22-0213 Nutrenu Etɔ̃lia

Gbedasi: 63-0320 Nutrenu Etɔ̃lia



BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃a Si Le Aƒe,

Menɔ gbedom ɖa ʋuu henɔ Aƒetɔ la biam se be nuka Wòana maŋlɔ aɖagblɔ si ate ŋu anye yayra kple dzideƒo na mi Eƒe Ŋugbetɔ la le go, aɖe me mahã. Nyagbewo mele asinye, eye nyemenya nusi magblɔ o. Mese le ɖokuinye me be nyemedze kura be maŋlɔ nya ʋewo siwo meŋlɔna o, gake bubu gãtɔ kekeake wònye nam le nye agbe me be mawɔ nane na Eyama.

Mexɔe se be Nutrenu Adre Siawo sese le ɣeyiɣi sia me la deblibo alegbegbe. Míele le ekpɔm be wole Mawu ƒe ɖoɖo gã la ɖem fia hele eʋum le míaƒe ŋkume. Gbedeasi ɖe Gbedeasi megbe le Ɖeɖefia gã zum ɖe Ɖeɖefia megbe. Míekpɔ Eyama wòle Eɖokui ɖem fia mí hele míakplɔm. Míenyae bena míele nusi Wògblɔ na mí be míawɔ la wɔm tututu, “anyinɔnɔ kple Nya la.” Mɔnu gãtɔ wu aɖeke meli be woawɔ ema wu Nyaƒoka Ƒoƒo o.

Mele esem le ɖokuinye me be yɔyɔ si Wòde nye dzi dzi yenye be malé Gbedeasi sia, Eƒe Gbe, nyaƒoka siawo ɖi ɖe miaƒe ŋkume ɣesiaɣi; be maɖe alesi wòle vevie be woase nyaƒokawo gɔme fia mi. Menyae be nyemate ŋu agblɔe nyuie o, gake MENYAE be tɔnye dzɔ esi mele egblɔm na mi be “Miƒo Nyaƒoka,” esi menye nye susuwo, nye tamesusu, alo nye nyawoe o, boŋ Mawu ŋutɔ si le nuƒom to Eƒe dɔla gbedeasitsɔla 7lia dzi ƒe Nyawoe, le gbɔgblɔm na mí be:

ɣeaɖewoɣi la ne míele nuxlẽm ko la, ke , azɔ, mikpɔ nyuie ŋutɔ. Ke azɔ ne miele exlẽm la, mixɔ nyaƒokawo, miɖo to wo nyuie ŋutɔ. Elabena, miele egɔme se ge le nyaƒoka dzi, elabena wogbugbɔ nɔ nyaƒokawo ƒom, eye wonyɔ ŋutɔ eye womekɔ ƒãa. Eyata, eme akɔ na mi wu le afima.

Abe alesi megblɔe zi geɖe doŋgɔ la, nyemetsitre ɖe gbeƒãɖelawo ŋu alo nusianu si Mawu de Eƒe hame la me ŋu o. Ema avanye be metsitre ɖe Mawu ƒe Nya ŋu. Mexɔe se be Mawu ye si ami na wo heyɔ wo. Gake mexɔe se be Mawu ŋutɔ ƒe gbe sese eye edede amewo ŋkume ye wòdze be wòanye nu vevietɔ kekeake si ame ɖesiaɖe si Mawu yɔ ate ŋu wɔ.

Be nàgblɔ be, ” Megblɔna na nye ƒuƒoƒea be neƒo nyaƒokawo” la mesu o. Ne nèxɔe se la:

•Amisisi gãtɔ wu aɖeke meli wu Mawu ƒe Gbe sese le nyaƒoka dzi o.

•Edze be Ɖeɖefia ɖesiaɖe nàva tso Gbe ma me.

•Kɔkɔdzoe ƒe xɔse si míehĩa la ava tso nusi gblɔm Gbe ma le me.

Aleke gbeƒãɖelawo medi be yewoase Gbe ma, kple woƒe hame, aɖaɖe AMEN ƉE NYA SIA NYA DZI MAHÃ?

Edze be nane nanɔ amesiame si si woase le woɖokuime eye woaxɔe se be enye nu VEVIETƆ KEKEAKE SI woate ŋu awɔ be woanye Kristo ƒe Ŋugbetɔ la. Elebe nane nanye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu Deblibo kple VEVIETƆ KEKEAKE. Pastɔ wò ƒe subɔsubɔdɔ yea? Toɖoɖo gbeƒãɖela bubuwo yea? Nyemele gbɔgblɔm be egblẽ o, le go aɖeke me o, azɔ ema nyo ŋutɔ le Nya ŋu, gake ɖee nèxɔe se be nu VEVIETƆ KEKEAKE yenye be woase Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe le nyaƒoka dzia?

Ne emae dzi ye nèxɔ se be enye nu VEVIETƆ KEKEAKE si nàte ŋu wɔ la, ekema nukata gbeƒãɖelawo medi be yewoaƒo eye yewoase GBEDEASI DEBLIBO VEVIETƆ KEKEAKE ma kple yewoƒe ƒuƒoƒeawo mahã?

Bia nya sia ɖokuiwò se, alo pastɔ wò:
Ɖee nèxɔe se be numegbe sia nye nyateƒe, loo ɖe esia nye vodada aɖe kple nɔviŋutsu Branham ƒe nugɔmemasese, alo agbagba dzem wòle be yeado yeɖokui ɖe dzia?

“Mikpɔ, nusi adzɔ tututu azɔ!Eye, na hamea la, nuka Wònyee? Nya si do ŋutilã hezu ŋutilã le Etɔwo dome ake! Mikpɔea? Ke ɖeko womele Edzixɔm le sesem o.

Ne nèxɔe se be numegbe sia nye nyateƒe, eye na wò ya la enye MAWU ƑE GBE, Nya si do ŋutilã hezu ŋutilã la, ekema aleke wɔ ameaɖeke mate ŋu akpɔ be NANEKE meli le VEVIE WU Gbe ma sese o ma.

Ɖetugbui alɔ̃dɔla nyɔ̃, lo Ɖeɖefia sia le asiwò alo nèle abe alesi wògblɔe ene be: “ɖeko womele Edzixɔm le sesem o”

Abe alesi nyagblɔɖila gblɔe na mí ene la, míawoe nye Dɔwɔwɔwo ƒe Agbalẽ yeye la, Alɔdze yeye ma, Eƒe Ame tiatiawo. Alea la, geɖewo le esem le woɖokuime be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le míakplɔm azɔ abe ame ɖeka ɖeka ene alo le míakplɔm to gbeƒãɖelawo dzi, menye to Eƒe nyagblɔɖila dzi o.

Nyateƒe geɖe le esia me, GAKE nyagblɔɖila ɖɔ esia hã ɖo, heɖe nyateƒe la fia mí.

Ameaɖe nɔ nuƒom nam le afisia eteƒe medidi o. Egblɔ be, “Gake Nɔviŋutsu Branham…” [Nɔviŋutsu Branham te gbe me—Tala.] Taflatse. Egblɔ be, “Menye le esi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va megbe o, Dɔlawo ƒe ɖeke mekplɔ hame la, alo le amewo kplɔm ɖeka ɖekae o. Kpao, amegã.” Egblɔ be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae kplɔa mí.”

Emae nye Dɔla kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gɔmemasese. VODADA YENYE MA, Dɔlawoe kplɔ Hame la yi edzi, eye wokpɔtɔ le Hame la kplɔm. Tututu.

Eƒe dɔla le Eƒe hame la kplɔm hele mɔfiam eyama. Miakatã míeɖo míaƒe teƒe kple yɔyɔ, gake dɔla ɖeka wòle be wòakplɔ Ŋugbetɔ la.

Miɖo to nusi Mawu ƒe nyagblɔɖila gblɔ kuɖe gbeƒãɖela bubuwo ŋu kɔ sɔ kple nusi Mawu YƆ EYAMA BE WÒAWƆ la,

Ele ko abe ame aɖe si nye e-e telefondɔwɔla, menye elektrikidɔwɔla tututu o. Ate ŋu awɔdɔ vi ɖe le eŋu ya. Hã abe, ne ame aɖe nye kadɔwɔla la, enyo, kakaɖedzitɔe la enye…Ame aɖe si nye elektrikiti ƒe dokula, eye mewɔ kadodo ƒe dɔ gbeɖe kpɔ o la, anyo nɛ wu be wòanɔ adzɔ ge na ka la; gake ate ŋu apatsi nua vie alo nane.

Gake esime woaɖe Nuvavãtɔ la afia le ŋkeke mamlea me, Hame la ƒe akpa mamletɔa tɔ la, eyae nye ɣeyiɣi si me Mawu gblɔ be Yeadɔ ɖo ɖe mí, le Ŋɔŋlɔawo ŋu. Eye míedzro me ʋuu ʋuu, be Egblɔe ɖi be Eliya ƒe Gbɔgbɔ la atrɔ gbɔ va ake le ameaɖe me.

Ne Ameaɖe le agbagba dzem be yeahedzre kpli wò aɖagblɔ na wò be, “ehiã wu nyaƒokawo ɖeɖeko sese. Nɔviŋutsu Branham megblɔ gbeɖe kpɔ be woaƒo nyaƒokawo le hame la me o. Gbeƒãɖelawoe hĩa be woana Ŋugbetɔ la wòadeblibo;” alo nukake ameaɖe ate ŋu agblɔ na wò, be yeadze agbagba awɔe be nàkeɖi, kple be Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe le nyaƒokawo dzi sese le wò hame me mele eteƒe o la…

Tututu ko abe alesi ameaɖe dze egɔme, dzea agbagba be yeahedzre kpli wò la; ne nènya afisi nànɔ tsitre ɖo la, nya nusi dzi xɔm wòle le sesem.

Ne wole gbɔgblɔm be yewoxɔse be, “Gbedeasi sia nye Nya la. William Marrion Branham nye Mawu ƒe dɔla kple gbedeasitsɔla adrelia. Gbedeasi sia nye Amegbetɔ Vi la si le eɖokui ɖem fia le ŋutilã me abe alesi Wòdo ŋugbe be Yele ewɔge ene…”la

Ele ko abe woalé fɔmizi eye woadee kpo aɖe me ene, eye miatu mɔ ɖe sia ɖe nu. Minɔ tsitre ɖe ʋɔtrua nu ko; ele nɛ be wòatrɔ gbɔ va. Nuakatã koe ma. Mietɔkpɔ doe ɖe me. Mikpɔea? Elenɛ be wòatrɔ gbɔ va ʋɔtrua nu ake, elabena eyae nye mɔnu ɖeka si wòateŋu ado to. Aɖo ta afisia, eye asusɔ vie wòaŋe kɔ; eye ayi afima ɖa, afima ɖa. Minɔ tsitre ko eye milé ŋku ɖe eŋu, eye atrɔ gbɔ va tututu. Mikpɔea? Evɔ.

Minɔ anyi kple Nyaƒoka Nufiafia ma. Migblɔ nusi gblɔm nyaƒokawo le ko. Migatrɔ Nya ɖeka o. Migatsɔ kpee, alo aɖe Nya ɖeka ɖa le me o. Mawu ƒe Gbe wònye na mi. Enye Nya si Do ŋutilã hezu ŋutilã. Wonye Nyawo siwo medanaƒu o. Eyae nye miaƒe pastɔ. Eƒe dɔla yele miakplɔm. Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi wònye.

Zi geɖe alesi ke mianɔ Nya ma me la, mianɔ dedie.

Miva dzra miaƒe akaɖiawo ɖo aɖayɔe fũ kple Ami Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime Mawu ƒe dɔla tiatia la aɖegbe abe dziɖegbe ene aʋu Nutrenu Etɔ̃lia 63-0320, Aɖefia Eƒe Ŋugbetɔ la.

Nɔvi. Joseph Branham.

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ le dzadzraɖo me na mawunya, “Nutrenu Etɔ̃lia” ƒe sese.
Ŋɔŋlɔawo:

Mateo Kɔkɔe 25:3-4
Yohanes Kɔkɔe 1:1, 1:14, 14:12, 17:17
Dɔwɔwɔwo Ta 2
Timoteo I 3:16
Hebritɔwo 4:12, 13:8
Yohanes I 5:7
Mose III 8:12
Yeremia Ta 32
Yoel 2:28
Zaxarya 4:12