Gbedasi: 63-0319 Nutrenu Evelia
- 25-0323 Nutrenu Evelia
- 23-0730 Nutrenu Evelia
- 22-0206 Nutrenu Evelia
- 21-0131 Nutrenu Evelia
- 19-0407 Nutrenu Evelia
- 17-0326 Nutrenu Evelia
Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu
30/01/2021
Dziƒo Ƒe Fianyɔnu Lɔlɔ̃a,
Aleke míate ŋu wɔ aƒo nu tso nusi le eme vam ŋu. Gbesiagbe, ŋɔŋlɔ ɖe ŋɔŋlɔ dzi, nyagblɔɖi ɖe nyagblɔɖi ɖe le me vam. Mawu le Eƒe Fianyɔnu wɔm ɖekae le Eƒe Nya ŋu.
Paradiso me xeviwo dze ha dzidzi ke míaƒe dziwo me. Míenyae be magadidi fifia ake o. Nane le dzɔdzɔm. Gaƒoƒo la de. Ŋugbetɔ la dzra eɖokui xoxo to toɖoɖo Mawu ƒe dɔla kple gbedasitsɔla 7lia le Eƒe Nya la ƒe gbe ɖem abe Dziɖegbe ene.
Kwasiɖa sia kwasiɖa la míeƒoaƒu ɖedu le mɔkpɔkpɔ gã aɖe me esime míexlẽa nu vana gɔme be, 5,4,3,2,1…ZI PLAY. Kasia la, Ŋugbetɔ la zua ɖeka le xexea katã me kpeɖo. Ke Eƒe Gbedasitsɔla ƒoa nu na mí le anyigba dzi le afisia. Le ɣeyiɣi ma tututu me la, Mawu gbugbɔ ɖe na numa ke gblɔa tso Dziƒo.
Enye Mawu ƒe Gbe si le nuƒom na Eƒe Nuku woɖo ɖi la hele gbɔgblɔm be, “Nye Ŋugbetɔ ye nènye. Melɔ̃wò Fianyɔnu. Gaƒoƒo la de. Dzɔdzi, medzra nusianu ɖo ɖi na Míaƒe Srɔ̃ɖeŋkekenyuie la.”
Ɖeɖefia ƒe gaƒoƒo lae nye esi. Wole nuwo katã ɖem fia le Eƒe Vavaɣi tututu. Nuwo katã ƒe nuwuwu ƒe ɣeyiɣi mamle lae nye esi.
Míaƒe dziwo le kpodzom kple dzidzɔ esime Wòle srɔ̃ɖenunana geɖewo wu nam mí kwasiɖa sia kwasiɖa.
Mekpɔ nyɔnu gã aɖe le tsitre, henyakpɔkpɔ, do fia ƒome ƒe awu gã aɖe si ƒe kɔla le abe aɖabɛ tɔ ene.” Ke meʋu klobototo aɖe le gɔme afii, “( Enye ame ŋkuta gã aɖe le Dukɔ Ƒoƒuawo me; ɖewomahĩ Katoliko hamea.)” Nyɔnu, nyɔnu aɖe ; nyemenya ne anye Katoliko hamea o. Nyemenya o. Nyemate ŋu gblɔe o. Nu ɖeka si mekpɔ lae nye, mekpɔ nyɔnu la, evɔ.
Esime Ŋugbetɔ la nɔ toɖom Nutrenu Adreawo esime wonɔ wo ʋum la, Kamala Harris nɔ adzɔgbe fiam, abe nyɔnu gbãtɔ si zu Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dukplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ. Nyemele gbɔgblɔm be esiae nye nyagblɔɖi si nɔviŋutsu Branham kpɔ ƒe me vava o, gake edze kakaɖedzitɔe be ate ŋu nye ema faa.
Kamala Harris geɖe ŋutinya me egbe , esime wònye nyɔnu ameyibɔ gbãtɔ kple amesi tso Asia ƒe Dziehe si zu Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dukplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ. Le kɔnu 59lia wɔwɔ me la, edo aɖabɛ wu legbe kple awu ʋlaya aɖe si nutala Christopher John Rogers amesi le ŋgɔ gbe dem wɔnae ɖe dzi. Edo kɔmedzonu si Wilfriedo Rosado wɔnae hã ɖe wo dzi.
Vanity fair
Esime míenɔ toɖom Hame Ƒe Agbenɔɣi Adreawo la, Mawu ƒe dɔla kple gbedasitsɔla 7lia gblɔ nya ɖi hegblɔ na mí be le Kennedy megbe la Katoliko Dukplɔla bubu aɖe aga su Dukɔ Ƒoƒuawo si.
Esime wòka atam vɔ le kɔnua me la, Biden zu Katolikotɔ evelia si akplɔ Dukɔ Ƒoƒuawo, gbãtɔ tso keke John F. Kennedy dzi le ƒe 1961 me.
Today
Ɣeyiɣi aɖeke mesɔ kple esime míele agbe le xexeame ƒe ŋutinya me o. Nyagblɔɖi siawo katã le me vam le míaƒe ŋkuwo me le vuvɔŋɔli sia me.
Ke mlɔeba la ava me , ( Mele egblɔm ɖi do ŋgɔ), nyɔnu aɖe akplɔe. Miɖo ŋku dzi, ƒe bla etɔ woenye esi, megblɔe. Eye-eye nu- le nu adreawo si megblɔ ɖi doŋgɔ me la, wodome atɔ̃ va me vɔ. Ke amesi ana wòage ɖe me la le wo si vɔ. Ke miawoe dakɔ nae , to miaƒe dunyahehewo dzi le afima.
Mawu ƒe Nya medana ƒu o. Eƒe Nya mate ŋu da ƒu o, ele be Wòava me. Dzidzenu le Eyama si. Dzidzenu mae nye Eƒe Nya la. Mɔnu aɖe le Mawu si si wòtsɔ ɖea Eƒe Nya fia na: “Nyemawɔ naneke, kura o, negbe Maɖee fia Nye dɔtsɔla, Nye nyagblɔɖila hafi.” Hafi Wòawɔ nane la, Eɖea Esia fiana Eƒe Nyagblɔɖila. Ke ne Wòɖee Esia fia la, nane le mɔdzi.
Dziɖegbe Adreawo woana kɔkɔdzoe ƒe Xɔse Ŋugbetɔ la.
•Xɔse vana to nusese me.
•Mawu ƒe Nya la sese me.
•Mawu ƒe Nya la vana na Nyagblɔɖila la.
•MAWU ƑE GBE ƉEKA koe li.
“Nye alẽawo nya Nye Gbe.” Gbe aɖe, ɛ ɖe, ye nye Eƒe Nya la, ne Wòle nuƒom. “Nye alẽawo sea Nye Gbe. Woɖo kpe Nye Gbe dzi na wo be, enye nyateƒe. Woɖo kpe edzi be Nye Gbe wònye.” Azɔ, azɔ mide dzesi, womele gbe bubu yome dze ge o. Womele ewɔge o. ” Nye alẽawo nya Nye Gbe, womele ame tutɔ yome dze ge o.”
Míenya Gbe Ma eye míelɔ̃e. Míele gbe bubu aɖeke yome dze ge o, negbe Eƒe Gbe si wolé ɖe Nyaƒokawo dzi. Míaƒe Ŋugbetɔsrɔ̃ wònye le míayɔm be Yeƒe Fianyɔnu.
Oo, Mawu ƒe Fianyɔnu, nuka le lala wòm gbesiagbe. Nunana ɖe nunana dzi, yayra ɖe yayra dzi, dzidzɔ ɖe dzidzɔ dzi, ɖeɖefia ɖe ɖeɖefia dzi.
Mina míaxlẽ tso dzi va gɔme ake Kwasiɖagbe sia le 2:00 wole me, le Jeffersonville ƒe game , be míase Mawu ƒe Gbe wòaɖe gbe abe Dziɖegbe ene na Eƒe Fianyɔnu la, esime míase: Nutrenu Evelia 63-0319.
Nɔvi. Joseph Branham.
Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ le dzadzraɖo me na Gbedasi la ƒe sese:
Mateo Kɔkɔe 4:8/ 11:25-26 / 24:6
Marko Kɔkɔe 16:16
Yohanes Kɔkɔe 14:12
Tesalonikatɔwo II 2:3
Hebritɔwo 4:12
Nyaɖeɖefia 2:6 / 6:3-4 / Ta 17 lia / 19: 11-16
Yoel 2:25
Amos 3:6-7