21-0307 Nyabiabia Kple Ŋuɖoɖo Le Nutrenuawo Ŋu

Gbedasi: 63-0324M Biabiawo Kple Ŋuđođowo kuđe Nutrenuawo Ŋu

PDF


BranhamTabernacle.org

Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu

06/03/2021

Hɔ̃ Lɔlɔ̃awo Si Wo Le Ƒuƒom Ɖe Nukuku La Ŋu,

Afisi nukuku la le la, afima hɔ̃wo woaƒo ƒu le. Eye Nya ma ŋu ko hɔ̃wo ate ŋu ƒo ƒu le. Ke edze be míatso nya me, ameka sie míaƒe ŋkeke me ƒe Nya si ana be Eƒe hɔ̃wo woaƒo ƒu la le?

Mawu de Nyawo Mose ƒe nu me. Mikpɔea, enye Mawu ƒe susuwo siwo geɖe Mose ƒe dzi me; eyi azɔ be yeaɖewo gblɔ, ekema ezua Nya La.

Nukae na Mawu ƒe hɔ̃wo le Ƒuƒom mahã? Nu ɖeka ko lia si ate ŋui: Mawu ƒe Gbe na míaƒe ŋkeke si woɖe gblɔ to Eƒe gbedasitsɔla kple dɔla 7lia dzi amesi dzi woɖo kpe, ke Ele Eƒe Ŋugbetɔ la nuƒom hele Eyama wɔm ɖekae le xexeame godoo geɖee wu tsã, eye naneke mele tetɔge esia o.

Dzidzɔ kae nye esi yɔa míaƒe dziwo me fũ kple Gbedasi ɖesiaɖe si Ŋugbetɔ la sea ɖedu. Ɖee míate ŋu dze eŋu bubu kpɔ be, Mawu ƒe susuwo ŋutɔ le nuƒom na mí to Eƒe dɔla sesẽ dzi hele gbɔgblɔm na mí be:
“Nye Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃a Mienye eye Nyee Nye Srɔ̃ wò Kɔkɔe la. Meɣla nusiawo de ame mamleawo katã negbe mi, nye lɔlɔ̃tɔwo, Nye ametiatiawo. Mienye ŋutilã tso Nye ŋutilã me, ƒu tso Nye ƒu me. Nye Ŋugbetɔ nuteƒewɔla mienye”.

Nuwuwu meli na nusi ɖem Wòle fia mí kple gblɔm na mí o. Míesea Gbedasi la le kɔsiɖa katã me, emegbea ne mía katã míeƒo ƒu ɖeɖu ɣeyiɣi ɖeka me be míase Eƒe Gbe, abe alesi Wòfia nu mí be míawɔ ene la, Ezua Gbedasi yeye na mí keŋkeŋ. Ɖeko wòle abe míese Esia gbeɖe kpɔ tsã o ene. Míaƒe dzi doa ɣli kple dzidzɔ. Aƒetɔ, be woabu eŋuti kpɔ, be woƒo Wò Ŋugbetɔ nu ƒu ɖedu, hele Gbedasi Sia tututu sem, eye Nèle Esia ɖem fia mía katã ɖedu le ɣeyiɣi ɖeka me.

Le ɖekawɔwɔ me la, Ŋugbetɔ le Anyiehe Amerika le ɣli dom…ŊUTIKƆKƆE! Ŋugbetɔ la le Afrika le dzidzɔ kpɔm hele kpodzom le woƒe afɔwo dzi hele gbɔgblɔm be: Hallelujah!

Le Europa, Asia, Finland, Australia, ƒukpo ɖesiaɖe me, aƒewo me, hamewo, kɔƒewo, tso anyigba ƒe dzogoe eneawo me la, Eƒe Ŋugbetɔ, wokatã ɖedu le ɣeyiɣi ɖeka me le Eyama sem wòle nuƒom hele gbɔgblɔm na mí bena, “Mele mía nuƒom ɖedu. Gamesu na Míaƒe srɔ̃ɖeŋkekenyuie la. Miedzra miaɖokuiwo ɖo to Nye Nya sese dzi. Nye Ŋugbetɔ lɔlɔ̃a mienye. Míaƒe srɔ̃ɖemɔkeke la va ɖo.”

Le susu ɖeka kple tame ɖeka me la míedo ɣli hele ha dzim:

Dzoxɔxɔ to ɖeɖefia me le nye dzi me,
Le nye dzi me, le nye dzi me,
Dzoxɔxɔ to ɖeɖefia me le nye dzi me,
Le nye dzi me, ɖaasi.
Ke dzidzɔm ŋutɔ, dzidzɔm ale gbegbe, ɖeɖefia la le nye dzi me.

Ɖeko miase Gbɔgbɔ Kɔkɔe wòado ɣli, le miaƒe dzi me. Abe alesi wònɔ le míaƒe Aƒetɔ me ene, esime Wòkpɔ Yerusalem ta me, Eŋutɔ ƒe dukɔ, mikpɔea, hegblɔ be, “Yerusalem, Yerusalem, zi nenie medi be, maƒo wò nu ƒu ɖedu, abe alesi koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ene, gake melɔ̃ o.” Ɖeko miase Gbɔgbɔ Kɔkɔe wòagblɔ be, “Zi nenie medi be Maƒo mia nu ƒu, mikpɔea, gake mielɔ̃ o.”

Gake Ele hatsotso sue aɖe nu ƒom. Ele mía nu ƒom hele ɖem fia mí be míenye EƑE ŊUGBETƆ NYA SI LE ƑU NU ƑOM ƉE NUKUKU LA ŊU.

To Nya ɖesiaɖe sese kple edzixɔxɔ se me ɖeɖe koe miate ŋu xɔ ŋugbedodowo katã siwo le nyaƒokawo dzi. Edze be miase Nyaƒokawo ale be miaxɔ wo.

Meɖe kuku na be woaɖo nye gbedodoɖa ŋu nam. Eye wɔe be Mawuvi ɖesiaɖe si woyɔ la, amesiwo gogo teƒe sia hele nya sem, alo amesiwo nyaƒoka alé dzi na la, ɖe mɔ be le ɣeyiɣi ma me la…

Le ɣeyiɣi si me miase Gbe ma le NYAƑOKA LA dzi la miaxɔ:

Mele wokatã biam na Mawu ƒe Fiaɖuƒe la, le gɔmeɖokpe sia dzi be menyae be esiae nye Mawu ƒe Nya si ɖem wole fia. Fiẽ Kekeli la nè klẽ, Fofo. Mede wo asi me na Wò, le Yesu Ŋkɔ me. Amen.

Ɖee wò hã nèdi be yeaxɔ gbedodoɖa sia, ɖeɖefia sia, kple yayra siawoa? Ate ŋui. Tu mí Kɔsiɖagbe sia le ga 2 wole me, Jeffersonville ƒe game, esime míaƒo ƒu le nukuku la ŋu aɖase : Nyabiabia Kple Ŋuɖoɖo Le Nutrenuawo Ŋu 63-0324M.

Nɔvi. Joseph Branham