23-0827 Nutrenu Adelia

Gbedasi: 63-0323 Nutrenu Adelia



BranhamTabernacle.org

Mawu Ƒe Nyagblɔɖila Ƒe Dukɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Mise, nane le asinye si medi be magblɔ na mi ko. Ɖeko wònyo alegbegbe, ɖeko wòle bibim le nye dzi me tututu. Mekpɔ mɔ be miaŋlɔe be o, mikpɔe. Mina magblɔ esia, le Eyama ƒe ŋkume. Le Eƒe amenuveve me la, Eɖemɔ nye hã mekpɔ tɔnyewo, eteƒe medidi o, le awuʋlaya ɣiwo me.

Tso Ɣedzeƒe Ƒuta yi Ɣetoɖoƒe, le dua katã me la, míele ƒuƒom ɖe du. Gaƒoƒo geɖewo ma míadome le game gome, gake míele du abe Mawu ƒe nyagblɔɖila ƒe dukɔ ene. Míenye AMEBABLA ƉEKA.

Esime Mawu ƒe nyagblɔɖila nɔ anyigba dzi le afisia la, teƒe gãtɔ kekeake, kple ɖeka si Ŋugbetɔ la dzi be yeanɔ la, yenye be yeawɔ ɖeka ɖe du le telefoni ƒe katsatsa me, anɔ lalam be yease gbe ma wòagblɔ be, “Ŋdi Na mi Xɔ̃nyewo.”

Alegbegbe wòadzro wo be yewoanɔ anyi ɖe nyaselawo do me le Eighth and Penn mɔ ƒe dzogoe dzi. Anye ne woato zã me dzidzɔtɔe le ʋutɔɖoƒe be yewoakpɔ zikpui aɖe ko, alo be yewoaɖo ŋutete anɔ tsitre aɖaziɔ ɖe gliawo ŋu hena gaƒoƒowo. Woadzra nusiwo katã nɔ wosi, abu woƒe dɔ, ɖee wòle bɔbɔe la alebe yewoakpɔ gome le takpekpe ɖeka ma me.

Woƒe agbea katã ku ɖe Nya ɖe sia ɖe si nyagblɔɖila gblɔ ŋu. Womedi be yewoada nane ƒu o. Togbɔ be wonya be gbeɖeka ŋutete anɔ yewosi be yewoaxɔ nyaƒoka la, wodi be yewoawɔ ɖeka kple Ŋugbetɔ la le ɣeyiɣi si me tututu Mawu ƒo nu to amegbetɔ ƒe nuɣiwo dzi le.

Woaƒe agbe yenye esi. Nusi wolala kpɔ kɔsiɖa ɖe sia ɖe yenye esi. Naneke meɖi nane na wò o negbe be yewoase Gbedeasi si ava le emegbe. Alegbegbe wokpɔa dzidzɔ ne wonyae, FIFIA, woɖo gomekpɔkpɔ be yewoase na yewoɖokuiwo, yewokatã le game ɖeka dzi, Nya ɖe Nya dzi, nusi Mawu ƒe dɔla nyagblɔɖila adrelia gblɔ.

Mawu ta mɔ aɖe. Edi be Yeƒe Ŋugbetɔ la newɔ ɖeka le Yeƒe Gbe ŋu. Edi be Yeƒe Ŋugbetɔ nese Yeƒe Gbe ɖe du wokatã le game ɖeka dzi. Enyae be Yeƒe Gbe si woɖe gblɔ to Yeƒe dɔla gbedeasitsɔla dzi lae nye Gbe ɖeka si awɔ Yeƒe Ŋugbetɔ la ɖeka.

Eƒe ɖoɖo gã la nɔ eme vam.

Pastɔwo tso Dukɔ Ƒoƒuawo me kpɔ gbɔ nyuie be yewoƒe hameawo woanɔ kame. Wolé Ŋutega la be NANEKE mele vevie wu be woase Gbe Ma o.

Nusi wofia woaƒe ƒuƒoƒeawo lae ma. “Mawu dɔ nyagblɔɖila aɖe ɖa kple Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi. Woɖo kpe edzi kple Dzo Lilikpo la. Mawu ƒe Gbe yenye esi na mi. Maleaxi 4, kple Nyaɖeɖefia 10:7 yenye esi.
Eyae nye amesi Mawu yɔ be wòakplɔ Ŋugbetɔ la. Nyagblɔɖila si ŋu megblɔ nu sia nu na mi le la yenye esi. Azɔ elebe míakatã míaɖoto eyama. Abe gbaɖegbe ƒe Yohanes ene la, elebe mayi to alebe Eya nayidzi.

Mawu ƒe ɖoɖo la kpɔtɔ le emevam. Ŋugbetɔ la KPƆTƆ le ɖeka wɔm le Eƒe Gbe ŋu. Gake fifia la míele ɖeka wɔm TSO XEXEA KATÃ ME. Kɔsiɖa ɖe sia ɖe la, Eƒe Ŋugbetɔ ƒe akpa aɖe lalana kple mɔkpɔkpɔ gã aɖe be yease Nya ɖe sia ɖe, woakatã le game ɖeka dzi.

Ɖewomahĩ míese Gbedeasi la zi alafawo tsã, gake fifia tɔ le na mí ko abe ZI GBÃTƆ ene. Míenyae be míele Ɖeɖefia GÃTƆ aɖe xɔ ge wu tsã.

Teƒe bubu aɖeke meli si míedi be míanɔ o. Naneke mele vevie wu o. Na míawo ya la, Eye nye Esia. Esiae nye Mawu ƒe ɖoɖo na MÍ. Gbe Sia le Eƒe Ŋugbetɔ yɔm, le ewɔm ɖekae hele ewɔm blibo…EYE MÍAWOE NYE ŊUGBETƆ MA.

Mele miakpem be miawɔ ɖeka kpli mí Kɔsiɖagbe sia, le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míawɔ ɖeka eye MÍASE Mawu ƒe Gbe esime Wòaɖe: Nutrenu Adelia 63-0323 fia mí.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ doŋgɔ na Gbedeasi la sese:

Mose II 10:21-23
Yesaya 13:6-11
Daniel 12:1-3
Mateo 24:1-30
Mateo 27:45
Yohanes Kɔkɔe 10:27
Nyaɖeɖefia 6
Nyaɖeɖefia 11:3-6