24-1124 Filadelfia Hame La Ƒe Agbenɔɣi

Gbedasi: Filadelfia Hame La Ƒe Agbenɔɣi 60-1210


BranhamTabernacle.org

Aƒenɔ Yesu Kristo Lɔlɔ̃tɔ,

Nukae Kwasiɖagbe sia ahe vɛ na Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ la? Nukawoe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la aɖe afia mí keŋkeŋ? Dzesidede Deblibo. Míase egɔme bliboe azɔ to Ɖeɖefia dzi, nuŋtɔŋtɔa si wotsɔ tsitre ɖe sɔɖenua ŋu kple vavãtɔa kple vɔvɔlia. Yesu ye nye Agbe ƒe Abolo vavãtɔ la. Eyae nye Eƒe bliboa. Mawu Ðekae Wònye. Eyae nye Hebritɔwo 13:8. Eyae nye MENYE LA.

Kristo, to dzedze le ŋutilã me kple Eya ŋutɔ ƒe Ʋu kɔkɔɖi me la, eɖe míaƒe nuvɔ̃wo ɖa zi ɖeka tegbee to Eŋutɔ ƒe vɔsa me; eyata Ewɔ mí BLIBOE azɔ. Eƒe agbe ŋutɔŋutɔ le mía me. Eƒe Ʋu kɔ mía ŋu. Eƒe Gbɔgbɔ yɔa mí fũ. Eƒe kabiwo yɔ dɔ mí vɔ XOXO.
Eƒe Nya la le míaƒe dzi kple nu me. Kristo Wònye le míaƒe agbe me ke menye nu bubu aɖeke o, esime nusianu si le míaƒe agbe me le gbegblẽm le nu maɖinu zum, negbe Eya kple Eƒe Nya la ko.

Míaƒe dzi ayɔ fũ kple dzidzɔ esi Wòle gbɔgblɔm na mí to Eƒe Mawu ƒe sedede dzi be, Yenya amesi tututu anye Yeƒe Ŋugbetɔ. Alesi Wòtia míi. Eyɔ mí. Eku ɖe mía ta. Exe fe ɖe mía ta eye míenye Etɔ, ke Eya ɖeka ko tɔ. Eƒoa nu, eye míeɖoa to, elabena enyɔa mía ŋu. Míawo koe nye Eƒe nunɔamesi eye ame bubu aɖeke mele esi o negbe MÍAWO ko. Eyae nye míaƒe Fiawo dzi Fia eye míenye Eƒe fiaɖuƒe. Míenye Eƒe nunɔamesi mavɔ.

Ado ŋusẽ mí eye wòaklẽ na mí to Eƒe Gbe Nya me. Aɖe eme eme nakɔ eye wòaɖee afia be Yee nye alẽawo ƒe Ʋɔtru. Enye Alfa kple Omega siaa. Eyae nye Fofo, Eyae nye Vi la, eye Eyae nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. Ele Ðeka, eye míele Ðeka kplii kple le Eyama me.

Afia dzigbɔɖi mí, abe alesi Wòwɔe na Abraham ene, to alesi wòle be míalala dzigbɔɖitɔe ahado dzi ne míedi be ŋugbedodo aɖe nasu mía si la gɔmeɖeɖe me.

Aɖe ŋkeke si me tututu míele afia mí kɔtɛ. Alesi xexeame katã ƒe aɖaŋuɖeha asẽ ŋu alea gbegbe le dunyahehe me, eye wòazi ɖe dziɖuɖua dzi be amewo katã nawɔ ɖeka kplii to asidada ɖe gɔmeɖose siwo wowɔ wòzu se dzi, ale be womade dzesi ame aɖeke abe wonye hamewo ene o negbe ɖe woƒe aɖaŋuɖoha ɖu wodzi tẽ alo le mɔ si mele tẽ o nu hafi.
Aɖe ame ƒe agbɔsɔsɔme si ayi kpli wo, asusu be yewole Mawu subɔm
le ɖoɖowɔha la ƒe ŋkɔ me. Gake Egblɔ na mí be, “Migavɔ̃ o, elabena womaflu Ŋugbetɔ la o, míanɔ Eƒe Nya, Eƒe Gbe la gbɔ.”

Aleke gbegbe wòade dzi ƒo na mí enye si be míase Eyama wòagblɔ na mí be: “Milé me ɖe asi sesĩe, midzrae ɖo. Migana ta gbeɖe o, ke boŋ mido Mawu ƒe aʋawɔnu bliboa, aʋawɔnu ɖesiaɖe, nunana ɖesiaɖe si mena mi la le mia si. Dzi megaɖe le ƒowò gbeɖe o lɔlɔ̃tɔ, ɖeko nànɔ ŋgɔ kpɔm kple dzidzɔ elabena Nye, wò Fiawo dzi Fia kple Aƒetɔwo dzi Aƒetɔ, Srɔ̃wò, ye le fiakuku ɖo ge na wò.”

Wòenye Nye hame vavã la; Mawu ƒe gbedoxɔ ŋutɔ ŋutɔ la to Nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si le agbe le miame la dzi. Miazu sɔtiwo le gbedoxɔ yeye la me;
Gɔmeɖokpe ŋutɔ ŋutɔ si alé xɔtutu gã la. Maɖo mi abe dziɖulawo ene kple apostoloawo kple nyagblɔɖilawo, elabena Mena mi Nye Nya la, nye Ŋutɔ ƒe ɖeɖefia.

Aɖee fia mí eme akɔ be woŋlɔ míaƒe ŋkɔwo ɖe Eƒe Alẽvi la ƒe Agbe Ƒe Agbalẽ me doŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi ke. Eyata míele Eƒe Fiazikpui ŋkume nɔ ge zã kple keli be míasubɔ le Eƒe gbedoxɔ me. Míenye amesiwo Aƒetɔ la léna bena tɔxɛ; Eƒe Ŋugbetɔ míenye.

Ŋkɔ yeye asu mía si le Eƒe ŋkɔ tsɔtsɔ me. Anye ŋkɔ si woatsɔ na mí ne Wòxɔ mí ɖe Eŋutɔ gbɔ. Míanye Eƒe Aƒenɔ Yesu Kristo.

Yerusalem yeye la ɖiɖi gbɔna tso Mawu gbɔ le dziƒo, Ŋugbetɔ aɖe si wowɔ leke na na Srɔ̃a. Ku, vevesese, alo avifafa maganɔ anyi o. Nenema ke vevesese maganɔ anyi o elabena nuxoxowo ŋu va yi. Mawu ƒe ŋugbedodo dzeanyiwo katã avame. Tɔtrɔ la ade blibo. Alẽvi la kple Eƒe Ŋugbetɔ woaxɔ anyi anɔ le Mawu ƒe blibodedewo katã me.

Aƒn. Yesu Kristo lɔlɔ̃tɔ, TSƆE KU DRƆ̃. Adzeanyi wu nusi nàte asusu.

Mele amesiame kpem be wòava wɔ ɖeka kpli mí le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míaƒe Srɔ̃, Yesu Kristo, aƒo nu to Eƒe dɔla gbedeasitsɔla adrelia sesẽ dzi aɖagblɔ nu siawo katã na mí.

Nɔvi. Joseph Branham

Gbedeasi: Filadelfia Hame La Ƒe Agbenɔɣi 60-1210