22-0306 Nutrenu Adelia

Gbedasi: 63-0323 Nutrenu Adelia



BranhamTabernacle.org

Mawu Ƒe Alẽ Lɔlɔ̃awo,

Nu gã wu kae wòagate ŋu anye, dukɔ kpɔ gome wu kae míagate ŋu anye, wu be fiawo dzi Fia, aƒetɔwo dzi Aƒetɔ la anɔ míaƒe ŋkumee?

Mibu eŋu ko. Fiawo dzi Fia, aƒetɔwo dzi Aƒetɔ la li kpli mí. Eɖe fia mí be MÍEVA ƉO.
Míele afisia! Ɖeɖefia si Wòtsɔ na mí la tso Mawu gbɔ. Nyateƒe Wònye. Míenye Eƒe Ŋugbetɔ Alẽ tiatia la.

Míesea Eƒe lɔlɔ̃ letawo kɔsiɖa sia kɔsiɖa gblɔna na mí be:
“Nye Alẽvi lɔlɔ̃awo, meyɔ nye alẽwo. Gbɔ̃wo Menyae o, gake miawo la miede Dzesie. Mietsi nuteƒewɔlawo, elabena Nye alẽwo Nyam eye womadze ame tutɔ aɖe yome o. Elebe wòanye Nye gbɔgbɔme Gbe ƒe dzesi ƉEƉEKO.”

Miedze ahĩa ƒo xlã alo kpɔ amebubu dzi ŋutɔ gɔ hã o; mietsi nyateƒetɔ na Nye Gbe. Miawoe nye Amesiwo menɔ lalam kpɔ. Menyae be wole fe ŋu ɖum le mia ŋu eye wose mi gɔme baɖa, gake megblɔ na mi magatrɔ gbɔ ɖe mia ta ne mie NƆ ANYI KPLE NYE NYA LA, eye miewɔe. AZƆ MIAWO TA MEGBƆNA ƉO abe alesi medo ŋugbe be Mawɔ ene. Nya si mienɔ tsi wume la gbɔna be yeakɔ mi yi Míaƒe Aƒe Yeye la me.

Bubuwo mate ŋu aɖo ɖeɖefia si le míasi o faa eye woagblɔ be míele bubu dem ame ŋu; alo míele ame subɔm ke menye míaƒe Aƒetɔ la o. Alegbegbe ŋku gbã na woe. Ne nenema wòle nyateƒetɔe la, ekema Kristo Ƒe Ŋugbetɔ si le ɣeyiɣi ƒe xɔmetsovɔ la godo hã tɔ medzɔ o ɖe.

Esime nyagblɔɖila kpɔ Ŋugbetɔ la si nɔ du sim va eyama gbɔ hele gbɔgblɔm be, “mía nɔviŋutsu xɔasi “, la wokɔ eyama hedae ɖe Teƒe Kɔkɔ aɖe. Nuka…ɖee Kristo ƒe ŊUGBETƆ la nɔ bubu dem nyagblɔɖila ŋu to eyama dada ɖe Teƒe Kɔkɔ aɖe dzia? Ɖee miele gbɔgblɔm be medze be woawɔ ema hafi oa?

Ekema ema megbe la, Ŋugbetɔ la katã nɔ tsitre ɖe afima le woƒe awu ɣi ʋlayawo me eye wodze ɣlidodo sesiẽ be, “Ɖee mèyi kple Nyanyuie la o la, anye ne míanɔ afisia o.” Ɖee me yi o la anye ne womanɔ afima oa?

Emegbe la Gbe aɖe ɖi tso dzi gblɔ bena wole ʋɔŋudrɔ̃ge mí kple NYA si wòɖe gbeƒã na mí la, eye emegbe la aɖo mí Eyama ŋkume. Gbe la megblɔ be wole ʋɔŋudrɔ̃ge mí kple nusi ame bubu aɖe gblɔ o alo nusi gɔme ameaɖe ɖe be wògblɔ la o, boŋ kple nusi wògblɔ la. Emegbe la aɖo mí Eyama ŋkume.

Mina maxɔ vovokpɔkpɔ aɖaƒonu le Ŋugbetɔ ƒe akpa si ɖo Ɖeɖefia ma ke si meɖo la ƒe ŋkɔ me, eye magblɔ alesi sem míele le míaɖokuiwo me. Ne wole ƲƆŊUDRƆGEMÍ, eye míaƒe DZEƑE MAVƆ la kuɖe Mawu ƒe Nya si wogblɔ to Eƒe nyagblɔɖila dzi ŋu la, ekema ɖeko wòle be míase Nya ma ƉEƉEKO tso Mawu ƒe Gbe me na míaƒe ŋkeke la. Míateŋui o, eye míele míaƒe dzeƒe Mavɔ dzudzɔ ge ɖe nusi gɔme ɖem ame bubu aɖe le, alo le gbɔgblɔm dzi o, negbe nusi WÒGBLƆ LA. MAWU ƑE GBE ƉEƉEKO MÍATE ŊU ASE, eye William Marrion Branham yenye MAWU ƑE GBE ƉEKA la…MAWUE GBLƆE NENEMA.

Medze agɔ le miadzi le esia gbɔgblɔ me, mitsɔe kem, gake, mese le ɖokuinye me be ate ŋu ana ame nado dziku, gake, menye Mawu ƒe Gbe na mi.

Eyata dzi le míadzɔm eye míede akpe na Aƒetɔ la be míele nuwɔm ko abe alesi Ŋugbetɔ la nɔ ewɔm le go kemea dzi ene. Ŋutikɔkɔe la Katã, Bubu kple Kafukafu neyi na míaƒe AƑETƆ YESU KRISTO ƉEKA KPLE ƉEƉEKO. Abe alesi Nyaɖeɖefia 22:9 ƒe nyagblɔɖila gblɔe na mí ene la, de ta agu na Mawu… EYAE WƆM MÍELE eye míelɔ̃a Eyama alegbegbe.

Gaƒoƒo la yi boo. Ŋɔŋlɔawo le me vam kaba wu alesi míate ŋu axlẽ nusiwo katã le dzɔdzɔm. Egbɔna na Eƒe Ŋugbetɔ la kaba. Xexeame le ɖeka wɔm. Ŋugbetɔ la le ɖeka wɔm. Wole kpe la ɖom na Kɔkɔdzoe la.

Míekafu Aƒetɔ la ɖe Mawu ƒe ameyɔyɔ siwo ɖea gbeƒã Nya la ta, gake mawunyagblɔlawoe, mida Gbe ma si wotsɔ le ʋɔŋudrɔ̃ge mi kple miatɔwo gbã ɖi. Miƒoƒu le miaƒe hameawo me aɖase Mawu ƒe Gbe ɖeka si dzi woɖo kpe la wòaƒo nu. Mizi Nyaƒoka dzi.

Míele amesiwo katã dzi be yewoava ageɖe Aɖakaʋu la me aɖakpɔ ɖeɖe kpli mí esime míawɔ ɖeka aɖase Mawu ƒe Gbe wòagblɔ Nya siwo wotsɔ le ʋɔŋudrɔ̃ge mí la kpem, le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game aɖase Nutrenu Adelia 63-0323.

Enye Alẽ Nuɖuɖu na Mawu ƒe Alẽwo. Wometsɔ naneke kpe o, womeɖe naneke le me o eye womeɖe naneke gɔme o, ALẼ NUƉUƉU dzadzɛ tsimatɔea ɖeɖeko.

Nɔvi. Joseph Branham.

Mose II 10:21-23
Yesaya 13:6-11
Daniel 12:1-3
Mateo 24:1-30
Mateo 27:45
Yohanes Kɔkɔea 10:27
Nyaɖeɖefia 6
Nyaɖeɖefia 11:3-6