23-0528 Sardes Hame Ƒe Agbenɔɣi La

Gbedasi: 60-1209 Sardes Hame Ƒe Agbenɔɣi La



BranhamTabernacle.org

Lɔlɔ̃tɔ Dzedzetɔwo, Ame Dzɔdzɔewo,

Hɔ̃wo, ɖe miele klalo be yewoaƒo ƒu Kwasiɖagbe sia be yewoase Yesu ƒe Gbe vivi la aƒo nu na mi ahagblɔ be:
“Miedze.” “Tɔnye ye mienye.” “Mienye ame dzɔdzɔewo.” “Miazɔ kplim le awu ɣi me.” “Woŋlɔ miaƒe ŋkɔwo ɖe Dziƒo.”

Esiawo menye nye nyawo o, ke boŋ wonye mía Fofo si le Dziƒo la ƒe Nya siwo tututu le nu ƒom na MI, Eƒe Ŋugbetɔ tiatia la. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gava ake eye wònɔ agbe le amegbetɔ ƒe ŋutilã me, ale be wòate ŋu aƒo nu ɖe to me na Eƒe Aƒenɔ tiatia le Nya wɔnuku siawo me.

Ewɔ nuku ŋutɔ be mase wo tso gbɔnye, alo amesiame si agblɔ be “Yesu gblɔ be” gbɔ, gake be mase EYAMA wòaƒonu to Eƒe Gbe tiatia dzi; esi Wògblɔna na wò tsã, tɔxɛ la…ɖeko naneke meli si lolo wu ema o.

Gbe geɖewo li siwo Mawu zãna tsɔ tsɔa Eƒe Nya la vaa xexeame. Etia wo eye wòɖo wo ɖi be woanye yayra na xexeame kple Yeƒe Ŋugbetɔ la.

Esime Yesu nɔ anyigba dzi afisia le amegbetɔ ƒe ŋutilã me la, etia ŋutsuwo hã, Eƒe apostolowo, be woadze Yeyome eye woaƒo nu le nu siwo wokpɔ be woɖo hoho ɖe wodzi eye wose la nu. Ŋutsu siawoe Wòdɔ ɖa be woakaka nyanyui la, du nyui si nye be Mesia la va; Enɔ afima, le anyigba dzi kpli wo. Edɔ wo eve eve be woaɖe gbeƒã Nya Gã sia eye woahe amewo katã ava Eɖokui gbɔ.

Esi Wòƒo wo nu ƒu le zã ɖeka me la, Ebia wo be, “Amekae wogblɔ be Menye?” Woɖo eŋu be, “Ame aɖewo gblɔna be Wòe nye Eliya; ame aɖewo gblɔna be Wòe nye Yohanes Amenyrɔ̃la.” Ke Egblɔ be, “Gake amekae GBLƆM miele be Menye?” Emegbe Petro gblɔ nya gã mawo be, “Wòe nye Kristo, Mawu gbagbe la ƒe Vi.” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Petro, ŋutilã kple ʋu meɖe esia fia wò o, ke Fofonye Si le dziƒo la ɖe esia fia wò, eye le Kpe gbadza (Nyaɖeɖefia) sia dzie Matu Nye hamea ɖo.”

Xexeame kli nu le nya ɣaɣla gã sia ŋu kpeɖo. Ame aɖewo xɔe se be Petroe gblɔm Wònɔ. Ame aɖewo xɔe se be kpe aɖee nɔ afima. Ame aɖewo xɔe se be Yesue. Gake to Nyaɖeɖefia, si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la tsɔ na mí me la, míenya be enye AMESI WÒNYE ƑE ƉEƉEFIA.

Le Yesu ƒe ku, eɖiɖi kple tsitretsitsi megbe, le Pentekoste ŋkekea dzi la, wodɔ wo ɖa be woayi ɖagblɔ nya gã sia na xexeame. Wogatia Petro ake be wòanye nyanuɖela eye wòayi ameawo ŋgɔ eye wòaɖe gbeƒã alesi woaxɔ Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. Egblɔ be, ele be miatrɔ dzime eye miaxɔ nyɔnyrɔ le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me.

Ðoƒe kae nye si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la tsɔ Petro ɖo. Ðeko míate ŋu asusu alesi amewo kpɔ eyama dzie. Ezɔ kple Yesu esime wònɔ ŋutilã me le anyigba dzi afisia. Enye Exɔlɔ̃. Enɔ Eƒe axadzi gbesiagbe. Ame si Wòtia be yeatsɔ Nyaɖeɖefia la ana. Gake Mawu tia AME BUBU be wòanye yeƒe nyagblɔɖila: Paulo.

Esi Petro va Antioxia be yeanɔ Paulo gbɔ la, enɔ nu ɖum henɔ nu nom kple Trɔ̃subɔlawo. Gake esi amewo ƒe ƒuƒoƒo aɖe tso Yakobo gbɔ va afima la, eɖe eɖokui ɖa eye wòvɔ̃. Paulo ka mo nɛ gaglãa le ame mamlɛawo ŋkume hegblɔ be mezɔ dzɔdzɔe le nyateƒea nu o eye ele be woabu fɔe. Nɔviŋutsu Branham gblɔ be Yudatɔwo ɖo hoho ɖe eyama dzi.

Nukae esia fia mí na egbea? Meka amesi wònye o. Aleke gbegbe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le wo si o. Ŋusẽ alo yɔyɔ kae le wo si o. ELE BE MIANƆ ANYI KPLE MAWU ƑE NYAGBLƆƉILA TIATIA ABE MIAƑE TƆƉOƑE ENE. ELABENA EYA, KE EYA ÐEKA YE NYE MAWU ƑE NYA GƆMEƉELA MAWUTƆ.

Esia metsi tre ɖe Petro alo Mawu ƒe nusrɔ̃la tiatia dometɔ aɖeke ŋu o, ɣemaɣi alo fifia o. Wotia wo be woakaka nyanyui la, gake Mawu tia AME ÐEKA ɖe Eƒe Hamea ŋu. Eya ɖeka koe nye Mawu ƒe nyagblɔɖila tiatia kple Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi, ke menye woawo o. Woɖo woƒe teƒe, gake NYAGBLƆƉILA ÐEKA le esi be wòaɖo Eƒe Hamea ɖoɖo me, kple Nya mamlɛtɔ na Eƒe Ŋugbetɔ la.

Esia ɖe alesi tututu wòle be míaɖɔ ŋu ɖo be míase Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe na míaƒe ŋkekea la fia mí. AMESI Wòtia be wòanye Eƒe Nya gɔmeɖela si tso Mawu gbɔ. Naneke megali Gã wu be nàse Eƒe Gbe wòaƒo nu to Eƒe dɔla dzi o; Eƒe Gbe si Wòtia la, ke menye míatɔwo o.

Míele ekpɔm le agbenɔɣiawo katã me alesi Mawu ɖo amehatsotso aɖe si wòtia be ANƆ KPLE YEƑE NYA kple Yeƒe gbedeasitsɔla tiatia la. Gbe Ma le gbeƒã ɖem amesiwo míenye na mí gbesiagbe, WO DOMETƆ ÐEKA.

Adɔ ɖɔɖɔɖowɔlawo ɖe Eƒe hame la, gake le ŊKEKE SIA me la, Edɔ Eƒe gbugbɔgaɖola ɖa; “Aƒetɔ ye gblɔe be, Magbugbɔe aɖo te, eye Matrɔ ɖeviawo ƒe dzi, elabena nu geɖewo le asinye magblɔ na mi le Nye Gbe ƒe ŋkekeawo me.”

Míele miakpem be miava se Gbe ma kpli mí, Kwasiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime Wòle nu ƒo ge na mí hele Nyateƒe kple alakpa hame la fia ge mí le: Sardes Hame Ƒe Agbenɔɣi La 60-1209 me.

Nɔvi. Joseph Branham