23-0611 Ɖetugbui Ewoawo, Kple Yudatɔ Akpe Alafa Ɖeka Kple Bla Ene Vɔ Eneawo

Gbedasi: 60-1211M Ɖetugbui Ewoawo, Kple Yudatɔ Akpe Alafa Ɖeka Kple Bla Ene Vɔ Eneawo



BranhamTabernacle.org

Mana Lɔ̃la Lɔlɔ̃tɔwo,

Dzidzɔmí elabena míate ŋu ɖu Nuɖuɖu si Me ƒu alo nuku mele o. Abolo siwo le ɖiɖim tso Dziƒo, si woyɔ be “Mana,” tsyɔ nu sia nu dzi kple Dziƒo ƒe vivisese.

To Gbɔgbɔme Ɖeɖefia dzi la Eɖe fia mí be teƒe ɖeka koe li afisi míate ŋu xɔ Mana Yeye sia nukuwo manɔmee le: to Mawu ƒe Gbe si Wòna Eƒe Ŋugbetɔ sese dzi.

Enye Eƒe kukuɖeɖe ɣesiaɣi le agbenɔɣi ɖe sia ɖe me bena hameawo nase Aƒetɔ la ƒe Gbe. Le agbenɔɣi mamlɛ sia me la, Eƒe kukuɖeɖe la ga sesẽ wu agbenɔɣi bubu ɖe sia ɖe gɔ hã; elabena esiae nye Aƒetɔ la ƒe Vava ƒe ŋkeke. Ena toklã mí, kple nɔnɔme kpata ɖe sia ɖe, bena elebe míase Eƒe Gbe, si dzi woɖo kpe, nyateƒetɔ la.

Oo, gbe geɖewo li ale gbegbe le xexeame — kuxi kple hĩahĩawo geɖewo li le ɣli dom be woakpɔ yewogbɔ; gake gbe aɖeke mele anyi nɔ ge si le vevie alegbegbe hedze na toɖoɖo abe Gbɔgbɔ la ƒe gbe ene o. Eyata, “Amesi ke tosenu li nɛ la, ne se nusi Gbɔgbɔ la le gbɔgblɔm na hameawo.”

Eyae nye ema, Eƒe toklã na hameawo, alegbegbe wòle vevie be woase Gbɔgbɔ la ƒe GBE. Kakaɖedzitɔe la afimae futɔ la aƒo ame le, anɔ agbagba dzem be yewoale GBE MA sese ƒe asixɔxɔ dzo ɖa le amewo gbɔ.

Egblɔ na mí be GBE GEƉEWO li. Kuxi kple hiahĩa geɖewo li, le ɣli dom be woakpɔ yewogbɔ, gake migaŋlɔ be kpɔ gbeɖe o, ele be miase EƑE GBE SI DZI WOƉO KPE la.

Ne medze agɔ le miadzi le ema gbɔgblɔ me la, mitsɔe kem, gake, mese be ate ŋu ave ame, gake, menye Mawu ƒe Gbe na mi.

Ŋuɖoɖo lae ma: MENYE MAWU ƑE GBE NA MI.

Eme kɔ alegbegbe na Eƒe Ŋugbetɔ la. Mele ɣaɣla o, Ele afima tututu le gaglagbe; ame sia ame ate ŋu Xlẽe.

Nyemele nane Eya megblɔ o la na amewo o…Nyemele ekpam ye o. Ele nu vevietɔ si wòle be míawɔ la gblɔm na mí eme kɔ.
Mawu ƒe lɔlɔ̃nu deblibo lae nye be WOASE EƑE GBE EYE EYAE NYE MAWU ƑE GBE NA MÍ.

Nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, nyemele gbɔgblɔm be miate ŋu ɖo to miaƒe pastɔwo o. Nyemele gbɔgblɔm be wonye alakpatɔ alo wotɔ me dzɔ ne wole subɔsubɔ wɔm o. Emekɔ be Aƒetɔ la ɖo mí afisia be míanye kpeɖeŋutɔ na Ŋugbetɔ la aɖa fia asi mi GBƆ va Nya gɔmedzetɔ la gbɔ; be míada Gbe ma ɖe miaŋgɔ abe vevietɔ kekeake si miate ŋu ase ene. Elebe míatrɔ GBƆ va Mawu ƒe LƆLƆ̃NU DEBLIBO gbɔ. Adam si Wogbugbɔ ɖo te bliboe, si wotsɔ Nya la tɔ glikpɔ do. Mawu ƒo nu gbe sia gbe ɖe to me na Adam le Abɔ la me, eye egbe la, Ele numa ke wɔm.

Ɖe wòle be míanɔ tsitre le gbagbãƒe anɔ gbɔgblɔm be, “Nɔviwo míenye!”
Míemã o, Ŋutilã ɖeka Míakatã míenye; Ɖeka le mɔkpɔkpɔ kple Nufiafia me, (Biblia ƒe Nufiafia La.)

Nɔviwo míenye. Nyemele agbagba dzem be mamã Hameawo dome o, mele agbagba dzem be mahe míakatã va ɖe du kple nu ƉEKA si ate ŋu he Ŋugbetɔ la va ɖe du. Míakatã míate ŋu lɔ̃ ɖe dzi kple AME AƉE, ALO MAWUNYAGBLƆLAWO ƑE HATSOTSO o; wokatã tovo, eye wòle nuvovowo gblɔm. Dɔla gbedeasitsɔla adrelia ƉEKA koe li. Mawu ƒe Gbe ɖeka koe li. Gbe Si Mawu na Eƒe Ŋugbetɔ la le nyaƒoka dzi.

Mana nye nya me nakɔ. Nye Ɖeɖefia yenye be: toɖoɖo Mawu ƒe Gbe le nyaƒoka dzi lae NYE MAWU ƑE LƆLƆ̃NU DEBLIBO.

Abe le Samuel ƒe ŋkekewo me ene, esime amewo gogo eyama hegblɔ na eyama be yewodi fia aɖe be wòaɖu fia ɖe yewodzi. Ede abi eƒe dzi ŋu. Eyi ɖe Mawu gbɔ hegblɔ nusi wodi na Eyama.
Mawu gblɔ na Samuel be, womegbe nu le gbɔwò o, Samuel, Gbɔnyee wogbe nu le, be Nyemaɖu fia ɖe yewodzi o.

Aleke Wònɔ fia ɖum ɖe wodzi ɖo? TO EƑE NYAGBLƆƉILA, SAMUEL DZI. Eƒe LƆLƆ̃NU DEBLIBO ye ma, eye wogbenu le egbɔ. Be nànye Eƒe Ŋugbetɔ la elebe nàtrɔ GBƆ va Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Deblibo gbɔ. Màte ŋu aɖo LƆLƆ̃NU DEBLIBO 2 o.

Aleke wòadzrom be Ŋugbetɔ la katã na va ƒoƒu ɖe du le xexea katã me be wòase Mawu ƒe Gbe ɖe du le game ɖeka dzi. Menye le esi “Me” le egblɔm ta o, gake le esime Mawu LE EWƆM tae. Eyae nye nu ɖeka be woahe Eƒe Ŋugbetɔ la va ɖe du.

Mele miakpem be miava ɖo to kple Ŋugbetɔ la ƒe akpa aɖe, kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, be míase: Ɖetugbui Ewoawo, Kple Yudatɔ Akpe Alafa Ɖeka Kple Bla Ene Vɔ Eneawo 60-1211M.

Ne miate ŋu awɔ ɖeka kpli mí o la, mide dziƒo na miaƒe pastɔ be miaɖoto Mawu ƒe Gbe Kɔsiɖagbe ŋdi sia le miaƒe hamea me. Ɖee miate ŋu abu eŋu kpɔa, Ŋugbetɔ le xexea katã me, le hame ɖe sia ɖe me, aƒe ɖe sia ɖe me, alo afikake ye miele, le Mana Yeye la sem tsyɔ afisiafi dzi kple Dziƒo ƒe vivisese.

Nɔvi. Joseph Branham