23-0806 Nutrenu Etɔ̃lia

Gbedasi: 63-0320 Nutrenu Etɔ̃lia



BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ Si Me Wodo Dzo,

Midzraɖo, Kɔsiɖagbe sia miele Dzoxɔxɔ to Ɖeɖefia me aɖe xɔ ge wu alesi miexɔ kpɔ le miaƒe agbe me. Ɖeko miele mumu ge le Nya la ŋu. Anyo alegbegbe, eye eme akɔ wu…eye eme agakɔ ƒã gɔ hã wu esime Wòɖe Esia gblɔ. Ke mɔnu ɖeka koe li be wòase Egɔme, elebe Nàzi Play!

Mixɔ nyaƒokawo, miɖotowo nyuie ŋutɔ. Elabena, miele egɔme se ge le nyaƒoka la dzi, elabena wogbugbɔ nɔ nyaƒoka mawo ƒom, eye wonyo ŋutɔ eye womekɔ ƒãa. Alea, miase eme akɔ ƒãa wu le afima.

Nukae Mawu ƒe dɔla gbedeasitsɔla adrelia gblɔ fifi laa ko? Amesi Mawu tia be yeaɖe Biblia me nyaɣaɣlawo katã fia;
amema si Wòtia be yeatsɔ Nutrenu Adreawo ƒe Ɖeɖefia ana, Dziɖegbeawo, kple Eƒe Nya katã. Dɔla si Wòtia be wòayɔ Yeƒe Ŋugbetɔ la do goe. Amema si Wòtia be Wòanye Yeƒe Gbe le ŋkeke mamleawo me.

Mina míagaxlẽ numegbe ma zi ɖeka ake be míakaɖe edzi be míese nusi wògblɔ na mí fifia be míawɔ gɔme ko.

“Miele Exɔge le”, AFIKA?
“Miele Egɔme se ge eme akɔ ƒãa wu le “, AFIKA?

Alesi gbegbe Play Zizi kple Nyaƒokawo sese le vevie ƒe nyae gblɔm mielea. ŊUTIKƆKƆE!!
Esia menye nye nyae o, esiae nye MAWU ƑE NYA si le gbɔgblɔm na Eƒe Ŋugbetɔ la be, XƆE LE AFIMA…LE NYAƑOKAWO DZI. Mawunyagblɔlawo, Miɖe asi le ŋunye.

Aleke ame aɖe si le gbɔgblɔm be yewoxɔ Gbedeasi sia dzi se la le gbɔgblɔm be nyaƒokawo ƒoƒo menye nu GÃTƆ KEKEAKE si Ŋugbetɔ la ate ŋu wɔ mahã? Aleke pastɔ aɖe ate ŋu tsɔ eƒe subɔsubɔdɔ de nyagblɔɖila tɔ ta mee? Menye be wòaxlẽ ko o…Eyae wɔm mele fifia tututu hã, gake be wòaƒo Gbe ma na eƒe alẽha la alebe woate ŋu “SE EME WÒAKƆ ƑÃ WU LE AFIMA”.

Subɔsubɔdɔ gãtɔ kekeake le xexeame yenye Nyaƒoka Subɔsubɔdɔ la. Naneke mele gã wu Play Zizi o. Gbe ɖeka dzi ko Mawu da asi ɖo be wòanye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi na Yeƒe Ŋugbetɔ la, Gbe si le nyaƒokawo dzi ye.

Mina mana eme nàgakɔ ƒãa zi ɖeka ake. Nyemetsitre ɖe mawunyagblɔla aɖeke ƒe mawunyagbɔgblɔ ŋu O, nenema ke nyemese be mawunyagblɔla aɖeke mate ŋu agblɔ mawunya alo afia nu o.
Gake na nyea kple nye subɔsubɔdɔ la, woyɔm be magblɔ na xexeame be nese Nya si dzɔ hezu ŋutilã, si wolé ɖi hedzraɖo ɖi ɖe nyaƒoka mɔ̃ dzi. Mexɔe se be Enye Mawu ƒe Gbe, eye EYA, kple EYA ɖeɖeko, ɖoa míaƒe biabiawo katã ŋu. Atsɔ nu sia nu si nèhĩa na wò, Kɔkɔdzoe ƒe Xɔse le me, elabena ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI Ye Wònye.

Ŋugbetɔ la mehĩa nye nya o, ɖeko mele Nya la xlẽm abe mawunyagblɔla mamleawo katã ene. Miexlẽnɛ eye miegblɔna alesi gbegbe wòle vevie be woase miaƒe subɔsubɔdɔ kple miaƒe yɔyɔ, woakafu Mawue. Nyea mele gbɔgblɔm na amewo be subɔsubɔdɔ VEVIETƆ KEKEAKE lae nye Mawu ƒe Gbe le Nyaƒoka dzi. Naneke mele gã wu ema o. Mele be woaɖo nu bubu aɖeke o.

Nyemele nusiawo gblɔm be amewo naɖo gbɔgbɔ baɖa alo nuwɔna baɖa aɖe ɖo ɖe mawunyagblɔla aɖe gbɔ alo subɔsubɔdɔ aɖe gbɔ o, Mawu megadzro o. Melɔ̃na wo. Nɔvinyeŋutsuwo wonye. Mawu de yɔyɔ aɖe woƒe agbewo dzi. Ɖee makatse aƒo nu tsitre ɖe Mawu ƒe amesiaminawo ŋua, GAKE dzizizi wònye nam be maƒo nu eye be magblɔ be geɖewo tegbe ɖe WOŊUTƆ ƒe subɔsubɔdɔ dzi eye womeɖo Mawu ƒe Gbe le nyaƒoka dzi abe GBE VEVIETƆ KEKEAKE si Ŋugbetɔ la ate ŋu se o.

Ɖeko megblɔ be, “Migbugbɔ Nɔviŋutsu Branham va miaƒe nyagblɔtiwo dzi,” eye mawunyagblɔla geɖewo dee woɖokuiwo dzi be yewoagblɔ na yewotɔwo alesi Nɔviŋutsu Branham megblɔ nya ma kpɔ gbeɖe le nyaƒoka dzi o, ke WOyɔ yewo be yewoatsɔ Nya la ana amewo; le taflatsɛ dom ɖe NYAƑOKAWO MAƑOMAƑO LE WOƑE HAMEAWO ME ta.

Wogblɔ be MENYO ne pastɔ aɖe le nyaƒokawo ƒom le woƒe hame me o, le nyahem ɖe amewo ŋu le gbɔgblɔm be, ne nyaƒokawo ko sem wole le woƒe hamewo me, ke menye subɔsubɔdɔ o la, womenye Ŋugbetɔ la o.

Mese taflatsedodo geɖe siwo wozã alegbegbe eye wogblɔe na amewo. Gblɔeɖe la womele egblɔ ge na wotɔwo be, “NYAƑOKAWO NYE NU VEVIETƆ KEKEAKE SI WÒLE BE MIAƉO TO” O. Ne wowɔ ema la, ekema amewo abia be… “ekema nukatae míeƒoa nyaƒokawo le míaƒe hamea me ne o ne wònye VEVIETƆ kekeake hã?”

Amesi se ge míele le Kɔsiɖagbe yenye esi:

Mawu ɖe Eɖokui ɖe go le Amegbetɔ aɖe me, eye wògblɔ amesi nɔ megbe na Eyama; ke nusi Sara wɔ, nɔ nukom le agbadɔ la me. Ke Maleaxi ƒe, Ŋɔŋlɔ siawo katã, kple etɔeawo, gblɔe ɖi do ŋgɔ le ŋkeke mamleawo me. Hebritɔwo 4 gblɔ be, ne “Nya la” trɔ gbɔ va. Maleaxi 4 gblɔ be Atrɔ gbɔ va to amegbetɔ aɖe dzi.

Nya Ma trɔ gbɔ va to amegbetɔ aɖe dzi eye Eƒe Gbe si wolé ɖe Nyaƒoka dzi la le míasi eye míele ese ge KƆSIƉAGBE ƉESIAƉE.

Dzidzɔm be magaɖegbeƒã ema zi ɖeka ake, Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game be, míele Nya si dzɔ hedo ŋutilã kple si wolé ɖe nyaƒoka mɔ̃ dzi se ge. Enana mí Ɖeɖefia kuɖe: Nutrenu Etɔ̃lia 63-0320 ŋu.

Ɣeyiɣi ka mee to ge míala, Ŋugbetɔ. Dzidzɔ kae le míaƒe dziwo yɔ ge fũ. Ŋutifafa kae le akɔfa ge na míaƒe luʋɔwo, esime míase nusi Mawu Ŋutɔ gblɔ na Satana be: “Ɖe asi le woŋu. Ne nèlé wodometɔ ɖeka la, Nye Alẽha sue si yɔ fũ kple Nye Ami kple Nye Nya dzadze ƒe Wein la, mègazĩ wodzi be woagblɔ be, ‘Medo gbe na wò Maria’ aɖeke, alo miaƒe dzixɔse aɖewo o. Ɖe wò asi ɖa le woŋu. Wonya afisi yim wole, elabena wosi ami na wo kple Nye Ami eye dzidzɔ ƒe wein le wosi, ‘elabena wonya Nye ŋugbedodo ƒe Nya. ‘Me’gale wo fɔ ge ɖe tsitre ake. Mègawɔ vɔ̃ Ema o! Mègatee kpɔ be yeatsaka wo o…nɔ adzɔge le wogbɔ ko.”

Mele be míavɔ̃ naneke o. Nya la le Míasi. MÍENYE NYA LA. Míetɔna le naneke ta o. Míenye Mawu ƒe Viŋutsuviwo kple Vinyɔnuviwo. Satana, na ta, NUSIANU nye míatɔ. Mawu ye Gblɔe Nenema. Woŋlɔe ɖi!

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔawo
Mateo Kɔkɔe 25:3-4
Yohanes Kɔkɔe 1.1, 1:14, 14:12, 17:17
Dɔwɔwɔwo Ta 2lia
Timoteo I 3:16
Hebritɔwo 4:12, 13:8
Yohanes I 5:7
Mose III 8:12
Yeremia Ta 32lia
Yoel 2:28
Zaxaria 4:12