23-0903 Nyabiabia Kple Ŋuɖoɖo Le Nutrenuawo Ŋu

Gbedasi: 63-0324m Nyabiabia Kple Ŋuɖoɖo Le Nutrenuawo Ŋu



BranhamTabernacle.org

Nɔviŋutsu Branham Lɔlɔ̃tɔ,

Mexɔese kple nye dzi blibo be ènye Mawu ƒe dɔla gbedeasitsɔla Adrelia si wodɔ ɖo ɖa be wòayɔ Eƒe Ŋugbetɔ la do go. Ènye Mawu ƒe Gbe kple Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi na xexeame. Mexɔese be wòenye amesi Wòtia be yeaɖe Biblia me nyaɣaɣlawo katã fia. Mexɔ Nya ɖe sia ɖe si nègblɔ ɖe nyaƒokawo dzi dzi se.

Biabia aɖe le nye dzi dzi si medi be mabia wò. Ame geɖewo li alegbegbe, gbe geɖewo alegbegbe, siwo gblɔna nu vovovo geɖewo abe nuka wòle be míawɔ alebe míanye Kristo ƒe Ŋugbetɔ la ene. Medi be manɔ Eƒe Lɔlɔ̃nu deblibo me. Medi be Xɔse deblibo nanɔ asinye. Nyemetsitre ɖe ame aɖe ŋu o, gake medi be mase nusi gblɔm nèle.

Nukae ahe Ŋugbetɔ la ava ɖe du aɖana mí Kɔkɔdzɔe si míehĩa le Xɔse me?

Mexɔe se be, to Dziɖegbe Adremawo dzi la, wole ema ɖe ge afia le ŋkeke mamleawo me alebe woaƒo ƒu Ŋugbetɔ la ɖe du hena kɔkɔdzoe ƒe xɔse.

Nɔviŋutsu Branham, ɖee woɖe Dziɖegbe Adre siwo sɔ kple nyaɣaɣla adreawo fia vɔ xoxoa? Ɖee woɖewo fia le Nutrenu Adreawo me, gake womekpɔ na míenyae abe Dziɖegbewo ene oa?

O, woɖewo fia le Nutrenu Adreawo me; nusi kuɖe Dziɖegbeawo ŋu ema. Ele be woaɖe wo fia… Dziɖegbe Adreawo ɖe woƒe gbewo ɖe go eye ame aɖeke mate ŋu aɖe nusi wònye la ɖe go o…Yohanes nya nusi wònye, gake wogbe nɛ be megaŋlɔe o. Egblɔ be, “Gake dɔla adrelia, le eƒe gbeɖeɖe ŋkekewo me la, woaɖe Dziɖegbe Adreawo ƒe nyaɣaɣla adreawo afia.” Ke dɔla adrelia nye Hame ƒe Agbenɔɣi Adrelia ƒe gbedeasitsɔla.

Ŋutikɔkɔe na Mawu. Nye ŋuɖoɖo lae nye ma. Woɖe Dziɖegbe Adreawo ƒe nyaɣaɣla fia. Mawu ƒe Gbe le nyaƒokawo dzi kple si le Ŋugbetɔ la wɔm ɖekae ɖe du hele KƆKƆDZOE ƑE XƆSE nam mí lae, míehĩa.

Akpe na wò, Nɔviŋutsu Branham, be nèɖo nye biabia ŋu nam. Menyae be ŋuɖoɖo na biabia si meɖo ɖe nye dzi dzi la anɔ nyaƒokawo dzi.

Nusiwo katã mehĩa be manya ye ma. Mayi dzi be Mazi Play gbe sia gbe aɖaxɔ KƆKƆDZƆE ƑE XƆSE geɖe wu gɔ hã.

Va xɔ Kɔkɔdzoe ƒe Xɔse kpli mí Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase: Nyabiabia Kple Ŋuɖoɖo Le Nutrenuawo Ŋu
63-0324M

Nɔvi. Joseph Branham