23-0820 Nutrenu Atɔ̃lia

Gbedasi: 63-0322 Nutrenu Atɔ̃lia



BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Nya Deblibo Lɔlɔ̃tɔ,

Mawu dɔ Eƒe ŋusẽ mamlea ɖo ɖa. Edɔ̃ Eƒe hɔ̃ gã ɖo ɖa be wòagbugbɔ ɖo mí te yi ɖe mía fofowo ƒe Xɔse gbɔ. Hɔ̃ ƒe agbenɔɣi lae nye esi. Lãwo Megali o. Gbedeasitsɔlawo megali o. Amewo ƒe hatsotso megali o. Evɔ keŋ. Míele nuwuwu. Nyaɖeɖefia 10:7 ƒe Gbe la va ɖo eye Wòzã Eƒe nyagblɔɖila hɔ̃ gã be yeayɔ Yeƒe Ŋugbetɔ la do goe.

Ɖee mienɔ toɖom míaƒe pastɔ Kɔsiɖagbe la, Mawu ƒe hɔ̃ la, anye ne miase eyama wòagblɔ na mi abe alesi Wògblɔ na mí ene be:

“Miawoe nye hatsotso ma si atsɔ Dziɖegbe Adremawo; Mawu ƒe Nya ŋutɔ ŋutɔ la, alã nu aɖatso nu eye ŋutɔ gɔ hã atu dziƒowo ŋu. Miate ŋu ado ʋɔ esia ŋu, alo awɔ ema, nukake miedi be miawɔ. Wowuna futɔ la kple Nya si doa go le miaƒe nu me, elabena eɖa wu yi nuɖaɖa eve. Miate ŋu ayɔ tagbatsu kpekpeme tɔn biliɔn alafa ɖeka ne miedi. Nukake miegblɔ la, adzɔ, elabena Mawu ƒe Nya si le dodom tso Mawu ƒe nume ye Wònye.
Eƒe Nyae Wònye, gake Ezãna ame kokoko nana Wòwɔa dɔe.”

Aleke mate ŋu ategbe ɖe Play Zizi dzi glo; be woase hɔ̃ si Mawu dɔ ɖo ɖa hã? Gbedeasi sia le vevie alegbegbe, edebliblo alegbegbe… EDEBLIBLO ALEGBEGBE, be Mete ŋu Dee asi me na Mawudɔla aɖe gɔ hã o.
Ame bubu aɖeke menɔ anyi, ame ƒe hatsotso bubu aɖeke o, AME AƉEKE si Wòate ŋu Atsɔe na o, EƑE HƆ̃ NYAGBLƆƉILA GÃ ƉEƉEKOE.

Míate ŋu ƒo nu kuɖe Eŋu, Afiae, Atsɔe gblɔ mawunyae gɔ hã, gake GBE ƉEKA KOE li si si “Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi,” le eye elebe miaxɔ Nya ɖe sia ɖe dzi se. Gbe ɖeka koe Li si ŋu miate ŋu ku miaƒe dzeƒe mavɔmavɔ ɖo. GBE ƉEKA koe Mawu tia be wòakplɔ Yeƒe Ŋugbetɔ, eye EƑE ŊUGBETƆ ƉEƉEKO SI ƉEƉEFIA MA ANƆ.

Hɔ̃ nyagblɔɖila ɖeka koe Wòtia do ŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖo anyi be yeaɖe YEƑE NYA KATÃ AFIA… WILLIAM MARRION BRANHAM ye, eye eya, kple eya ɖeɖeko yenye Mawu ƒe hɔ̃ gbedeasitsɔla na ŋkeke sia. Eya, kple eya ɖeɖeko ye, wodɔ be wòakplɔ Mawu ƒe Ŋugbetɔ la.

Nye yɔyɔ, alo mawunyagblɔla ɖe sia ɖe ƒe yɔyɔ la, nye nu ɖeka pɛ ko: BE MÍAKPLƆ MI YI EYAMA GBƆ, MAWU ƑE HƆ̃ GÃ LA. Amesi Wòtia la. Ame ɖeka si dzi wòɖokpe kple Eƒe Dzo Lilikpo la. Amesi Wòtia esime Wòʋu Agbalẽ la, heʋu Nutrenuawo eye Wòɖoe ɖa anyigba dzi, be Yeaɖee fia mí, Eƒe dukɔ la.

Nya siwo wòɖe gblɔ le nyaƒoka dzi la menye eƒe nyawoe ye o, wonye Mawu ƒe Susuwo ŋutɔ ŋutɔ si woɖe gblɔ helé ɖe mɔ̃ dzi na Eƒe Ŋugbetɔ la be wòase; eye MIAWO ɖeɖe, EƑE ŊUGBETƆ la ko sie ema ƒe Ɖeɖefia vavã la le.

Ŋugbetɔ, bu eŋu ko! Míeva ɖo. Ekpan. Dzɔdzɔmeŋutinunya numekuku ɖo kpe Edzi. Nya la ƒe kpeɖodzinu ɖo kpe Edzi. Azɔ míele afisia! Ke Ɖeɖefia sia tso Mawu gbɔ, eye Nyateƒe lae Wònye. Eye le esime miede Dzesii la ta, MÍENYE Eƒe viŋutsu kple vinyɔnu siwo wogbugbɔ ɖo te keŋkeŋ.

Nyabiabia ameɖokuise megali o. Nyabiabia megali o. MÍENYE EƑE ŊUGBETƆ NYA DEBLIBO. Míede dzesi amesi míenye. Míenye amesiwo, le Mawu ƒe Amenuveve me la, Eɖemɔ Eƒe hɔ̃ kpɔ míakatã le awuʋlaya ɣiwo me.

Lé dzi ɖe ƒo Ŋugbetɔ. Míevaɖo Afima vɔ keŋkeŋ. Enye nu vavã na mí fifia wu alesi wònɔ nɔ kpɔ tsã. Futɔ la léa fu mí, GAKE MAWU YA LƆ̃A MÍ. Meli kpli mí ɖeɖeko o lo, ELE MÍAME. MÍENYE EƑE NYA SI ZU ŊUTILÃ.

Ele kpeɖom edzi na Satana be, MÍATE ŊU O, EYE MÍELE ƑU DA GE O.
XƆSE kple ɖikeke ɖeɖe koe Li. XƆSE ƉEƉE koe le míasi. Menye le míaɖokuiwo me o lo, LE EƑE NYA ME, EYE MATE ŋu da ƒu o. Nukata? MÍENYE NYA LA. Mawu ye gblɔe nenema!!

Menye miawoe tia Eyama o, ETIA MI. Aleke Satana ate ŋu awɔ nane na mi, MAWU TIA MI. Etia mi elabena ENYAE Xoxo bena miele ƒu da ge be miaxɔ Yeƒe Nya dzi se o. Satana gblɔna na wò be, “gake èda ƒu, gadaƒu, gadaƒu ke” …tɔ wò dzɔ, medaƒu le nye ŋutilã me, gake WOTSOAFIA nam, eye nyemele ƒu da ge le NYA ƉE SIA ƉE dzi xɔxɔ se me o.

Elebe woado mí kpɔ aɖato dodokpɔwo me na MAWU, alebena Ate ŋu ƉOKPE DZI NA EƑE, KPLE MÍAƑE FUTƆ BE…MÍENYE YEƑE ŊUGBETƆ NYA DEBLIBO LA.

Gbɔgbɔ Kɔkɔe Gã la neyɔ miaƒe aƒewo me, miaƒe hameawo me, alo afikakee miele fũ Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzro, esime míase Mawu ƒe hɔ̃ gã wòahe: Nutrenu Atɔ̃lia 63-0322 ƒe Ɖeɖefia vɛ.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na Gbedeasi la sese:

Daniel 9: 20-27
Dɔwɔwɔwo 15:13-14
Romatɔwo 11:25-26
Nyaɖeɖefia 6:9-11 / 11:7-8 / 22:8-9