21-0228 Nutrenu Adelia

Gbedasi: 63-0323 Nutrenu Adẽlia

PDF


BranhamTabernacle.org

Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu

27/02/2021

Alẽ Lɔlɔ̃awo Si Woyɔ Be Ŋugbetɔ,

Alegbegbe míaƒe dziwo dzo kpo kple dzidzɔ esime Hɔ̃WO ƒoƒu le xexea katã me hese Mawu ƒe Gbe ƒo nu na mí zi ɖeka ake hegblɔ na mí be, “”Megahĩa be woalala o. Nyabiabia ameɖokui se megahĩa o. Nusianu le mevam ko tututu abe alesi megblɔ na mi be awɔ ene. ŊKEKE LA VA ƉO NYE ŊUGBETƆ!”

Dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe numekuku aɖe ɖo kpe Edzi na xexeame. Nya ƒe kpeɖodzi ɖo kpe Edzi na Eƒe Ŋugbetɔ la. Ɖeɖefia Sia tso Mawu gbɔ, eye Nyateƒe la Wònye! Ŋkeke si míedi vevie la le AFISIA. Le yeɣiyi ɖesiaɖe me fifia la míakpɔ, ame kɔkɔewo siwo le alɔ̃ dɔm hele mɔkpɔm hele didim vevie be yeawoa nɔ anyi kpli mí, kple míaŋutɔ ƒe ŋkuwo. Vifofowo…vidadawo… nɔviŋutsuwo kple nɔvinyonuwo, nyagblɔɖila ŋutɔ gɔ hã adze. Woadze le míaŋutɔ ƒe ŋkuwo me aɖa gblɔ na mí be, “ɣeyiɣi la VA ƉO. Ede. Wodzra nusianu ɖo na míaƒe srɔ̃ɖeŋkekenyuie la.”

Trɔ̃subɔlawo ƒe ŋkekewo le xexle, kple nu dziŋɔ geɖewo. Xaxa ƒe yeɣiyi la gogo ŋutɔ na wo. Gake míele ƒuƒom ɖe du kple Nya la, hele Eƒe Gbe sem esime wole Nutrenuawo ʋum, hele dzadzraɖo wɔm be míadzo yi yame.

Mawu ƒe alẽwo míenye eye míede dzesi amesi Wònye kɔtɛ esime wozu ŋutilã hetsɔ míaƒe nuvɔ̃wo katã yiɖe Kalvaria. Míede dzesi amesi Wònye le míaƒe agbenɔɣi la me kɔtɛ, Nya si dzɔ hezu ŋutilã ake. Ke azɔ la míede dzesi Eƒe ɖeɖeɖego mamletɔ, amesiwo MÍENYE, Eƒe amesiwo woxɔƒle, Ŋugbetɔ Nya dzadze si wotso afia na, Mawu si xɔ anyi nɔ ɖe míaƒe ŋutilã me.

Egblɔ nusi wòdze be míawɔ be míanye Nya Ŋugbetɔ ma. “Nye alẽwo Nyam eye womele ame tutɔ aɖeke yome dze ge o.”
Migadze ame tutɔ mawo yome o. Ele be wòanye ŋkeke la ƒe dzesi si dzi woɖo kpe, gake Nye alẽwo woakpɔ Esia aɖa Xɔese.”

Nya gblɔ bena míele agbe le Hɔ̃ ƒe agbenɔɣi me: Gbeɖiɖia Ƒe Ŋkekewo Me. Míawoe nye amesiwo xɔ Nya blibo la kple Ɖeɖefia Vavã Tɔ la. Míede dzesi be mɔnu ɖeka koe li nɛ Ŋugbetɔ la nazu blibo, edze be mianɔ anyi kple GBE ma. Gbe ma Ɖeka koe ate ŋu wɔe be Eƒe Ŋugbetɔ la ade blibo.

Gake, amesiwo katã ƒe ŋkɔwo le Agbe ƒe Agbalẽa me la, Mawu ayɔ wo. Wole Ese ge. “Nye alẽwo sea Nye Gbe,” nenema Yesu gblɔ. Nu ɖeka si wòle be míawɔ lae nye alẽwo ƒe yɔyɔ. Gbɔ̃tsuwo menya Esia o. Mide dzesi. Gake, mikpɔea, alẽwo ƒe yɔyɔ, “Nye alẽwo sea Nye Gbe.’ Nuka ta? Nukae nye Gbe la mahã? Medi be magblɔ nusi nye Gbe la na mi. Gbe nye gbɔ-nye gbɔgbɔme dzesi.

Míate ŋu dze ame tutɔ yome o, edze be wòanye ŋkeke la ƒe Gbe si nye gbɔgbɔme ƒe dzesi ma si dzi woɖo kpe. Menye gbewo o, GBE. GBE ƉEKA koe li, eye edze be NÀZI PLAY AƉASE EYE AWƆ ƉE NYA SIA NYA DZI.

Esia ɖia ame geɖewo nu, gake menye Eƒe Ŋugbetɔ o. Amekae ʋu Nutrenuawoo? Nyagblɔɖila. Amekae woɖe nyaɣlaɣlawo katã fiaa? Nyagblɔɖila. Ameka si Nya siwo medana ƒu o le na míaƒe ŋkeke laa? Nyagblɔɖilae. Ameka ƒe Nya dzie Ŋugbetɔ la gblɔ be, “míedzudzɔ ɖe NYA SIA NYA DZI mahã?” Nyagblɔɖilae.

Ŋugbetɔ la le dzudzɔm ɖe Nya sia Nya si Gbe la ɖe gblɔ to Eƒe nyagblɔɖila kple dɔla 7lia dzi. Ne Ŋugbetɔ si woɖo ɖi si wòkpɔ be edo ɣli hegblɔ be míedzudzɔ ɖe nya sia nya si nègblɔ dzi la, ekema mɔnu ɖeka koe li be woanye Eƒe Ŋugbetɔ xɔ̃ nye, edze be nase GBE MA.

Eye mele egblɔm na mi, ŋdi aɖe me esime Yesu kple Eƒe Ŋugbetɔ woagbɔ va anyigba dzi la, Mawu ƒe paradiso anɔ afima. Ema, o, míatɔwo, aʋawɔla xoxo mawo si wotso aʋagbe dzi, woazɔ to afima kple woƒe xɔ̃wo kple woƒe lɔlɔ̃tɔwo. Dziƒo Dɔlawo ƒe Hagbewo, woayɔ yame fũ. “O, edɔa nyo, Nye subɔla nyuie kple nuteƒewɔla. Geɖe Aƒetɔ la ƒe dzidzɔwo, si wodzra ɖo ɖi na wò, abe alesi wòle be wòanɔ na wò hafi Xawa na bɔlua dze mimli le nuvɔ̃ me” la me. Amen! Whew! Ẽ.

Va tu mí Kwasiɖagbe le 2 wole me, Jeffersonville ƒe game, eye míawɔ ɖeka le Gbe si Mawu tia be yeatsɔ yɔ Eƒe Ŋugbetɔ la doe ŋu, aɖase Nutrenu Adelia 63-0323.

Àte ŋu susui le ɖokuiwò me be, gblɔe ɖe ko nenemaa? Nuɖoɖo lae nye Ẽ, enye MAWU LE GBLƆENYENYE me. Se nusi gblɔm Eƒe Nyagblɔɖila le eye xɔ Nya sia nya dzi se. Mawu gblɔ na eyama be, “Na amewo naxɔ dzi wò ase!”

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na Gbedasi la ƒe sese:

Mose II 10:21-23
Yesaya 13:6-11
Daniel 12:1-3
Mateo 24:1-30
Mateo 27:45
Yohanes Kɔkɔe 10:27
Nyaɖeɖefia 6
Nyaɖeɖefia 11:3-6