23-0910 Nutrenu Adrelia

Gbedasi: 63-0324E Nutrenu Adrelia



BranhamTabernacle.org

Nyaƒoka Ƒe Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Ŋkeke kae nye esi me míele agbe le! Ɣeyiɣi gã kae nye esi! Nyaɣaɣlawo, adzamenyawo, wole numawo katã ɖem fia mí gbe sia gbe. Menye nusi ŋu míeto ko kpɔm míele o, míenya gaƒoƒo si me pɛpɛpɛ míele agbe le kple nusi le ŋgɔgbea tututu.

Wole nusi le dzɔdzɔ ge la gblɔm na mí kpukpui ɖe kpukpui dzi. Ele amesi míenye, amesiwo le afima nɔ ge, kple gɔ hã nusiwo wɔge míele la gblɔm na mí emekɔ ƒã. Yudatɔ 144,000, hame si ŋu woakɔ to Xaxagã la dzi, dɔwɔlawo le weingbleawo me siwo le woƒe bubu kple ŋutikɔkɔe he ge ava Du la me.

Gake emegbe la Ele gbɔgblɔm na mí be ema manye miawo o…oo, kpao, mienye Nye Ŋugbetɔ, miele Kplim le Du ma me. Miele egodo nɔ ge le afima anɔ dɔwɔm le weingbleawo me o, Nye dzi lɔlɔ̃tɔwo mienye. Mienye Nye Fianyɔnu le Nye, miaƒe Fia gbɔ. Mienye ɖeka le alafa ɖeka ƒe ɖeka le atɔ̃lia dzi siwo metia doŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi. Mewɔ Teƒe sia NA MI KO…KPLE ALESI MIELƆ̃NƐ KO.

Be míabu eŋu ko be, míele ƒuƒom ɖe du le Eƒe Kplɔ ŋu esime Wòle nuƒom na mí kɔsiɖa ɖe kɔsiɖa megbe, gbawotsogbe, gaƒoƒo ɖe gaƒoƒo megbe, le Eƒe Nya dzeanyia la katã ɖem fia mí. Ele amesiwo míenye la gblɔm gagbugbɔ le egblɔm na mí; alegbegbe Wòlɔ̃a mí; nusi nɔ anyi, nusi li, kple nusi le dzɔdzɔ ge.

Nyagbe aɖeke meli be míaɖe nusi wònye la gɔme na mí, alo alesi míesena le míaɖokui me ne míese Eyama wòle nusiawo gblɔm na mí o. Ne míezi Play eye míele Gbe ma sem la, míedzona le xexe sia me eye kasia la míenɔa anyi ɖe Dziƒo Nutowome me kple Eyama. Míaƒe luʋɔwo kpɔa akɔfafa. Míesena Gbɔgbɔ Kɔkɔe ŋkɔ wòyɔa míaƒe ameti la fũ kple Eƒe Gbɔgbɔ. Enye dzidzɔ aɖe si gɔme womate ŋu aɖe o. Mawu le nuƒom NA MÍ. Nya Ɖesiaɖe si woɖe gblɔ le Nyaƒoka mawo dzi, Eƒo nu na mí. Enya nusi tututu ahĩa na mí be míase kple ɣeyiɣi si me míahĩa esese…kpakple zi geɖe la míehĩa be míasee agase agase ake…kple ɣesiaɣi la EYƆA MÍAƑE LUƲƆ me FŨ.

Ɖeɖi metea míaŋu gbeɖe be míase Eyama wòaƒo nu na mí kuɖe, Ŋutegawo, Drɔ̃ewo, Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi, xɔmetsovɔ la godo, míawo kpɔkpɔ le awuɣi ʋlayawo me, Hehe ƒe ŋusẽ Etɔ̃lia, kadzidɔewo wɔwɔ, Mawu ƒe Ɣi si sɔ kple eƒe asi wòde blibo, nuɖuɖu si wodzraɖo ɖi, eya si wokɔ da ɖe Kplɔ̃ la ƒe Tade, Dziɖegbeawo, dɔla Sesẽawo siwo va be yewoa kɔ eyama dzi, dɔla adrelia tɔxɛ ma si nye nu sɔgbɔ na mí alegbegbe, to ɖeka ƒe tsyɔẽƒe adre ƒe dzesi mavɔ siwo ŋlɔ BRANHAM, migblɔ nusiwo le nyaƒokamawo dzi, Nya siwo medana ƒu o la woe le asinye, woyɔ ye na yɔyɔ si kɔkɔ geɖe wu, Magblɔ NYE ƉEƉEFIA na mi, menye Mawu ƒe Gbe na mi, minɔ anyi kple nyaƒoka ƒe nufiafia la, mele miayɔ ge be ŊUGBETƆ, hain’t, tote, fetch ŋu o…míelɔ̃na WOKATÃ.

Nye nukpɔkpɔ yenye esi. Mawu ƒe Gbe le nyaƒokawo dzi nye Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu deblibo, EVƆ. Nyaƒokawo ƒoƒo nye Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu deblibo, EVƆ. Miate ŋu aɖoto mawunyagblɔlawo, nufialawo, apostolowo, nyagblɔɖilawo, pastɔwo, GAKE nyaƒokawo nye, eye elebe woanye, Gbe vevietɔ si miate ŋu ase, EVƆ. Gbe Si le nyaƒokawo dzi nye Gbe ɖeka si Mawu Ŋutɔ gblɔ be, MIƉO TO EYAMA, EVƆ.

Nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnuwo, nyemetsitre ɖe ame aɖeke ŋu o, Gbe ma ko meli na. Elebe mía, eye melɔ̃na, amesiwo katã gblɔna be yewolɔ̃a eye yewoxɔa Gbedeasi sia dzi se. Ne miese le miame gɔ hã be mele egblɔm na amewo baɖa be woazi play la, melɔ̃a mi eye mexɔese be miawo hã mielɔ̃am. Míakatã míedi be míanɔ Eƒe Lɔlɔ̃nu deblibo me. Meɖe kuku miyi edzi awɔ nusi Mawu yɔ mi be miawɔ; migblɔ mawunya, mifianu, minye pastɔ, migblɔ na miaƒe alẽha ko be nusi nye nu vevietɔ lae nye Gbe si woate ŋu ase.

Gbe ma le Nyaƒoka dzi ɖeɖekoe gblɔa nu ɖeka ma ke ƔESIAƔI. Metrɔa kpɔ gbeɖe o. Ŋugbetɔ la AMEN KO WÒATEŊU ƉE ɖe Nya ɖe sia ɖe dzi le nyaƒokawo dzi, gake Ŋugbetɔ la mate ŋu ɖe AMEN ɖe nya ɖesiaɖe si ame bubu aɖe le gbɔgblɔm dzi o, EVƆ.

Ne miexɔ ema dzi se o la, mienye Ŋugbetɔ la o. Ne miexɔ ema dzi se la, ekema miaɖo kuxi aɖeke anɔ gbɔgblɔm na miaƒe alẽha la be nyaƒokawo sese nye Gbe vevietɔ si woate ŋu ase o.

Le nyasiawo gbɔgblɔ ta mese nya tso subɔsubɔdɔ geɖewo gbɔ alegbegbe siwo le gbɔgblɔm be mele gbɔgblɔm na amewo be womegaɖoto woƒe pastɔwo o hã be woadzo le woƒe hameawo me, ESIA MENYE NYATEƑE O. Nyemagblɔ nya ma gbeɖe kpɔ o eye nyemexɔ ema se o.

Nyateƒe wònye be geɖewo le nusiwo nyemegblɔ kpɔ o, nenemake si nyemexɔ se o la gblɔm. Womate ŋu ana be mana akɔŋta ɖe wota o, negbe nusi megblɔ kple nusi mexɔ se. Megblɔ nusi mexɔ se la tututu emekɔ ƒã le gaglagbe hedee leta ƒe nɔnɔme me. Wo/ miele miaƒe nukpɔsusu nam kuɖe nusi gblɔm mele/ si medi be magblɔ ŋu.

Ŋugbetɔ la katã anɔ nya ɖeka gblɔm. Ame eve aɖeke mele nu ɖeka gblɔm o. Gbe Ɖeka. Nyagblɔɖila Ɖeka. Ŋugbetɔ Ɖeka.

Nyemexɔe se be elebe miase Gbedeasi ɖeka le game ɖeka ma dzi tututu, abe alesi xɔsetɔ geɖewo le ewɔm le xexeame godoo ene o, hafi woanye Eƒe Ŋugbetɔ la o, gake mexɔe se be elebe mianɔ dɔla adrelia kple gbedeasitsɔla adrelia ƒe Gbe sem Kɔsiɖagbe ŋdi…miɖo Gbe ma GBÃ.

Wokpe mi be miase: Nutrenu Adrelia 63-0324E, kpli mí, Kɔsiɖagbe ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime Ŋugbetɔ la ƒe akpa aɖe tso xexea katã me anɔ Gbe ma sem le game ɖeka dzi tututu.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na Gbedeasi la ƒe sese:

Mose V 29:16-19
Fiawo I 12:25-30
Xezekiel 48:1-7, 23-29
Mateo 24:31-32
Nyaɖeɖefia 7
Nyaɖeɖefia 8:1
Nyaɖeɖefia 10:1-7
Nyaɖeɖefia 14