20-1227 Laodikea Hame Ƒe Agbenɔɣi La

Gbedasi: 60-1211E Laodikea Hame Ƒe Agbenɔɣi La


BranhamTabernacle.org

Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu

12/26/2020

Ŋugbetɔ Nya Deblibo Lɔlɔ̃a,

Ŋugbetɔ la le dzidzɔ gã aɖe kpɔm hele mɔkpɔkpɔ gã aɖe me esime míele dzadzraɖo wɔm be míase Laodikea, hamea ƒe agbenɔɣi mamlea ƒe Gbedasi sinye tatsyɔkpe tɔa. Enye yeɣiyiwo katã ƒe Agbenɔɣi gãtɔ kekeake, kple yeɣiyiwo katã ƒe gbedasitsɔla gãtɔ kekeake, amesi le yeɣiyiwo katã ƒe dukɔ gãtɔ kekeake nuƒom.

Ŋkekea ɖeke menɔ anyi kpɔ abe ŋkeke si me míele agbe le ene o. Ŋutete su xexeame si be wòase Mawu Ƒe Gbe tututu abe alesi ŋɔŋlɔ la gblɔe doŋgɔ le Eƒe Nya me doŋgɔ ko. Nyaɖeɖefia 10:7, Le GBEƉIƉI la ƒe ŋkekewo me. Mide dzesi be, MENYE GBEƉIƉIWO O, KE GBEƉIƉI BOŊ.

Mawu do ŋugbe be yeadɔ dɔla ŋusẽtɔa aɖe ɖa le agbenɔɣi mamle sia me be wòaɖe nyaɣlaɣla siwo katã Wòɣla tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖo anyi ke afia. Anye dɔla kple gbedasitsɔla si dzi woɖo kpe wu mamleawo, elabena wotia eyama be wòayɔ Ŋugbetɔ la doe.

Geɖewo agbee. Ɖewo agblɔ be migaxɔ nusiwo katã wògblɔ dzi se o; negbe ne wògblɔ Ale Aƒetɔ la Gblɔ Esi ko. Vodadawo le eƒe gbedasi la me. Menye eya ɖeka koe li o, bubuwo si woyɔ hesi ami na be woakplɔ Ŋugbetɔ la eye woaɖe nyateƒe la fia hã wole.

Nya la gblɔ be hatsotso tiatia aɖe anɔ anyi esi axɔ nya ɖesiaɖe si gbedasitsɔla sia si tso Mawu gbɔ gblɔ; elabena eƒe dɔdɔ̃ ŋutɔ lae nye “Na amewo naxɔ dzi Wò ase.”

Ke, nusi wògblɔ ƒe akpa aɖe ko dzi wòle be míaxɔ sea? Ɖee Nya la gblɔ be, ” Madɔ Nyagblɔɖila Eliya ɖo ɖe mi, eye emegbea madɔ ame bubuwo ɖa be woagblɔ esi nye Nya kple esi menye Nya na mi mahã?”

Nye nyawoa daƒu, gake Mawu ƒe Nyawo mate ŋu adaƒu o. Mina miaxlẽ tɔtete si MAWU ANA Eƒe dɔla kple gbedasitsɔla 7lia kpɔ.

Ke ameka sie ŋusẽ si medanaƒu kpɔ o esi woagbugbɔ ɖo te le agbenɔɣi mamle sia me la anɔ, elabena agbenɔɣi mamle sia agbugbɔ ɖe Ŋugbetɔ Nya Dzadze la ɖe go mahã? Esia gɔme nye be Nya aga su mía si ziɖeka ake abe alesi wotsɔena le blibodede me, eye wose egɔme emekɔ ƒãa le Paulo ƒe ŋkekewo me ene. Magblɔ amesi si wòasu na mi. Anye Nyagblɔɖila aɖe si dzi woaɖo kpe geɖe, alo geɖe ŋutɔ wu nyagblɔɖila ɖesiaɖe gɔ hã le agbenɔɣiawo katã me tso Enok dzi ke va ŋkeke sia me, elabena ŋutsu ma axɔ tatsyɔkpe nyagblɔɖi subɔsubɔdɔ la, eye Mawue aɖe eyama ɖe go. Mehiã be wòaƒonu le eɖokui ŋu o, Mawu aƒonu ɖe eteƒe to dzesi la ƒe gbe dzi. Amen.

Ŋutikɔkɔe!! Aleluya!! Gbe si míesena ne MÍEZI PLAY dzi la, wotsɔena wòde blibo, eye wose egɔme emekɔ ƒãa, EYE ELE NYA SIWO MADAƑU KPƆ GBEƉE O GBLƆM. (Webster mɔnua ɖeke meli be wòanye vodada o.)

Dzudzɔ kae nye esia su Ŋugbetɔ la si esime míele Mawu ƒe Nya Dzadze la sem. Nuŋtibubukpɔ mele o, biabiawɔwɔ na ameɖokui ɖeke mele o, mehiã be míayi aɖa ɖoto amesia, alo ayi ɖa ɖoto amema o; nu blibo la katã le mía si le GBE ƉEKA ME LE NYAƑOKA DZI.

Mina míayi ɖa ka nu me eye míaƒlɔ kɔ geɖewo wu ŋu eye míakpɔ nusi Mawu gblɔ kuɖe míaƒe dɔla ŋu la ɖa.

• Asenu tso Mawu ɖeka ko gbɔ
• “ale Aƒetɔ la gblɔ esi” asu esi eye aƒonu ɖe Mawu ŋu.
• Anye amesi aƒonu le Mawu ƒe ŋkɔ me.
• Atrɔ ŋkeke mamlea ƒe ame tiatia gbɔ.
• Aɖo nyateƒe la te.

Azɔ mina míaƒlɔ kɔ aɖewo ŋu esime Wòle nuƒom kuɖe mí, hatsotso tɔxe ma si Wòyɔ, tia hetsɔ be wòaxɔ Nya ɖesiaɖe dzi se ŋu; EƑE ŊUGBETƆ la.

• Azɔ amesiwo wotia kple eyama woanye amesiwo woaɖe Aƒetɔ la ɖe go vavã eye woanye Eƒe Ŋutilã, anye Eƒe Gbe aɖawɔ Eƒe dɔwɔwɔwo le ŋkeke ma me.
Aleluya! Míekpɔea?
• Dukɔ bubua ɖe ga le anyigba dzi le ŋkeke sia me, amesiwo ƒe gbedasitsɔla te gbe mamlea na agbenɔɣi mamlea le.

• Hamea megale “nuƒom” le Mawu ŋkɔ me o. Ele nuƒom le eŋutɔ ƒe ŋkɔ me.
• Mawu ƒe Gbe anɔ eyama me. Ɛ, ele eme, elabena wogblɔ le Nyaɖeɖefia ƒe ta mamlea ƒe kpukpui 17 me be, “Eye Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la le gbɔgblɔm be, va!”
• Etsɔ gbe aɖe na ŋugbetɔ la.
• Womate ŋu ble Ame tiatiawo o.

Kuɖe dzudzɔ ŋu la, Etsɔ Eƒe Gbe na mí eye womate ŋu ble mí o, míele ƉEKA kple Eyama.

Azɔ, míaƒe fetu be míewɔ nuteƒe na nyagblɔɖila ma hexɔ Nya ɖesiaɖe dzi se to Gbe ma sese dzi.

• Amesiwo xɔ nyagblɔɖila ma le eƒe ŋkɔ dzi la axɔ nyagblɔɖila ma ƒe subɔsubɔdɔ ƒe emetsonu nyuiwo. Ke woayra amesiwo le toɖom eyama eye woazu ŋkeke mamlea ƒe ŋugbetɔ siwo ŋu woƒonu kuɖo le Nyaɖeɖefia 22:17 me be, “Eye Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la le gbɔgblɔm be, Va.”

Ne edzro wò be yeaxɔ fetu ma la, va tu mí Kwasiɖagbe sia 2:00 ɣetrɔ me, le Jeffersonville, ƒe game esime míase Laodikea Hamea Ƒe Agbenɔɣi 60-1211e, alo abe alesi wòdzɔadinam be mayɔe ene be, Nye Agbe Ŋutinya.

Nɔvi. Joseph Branham

Maleaxi 4:1-6
Mateo Kɔkɔe 2:14-15, 17:9-13
Luka Kɔkɔe 1:14-17
Romatɔwo 11:15-27
Nyaɖeɖefia 3:14-22