Gbedasi: 60-1211M Ɖetugbui Ewoawo, Kple Yudatɔ Akpe Alafa Ɖeka Kple Bla Ene Vɔ Eneawo
- 26-0906 Ɖetugbui Ewoawo, Kple Yudatɔ Akpe Alafa Ɖeka Blaene Vɔ Eneawo
- 24-1201 Ɖetugbui Ewoawo, Kple Yudatɔ Akpe Alafa Ɖeka Kple Bla Ene Vɔ Eneawo
- 23-0611 Ɖetugbui Ewoawo, Kple Yudatɔ Akpe Alafa Ɖeka Kple Bla Ene Vɔ Eneawo
- 20-1220 Ɖetugbui Ewoawo, Kple Yudatɔ Akpe Alafa Ɖeka Kple Bla Ene Vɔ Eneawo
- 19-0303 Ɖetugbui Ewoawo, Kple Yudatɔ Akpe Alafa Ɖeka Kple Bla Ene Vɔ Eneawo
- 16-0403 Ɖetugbui Ewoawo, Kple Yudatɔ Akpe Alafa Ɖeka Kple Bla Ene Vɔ Eneawo
Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu
12/19/2020
Lɔlɔ̃tɔ Siwo Le Dudzɔm,
Dzidzɔmí elabena míele Gbɔgbɔ Kɔkɔe Nuɖuɖu si Me ƒu alo nuku mele o ɖum. Wonye Abolowo tso Dziƒo ke woyɔwo be Mana, eye Dziƒo ƒe vivisese tsyɔ wodzi keŋkeŋ. Míeyɔnɛ be Nyaƒoka Nuɖuɖu na Ŋugbetɔ Nyaƒokatɔa.
Kplɔ̃a ɖe le mía si si dzi yɔ fũ Kplii, eye ɖeko mí alẽviawo yina ɖuɖɔnɛ heɖuɖɔnɛ, eye míaƒe kuxiwo katã buna ɖa. Míexɔe se be míetsɔ tame ɖeka hele afi ɖeka, kasia gbea ɖe ɖi tso Dziƒo hege ɖe míaƒe aƒewo kple hamewo me ŋusẽtɔe. Mawu Ƒe Gbe wònye le nuƒom na Eƒe Ŋugbetɔ tiatia la.
Ele egblɔm na mí be, woble Xawa, woble Moab, woable ɖetugbui abunetɔwo hã, woble hame la ŋutɔ gɔ hã, gake WOMABLE MÍ O, elabena míenɔ anyi kple Nya la. Míate ŋu ʋã, alo míele ʋaʋã ge o.
Aleke gɔ̃ Hame ƒe Agbenɔɣi siawo le game dzi tututu na Ŋugbetɔ la alea. Mawu ƒe Nyawo, si wogblɔ to Eƒe nyagblɔɖila dzi ƒe 60 woenye esi la, le emevam. Ŋutega siwo Daniel kpɔ ƒe 2000 woenye esi la, dze me vava le míaƒe ŋkeke me. Míele exlẽm hele ekpɔm be nyagblɔɖi le ɖeɖem ɖego le gbesiagbe nyadzɔdzɔwo me.
Visa, Bank of America, Salesforce kple adzɔgã Alafa atɔ̃awo ƒe dzikpɔla gãwo wɔ ɖeka kple Vatican le Inclusive Kapitalism ƒe aɖaŋɖeha me. Aɖaŋɖeha ma, si ƒe kplɔla nye Papa Francis la, ado haho Kapitalism ɖe di wu, esime wòade dzi ƒo na kplɔlawo alebe woawɔ ɖoɖo dzɔdzɔewo ŋudɔ wu alebe woaɖiɖi masɔmasɔ dzi akpɔtɔ le amewo dome.
Adzɔ siwo nye hameviwo le aɖaŋɖeha me wu dɔla triliɔn 10 le nunɔamesi ƒe dzikpɔkpɔ go me. Inclusive Capitalism Habɔbɔa lɔ̃ ɖe dzi be yeanɔ Papa Francis ƒe “amekpɔkplɔ le nunyuiwɔwɔ gome” te le dɔwɔwɔ asi le asi me kple Vatican me.
Biblia gblɔ na mí le Daniel 8 me be:
23 Ne woƒe dziɖuɖu wu nu, eye nu vlo wɔwɔ nu flɔ la, fia vlo, si dze aɖaŋu la, ado.
24 Ŋusẽ anɔ eŋu, ke menye to eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ me o:
Papa le nublam kple xexeame ƒe adzɔwo, ɖoɖowɔhawo, kpakple xexeame kplɔlawo azɔ be yeatsɔ like; amesiawo ƒe tatɔ nye Yuɖa nyɔnu aɖe si woyɔ be Aƒenɔ Lynn Forester de Rothschild.
…ke atsrɔ̃ nu eteƒe makɔ o, adze edzi nɛ, awɔnu, eye atsrɔ̃ ŋusẽtɔ kple dukɔ kɔkɔe la.
25 Eƒe asi ana alakpadada nadze edzi nɛ le eƒe ayedzedze ta;
Nɔvi. Branham gblɔ be “alakpadada” nye nu kpawɔ.
…ado eɖokui ɖe dzi le dzi me, eye wòatsrɔ̃ ame geɖewo le vo me: ado eɖokui ɖe dzi ɖe aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ la ŋu, ke woagbãe gudugudu, ame ƒe asi manɔmee.
Nɔviŋutsu Branham gblɔ be eyae nye ƒe etɔ kple afã ƒe titina.
Azɔ, ne ga katã ɖo eƒe kpɔkplɔ te la, “Ke agbã nubabla kple Yudatɔwo,” abe alesi Daniel gblɔ le afisia be awɔe ene, le Daniel ƒe, ” kwasiɖa blaaɖreawo ƒe afã mamlea titina.” Ke azɔ, nɔviŋutsu, nuka wɔge wòala? Xexeame ƒe dɔwɔwɔ kple asitsanyawo katã anye eyama tɔ, nusi anye dzoɖuɖu kple xexeame, elabena xexeame kesinɔnu wo katã anɔ esi, keŋkeŋ. Ke ɣeyiɣi ma mee, nyagblɔɖila eve mawo woava kpea dzi le eye woayɔ ame akpe alafa ɖeka blane vɔ enea wo. Ke nuka adzɔ? Emegbe la Nyaɖeɖefia 13, ƒe lã la ƒe dzesi, ado, elabena xexeame ƒe asitsanya kple dɔwɔwɔ, kpakple nuwo katã le esi me. Ke nukae agadzɔ emegbe? Lã la ƒe dzesi ado, alebe, “Amea ɖeke magate ŋu adzra nu alo aƒle nu o, negbe amesi ŋu lã ƒe dzesi le la ko.”
Satana ate ŋu do vɔvɔ̃ na wò le ɣeyiɣi sia me eye nàbia ɖokui wò be, ɖe nye hã maxɔ lã la ƒe dzesi aa? Mína míakpɔ nusi míaƒe nyagblɔɖila gblɔ na mí la ɖa:
Mikpɔa, mate ŋu ava me kpɔ gbeɖe, kura kura ŋutɔ, be Ametiatia na xɔ esia o. Mate ŋui o, mikpɔea. Elabena awɔ nuka? Mikpɔea? “Ke aka ɖe Ʋu ƒe Nubabla la dzi…” Azɔ, mikpɔea, ne wotia eyama eye wòle hatsotsoa me la, mateŋu xɔe o. Mateŋu xɔe kpɔ gbeɖe o.
Woakafu Aƒetɔ la ƒe Ŋkɔ, míate ŋu xɔe KPƆ GBEƉE O, míele “HATSOTSO LA ME!” Míate ŋu gbɔɖe me esime míaɖo ŋku Kɔkɔdzoe gã si Mawu wɔ na míaƒe nyagblɔɖila, kuɖe alesi woava tɔ ɖe teƒe ma kple mí katã gbemagbe ŋu, elabena Eyae ana akɔŋta ɖe mí katã ŋu. Egblɔe na mí hã kuɖe alesi wòate ɖe Eyama ŋu gbã, eye woatsɔ Nya si wòɖe gbeƒã na mí la adrɔ ʋɔŋu eyama.
“Ɖe amesiame awɔ esia a? Ɖe Paulo hã atɔa?” Eɖoŋu be, “Ɛ̃, Paulo hã tɔ, kple eƒe hatsotso si wòɖe gbeƒã na.” Mexɔ edzi be, “Meɖe gbeƒã Gbedasi si tututu ehã ɖe gbeƒã.”
Eye ame milion mawo de woƒe asiwo ɖe dzi hegblɔ be, “Míedzudzɔ ɖe Esia dzi!”
Va, eye na de wò asiwo ɖe dzi eye ná dzudzɔ kpli mí Kwasiɖagbe ga 2:00 wole me, Jeffersonville ƒe game, ne míase: Ɖetugbui Ewoawo, Kple Yuɖatɔ Akpe Alafa Ɖeka Kple Blane Vɔ Eneawo 60-1211m.
Nɔvi. Joseph Branham
Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ le dzadzraɖo me na mawunya, “Ɖetugbui Ewoawo, Kple Yuɖatɔ Akpe Alafa Ɖeka Kple Blane Vɔ Eneawo,” ƒe sese woenye esi.
Mose II 21:1-6
Daniel 7:8-12
Mateo Kɔkɔe 24:24, 25:1-13
Efesetɔwo 4:30
Hebritɔwo 6:4-8
Nyaɖeɖefia 7:1-4, 7:9-17, 13:15-18, 14:1