23-0321 Nutrenu Enelia

Gbedasi: 63-0321 Nutrenu Enelia



BranhamTabernacle.org

Hɔ̃vi Lɔlɔ̃tɔwo,

Mawu ƒe Gbe le míakɔm yi kɔkɔƒewo si míeyi kpɔ tsã o, hele Eƒe Nya ɖem fia. Míeku míaƒe adɔ̃ sueawo ɖe Eƒe Aʋala sesẽawo me esime Wòle míakɔm yi ɖe dziŋgɔli me. Míele dzodzom ƒo xlã le alilikpo dziŋgɔliawo tame ɖaa. Míele mavɔmavɔnyenye me kpɔm ɖa. Enye Ɖeɖefia yeye na mí keŋkeŋ. Ga wu Wòkɔ mí yi dzi la, nenema ke Eme gakɔa wu. Míedoa ɣli sesĩe be: MEKPƆE…MEKPƆE.

Etsɔ Eƒe Aʋala sesẽawo azɔ, ʋuʋuwo ŋutɔ hegblɔ na mí be, “MIDZO VINYE SUEWO, MIDZO.” Gbã la míevɔ̃ alegbegbe. Futɔ la nɔ míaƒe susuwo me yɔm fũ kple ɖikeke sɔgbɔ alegbegbe. Nyemateŋui o, ɖeko nyemateŋui o. Emegbe la míese Eyama wòdoɣli sesĩe hegbugbɔ ɖe gbe abe dziɖegbe ene ɖo ɖe mí be, “MIATE ŊUI, NYE HƆ̃VIWO MIENYE, MIDZE MIAƑE AƲALAWO ƑOƑO KO!!”

Emegbe la, kasia míaƒe aʋala sueawo dze ƒoƒo nenema ko. Ne míele Eƒe Nya sem wu wòle kakaɖedzi nam mí kuɖe amesi míenye, kple nusi míawɔ ŋu la, míaƒe aʋalawo sẽanu ɖe dzi wu. Flap, flap, flap….Mizi Play, Mizi Play, Mizi Play…emegbe kasia, míele dzodzom. Hɔ̃viwo míenye.

Ne vɔvɔ̃ vi aɖe dze agbagba be yeage ɖe míaƒe susuwo me la, ɖeko míetsana ŋku hedzea Eƒe Gbe sese. Eyae nye Esi, le dzodzom tẽ gbɔna míagbɔ be yealé mí ne míedze gege. Míede dzesi be naneke meli si wòle be míavɔ̃ o, Papa Hɔ̃ le afisia kpli mí tututu. Ele ŋku lém ɖe zɔɖeɖe ɖe sia ɖe si wɔm míele la ŋu. Maɖe mɔ be naneke nàdzɔ ɖe míadzi o.

Ablɔɖe aɖe kple kakaɖedzi aɖe Ƒomevi si ŋkɔ míese kpɔ tsã o. Ekpɔtɔ le gbɔgblɔm na mi be, Nye hɔ̃viwo mienye. Miele toɖom hele nusi tututu megblɔ na mi be miawɔ le anyinɔnɔ kple Nye Gbe si megblẽ ɖi na mi la wɔm.

Enyae bena ne Yegblɔ nane na mí le nyaƒokawo dzi la, míeyi ge awɔe, elabena míenyae be Eƒe Nya Wònye. Anɔ tsitre ɖe Emegbe tututu. Ne womeŋlɔe ɖi ɖe Biblia me gɔ hã o la, Anɔ tsitre ɖe megbe Nɛ, alekeke hã.

Míenyae be, ne wòle Ema godo la, Aɖee Afia Eƒe nyagblɔɖila. Míede dzesi be wona Eƒe nyagblɔɖila nya Mawu ƒe nyaɣaɣlawo katã, ke eya ɖeka ko, eyata nu sia nu si míehĩa be míanya la, Ele nyaƒoka dzi.

Ɖeɖefia ƒe ŋusẽ si hea dzoxɔxɔ va ƒe Nya gblɔm mielea. Míedi be míado ɣli kple míaƒe gbewo le dzi boo. Míedi be xexeame nanyae be, Nyaƒoka ƒe hɔ̃ menye!

Mawu ƒe susuwo zu nuwɔwɔ esime woɖe wo gblɔ, to Nya aɖe dzi. Emae nye esime Wòɖoe mo na—na wò abe susu ene, Eƒe susu, ke woɖee fia wò. Gake, ekpɔtɔ nye susu sẽ ɖe esime nàɖee gblɔ.

Wole eɖem fia mí. Ŋutikɔkɔe. Azɔ míedi be Míaɖee agblɔ. Míenye Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ. Enyam ɖi, eɖom ɖi doŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi. Menye Eƒe Nya agbagbe si zu ŋutilã. Egblɔ nam be BIA eye nàxɔe. Ƒo ʋɔtrua, woaʋui. Nukake míehĩa la, MÍEƉENƐ GBLƆNA.

Hɔ̃ ƒe Agbenɔɣi lae nye Esi eye míenye Eƒe Hɔ̃viwo. Míekpɔ dzidzɔ wu alo kɔɖiɖi wu le míaƒe agbe me kpɔ o. Vɔvɔ̃ aɖeke o. Nuxaxa aɖeke o.

Mele wò kpem be nàva dzo yi kɔkɔƒe yeyewo kpli mí Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime Mawu ƒe hɔ̃ sesẽa ado ɣli sesĩe ɖo ɖe mí eye wòaɖe Nutrenu Enelia 63-0321 fia mí.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ le dzadzraɖo me na Nutrenu Enelia 63-0321 ƒe Mawunya sese.
Mateo Kɔkɔe 4
Luka Kɔkɔe 24:49
Yohanes Kɔkɔe 6:63
Dɔwɔwɔwo 2:38
Nyaɖeɖefia 2:18-23, 6:7-8, 10:1-7, 12:13, 13:1-14, 16:12-16, 19:15-17
Mose I 1:1
Psalmowo 16:8-11
Samuel II 6:14
Yeremia 32
Yoel 2: 28
Amos 3:7
Maleaxi 4