23-0618 Laodikea Hame Ƒe Agbenɔɣi La

Gbedasi: 60-1211E Laodikea Hame Ƒe Agbenɔɣi La



BranhamTabernacle.org

Nya Si Medanaƒu O La Xɔsetɔ Lɔlɔ̃tɔwo

Alegbegbe wòwɔ nuku esi míenɔ Hame ƒe Agbenɔɣi Adreawo sem kple xlẽme. Kple Gbedeasi ɖe sia ɖe si miesena, ta ɖe sia ɖe si míexlẽna la, Ele Ɖeɖefia geɖe nam mí wu. Míele míaɖokuiwo kpɔm to hame ƒe agbenɔɣi ɖe sia ɖe me…Eƒe Ŋugbetɔ la, si nɔ anyi kple Nya gɔmedzetɔ la.

Le agbenɔɣiawo me la míele gbɔgbɔ eve kpɔm emekɔ ƒã; Satana ƒe amebeble kple alakpawo, le asi trɔm le Mawu ƒe Nya ŋu ƒo xlã, le amewo blem, gblẽm hele wodzi ɖum. Gake ɣe sia ɣi la Mawu ƒe amehatsotso sue wɔnuteƒe la le, Eƒe Ŋugbetɔ la, le kukum ɖe Nya ɖe sia ɖe ŋu.

Toklãnana aɖe li kokoko si wona amewo, elebe mianɔ ANYI KPLE NYA LA. Ɣeyiɣi si me tututu miadzo ɖa le Nya ma ƒe megbe la, woalé mi ɖe Satana ƒe ɣiɖɔka gã la me; abe alesi Xawa wɔe tso gɔmedzedze la me ene. Eda Nya la zazã ƒu. Adam da ƒu le tomaɖomaɖo Nya la me tẽ. Gake Yesu, le Eŋutɔ ƒe Agbe tɔxɛa me, esime wònɔ ʋiʋlim kple Eɖokui la, eɖudi to toɖoɖo Mawu ƒe Nya la dzi me.

Egblɔ be ne míedi be míanɔ anyi ɖe Yeƒe fiazi me la, elebe míanye Nya gbagbe ma. Míaƒe gbedodoɖawo, ŋutsitsidɔ, alo míaƒe dzimetɔtrɔwo gɔ hã la mana mí gomekpɔkpɔ ma o. NYA Ŋugbetɔ la ko woatsɔe ana.

Geɖewo li si medi be magblɔ alegbegbe, kple numegbewo si malɔ̃ be mamã kple miadometɔ ɖe sia ɖe; nuwuwu meli nɛ o. Menyae be Gbedeasi sia le bibim le miadometɔ ɖe sia ɖe ƒe dziwo me eye mielɔ̃na Nya ɖe sia ɖe, tututu ko abe alesi mewɔnɛ ene. Nusi míedi be míawɔ la koe nye be míaƒo nu aɖadeka tso Eŋu. Míedi be xexeame nenyae be: Ẽ, míenye nyaƒokatɔwo. Ẽ, Míezina Play.
Ẽ, míexɔe se be Gbe si le Nyaƒokawo dzi lae nye nusi awɔ Ŋugbetɔ la ɖekae. Ẽ, Play Zizi lae nye Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Deblibo la. Ẽ, menye Eƒe Ŋugbetɔ la.

Menyae be nya ɖeka ko gblɔm mele le leta geɖewo me, gake dzi le dzɔnyem alegbegbe, meda akpe alegbegbe, mekaɖe edzi alegbegbe…ɖeko womateŋu keɖi ke eŋu o, Mawu ƒe Ɖoɖo na Eƒe Ŋugbetɔ lae nye esi.

Kple Gbedeasi ɖe sia ɖe si míesena la, ewɔa mo yaa na mí le biabia wɔwɔ na míaɖokuiwo me be, aleke womate ŋu akpɔ, axlẽ alo ase nusi sem míele o la mahã? Ele afima tututu, le nyaƒoka dzi, ɖe nyaƒoka dzi, ɖe nyaƒoka dzi. Ewɔa be mese le ɖokuinye me abe ɖe wòle be magblɔ na wo abe alesi Yesu gblɔ na Nikodemo ene be: “Wò nènye Israel ƒe nufiala, eye menya nusiawo oa?”

Miɖo to alesi dɔla wɔnɛ gblɔeɖe la ko.

Le agbetɔ ƒe nuwɔna ɖeɖeko ƒe gɔmeɖoɖoanyi dzi la, ame sia ame nyae bena afisi ame geɖewo le la nukpɔsusu vovovowo kuɖe nufiafia gã aɖe si me wokatã wolé ɖe asi ƒe nya suewo ŋu nɔa afima

Le agbetɔ ƒe nuwɔna ƉEƉE ŋu, gbɔgbɔme nugɔmesese aɖeke mehĩa o, ame sia ame nyae bena ame eve woaɖo nukpɔsusu vovovowo le nufiafia gã aɖe ƒe NYA SUEWO ŋu.

Woakatã woateŋu alɔ̃ ɖe edzi aɖagblɔ bena ne amewo mewɔ nusi yewogblɔ dzi o, alo ne wodzo le yewogblɔ la, ekema tsɔtsrɔ̃ adze woyome. Gake nyagblɔɖila vavã aɖe la akplɔ ame aɖe yiɖe Nya la gbɔ kokoko eye wòabla amewo ɖe Yesu Kristo ŋu eye magblɔ na amewo be woavɔ̃ ye alo nusi gblɔm yele o, gake be woavɔ̃ nusi gblɔm Nya la le.

Nukae gblɔm Nya la lee? Madɔ Nyagblɔɖila Eliya ɖo ɖe mi. Le GBE la ƒe ŋkekewo me. Nya nyagblɔɖila Ɖeka anɔ anyi…ƉEKA KO…Elabena Mawu de Ɖeɖefia asi na AMEMA ƉEKA KO. Eyae wòle be wòaɖɔ Nye Ŋugbetɔ la ɖo.

Gbe geɖewo alegbegbe kple nukpɔsusu geɖewo kple numegbewo alea la, aleke ame aɖe ate ŋu akpɔ KAKAƉEDZI BLIBO?

Amekae aɖo madamada ƒe ŋusẽ si wòle be woaɖɔ ɖo le agbenɔɣi mamlɛ sia me, elabena agbenɔɣi mamlɛ sia agatrɔ gbɔ va Nya Dzadze Ŋugbetɔ la ƒe ɖeɖeɖego gbɔ ake mahã?

Amema ye Ŋugbetɔ la di be yeaɖo to, amesi ɖo madamada ƒe ŋusẽ la; elabena eyae anye amesi AƉƆ Ŋugbetɔ la ɖo. Maɖo nukpɔsusu tovovowo o, Enye Nya la.

Biabia: Aƒetɔ, míedi be míanya, amekae nye amema si aɖo Nya madamadawo?

_Magblɔ amesi si wòanɔ la na mi. Anye nyagblɔɖila si dzi woɖo kpe vavã, alo si dzi wogaɖokpe vavã geɖe wu nyagblɔɖila ɖe sia ɖe le agbenɔɣiwo katã tso Enox dzi sẽ ɖe egbe sia, elabena ŋutsu sia aɖo tatsyɔkpe ƒe nyagblɔɖi subɔsubɔdɔ la godoo, eye Mawu aɖe eyama afia. Mahĩa be wòaƒo nu le eɖokui ŋu o, Mawu aƒo nu le eyama ŋu to dzesi la ƒe Gbe dzi. Amen.

Ŋuɖoɖo lae nye: William Marrion Branham.

Na malé dzi ɖe ƒo na wò egbea Ŋugbetɔ Tiatia. MÀTE ŊU, EYE WOMELE, WÒ BLE GE O. Ɖee nèse ema gɔmea? Ame aɖeke màte ŋu able wò o. Paulo mate ŋu able ame tiatia aɖeke o, ne ɖe etɔ medzɔ o. Ŋutɔ gɔ hã le Efeso ƒe hame ƒe agbenɔɣi gbãtɔ la me, womete ŋu ble ametiatiawo o. Wodo apostolo kple nyagblɔɖila alakpatɔwo kpɔ eye wokpɔwo be wonye aʋatsokalawo eye wonya wo do go.

ŊUTIKƆKƆE ŊUGBETƆ…EƑE alẽwo mienye eye Mise Eƒe Gbe hele EYAMA yome dzem. MIENYE ŊUGBETƆ NYA GBAGBE LA!!

Gblɔeɖe la naneke mele gã wu be woanya Nya siawo o. Be nànyae le wò dzi kple luʋɔ me be, ènye Eƒe Ŋugbetɔ la. Ŋkeke siwo xexeame nɔ lalam kpɔ la va ɖo. Ŋugbetɔ la le sidzem Eɖokui eye ele ƉEKA zum KPLE EYAMA; míenye MAWU ƑE NUWƆWƆ YEYE.

Zi ɖeka ake la mele koko ƒom na mi be, MISE MAWU ƑE GBE Kɔsiɖagbe, le afikake ye miele ƒuƒo ge le. Meka Gbedeasi si sem miele o esi wònya nye Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe sem miele ko. Gbe Ma nye Gbe si Mawu yɔ hetia be wòaɖɔ Yeƒe Ŋugbetɔ la ɖo aɖa ƒo eyama nu ƒu.

Na hameawo katã, amewo katã la, míele miakpem be míava se kpli mí, Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase: Laodikea Hame Ƒe Agbenɔɣi La 60-1211E.

Nɔvi. Joseph Branham