Gbeƒãɖeɖe: 62-0311 Aʋa Gã Kekeake Si Womewɔ Kpɔ O La
Mixa lɔlɔ̃tɔwo,
Aʋa gãtɔ kekeake si womewɔ kpɔ o la le klalo fifia be yeadze dɔwɔwɔ gɔme. Mawu le Eƒe asrafo nyuietɔwo kekeake tiam ƒe akpe ade kple edzivɔe nye si, eye woɖo mi ɖi do ŋgɔ hetia mi be mianɔ Eƒe Aʋakɔ Gã la me.
Enɔ awu dom na mi, eye wònɔ hehe nam mi, ke aʋa la ɖo azɔ, hele gbesɔsɔ be yeadze egɔme. Menye ɖeko wòtia mi be mianɔ Eƒe Aʋakɔ Gã la me ko o, ke boŋ etia mi be mianye Mixa nyagblɔɖila le Eƒe aʋakɔ la me.
Ɣeyiɣia de, ŋkekea de; miele hehe xɔ ge tso Dzosɔti la Ŋutɔ gbɔ tẽ be miaɖu futɔ ɖesiaɖe dzi. Miele mɔfiame tɔxɛwo xɔ ge, Nya ɖe Nya ɖe dzi, le nusi miawɔ atsɔ atsrɔ̃ gbɔgbɔ vɔ̃ ɖesiaɖe ɖa ŋu. Aƒo ya dɔléle ɖe sia ɖe kple abosam ɖe sia ɖe si ava ŋgɔ na mi la ɖa. Naneke mate ŋu atɔ ɖe mɔ dzi na mi o.
Le hehe tɔxɛ sia megbe la, woatsɔ Eƒe Nya la atɔ kpɔ ƒo xlã mi ale gbegbe be mianya vɔ̃wo katã ɖa. Mianya nyaŋububu ɖa. Mianya aʋatsodzixɔsewo ɖa. Mianya dzimaɖitsitsi ɖa. Mianya dɔlélewo ɖa. Mianya nuvɔ̃ ɖa. Miase egɔme be miele wo tame, wofɔ mi ɖe tsitre le Kristo Yesu me, miebɔbɔ nɔ anyi ɖe Dziƒo nutowo me, kple abosam ɖesiaɖe le miaƒe afɔ te. Miase egɔme bliboe eye MIAXƆE ASE be mienye Nya la.
Anɔ hehe nam mi le nusiwo ŋu mianɔ ŋudzɔ ɖo. Afia mɔ mi be ne miaƒe futɔ ate ŋu ana miaxɔe ase be miaƒe Aʋawɔnua ŋu mesẽ kakaka o la, age aʋawɔnua le asiwò.
Gake míaɖo ŋku míaƒe hehexɔxɔ dzi, asrafowo, eye míagblɔ na abosam ma be: Menye míawoe o, míenye naneke o. Míaƒe aʋawɔnu nye Mawu ƒe Nya eye Aɖu Abosam ÐESIAÐE dzi, ɣeyiɣi ɖesiaɖe, teƒe ɖesiaɖe, elabena EƑE NYA ye, EYE ENA HEHE MÍ HEÐE FIA MÍ BE MÍENYE EƑE NYA SI WOWƆ WÒZU ŊŨTILÃ. ALEA, woate ŋu aɖu mía dzi o, míenye MAWU ƒe aʋakɔ si dzi womate ŋu aɖu o.
Ŋkeke gãtɔwo dometɔ ɖeka le xexeame ƒe ŋutinya me le eme va ge le Kwasiɖagbe sia. Eƒe Mixawo awɔ ɖeka tso xexeame ƒe akpa vovovowo le woƒe Aʋafia gã la ƒe Gbe te, afisi míabla ɖe du ale gbegbe le ɖekawɔwɔ me, ɖikeke ƒe vɔvɔli ɖeke manɔ afi aɖeke o me.
Ekema, ne míaxɔe se ko, EYE MÍEXƆE SE HÃ, ame gbɔdzɔ aɖeke manɔ xexeame godoo o. Ne míate ŋu aɖɔ nu ma koŋ ɖo la, anye ne ame aɖeke manɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dim eye Maxɔe o, eye luʋɔ kple ŋutilã siaa ƒe dɔyɔyɔ kpata anɔ anyi, ne ɖeko míalé míaƒe tsitrenɔƒewo me ɖe asi. Fifia yenye ɣeyiɣi la. Míawoe nye ameawo. Mawu ƒe Gbɔgbɔ do aflaga dzi ɖe abosam ɖe sia ɖe ŋu; míenye WO DOMETƆ ÐEKA eye naneke meli si atɔ mí te o!!
Míeku na míaƒe nyanyananuwo, míeku na míaƒe nyaŋububu, míeku na nu mawo katã. Míaƒe agbe ɣla eye woɖi mí ɖe Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me, eye wofɔ mí ɖe tsitre Kplii. Eye afisiafi si Wòle la, afimae míawo hã míele.
Míetsɔ adɔ̃ ɖe míaƒe mɔ do goe, abosam, to wò ƒoƒo me kple, “ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI. ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI. ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI.” Míele ya fafɛɛ aɖe ƒe ʋeʋẽ sem mlɔeba. “Ale AƑETƆ LA GBLƆ ESI.” Míawoe nye esi va abosam, míedo míaƒe ta ɖe xexe. “Ale AƑETƆ LA GBLƆ ESI, WOƉU DZI WÒ.”
Nukae míetsɔ ɖua abosam dzi?
Nya la!
Mina míagblɔe be; Nya! Nya! NYA!!
HEHENANA ƑE MƆFIAME BUBUWO
Fifia ne futɔ la ƒo ɖe dzi wò eye wòle agbagba dzem be yeagblɔ be ele be nàwɔ esia, ele be nàwɔ ema, mènyo o, mèdze o, mèkpɔ dɔyɔyɔ o, wò kuxi mawo ke kpɔtɔ le ŋuwò. Nukae wɔ ge nàla?
“Te ɖa le gbɔnye.” Kpam! Èlãe ɖa kple Nya la. Eɖanye gbɔgbɔvɔ̃ o, eɖanye futɔ o, eɖanye dɔlélé o, eɖanye lãmegbegblẽ o, ɖesiaɖe si wònye la, tsɔ Nya ma eye nàhe Esia vɛ kple Yi la. Eye ne exlã nu nɛ zi gbãtɔ, eye mewɔ sigbe yeaʋã o la, xlã nu nɛ ake, eye gaxlã nu nɛ ake, eye nagaxlãe nɛ.
Ðeko míelɔ̃na ɖe Nya la dzi le gɔmeɖoɖo sia nu be, “Mawu gblɔe nenema,” eye wòana tɔsisi aɖe anɔ mía Kple Eyama dome. To ɖesiaɖe ʋu le mía dome. Míegblɔna be, “Nyemenya ɣekaɣie wòasu asinye o, gake asu asinye. MAWU GBLƆE NENEMA. Ðikeke ɖesiaɖe BU…míele ɖi kem le míaƒe ɖikekewo gɔ̃ hã ŋu.”
Míetsia tre ɖe abosam ŋu eye míelɔ̃na ɖe Mawu ƒe Nya la dzi. Ne mese seselelãme aɖe, alo seselelãme aɖeke mele ŋunye o, nuka kee ɖadzɔ o, Mawu gblɔe nenema. Emae ɖɔnɛ ɖo.
Miwɔ ɖe gbeɖeɖe siawo dzi, asrafowo, vaseɖe ŋɔŋlɔdzesi la dzi. Migbugbɔ gblɔ Nya siawo ne futɔ la ƒo ɖe mia dzi. Menye miaƒe Nyawoe wonye o, wonye EƑE NYAWO, EYE EƑE NYAWO MATEŊU ADA ƑU O. Ena ŋusẽ mí be míazã Eƒe Nya la to mí wɔwɔ Eƒe Nya me. Ne Satana ƒo ɖe mia dzi la, mixlẽ miaƒe gbeɖeɖeawo nɛ.
MÍAƑE AƲAFIA ƑE MƆFIAMEWO
Nusi tututu medi be miawɔe nye esi.
Mibugbɔ gblɔ adzɔgbeɖeɖe sia eye miaxɔ Nya ɖesiaɖe dzi ase hena gaɖeɖe blibo.
“Satana, te yi ɖa! Mele dodo ge le afisia.” Nenemae. “Nyemagamlɔ anyi ɖe afisia, ake o. Nyemaganɔ afisia, azɔ o. Nyemegale abosam xoxoe sia ƒe anyigba dzi nɔ ge azɔ o. Mele adɔ̃ tɔmi be mado go, ŋdi sia. Amen. Hɔ̃e menye.” Amen! Aleluya!
Emegbe la medi be miawɔ esia:
Nɔ eƒom kple, “ALE AƑETƆ GBLƆ ESI. ALE AƑETƆ GBLƆ ESI. ALE AƑETƆ GBLƆ ESI.”
Ʋu agbo ɖe wò susu me, gblɔ be, “Wò Nya la nye nyateƒe.”
“Aƒetɔ, nyemele alesi mele sesem le lãme la gbɔ kpɔ ge o, nusi amea ɖe ŋutɔ agblɔ la o. Metɔ te wo, megbã nye toawo katã, dziɖeleameƒowo katã, ɖikekewo, kple dzimaxɔsewo si le menye. Seselelãme ɖesiaɖe si nɔ menye kpɔ, dɔlélé ɖesiaɖe si melé kpɔ, kple nu bubu ɖesiaɖe si va dzinye kpɔ la, megblẽ wo katã dome. Mezɔ to numawo katã ŋuti. Mezɔ va nye gbɔgbɔ la gbɔ tẽ.
Wò XƆSE adze egɔme anɔ dzi yim ɖe dzi wu. Ekema gblɔ Nɛ bena: Oo Aƒetɔ, ɖi va. Ègblɔ be Yewɔm amesi nu lɔlɔ̃nu faa le.”
“Eyae nènye, Vinye.”
Esɔ gbe, meʋu nye dzi kple nye susu hã.
“Ge ɖe eme, Aƒetɔ Yesu.”
Ke lé Xɔse, si nye Gbɔgbɔa ƒe Yi ma, ALE AƑETƆ GBLƆ ESI.
Do ɣli be, “Aleluya!” Amen.
Eye nàlã futɔ ɖesiaɖe si le ŋgɔwò. Amen. Afima nua le. Lã futɔ ɖesiaɖe. Ne—ne gbɔgbɔ dziŋɔ̃ xoxoe ma na be èse nuwo keŋ le ɖokuiwò me la…Lã numa ɖa, kple Aƒetɔ ƒe Nya.
WÒ MƆFIAME MAMLEAWO ASRAFO.
GBLƆ NA FUTƆ LA be:
“Te ɖa le gbɔnye.” Kpam!
Èlãe ɖa kple Nya la. Eɖanye gbɔgbɔvɔ̃ o, eɖanye futɔ o, eɖanye dɔlélé o, eɖanye lãmegbegblẽ o, ɖesiaɖe si wònye la, tsɔ Nya ma eye nàhe Esia vɛ kple Yi la. Eye ne exlã nu nɛ zi gbãtɔ, eye mewɔ sigbe yeaʋã o la, xlã nu nɛ ake, eye gaxlã nu nɛ ake, eye nagaxlãe nɛ. Ke nɔ exlãm nɛ vaseɖe esi nàŋɔ̃ do ɖe eme, abe koklovi si le mɔ dim na eɖokui be yeado go ene; alo hɔ̃ aɖe ene, eyae nènye. Wò ŋutɔ ŋɔ do nàdi mɔ ado le dɔlélé ƒe tsro xoxoe ma me. Ŋɔ mɔ na ɖokuiwò, eye nàgblɔ be, “Aleluya!
Ekae kplɔe ɖo?” Amen. Aʋa lae nye ma. Emae nye asrafo. Emae nye atitsoga srafo la. Ɛ̃, amegã. Ƒo futɔ ɖesiaɖe ƒu anyi. Nukaŋutie? Nukaŋutie?
Mí, amesiwo woɖo ɖi, Abraham ƒe fia ƒome Nukua.
Ŋutikɔkɔe, woɖu futɔ ɖesiaɖe dzi. NANEKE meli si ate ŋu anɔ te ɖe Mawu ƒe Nya la ŋgɔ o, eye míenye Mawu ƒe Nya. Míenye Eƒe Fiaƒome Nuku eye ŋugbedodo ɖesiaɖe nye MÍATƆ.
Ŋkekea ɖo, Ŋugbetɔ la xɔ Nya ɖesiaɖe dzi se eye wòle zɔ ɖem ɖe Edzi. Míedzra Mía Ɖokuiwo ɖo to Eƒe Nya sese kple edzixɔxɔse me.
Ne nane hiã wò, ne èdi be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nayɔ ye fũ, ne èdi be woayɔ dɔ ye, ne èdi be woanya abosam ɖesiaɖe do goe, ne èdi be yeanye Kristo ƒe Ŋugbetɔ la, fifiae nye ɣeyiɣia, Eƒe Gbe sese kple edzixɔxɔse yenye teƒea.
Ne èle nusiawo dim eye nèdi be yeanɔ Aƒetɔ la ŋkume, ate ɖe eŋu wu alesi nèle la, va wɔ ɖeka kpli mí Kwasiɖagbe le ŊDƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míaƒe Aʋafiagã si xɔ ka ɣletivi ene le mɔfiame na ge Eƒe Ŋugbetɔ Mixa sesẽ la alesi wòaɖu abosam ɖesiaɖe, futɔ ɖesiaɖe dzi, be wòavo, eye nàyɔ fũ kple Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe, eye nànɔ klalo na Eƒe Vava kpuie.
Nɔvi. Joseph Branham
Gbedeasi: Aʋa Gãtɔ Kekeake Si Womewɔ Kpɔ O La. 62-0311
Ŋɔŋlɔawo:
Petro I, 5: 8-10
Efesotɔwo 6:10-17
Daniel 12: 1-7