23-0604 Filadelfia Hame La Ƒe Agbenɔɣi

Aƒn. Yesu Kristo lɔlɔ̃tɔ,

Ðe ema meɖi nu wɔnuku aɖe oa? Alẽvi la kple Eƒe Ŋugbetɔ la nɔ Mawu ƒe blibodedewo katã me tegbee. Aleke míate ŋu do sɔlie? Míebua eŋu. Míekua drɔ̃e tso eŋu. Míexlẽa nusi Nya la gblɔ tso eŋu. Míekpɔe wòle Eya ŋutɔ ƒe Kɔkɔenyenye mam kpli MÍ. Le Eyama me la, míezu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ŋutɔŋutɔ.

Dzidzɔ ka gbegbee nye si wòhena vɛ na mí ne míezi play dzi, eye míese Mawu ŋutɔ le nu ƒom na mí to Eƒe dɔla sesẽ la dzi eye wògblɔ nusiawo na mí.

Naneke mele agbe sia me o, aleke kee wòadze be eɖikɔ na ame o, aleke kee wòadze be enyo o, gake àkpɔ blibodede katã ƒe ƒuƒoƒo le Kristo me. Nusianu nu zua nu maɖinu le Eyama godo.

Egblɔ na MÍ be ŋkɔ yeye aɖe anɔ mía si, Eƒe Ŋkɔ. Woatsɔ Eƒe Ŋkɔ ana mí ne Ekplɔ mí yi Eɖokui gbɔ. Awɔ nuku wu alesi míate ŋu asusui. Míayi afi sia afi si Ŋugbetɔsrɔ̃a ayi. Eyama magblẽ Mí ɖi gbeɖe o. Míadzo le Eƒe Akpa dzi gbeɖe o. Míama Eƒe Fiazikpui la kplii. Woatsɔ Eƒe ŋutikɔkɔe kple bubu aɖo fiakuku na mí.

Eye esi Wòle kpe ɖom Eɖokui dzi na xexeame, eye xexeame katã bɔbɔ ɖe Eƒe afɔ nu la, ɣemaɣi la, xexeame katã abɔbɔ ɖe ame kɔkɔewo ƒe afɔ nu, atsɔ aɖo kpe edzi be yewotɔ dzɔ le yewoƒe tsitrenɔƒe me Kplii. Woakafu Mawu tegbee!

Enya mí do ŋgɔ to Mawu ƒe sedede dzi be míanye Eƒe Ŋugbetɔ. Etia MÍ; míetia Eyama o. Eyae yɔ MÍ; míeva le mía ɖokui si o. Eku ɖe MÍA ta. Elé tsi na MÍ le Eya ŋutɔ ƒe Ʋu me. Exe fe la ɖe MÍA ta. Eya tɔe míenye, eye Eya ɖeɖeko tɔe míenye. Míetsɔ mía ɖokui na Eyama bliboe eye Elɔ̃ ɖe dzizizi la dzi. Eyae nye MÍAƑE ta. Eƒoa nu na mí to Eƒe dɔla dzi eye míeɖoa to, elabena emae nye míaƒe dzidzɔ.

Tso gɔmedzedze vaseɖe nuwuwu la, Gbedasi si le nyaƒokawo dzi la katã nye MAWU na MÍ. Agbe ma nanɔ MÍA me Dzro. Nena wòanye Eƒe Ʋu si kɔa MÍA ŋu. Nena wòanye Eƒe Gbɔgbɔ si yɔa MÍ fũ. Nena wòanye Eƒe Nya le míaƒe dzi kple nu me. Nenye Eƒe kabiawo si da gbe le MÍA ŋu. Mina wòanye Yesu, kple Yesu ɖeɖeko. Menye to dzɔdzɔenyenye ƒe dɔwɔwɔ, siwo míewɔ la me o. Kristoe nye nye agbe. Gbedasi siae nye míaƒe agbe, elabena Eyae nye Kristo.

Oo, gbe geɖewo le xexeame — kuxi kple hiahiã geɖewo le avi fam be woalé ŋku ɖe wo ŋu; gake gbe aɖeke manɔ anyi si le vevie eye wòdze be woade eme abe Gbɔgbɔ la ƒe gbe ene gbeɖe o. Eya ta, “Amesi si to le be wòase la, nese nya si Gbɔgbɔ la le gbɔgblɔm na hameawo.”

Gbe aɖe le Mawu si na egbe sia. Woɖo kpe dzi kple Dzo Lilikpo la be enye Mawu ƒe Gbe. Gbe aɖeke mele Anyi nɔ ge kpɔ gbeɖe si le VEVIE ALEGBEGBE KPLE SI DZE ALEGBEGBE abe Gbe si le nyaƒoka dzi na egbe ene o.

Va wɔ ɖeka kpli mí Kwasiɖagbe le ŋdɔ ga 12:00 me, Jeffersonville ƒe game dzi. Míeɖo kotoku blibo aɖe si yɔ fũ kple anyitsi. Míatsɔe ade Agakpe la dzi, ke menye hame aɖeke dzi o; le Agakpe, Kristo Yesu la dzi. Eye mi alẽwo miɖuɖɔe. Miahaya enumake godoo. Nuvɔ̃ ƒe kuxiwo katã nu ayi ne mieɖuɖɔ Agakpe la. Ema koe nye nusi wòle be miawɔ, miva se Mawu ƒe Gbe wòagblɔ nusianu na mí tso: Filadelfia Hame La Ƒe Agbenɔɣi 60-1210 ŋu.

Nɔvi Joseph Branham