23-0730 Nutrenu Evelia

Gbedasi: 63-0319 Nutrenu Evelia



BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Ŋugbetɔ mebia nya aɖeke eɖokui kuɖe Gbedeasi sia alo Eƒe gbedeasitsɔla ŋu tso keke 1933 me, esime Dzo Lilikpo la dze le Ohio Tɔsisi la gbɔ gbemagbe o. Míenyae be William Marrion Branham nye Mawu ƒe dɔla gbedeasitsɔla sesẽ si Wòdɔ va anyigba dzi be wòayɔ Yeƒe Ŋugbetɔ la do goe.

Tso gbemagbe dzi la, Mawu le Eƒe Ŋugbetɔ la nu ƒom ɖe du na Eƒe Vava. Míele mɔkpɔkpɔ gã aɖe me; elabena míenyae bena anye ŋkeke ɖe sia ɖe azɔ.

Ele míaƒe Xɔse tum ɖo wu gbeɖe tsã, le gbɔgblɔm na mí, le kakam ɖe dzi na mí be, míenye Yeƒe Ŋugbetɔ wɔnuteƒe la. Míenyae be le anyinɔnɔ kple Eƒe Nuɖuɖu Si Wodzraɖo Ɖi la, nukake míehĩa la le AFIMA, LE NYAƑOKAWO DZI.

Aleke wɔ míenya ema kple kakaɖedzi? Nya la gblɔ bena Mawu mawɔ NANEKE O negbe ko Wòaɖe Esia fia Eƒe dɔtsɔla nyagblɔɖilawo hafi. Alea míenyae be ne Mawu le nane ɖe ge afia, alo le nane wɔ ge, le kɔkɔdzoe ƒe Xɔse na ge mí la, Ele Eɖe ge agblɔ abe dziɖegbe ene to míaƒe nyagblɔɖila dzi, ke Eƒe nyagblɔɖila ɖeɖeko dzi.

Nyabiabia ameɖokuise ƒe ŋkekewo ŋu va yi. Ŋugbetɔ la xɔ eƒe tsitrenɔƒe. Naneke megale vevie wu be woase Mawu wòaƒo nu na Eƒe Ŋugbetɔ le nyaƒokawo dzi o. Eyae nye Nyawo ɖeɖe si dzi Mawu Ŋutɔ ɖo kpe be enye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi.

Gaƒoƒo la yi boo eye míate ŋu ase míaƒe futɔ la ƒe nume ʋeʋe ƒo xlã mí katã. Aʋawo le gbesɔsɔ eye Satana le ƒoƒom ɖe ame dzi le mɔ sia mɔ dzi, gake kafukafu na Mawu Gbɔgbɔme Nuɖuɖu le míasi, eye míenɔ anyi ɖe Nufiala ƒe Kplɔ̃ ŋu ŋkeke kple zã, le azã ɖum le Mana Ɣaɣla ma ŋu. Ekpɔtɔ le geɖe geɖe ɖem fia mí wu gbesiagbe esime Wòle gbɔgblɔm na mí be, “Nu sia nu le nyuie nye lɔlɔ̃tɔ. Meli kpli wò. Megblɔe na wò be nyemadzo le gbɔ wò alo agblẽ wò ɖi kpɔ gbeɖe o. Kpɔtɔ yi dzi. Nya gbɔgbɔvɔ̃ mawo katã do go. Metsɔ Nye tuwowo gã, Nye Nya la na wò, Zãe. Mesusui Ye. Emegbe la Woŋlɔe Ɖi, ke azɔ, le miaƒe ŋkeke me la, Meɖe Hegblɔ alebe miate ŋu ase NYE magblɔ na MI be, Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi. Mienye Nya si zu ŋutilã.”

Mawu ƒo nu to amegbetɔ ƒe nuɣiwo dzi eye wòna mí Eƒe Nya; mele be míavɔ̃ nane o. Menye míaƒe Nya, míaƒe susuwo, míaƒe nuŋububukpɔ ye o, Mawu ƒe Nya wònye Wòna MÍ. Míaƒe XƆSE le Eƒe Nya me eye Eƒe Nya mate ŋu DAƑU KPƆ GBEƉE O!

Azɔ, esi míele Nutrenu Siawo ʋuʋu sem la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gale nuƒom na mí zi ɖeka ake eye míate ŋu kpɔ míaƒe ŋkɔwo si woŋlɔ ɖi ɖe afima le Alẽvi ƒe Agbe ƒe Agbalẽ me. Bebli hafi míete ŋu le míaɖokuiwo…Ẽ, nye ŋkɔ ye woŋlɔ ɖe afima. Ele nuƒom kuɖe ŊUNYE.

Va wɔ ɖeka kpli mí Kɔsiɖagbe sia le ŋudɔ ga 12 me, le Jeffersonville ƒe
game, eye míase Nutrenu Evelia 63-0319, esime Mawu ƒe Gbe anɔ gbɔgblɔm na mi be woŋlɔ miaƒe ŋkɔwo ɖe Alẽvi La ƒe Agbe ƒe Agbalẽ me.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na Gbedeasi la sese:

Mateo Kɔkɔe 4:8 / 11:25-26 / 24:6
Marko Kɔkɔe 16:16
Yohanes Kɔkɔe 14:12
Tesalonikatɔwo II 2:3
Hebritɔwo 4:12
Nyaɖeɖefia 2:6 / 6:3-4 / Ta 17lia / 19:11-16
Yoel 2:25
Amos 3:6-7