm le míaƒe ŋkuwo me, alesi tututu Wò nyagblɔɖila gblɔe le nyaƒoka dzi.

Mele mɔkpɔkpɔ gãwo te be makpɔ Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe wòate mí ɖe Eyama ŋu wu gbeɖe tsã le Easter ƒe kɔsiɖa nuwuwu sia me. Medi be makpe mia dometɔ ɖe sia ɖe be miadoka kpli mi le Gbedeasi sia ŋu, kple Eƒe Ŋugbetɔ la le xexea godoo me.

“Ke, ne nu sue aɖe do mo ɖa, nukata nèwɔna nu abe vidzĩ aɖe ene mahã? Edze be nànye ŋutsu. Ƒo nu na dukɔ la,” amen, “emegbe la zɔ yi ŋgɔ gbe!” Amen. Yenye ekem. “Megado ɣli o. Ƒo nu!” Amen. Oo, melɔ̃ ema. “Nukata nèle ɣli dom ɖo ɖe Gbɔnye ɖo? Ƒo nu na dukɔ la ko eye yi ɖe wò taɖodzinu la gbɔ. Nukake wònye, nenye dɔlélé, alo nukake wònye, afɔ kukuwo ɖe tsitre, alo nukake wònye la, ƒo nu! Meɖo kpe edzi. Ƒo nu na dukɔ la.”

Gomekpɔkpɔ kae nye esi su míasi be woaʋuʋu míaƒe xɔse, alebe míawo hã míate ŋu agblɔ NYA la. Miva ƒoƒu kple Ŋugbetɔ la le Easter ƒe kɔsiɖa ƒe nuwuwu me, esime míele dzadzraɖo wɔm na Dodo mamlea la. Edze be míaƒe agbewo nadze na Nyanyuie la, elabena didime sia le fɔbubu te. GAKE AZƆ susu aɖeke meli be Eƒe Ŋugbetɔ la nedo ɣli o, GAKE ƑONU! Yi ɖe wò taɖodzinu la gbɔ tẽ. Woakafu Aƒetɔ la ƒe Ŋkɔ!

Abe alesi míewɔna kokoko na Easter Kɔsiɖa ƒe nuwuwu la, mina míado ʋɔ do míaɖokuiwo ɖa le xexeame gbɔ zi geɖe alesi míate ŋui ko esime míati míaƒe kaƒomɔ̃wo negbe ko míatsɔe aɖe fotowo, ase Gbesiagbebolo, aɖaƒo nyaƒokawo le lifeline mɔ̃ la dzi alo tso fli si dzi wotona xɔa nyaƒokawo ɖe mɔ̃ dzi. Mina míatsɔ kɔsiɖa ƒe nuwuwu kɔkɔe sia na Aƒetɔ la keŋkeŋ, eye mígatsɔ Easter sia wɔ asitsanya le dutoƒo o, bɔŋ ɖokuiŋutikɔkɔ na Nya la, le míaƒe aƒewo me. Mele didim na míakatã be míawɔ ɖeka le kɔsiɖa ƒe nuwuwu sia hena ɖoɖo sia si gbɔna, le Ɣedzeƒe Kekeli ŋu negbe ko nyanyanana bubu va.

YAWOƉAGBE

Yawoɖagbe zã me ye Aƒetɔ Yesu ɖu Fĩeɣi Nuɖuɖu Mamlea kple Eƒe nusrɔ̃lawo le ŋku ɖoɖo ŋutititozã si doŋgɔ na Israelviwo ƒe dodo me dzi. Gomekpɔkpɔ kae nye esi be míadoka kple Aƒetɔ la le míaƒe Aƒewo me, do ŋgɔ na míaƒe kɔsiɖa nuwuwu kɔkɔe la, eye be míabia Eyama be wòayra mí kple míaƒe ƒomeawo, aɖana mí nusiwo katã hĩa mí le míaƒe mɔzɔzɔ la me.

Dziƒo Fofo, míele akpe dem ɖe esia ta, ɣeyiɣi bubu ta be míeƒoƒu ɖe du, le Mavɔmavɔ ƒe akpa sia. Eye ŋdi sia la míele ŋusẽ ƒe yeyewɔwɔ dim be wòatso Gbɔwò, be wòana mí dzideƒo na mɔzɔzɔ si le ŋgɔgbe la. Míeƒoƒu ɖe du abe alesi Hebriviwo wɔe le ŋdi kanyawo ene, be woaxɔ mana si wona wo le zã me la, alebe wòate ŋu ado ŋusẽwo le ŋkeke si gbɔna la me. Míele ƒuƒom hena gbɔgbɔme Mana la, ŋdi sia, alebe wòana mí ŋusẽ hena mɔzɔzɔ la.

Le madidi me la linka aɖe anɔ míasi alebe miaxɔ nyaƒoka kple Kɔmuniɔ̃ takpekpe la siãa, alo, anɔ takpekpe la ƒe ɖoɖo me le Voice Radio, le Lifeline ƒe mɔ̃ la dzi.

FIƉAGBE

Mina míayi ɖe gbedodoɖa me kple míaƒe ƒomeawo le ŋdi ga 9 me, eye emegbe ake le ŋdɔ ga 12 me, esime míakpe Aƒetɔ la be wòanɔ kpli mí kple Eƒe Ŋugbetɔ la le xexea katã me le kɔsiɖa ƒe nuwuwu tɔxɛ ŋutɔ sia me; eye wòayɔ míaƒe aƒewo me fũ kple Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe esime míakɔ míaɖokuiwo ŋuti hena Eyama subɔsubɔ.

Míaƒe susuwo negbugbɔ yi gbemagbe le Kalvaria, le ƒe 2000 woenye esi, eye míakpɔ míaƒe Ɖela si ku ɖe atsitsoga ŋu, eye emegbe la míade míaɖokuiwo nenema ke be míawɔ nusi dzena Fofo la ŋu kokoko.

Azɔ mile ŋku ɖe eŋu. Esi Wòva xexeame, le ɣeyiɣi sime dzimaxɔse sɔgbɔ, le xexeame le ɣemaɣi ɖedzi tsɔwu ɖesiaɖe si nɔ anyi kpɔ hã, ema mewɔe be Wòhe ɖe megbe o. Eyi gbeƒã ɖeɖe dzi nenema ke ko tẽ, eyi dɔyɔyɔ dzi nenema ke. Meɖe fu Nɛ kura o. Nyatsɔɖeameŋulawo li fũ. Wotsɔ nya ɖe ŋutsu ma ŋuti tso keke esime Wònye Vidzĩ vaseɖe esime Wòku ɖe atitsoga ŋu. Ɖe esia na be Wòtɔ tea? Gbeɖee, amegã. Nukae nye Eƒe taɖodzinu? “Yeawɔ ɣesiaɣi nusi Fofo la ŋlɔ̃ daɖi. Yeawɔ ɣesiaɣi nusi adze Eyama ŋu.”

Emegbe la le ŋdɔ ga 12 me la, mina míabu susu vevie kuɖe nyabiabia vevie aɖe ŋutɔ ŋu le míaƒe agbewo me, alebe míaƒoƒu ƒo xlã Eƒe Fiazikpi la be míase Gbedeasi: Ɖee Wòagbe Dze Na Nyanyuie La?63-0630E.

Emegbe la mina míagakpe le gbedodoɖa me le fĩeɣi ga 3 me le ŋkuɖoɖo míaƒe Aƒetɔ kakla le ati ŋuti ŋu.

MEMLEƉAGBE

Mina míagawɔ ɖeka ake le gbedodoɖa me le ŋdi ga 9 me, kple ŋdɔ ga 12 me, eye míadzra míaƒe dziwo ɖo hena nu gã siwo wɔge Wòala na mí le míadome,

“Esime mehe fɔbubu sia vɛ tsitre ɖe nye—xɔ̃nye subɔsubɔhakplɔlawo le egodo le afima la, eye wòle be magblɔ nu sesẽ siawo, gake, Aƒetɔ, mewɔe le Wò gbɔgbɔɖeameme te. Mese le menye be Wòe gblɔe nam be mawɔe. Azɔ ege le abɔtawo nam, Aƒetɔ. Me—dzidzɔm be evɔ. Na be woawɔ nusi wodi be yewoawɔ kpli, Fofo. Melegbedom ɖa woalɔ̃ woaxɔe. Melegbedom ɖa be Nàɖe amesiame, Aƒetɔ. Na ame dzɔdzɔe ƒe nyɔnyɔ̃ aɖe nado, eye Ŋusẽ gã aɖe Hame la dome doŋgɔ na Eƒe dzodzo la teti ko. Me…mesesẽ be woado ema ƒe gbeɖa o, elabena Edo eƒe ŋugbe. Eye míele mɔkpɔm, Aƒetɔ, na hehe ƒe ŋusẽ etɔ̃lia ma si míenya be awɔ nugãwo le míadome.”

Emegbe le ŋdɔ ga 12:30 la, míakatã míava ɖe du ase NYA la: Fɔbubu 63-0707M.
ŊKUƉODZI ŊKEKE kae esia anye na Eƒe Ŋugbetɔ la le xexeame.

Emegbe la mina míagakpe ake le gbedodoɖa me le fĩeɣi ga 3 me le ŋkuɖoɖo míaƒe Aƒetɔ ƒe kakla ɖe ati ŋuti dzi.

KƆSIƉAGBE

Ŋkeke gã kae nye esi be míagado ɣli ake o, gake AƑONU! Tsitretsitsi ŋdi kae nye esi! Mina míatso kaba abe alesi nɔviŋutsu Branham wɔe ene esime eƒe xɔlɔ̃, akɔtadzĩ la, nyo eyama le ŋdi gã 5 me. Mina míade Akpe na Aƒetɔ la be efɔ Yesu ɖe tsitre tso kukuawo Do me:

“Ga atɔ̃ me ŋdi sia la, xɔ̃nye suea kple eƒe akɔta dzĩ la dzo va fesre to henyɔ̃m. Edze ko abe eƒe dzi suea la awo ene, helegbɔgblɔm be, “Efɔ̃ ɖe tsitre he.”

Le ŋdi ga 9 me la, mina míaƒo ƒu ɖe du movevietɔe ake le míaƒe gbedodoɖa ƒe kɔsɔkɔsɔ me, anɔ gbedom ɖa ɖe míanɔewo ta aɖanɔ míaɖokuiwo dzram ɖo be míase Mawu ƒe Gbe.

Le ŋdɔ ga 12:30 me la míele vava ge ɖe du ase míaƒe Easter ƒe Gbedeasi la: Nukata Nèle Ɣli Dom? Ƒonu! 63-0714M.

Le takpekpe sia megbe la, mina míagawɔ ɖeka ake le gbedodoɖa me, le akpedada na Eyama me ɖe KƆSIƉA NUWUWU DZE ANYI SIA SI WÒNA MÍ KPLE EYAMA KPAKPLE EƑE ŊUGBETƆ LA LE XEXEAME ƑO XLÃ.

Na nɔviŋueŋutsuwo kple nɔvinyenyɔnu le ƒugodo la, medi be makpe mí be míawɔ ɖeka kpli mí na nudzɔdzɔ siawo le Jeffersonville ƒe game dzi, na esi kuɖe gbedodoɖa ɣeyiɣiawo le ɖoɖo sia me kple nyaƒoka si ƒo ge wòala le Kɔsiɖagbe ŋdi me la ŋu. Menyae, alekeke hã, be Nyaƒokawo ƒoƒo Yawoɖagbe, Fiɖagbe kple Memleɖagbe fĩeɣi le Jeffersonville ƒe game la asesẽ na miadometɔ geɖewo, eyata meɖekuku mivo fãa be míaƒo Gbedeasi mawo le ŋkeke la ƒe ɣeyiɣi ɖe sia ɖe si adze dzi na mi. Madi, alekeke hã, be míawo katã míaƒo ƒu ɖe du le Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12:30 me, Jeffersonville ƒe game, be míase míaƒe Kɔsiɖagbe Gbedeasi la ɖe du.

Medi hã be makpe mia kple miaviwo be woakpɔ gome le Creations dɔwɔgbalẽwo kple nufiafiawo me, kple YF ƒe biabiawo me, esime míaƒe ƒome la katã ate ŋu asevivi le ɖe du. Míesusui be mialɔ̃wo esime wotu wokatã ɖe NYA si se ge míele le kɔsiɖaa sia ƒe nuwuwu me la dzi.

Hena kɔsiɖa ƒe nuwuwu ɖoɖo, nyanyanana hena Kɔmuniɔ̃ ƒe takpekpe la, dɔwɔnu siwo ahĩa na Creations ƒe dɔwɔɖoɖoawo, Easter ƒe Nyabiabiawo, kpakple nyanyanana bubuwo la, mikpɔ link siwo le gɔme la.

Enye bubu aɖe nam gbegbe be makpe wò kple wò ƒomea be miava ɖe du kple Ŋugbetɔ le xexea katã me hena kɔsiɖa nuwuwu si yɔ fũ kple SUBƆSUBƆ, KAFUKAFU KPLE DƆYƆYƆ. Mexɔe se le nyateƒe me be enye kɔsiɖa nuwuwu aɖe si atrɔ wò agbe ɖaa.

Nɔvi Joseph Branham