All posts by admin5

26-1011 Ame Deblibo La Ƒe Nɔnɔme

Gbeƒãɖeɖe: 62-1014M Ame Deblibo La Ƒe Nɔnɔme

PDF


BranhamTabernacle.org

Ame Deblibo Ƒe Nɔnɔme Lɔlɔ̃tɔ,

Tutuɖo kae nye esi xɔm miele. Mawu ƒe Gbe le nuƒom na mí hele nufiame nam mí, Nya ɖe Nya dzi ɖe Nya dzi, alesi míaɖu futɔ ɖe sia ɖe dzi tututu. Eɖe fia be MÍENYE NYA LA, hekui seke ɖe míaƒe dzi me. Alea la, womate ŋu ɖu mía dzi o.

Ne futɔ la kplɔ míaɖo la, ɖeko míexlãna nu nɛ hexlãna nu nɛ gaxlãna nu nɛ kple míaƒe tuwówó, Mawu ƒe Nya si woɖe gblɔ, si le agbe hele anyi le míame.

Nyateƒee, aʋa la le ɖoɖo nu, gake fifia míegale vɔvɔ̃m o; dzimaɖitsitsi aɖeke megale o. Míele to ɖom míaƒe dzitsinya o. Míele to ɖom míaƒe ŋkuɖoɖonu o. Míele to ɖom míaƒe amelɔlɔ̃wo o. Míetu míaƒe susu ɖe nusiawo ŋu eye míetsɔ Eƒe Nya ƒe Gbɔgbɔ de míaƒe dzi kple luʋɔ me. Míekaka nusianu si tsi tre ɖe Eƒe Nya ŋu.

Ðikeke ɖesiaɖe bu. Vɔvɔ̃ ɖesiaɖe bu. Ðikeke ƒe seselelãme ɖesiaɖe bu. Seselelãme ɖesiaɖe bu. Naneke mele tsitre ɖe afima o negbe Mawu ƒe Nya si le agbe hele MÍA ME, eye Satana mateŋu awɔ aʋa kple Ema o.

Míele Mawu gbagbe la ƒe Agbadɔ gbagbe la zum. Enye Mawu si le mía me, si na míele abe Eŋutɔ ene, le Eƒe Amenyenye ɖem fia le mía me.

Míele Kristo teƒe xɔm, hele Eƒe subɔsubɔdɔa dzi yim. Ele ame ƒe nɔnɔme me esime Wòle Eɖokui ɖem fia le mía me. Azɔ míele subɔsubɔ deblibo wɔm kple Eyama! Mawu wònye le Eɖokui ɖem fia le mía me, esi wònye Eƒe Agbadɔ.

Nukae nye míaƒe gɔmeɖoɖo maʋãmaʋã be míaxɔ nusiawo dzi ase? XƆSE. Eye míaƒe xɔse mehiã naneke o; elabena míaƒe xɔse xɔ Mawu ƒe Nya la dzi se. Elabena xɔse tsoa nyasese me, tso Mawu ƒe nyasese me, hafi Mawu ƒe Nya la vana nyagblɔɖila la ɖeɖe ko, eye ɖeko wòate ŋu SE nyagblɔɖila la to Play Zizi dzi…XLÃ NU NƐ!!

To toɖoɖo Eƒe Gbe me la, Eƒe Ŋusẽ le ʋu dom na mí eye míeku na mía ŋutɔwo ƒe susububu. Míaƒe xɔse zu xɔse vavã, eye wodo Eƒe Agbe ɖe mía me. Míezu Mawu ƒe nuwɔwɔ gbagbewo, nɔƒe si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ate ŋu aɖo Eƒe yayra siwo klẽna ɖe anyigba katã dzi le.

Nukae wɔm Gbe ma si le nyaƒokawo dzi la le?

Kristo dɔm be matu ame ɖeka ɖesiaɖe ɖe Yesu Kristo ƒe nɔnɔme nu, bene wòanye ŋusẽ ƒe aƒe kple Gbɔgbɔ ƒe nɔƒe ma, to Eƒe Nya me. To Eƒe Nya me, mikpɔea, be matu ame ɖeka ɖesiaɖe be wòaɖo nɔƒe ma.

To Eƒe Gbe sese, kple Eƒe Nya dzixɔxɔse kple edziwɔwɔ me la, etu mí be míazu Yesu Kristo ƒe nɔnɔmewo; nɔƒe na Eƒe Gbɔgbɔ. Míenye amewɔwɔ gbagbe, sidzedze gbagbe, dzidodo gbagbe, mawusosroɖa gbagbe, Ŋusẽ gbagbe, tso Mawu gbagbe aɖe gbɔ, si wɔ mí ame gbagbe, legba gbagbe, le Mawu ƒe nɔnɔme me.

“Gake Ŋutilã Nèdzra ɖo ɖi Nam,” Ŋutilã si me Mawu ate ŋu anɔ, esi me Mawu ate ŋu azɔ le, esi me Mawu akpɔ nu le, esi me Mawu ate ŋu aƒo nu le, esi me Mawu ate ŋu awɔ dɔ le. Amen! Mawu ƒe dɔwɔnu gbagbe, Mawu si le zɔzɔm le afɔ eve dzi, le mewò. Ŋutikɔkɔe! “Mawu dzɔa ame dzɔdzɔewo ƒe afɔtoƒewo ŋu,” Mawu si le zɔzɔm le mewò. “Elabena miawoe nye agbalẽ si woŋlɔ̃, esi amesiame xlẽna.”

Ŋutikɔkɔe…!!! Eyata míetsɔ ɖeke le me ne míele agbadɔ aɖe alo agblexɔe sue aɖe me o, míele agbe o míeku o, tsi lé mí o míenyrɔ̃ o. Esia koe nye nusi me míetsɔ ɖe le, GBEDEASI SIA, GBE SIA, MAWU ƑE NYA. Enye Mawu ƒe Fiaɖuƒe la. Enye mɔ si Mawu ta na egbea. Ele Ame Deblibo La ƒe Nɔnɔme La Tum, amesi MÍENYE!

Mina míaƒo ƒu eye míadzro míaƒe agbewo me esi míase míaƒe Nufiala wòafianu mí le nusi wòle be míawɔ, kple alesi wòle be míanɔ agbe, be míazu Mawu ƒe viŋutsu kple vinyɔnu D-E-B-L-I-B-O-W-O ŋu.

Míado ŋugbe na Aƒetɔ la be to Eƒe kpekpeɖeŋu kple Eƒe amenuveve me la, míado gbe ɖa ahadi Eyama gbesiagbe madzudzɔmadzudzɔe, vaseɖe esime míase le mía ɖokui me be Eƒe dzedze ɖesiaɖe le sisim le míaƒe nɔnɔme me. Míanɔ afima vaseɖe esime míate ŋu anye Kristo gbagbe la ƒe ɖeɖeɖego.

Kwasiɖa sia kwasiɖa la, dzidzɔ kple mɔkpɔkpɔ kuɖe nusi Aƒetɔ la le wɔwɔ ge eye wòaɖe afia mí ŋu la gbɔ nyagbɔgblɔ ŋu. Ale gbegbe medi be xexeame nawɔ ɖeka kpli mí le esime naneke meli si lolo wu, alo si de blibo wu be míanɔ anyi ɖe Mawu ƒe Gbe ŋkume eye míazu Eƒe Nya Ŋugbetɔ ƒe Nɔnɔme Deblibo o.

Nɔvi. Joseph Branham

Gbedeasi: Ame Deblibo La Ƒe Nɔnɔme 62-1014M
Game: 12:00 P.M. Jeffersonville, IN.

Ŋɔŋlɔawo: Mateo Kɔkɔe 5:48 Luka Kɔkɔe 6:19
Yohanes Kɔkɔe 1:1 / 3:3 / 3:16 / 5:14 / 14:12
Dɔwɔwɔwo 2:38 / 7:44–49 / Ta 10 lia / 19:11 / 28:19
Efesotɔwo 4:11-13
Kolosetɔwo Ta 3 lia
Hebritɔwo 10:5 / 11:1 / 11:32-40
Yakobo 5:14
II Petro Kɔkɔe 1:1-7
Yesaya 28:19

26-1004 Aʋa Gã Kekeake Si Womewɔ Kpɔ O La

Gbeƒãɖeɖe: 62-0311 Aʋa Gã Kekeake Si Womewɔ Kpɔ O La

PDF


BranhamTabernacle.org

Mixa lɔlɔ̃tɔwo,

Aʋa gãtɔ kekeake si womewɔ kpɔ o la le klalo fifia be yeadze dɔwɔwɔ gɔme. Mawu le Eƒe asrafo nyuietɔwo kekeake tiam ƒe akpe ade kple edzivɔe nye si, eye woɖo mi ɖi do ŋgɔ hetia mi be mianɔ Eƒe Aʋakɔ Gã la me.

Enɔ awu dom na mi, eye wònɔ hehe nam mi, ke aʋa la ɖo azɔ, hele gbesɔsɔ be yeadze egɔme. Menye ɖeko wòtia mi be mianɔ Eƒe Aʋakɔ Gã la me ko o, ke boŋ etia mi be mianye Mixa nyagblɔɖila le Eƒe aʋakɔ la me.

Ɣeyiɣia de, ŋkekea de; miele hehe xɔ ge tso Dzosɔti la Ŋutɔ gbɔ tẽ be miaɖu futɔ ɖesiaɖe dzi. Miele mɔfiame tɔxɛwo xɔ ge, Nya ɖe Nya ɖe dzi, le nusi miawɔ atsɔ atsrɔ̃ gbɔgbɔ vɔ̃ ɖesiaɖe ɖa ŋu. Aƒo ya dɔléle ɖe sia ɖe kple abosam ɖe sia ɖe si ava ŋgɔ na mi la ɖa. Naneke mate ŋu atɔ ɖe mɔ dzi na mi o.

Le hehe tɔxɛ sia megbe la, woatsɔ Eƒe Nya la atɔ kpɔ ƒo xlã mi ale gbegbe be mianya vɔ̃wo katã ɖa. Mianya nyaŋububu ɖa. Mianya aʋatsodzixɔsewo ɖa. Mianya dzimaɖitsitsi ɖa. Mianya dɔlélewo ɖa. Mianya nuvɔ̃ ɖa. Miase egɔme be miele wo tame, wofɔ mi ɖe tsitre le Kristo Yesu me, miebɔbɔ nɔ anyi ɖe Dziƒo nutowo me, kple abosam ɖesiaɖe le miaƒe afɔ te. Miase egɔme bliboe eye MIAXƆE ASE be mienye Nya la.

Anɔ hehe nam mi le nusiwo ŋu mianɔ ŋudzɔ ɖo. Afia mɔ mi be ne miaƒe futɔ ate ŋu ana miaxɔe ase be miaƒe Aʋawɔnua ŋu mesẽ kakaka o la, age aʋawɔnua le asiwò.

Gake míaɖo ŋku míaƒe hehexɔxɔ dzi, asrafowo, eye míagblɔ na abosam ma be: Menye míawoe o, míenye naneke o. Míaƒe aʋawɔnu nye Mawu ƒe Nya eye Aɖu Abosam ÐESIAÐE dzi, ɣeyiɣi ɖesiaɖe, teƒe ɖesiaɖe, elabena EƑE NYA ye, EYE ENA HEHE MÍ HEÐE FIA MÍ BE MÍENYE EƑE NYA SI WOWƆ WÒZU ŊŨTILÃ. ALEA, woate ŋu aɖu mía dzi o, míenye MAWU ƒe aʋakɔ si dzi womate ŋu aɖu o.

Ŋkeke gãtɔwo dometɔ ɖeka le xexeame ƒe ŋutinya me le eme va ge le Kwasiɖagbe sia. Eƒe Mixawo awɔ ɖeka tso xexeame ƒe akpa vovovowo le woƒe Aʋafia gã la ƒe Gbe te, afisi míabla ɖe du ale gbegbe le ɖekawɔwɔ me, ɖikeke ƒe vɔvɔli ɖeke manɔ afi aɖeke o me.

Ekema, ne míaxɔe se ko, EYE MÍEXƆE SE HÃ, ame gbɔdzɔ aɖeke manɔ xexeame godoo o. Ne míate ŋu aɖɔ nu ma koŋ ɖo la, anye ne ame aɖeke manɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dim eye Maxɔe o, eye luʋɔ kple ŋutilã siaa ƒe dɔyɔyɔ kpata anɔ anyi, ne ɖeko míalé míaƒe tsitrenɔƒewo me ɖe asi. Fifia yenye ɣeyiɣi la. Míawoe nye ameawo. Mawu ƒe Gbɔgbɔ do aflaga dzi ɖe abosam ɖe sia ɖe ŋu; míenye WO DOMETƆ ÐEKA eye naneke meli si atɔ mí te o!!

Míeku na míaƒe nyanyananuwo, míeku na míaƒe nyaŋububu, míeku na nu mawo katã. Míaƒe agbe ɣla eye woɖi mí ɖe Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me, eye wofɔ mí ɖe tsitre Kplii. Eye afisiafi si Wòle la, afimae míawo hã míele.

Míetsɔ adɔ̃ ɖe míaƒe mɔ do goe, abosam, to wò ƒoƒo me kple, “ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI. ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI. ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI.” Míele ya fafɛɛ aɖe ƒe ʋeʋẽ sem mlɔeba. “Ale AƑETƆ LA GBLƆ ESI.” Míawoe nye esi va abosam, míedo míaƒe ta ɖe xexe. “Ale AƑETƆ LA GBLƆ ESI, WOƉU DZI WÒ.”

Nukae míetsɔ ɖua abosam dzi?

Nya la!
Mina míagblɔe be; Nya! Nya! NYA!!

HEHENANA ƑE MƆFIAME BUBUWO

Fifia ne futɔ la ƒo ɖe dzi wò eye wòle agbagba dzem be yeagblɔ be ele be nàwɔ esia, ele be nàwɔ ema, mènyo o, mèdze o, mèkpɔ dɔyɔyɔ o, wò kuxi mawo ke kpɔtɔ le ŋuwò. Nukae wɔ ge nàla?

“Te ɖa le gbɔnye.” Kpam! Èlãe ɖa kple Nya la. Eɖanye gbɔgbɔvɔ̃ o, eɖanye futɔ o, eɖanye dɔlélé o, eɖanye lãmegbegblẽ o, ɖesiaɖe si wònye la, tsɔ Nya ma eye nàhe Esia vɛ kple Yi la. Eye ne exlã nu nɛ zi gbãtɔ, eye mewɔ sigbe yeaʋã o la, xlã nu nɛ ake, eye gaxlã nu nɛ ake, eye nagaxlãe nɛ.

Ðeko míelɔ̃na ɖe Nya la dzi le gɔmeɖoɖo sia nu be, “Mawu gblɔe nenema,” eye wòana tɔsisi aɖe anɔ mía Kple Eyama dome. To ɖesiaɖe ʋu le mía dome. Míegblɔna be, “Nyemenya ɣekaɣie wòasu asinye o, gake asu asinye. MAWU GBLƆE NENEMA. Ðikeke ɖesiaɖe BU…míele ɖi kem le míaƒe ɖikekewo gɔ̃ hã ŋu.”

Míetsia tre ɖe abosam ŋu eye míelɔ̃na ɖe Mawu ƒe Nya la dzi. Ne mese seselelãme aɖe, alo seselelãme aɖeke mele ŋunye o, nuka kee ɖadzɔ o, Mawu gblɔe nenema. Emae ɖɔnɛ ɖo.

Miwɔ ɖe gbeɖeɖe siawo dzi, asrafowo, vaseɖe ŋɔŋlɔdzesi la dzi. Migbugbɔ gblɔ Nya siawo ne futɔ la ƒo ɖe mia dzi. Menye miaƒe Nyawoe wonye o, wonye EƑE NYAWO, EYE EƑE NYAWO MATEŊU ADA ƑU O. Ena ŋusẽ mí be míazã Eƒe Nya la to mí wɔwɔ Eƒe Nya me. Ne Satana ƒo ɖe mia dzi la, mixlẽ miaƒe gbeɖeɖeawo nɛ.

MÍAƑE AƲAFIA ƑE MƆFIAMEWO

Nusi tututu medi be miawɔe nye esi.

Mibugbɔ gblɔ adzɔgbeɖeɖe sia eye miaxɔ Nya ɖesiaɖe dzi ase hena gaɖeɖe blibo.

“Satana, te yi ɖa! Mele dodo ge le afisia.” Nenemae. “Nyemagamlɔ anyi ɖe afisia, ake o. Nyemaganɔ afisia, azɔ o. Nyemegale abosam xoxoe sia ƒe anyigba dzi nɔ ge azɔ o. Mele adɔ̃ tɔmi be mado go, ŋdi sia. Amen. Hɔ̃e menye.” Amen! Aleluya!

Emegbe la medi be miawɔ esia:

Nɔ eƒom kple, “ALE AƑETƆ GBLƆ ESI. ALE AƑETƆ GBLƆ ESI. ALE AƑETƆ GBLƆ ESI.”

Ʋu agbo ɖe wò susu me, gblɔ be, “Wò Nya la nye nyateƒe.”

“Aƒetɔ, nyemele alesi mele sesem le lãme la gbɔ kpɔ ge o, nusi amea ɖe ŋutɔ agblɔ la o. Metɔ te wo, megbã nye toawo katã, dziɖeleameƒowo katã, ɖikekewo, kple dzimaxɔsewo si le menye. Seselelãme ɖesiaɖe si nɔ menye kpɔ, dɔlélé ɖesiaɖe si melé kpɔ, kple nu bubu ɖesiaɖe si va dzinye kpɔ la, megblẽ wo katã dome. Mezɔ to numawo katã ŋuti. Mezɔ va nye gbɔgbɔ la gbɔ tẽ.

Wò XƆSE adze egɔme anɔ dzi yim ɖe dzi wu. Ekema gblɔ Nɛ bena: Oo Aƒetɔ, ɖi va. Ègblɔ be Yewɔm amesi nu lɔlɔ̃nu faa le.”

“Eyae nènye, Vinye.”

Esɔ gbe, meʋu nye dzi kple nye susu hã.

“Ge ɖe eme, Aƒetɔ Yesu.”

Ke lé Xɔse, si nye Gbɔgbɔa ƒe Yi ma, ALE AƑETƆ GBLƆ ESI.

Do ɣli be, “Aleluya!” Amen.

Eye nàlã futɔ ɖesiaɖe si le ŋgɔwò. Amen. Afima nua le. Lã futɔ ɖesiaɖe. Ne—ne gbɔgbɔ dziŋɔ̃ xoxoe ma na be èse nuwo keŋ le ɖokuiwò me la…Lã numa ɖa, kple Aƒetɔ ƒe Nya.

WÒ MƆFIAME MAMLEAWO ASRAFO.
GBLƆ NA FUTƆ LA be:

“Te ɖa le gbɔnye.” Kpam!

Èlãe ɖa kple Nya la. Eɖanye gbɔgbɔvɔ̃ o, eɖanye futɔ o, eɖanye dɔlélé o, eɖanye lãmegbegblẽ o, ɖesiaɖe si wònye la, tsɔ Nya ma eye nàhe Esia vɛ kple Yi la. Eye ne exlã nu nɛ zi gbãtɔ, eye mewɔ sigbe yeaʋã o la, xlã nu nɛ ake, eye gaxlã nu nɛ ake, eye nagaxlãe nɛ. Ke nɔ exlãm nɛ vaseɖe esi nàŋɔ̃ do ɖe eme, abe koklovi si le mɔ dim na eɖokui be yeado go ene; alo hɔ̃ aɖe ene, eyae nènye. Wò ŋutɔ ŋɔ do nàdi mɔ ado le dɔlélé ƒe tsro xoxoe ma me. Ŋɔ mɔ na ɖokuiwò, eye nàgblɔ be, “Aleluya!
Ekae kplɔe ɖo?” Amen. Aʋa lae nye ma. Emae nye asrafo. Emae nye atitsoga srafo la. Ɛ̃, amegã. Ƒo futɔ ɖesiaɖe ƒu anyi. Nukaŋutie? Nukaŋutie?

Mí, amesiwo woɖo ɖi, Abraham ƒe fia ƒome Nukua.

Ŋutikɔkɔe, woɖu futɔ ɖesiaɖe dzi. NANEKE meli si ate ŋu anɔ te ɖe Mawu ƒe Nya la ŋgɔ o, eye míenye Mawu ƒe Nya. Míenye Eƒe Fiaƒome Nuku eye ŋugbedodo ɖesiaɖe nye MÍATƆ.
Ŋkekea ɖo, Ŋugbetɔ la xɔ Nya ɖesiaɖe dzi se eye wòle zɔ ɖem ɖe Edzi. Míedzra Mía Ɖokuiwo ɖo to Eƒe Nya sese kple edzixɔxɔse me.
Ne nane hiã wò, ne èdi be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nayɔ ye fũ, ne èdi be woayɔ dɔ ye, ne èdi be woanya abosam ɖesiaɖe do goe, ne èdi be yeanye Kristo ƒe Ŋugbetɔ la, fifiae nye ɣeyiɣia, Eƒe Gbe sese kple edzixɔxɔse yenye teƒea.

Ne èle nusiawo dim eye nèdi be yeanɔ Aƒetɔ la ŋkume, ate ɖe eŋu wu alesi nèle la, va wɔ ɖeka kpli mí Kwasiɖagbe le ŊDƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míaƒe Aʋafiagã si xɔ ka ɣletivi ene le mɔfiame na ge Eƒe Ŋugbetɔ Mixa sesẽ la alesi wòaɖu abosam ɖesiaɖe, futɔ ɖesiaɖe dzi, be wòavo, eye nàyɔ fũ kple Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe, eye nànɔ klalo na Eƒe Vava kpuie.

Nɔvi. Joseph Branham

Gbedeasi: Aʋa Gãtɔ Kekeake Si Womewɔ Kpɔ O La. 62-0311

Ŋɔŋlɔawo:
Petro I, 5: 8-10
Efesotɔwo 6:10-17
Daniel 12: 1-7

26-0927 Mawu Amesi Nye Kesinɔtɔ Le Nublanuikpɔkpɔ Me

Gbeƒãɖeɖe: 65-0119 Mawu Amesi Nye Kesinɔtɔ Le Nublanuikpɔkpɔ Me

PDF


BranhamTabernacle.org

Mawu ƒe Nyenye Lɔlɔ̃tɔwo,

Miawoe nye Mawu ƒe Nya si woɖe ɖe go si ƒe ŋugbe wodo na ŋkeke sia.

Mienɔ nenema ɣesiaɣi. Menye ɖe miatrɔ zui o, gake fifia mienye Mawu ƒe viŋutsuwo kple vinyɔnuwo; elabena Mawu, si nye kesinɔtɔ le nublanuikpɔkpɔ la, lé mi ɖe Eƒe tamesusu me le gɔmedzedzea me ke.

Hafi Wòva zu nulékpɔ le anyigba dzi afisia gɔ̃ hã; hafi nane nanɔ anyi la, mienye Eƒe Nyenyewo dometɔ ɖeka. Enya nusi wò ŋkɔ anye. Enya ɖa ƒe amadede si anɔ asiwò. Enya nusianu tso ŋuwò.

Emegbe esi miese Eƒe Gbe klẽ le miaƒe ŋkume la, nane nɔ miame si do ɣli sesĩe; mienya afi si mietso eye mieva Egbɔ. Mienya be Nyateƒe lae nye ema. Mienya be emae nye mɔ si Mawu na egbea elabena Nuku ma nɔ miame kokoko.

Fifia ele mía kɔm dzoe le hɔ̃wo ƒe aʋalawo dzi. Nya la gblɔ na mí be Etsɔa Yeƒe nyagblɔɖilawo sɔa kple hɔ̃wo ɣesiaɣi. William Marrion Branham nye Mawu ƒe hɔ̃ gbedeasitsɔla si dzi woɖo kpe na ŋkeke sia. Emae nye hɔ̃wo ƒe aʋala siwo dzi wòle be woakɔ mí ɖo ayi ɖe ŋugbedodonyigba la dzi, elabena eya, Mawu ƒe hɔ̃ nyagblɔɖila la, le Mawu ƒe gbedeasi la drom, le yɔyɔm hele Eƒe Nya la gblɔm, le Eƒe Ŋugbetɔ la wɔm bliboe.

Míekplɔ Mawu ɖo esi míekplɔ William Marrion Branham kple Eƒe gaɖeɖe gbedeasi la ɖo. Eye Biblia gblɔ be, “…wometsrɔ̃ kple amesiwo mexɔe se o.” Elabena Mawu nye kesinɔtɔ le nublanuikpɔkpɔ me na wo; elabena wokplɔ Eƒe sededewo la ɖo.

Mawu di be míawɔ ɖe Yeƒe sededewo dzi, ke Eƒe sededewo gblɔ be: Nyee nye Mawu ƒe Gbe na mi. Migblɔ nusi le Nyaƒokamawo dzi KO. Nye Gbe koe nye Gbe si gblɔa Nya siwo medana o. Wogblɔe bliboe eye miexɔ wo bliboe tso Nye Gbe gbɔ. Ale, Mawu ƒe Gbe le nyaƒokawo dzi koe miehiã, elabena Nye, Mawu si nye kesinɔtɔ le Nye nublanuikpɔkpɔ me la, Tsɔe na mi. Enye Nye Mɔ si mena na ŋkeke sia.

Mawu si nye kesinɔtɔ le nublanuikpɔkpɔ me la tia mi eye wòɖo mi ɖi do ŋgɔ be Ɖeɖefia ma nasu miasi be miase Gbe ma. Mawu si nye kesinɔtɔ le nublanuikpɔkpɔ me la nya be le nuwuɣi sia me, esime nukpɔsusu trogbo geɖe anɔ anyi ale gbegbe, gbe vovovowo kple gɔmeɖeɖe geɖewo ale gbegbe anɔ Gbedeasi la ŋu, be míehiã Gbe Deblibo, kple Mɔ Deblibo si gbɔ míate ŋu ayi ale be míate ŋu ase na míaɖokuiwo, Nya ɖe Nya dzi ɖe Nya dzi, nusi tututu Wòdi be yeagblɔ na Eƒe Ŋugbetɔ.

Ɖeko màte ŋu atsɔ nusi ame bubu gblɔ o. Ele be nàtsɔ nusi Mawu gblɔ la. Egblɔ be, “Amesiame ƒe nya nanye alakpa, eye Tɔnye nanye nyateƒe.”

Eyata, Mawu, si nye kesinɔtɔ le Eƒe nublanuikpɔkpɔ me la, na mɔnu aɖe si dzi Eƒe Ŋugbetɔ ate ŋu ato ase Eƒe Gbe 24/7, ŋkeke 365 le ƒea me, to Play Zizi me, be woagbɔ agbewo to Mawu ƒe Gbe sese me esime wòaƒo nu ɖe tome na woƒe dziwo. Míenye Eƒe Nya si wowɔ ŋutilãe. Ŋusẽ aɖeke mele mía si o, gake Etsɔ Eƒe tɔtete na mí. Ele mía dometɔ ɖesiaɖe si. Ne ègbe Eyama la, ànɔ afisi nèle. Gake ne Míalɔ̃ axɔe la, Awɔ nusi gbɔ eme la fũ, elabena Mawu nye kesinɔtɔ le Eƒe nublanuikpɔkpɔ me.

Eye ne ŋutsua ɖe alo nyɔnua ɖe, nyemetsɔ le eme na nɔnɔme si me èle o, Mawu ƒe tɔtete le asiwò, to ŋugbedodo la me, elabena Enye kesinɔtɔ eye wòdo ŋugbe be yeawɔe le agbɔsɔsɔme wu sãsãsã. “Ne miegblɔ na to sia be, ‘ho ɖa,’ eye mieke ɖi le miaƒe dzi me o la, ke boŋ miexɔe se be nusi miegblɔ la ava me la, miaxɔ nusi miegblɔ.” Ŋusẽa ɖeke mele asiwò o, gake tɔtete le asiwò.

Ðeko Ŋugbetɔ la ate ŋu ade blibo ahawɔ ɖeka to Eƒe Nya deblibo si woɖo ɖi egbea sese me: Eƒe Gbe ye. Eya koe nye Gbe si ate ŋu awɔ Ŋugbetɔ la ɖekae ahade blibo. Enye Gbe ɖeka kolia si Mawu gblɔ na mí be ele be míase eye MÍAKPLƆE ƉO. Abe Mose ene la, Nɔviŋutsu Branham nya be yee wotia be yeakɔ mí ɖeviwo ayi Ŋugbedodonyigba la dzi elabena wodo ŋugbe nɛ. Eye ele be wòakɔ mí ayi Ŋugbedodonyigba la dzi.

Míaƒe nyagblɔɖila hɔ̃ fia nu mí le kpɔɖeŋuwo me. Nubabla Xoxoa nye Nubabla Yeyea ƒe vɔvɔli. Egblɔ alesi wòle be míaɖɔ ŋu ɖo kple nusiwo dzi wòle be míakpɔ le nuwuɣi sia me na mí. Exlɔ̃ nu mí tso Kora ƒe gbɔgbɔ ŋu, kple Datan ŋu, kple woƒe dzimaxɔsetɔwo ƒe ha la ŋu, esime wonɔ agbagba dzem be yewoasrɔ̃e awɔ. Wodze agbagba tsɔ nane de Mawu ƒe ɖoɖoa me.

Womedi ame-ɖeka ƒe ɖoɖo o. Ema medze wo ŋu o. Ele be nane nanɔ wo si woawɔ. Kora gblɔ be, “Tsyo, ame kɔkɔewo li sɔgbɔ wu wò, Mose. Èle nu wɔm sigbe wò ɖeka koe le ƒuata le…alo kpe zɔzrɔe ɖeka si le ƒuata ene, boŋ.” Eye wògblɔ be, “Me—me…medze be nàwɔ nenema o. Eye ame geɖewo le afisia.”

Nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, nyemele agbagba dzem be mamã hameawo to nya siawo gbɔgblɔ kple wo xexlẽ me o, Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae le mama wɔm. Mise Gbedeasi sia si míele sese ge. Nyagblɔɖila lae le nu xlɔ̃m Ŋugbetɔ la le nusi dzi wòle be míakpɔ ŋu. Ele nusi gbɔgbɔ ma wɔ ɣemaɣi, kple esi wòagawɔ ake le míaƒe ŋkekea me la gblɔm na mí.

Nyateƒee, nyemele agbagba dzem be maƒo amewo nu ƒu ɖe subɔsubɔdɔ atɔ̃awo ŋu o, ɖeko womate ŋu awɔ Ŋugbetɔ la ɖekae o. Mele agbagba dzem be mawɔwo ɖekae ɖe Mawu ƒe Nya dzadzɛ, tsimatɔe, Gbe ɖeka kolia si ate ŋu awɔ Ŋugbetɔ la ɖekae la ŋu.

Míesea numawo ke egbea, menye Nɔviŋutsu Branham ɖeka koe ate ŋu aɖe gbeƒã Gbedeasia o, woyɔ mí be míaɖe gbeƒã Gbedeasia. Nyateƒee woyɔwo, gake emegbe la, woda dzesidede vevienyenye si le Gbe ma sese kple Exɔxɔse be Enye ame ɖeka ƒe Gbedeasi ƒu, to taflatsewo dodo me be MELE be woaƒo Mawu ƒe Gbe le woƒe hamewo me o, eye wotsɔ woƒe subɔsubɔdɔa wɔ nu vevie wu.

Eye Biblia gblɔ be, “Eye wohe wo ɖokui ɖe Bileam ƒe mɔ dzi, eye wotsrɔ̃ le Kora ƒe aglãdzedze me.” Wotsrɔ̃ le aglãdzedze me! Nukae nye Kora ƒe aglãdzedze? “Tsyo, èsusu be ye ɖeka koe nye amekɔkɔea? Tsyo, Mawu ƒe…Mí katã míele kɔkɔe. Hame la katã sɔ gbe. Mía dome amesiame…Mí katã míaƒo ƒu, eyae dze be míawɔ.” Afimae wotsrɔ̃ le, ema mee. Ke edze na mí vavã. Edze be míanɔ nenema.

Gbedeasi sia, Eƒe Gbe, koe nye Gbe si wogblɔ eme kɔ kɔte eye eyae Ŋugbetɔ la le xɔxɔm eme kɔ kɔte. Ele na subɔsubɔdɔ wɔnuteƒe la be wòade dzi ƒo na amewo be woanɔ Gbe ma gbɔ to gbeƒãɖeɖe Gbedeasia kple exlexlẽ me. Gake menye Eƒe gbeƒãɖeɖe ko me o, gake ELE BE woaƒo Esia le woƒe hamewo me, eye woagblɔ na wotɔwo be Enye GBE VEVIETƆ KEKEAKE, ale be Ŋugbetɔ la nate ŋu ase Mawu ƒe Gbe, tso Mawu Ŋutɔ gbɔ.

Naneke meli si lolo wu Mawu ƒe Gbe sese o. Amisisi aɖeke meli si lolo wu amisisi si le nyaƒokawo dzi o. Mɔ bubu aɖeke meli si dzi woato awɔ Ŋugbetɔ la ɖekae o negbe to Mawu ƒe Gbe si le nyaƒokawo dzi ko. MƆ DEBLIBO bubu aɖeke meli o negbe PLAY ZIZI KPLE NYA ÐE SIA ƉE SI SEM MÍELE DZI XƆXƆ SE. Mawu Wònye vavã, si nye kesinɔtɔ le Eƒe nublanuikpɔkpɔ me na Eƒe Ŋugbetɔ la. Enye Mɔ DEBLIBO si wòna na egbea.

Mekpe mi be miava wɔ ɖeka le míaƒe ŋkekea ƒe amisisi gãtɔ kekeake te le Kwasiɖagbe sia le ŊDƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, esi míase Mawu wòaƒo nu afia Nya deblibo la Eviawo to Gbedeasi la tsɔtsɔ vɛ me: Mawu Amesi Nye Kesinɔtɔ Le Nublanuikpɔkpɔ Me 65-0119

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ si woxlẽ: Efesotɔwo 2:1-5

26-0920 Nuku Si To Vo La

Gbeƒãɖeɖe: 65-0118 Nuku Si To Vo La

PDF

BranhamTabernacle.org

WMT 1 Lɔlɔ̃tɔ,

Ne amewo bia mí be:

B: Ðe nènye wo dometɔ ɖeka “Play Zitɔ” nyaƒokatɔ si xɔe se be Mawu dɔ William Marrion Branham be wòayɔ Mawu ƒe Ŋugbetɔ do goa?

Ŋ: Ẽ, menye Wo Dometɔ Ðeka.

B: Èxɔ Nya ɖesiaɖe si wogblɔ le Nyaƒokamawo dzia?

Ŋ: Woakafu Aƒetɔ la, Menye Wo Dometɔ Ðeka.

B: Ekema ele be nàxɔe ase hã be ele be yeazi Play dzi eye yease Eƒe Gbe be yeanye Kristo ƒe Ŋugbetɔ mahã?

Ŋ: Ŋutikɔkɔe, amesi tututu menye yema, nyee nye ema kaka yiɖe eme ke…Menye Wodometɔ Ɖeka.

B: Èle egblɔm nam be, èxɔe edzi se ŋutɔŋutɔ be yenye Eƒe Fiaƒome Nuku si wotɔ asi, hetia, si woɖo ɖi do ŋgɔ tso xexeame ƒe gɔmeɖoanyi ke be nàxɔ Eƒe Nya dzi ase, be nànye Eƒe Ŋugbetɔ, eye yeade blibo le Eƒe ŋkume, nuvɔ̃ aɖeke manɔmee, eye ɖeko womate ŋu aflu wò oa?

Ŋ: Aleluya, èse me, nyee nye ema 110%, MENYE WO DOMETƆ ÐEKA.

Le Yesu Ŋutɔ ƒe nya nu la, míenye Eƒe Nya la gɔmeɖeɖe. Fiaɖuƒea me ƒe viwo. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ɖeɖefia. Ɣeyiɣi sia me Fiaɖuƒe la me ƒe Nuku.

Ènya nusia? Ɣeyiɣia de be amesiame nanya amesiwo tututu míenye ale be vodada aɖeke naganɔ anyi o. Míana Mawu naƒo nu to Eƒe nyagblɔɖila dzi eye míaƒo wo katã nu ƒu na wò.

Ŋusẽ ma tututu si ƒo nu xexeame dzɔ la le ame mawo siwo si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le me. Esɔ gbe. Ŋutsuwo kple nyɔnuwo, Game la su be míakpɔ amesiwo míenye. Abosam le agbagba dzem be yeaɣla mi ɖe megbe, be yeagblɔ na mi be mienye vɔvɔ̃nɔtɔ aɖe si wozi ɖe to. Mienyee o. Mawu ƒe viŋutsuwo kple vinyɔnuwo mienye.

Mawunyenye mele Dziƒo o, Ele miame. Aleluya!

Ŋ: Mawunyenye mele Dziƒo o, ele agbe hele mía dometɔ ɖesiaɖe me!

Le ŋkeke yeye ɖesiaɖe dzi, le gbɔgbɔ ɖesiaɖe si míegbɔna me la, Ɖeɖefia si Wòna mí tso amesiwo míenye ŋu la le le gã dom ɖe edzi. Míawoe nye Nya gbagbe si le agbe le ŋutilã me.

Míenya esia elabena Ena mí Ɖeɖefia kuɖe amesi Wòdɔ ɖa le míaƒe ŋkekea me ŋu; ame si Mawu Ŋutɔ gblɔ be yeadɔ ɖa be wòaɖe gbeƒã ahafia Yeƒe Nya la le Nyaɖeɖefia 22 lia me.

Nye Yesu ye nye amesi dɔ nye mawudɔla la bene wòaɖi ɖase le nusiawo ŋuti na mi le hamewo me.

Edɔ Eƒe mawudɔla: William Marrion Branham, be wòaƒo nu le EƑE HAMEWO me… Xɔ̃nye ema gɔmee nye ƑO NYAƑOKAWO LE WÒ HAMEWO ME. Ema mehĩa ɖeɖefia gɔ̃ hã o, ɖeko wòle be nàxlẽ.

Le Nya la nu la, esiae nye beble ɣeyiɣi Kekeake le xexeame ƒe ŋutinya me. Nyateƒe kple alakpa ƒe gbɔgbɔ anɔ kplikplikpli ale gbegbe be aflu ame tiatiawo gɔ hã ɖe wòle bɔbɔe.

Mawu dɔ EƑE MAWUDƆLA ɖe hameawo me. Eƒe Gbe le míaƒe asibidɛwo nu. Míate ŋu ase nusi Wògblɔ Nya ɖe Nya teƒe pɛpɛpɛ. Mehiã numekɔkɔ alo gɔmeɖeɖe aɖeke o, nusi wòle be Ŋugbetɔ la nawɔ koe nye be AZI PLAY eye WÒAXƆE SE.

Ena mí tokla be, migatrɔ iota ɖeka alo suetɔ ɖeka le nyaƒokawo dzi o. Migatsɔ miaƒe gɔmesese alo miaƒe susuwo o, mise Nye Gbe eye mixɔe se ko. Vaseɖe egbea la, ema mete ŋu dzɔ o; gake egbea la, esi wònye Mawu ƒe mɔ si wòna egbea tae.

Ðeko míese Hame ƒe Agbenɔɣi Adreawo kple alesi le agbenɔɣi ɖesiaɖe me ʋuu la, gbɔgbɔ mawo tsoa be woaxɔ ameawo tso Nya vavã la gbɔ. Alesi le agbenɔɣi ɖesiaɖe me, ne gbedeasitsɔla dzo vɔ, nusi wowɔ tsɔ kplɔ amewo yi dzixɔse alo nuɖoanyi aɖe gbɔ; va wo ɖokui kple amegbetɔ ƒe susu gbɔ.

Egbea wole agbagba dzem be yewoawu míaƒe hohoɖoɖo eye wogblɔna be, “Oo, woxɔe se be nyaƒokawoe nye Gbe vevitɔ kekeake si wòle be miase. Ele be miaƒo nyaƒokawo le miaƒe hamea me…ema bometsinya ye. Nɔviŋutsu Branham megblɔ be miaƒo nyaƒokawo le hame me o. Fifia subɔsubɔdɔa ƒe gbe wòle be miase.”

Na nyea la, emae nye nuku si to vo la! ELE BE MIAZI PLAY dzi eye miase Mawu ƒe Gbe le miaƒe hamewo me elabena Eyae nye Gbe ÐEKA si dzi Mawu Ŋutɔ ɖo kpe. Ele be nàwɔ ɖe Nya ɖesiaɖe si Mawu gblɔ dzi.

Nye Yesu ye nye amesi dɔ nye mawudɔla la bene wòaɖi ɖase le nusiawo ŋuti na mi le hamewo me.

Mawudɔla ma si dzi woɖo kpe le nuƒom le míaƒe hame la me, ale mele miakpem be miava wɔ ɖeka kpli mí míase Gbe ma kple Eƒe Ŋugbetɔ tso xexeame godoo le katsatsa la me le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, eye míase: 65-0118 – “Nuku Si To Vo La”.

Nɔvi. Joseph Branham

26-0913 Laodikea Hamea Ƒe Agbenɔɣi

Gbeƒãɖeɖe: 60-1211E Laodikea Hamea Ƒe Agbenɔɣi

PDF


BranhamTabernacle.org

Kristo Ƒe Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ, mina míaƒo ƒu ɖe du Kɔsiɖagbe le ŊDƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, be míase 60-1211E Laodikea Hamea Ƒe Agbenɔɣi

Nɔvi. Joseph Branham

26-0906 Ɖetugbui Ewoawo, Kple Yudatɔ Akpe Alafa Ɖeka Blaene Vɔ Eneawo

Gbeƒãɖeɖe: 60-1211M Ɖetugbui Ewoawo, Kple Yudatɔ Akpe Alafa Ɖeka Blaene Vɔ Eneawo

PDF


BranhamTabernacle.org

Kristo Ƒe Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ, mina míaƒo ƒu ɖe du Kɔsiɖagbe le ŊDƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, be míase 60-1211M ƉETUGBUI LE AƑE EWOAWO, KPLE YUDATƆ AKPE ALAFA ƉEKA BLAENE VƆ ENEAWO.

Nɔvi. Joseph Branham

26-0830 Filadelfia hamea Ƒe Agbenɔɣi

Gbeƒãɖeɖe: 60-1210 Filadelfia hamea Ƒe Agbenɔɣi

PDF


BranhamTabernacle.org

Kristo Ƒe Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ, mina míaƒo ƒu ɖe du Kɔsiɖagbe le ŊDƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, be míase 60-1210 Filadelfia Hamea Ƒe Agbenɔɣi.

Nɔvi. Joseph Branham

26-0823 Sardes Ƒe Agbenɔɣi

Gbedasi: 60-1209 Sardes Ƒe Agbenɔɣi

PDF


BranhamTabernacle.org

Kristo Ƒe Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ, mina míaƒo ƒu ɖe du Kɔsiɖagbe le ŊDƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, be míase 60-1209 Sardes Hamea Ƒe Agbenɔɣi.

Nɔvi. Joseph Branham

26-0816 Tiatira Hamea Ƒe Agbenɔɣi

Gbedasi: 60-1208 Tiatira Hamea Ƒe Agbenɔɣi

PDF


BranhamTabernacle.org

Kristo Ƒe Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ, mina míaƒo ƒu ɖe du Kɔsiɖagbe le ŊDƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, be míase 60-1208 Tiatira Hamea Ƒe Agbenɔɣi.

Nɔvi. Joseph Branham

26-0809 Pergamo Hamea Ƒe Agbenɔɣi

Gbedasi: 60-1207 Pergamo Hamea Ƒe Agbenɔɣi

PDF

BranhamTabernacle.org

Kristo Ƒe Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ, mina míaƒo ƒu ɖe du Kɔsiɖagbe le ŊDƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, be míase 60-1207 Pergamo Hamea Ƒe Agbenɔɣi.

Nɔvi. Joseph Branham