22-0123 Gbagbãƒe Si Le Hame Ƒe Agbenɔɣi Adreawo Kple Nutrenu Adreawo Dome

Gbedasi: 63-0317e Gbagbãƒe Si Le Hame Ƒe Agbenɔɣi Adreawo Kple Nutrenu Adreawo Dome



https://drive.google.com/uc?id=1rT2RtXcCAn1tX8NdcePMBKNAv4ElOwF8

BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃a Si Le Ɣli Dom Hele Dzidzɔ Kpɔme,

Míele Nya la me eye míele míaƒe agbewo ƒe ɣeɣiyi gãtɔ kekeake me tom. Nufiafia, ɖokuitsɔtsɔna kple ɖeɖefia. Nububu aɖeke meli wu be woase Mawu ƒe Gbe le nyaƒoka dzi o.

Gbedeasi Sia nye nusianu na mí. Enana mí kɔɖiɖi deblibo. Nu ɖeka si ate ŋu tsi míaƒe luʋɔ ƒe tsikɔwuame ŋu yenye ase Mawu wòaƒo nu na mí to Eƒe nyagblɔɖila dzi.

Gbe sia gbe la Enana mí ɖeɖefia kuɖe Eɖokui kple míaɖokuiwo ŋu. Kakaɖedzi deto aɖe be, to “play zizi” me la, míele Eƒe Nya sem hele nuwɔm tututu ko abe alesi Wòde se na mí be míawɔe ene. Míenye Eƒe alẽ, eye alẽ mate ŋu kplɔ eɖokui o; ele be kplɔla nanɔ eyama si. Ke Gbɔgbɔ Kɔkɔe le míakplɔm va Eɖokui, si nye Eƒe Gbe si le Nya siwo medana o gblɔm le nyaƒoka dzi gbɔ.

Míakatã míele Gbedeasi siawo sem ɖe du ɖe dome ko o, Etia mí be míawɔe ye. “Aƒetɔ la ye dzɔa amedzɔdzɔewo ƒe afɔtoƒewo.” Susu aɖe li tae. Míate ŋu adokpoe o. Gbedeasi la le Nyaƒoka dzi ye nye nusi ɖeɖe dim Ŋugbetɔ la le. Le Esese me la, Ele Xɔse ƒe asi sesẽ la nam mí kuɖe Nya ɖe sia ɖe ŋu be míaxɔ edzi ase.

Nukata míexɔe se be ele vevie alegbegbe na amesiwo katã yɔa woɖokuiwo be “Mawu ƒe Ŋugbetɔ” la be woase Nyaƒokawo mahã?

Nya la le egblɔm na mí eme kɔ ƒãa be nyagblɔɖilawoe ŋlɔ Biblia. Menye woƒe susuwoe , alo tamesusuwoe o, boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe si nɔ woʋam be woaŋlɔ Biblia ye. Biblia le egblɔm na mí be Yehowa Mawu mawɔ NANEKE o negbe Wòɖe Eƒe Nya fia Eƒe nyagblɔɖila. Bubuwo woate ŋu ƒonu kuɖe Eŋu Aɖegbeƒãe, gake nusi Mawu ƒe nyagblɔɖila gblɔ vɔ ƉEƉEKO woate ŋu agblɔ.

Ne miexɔe se be William Marrion Branham nye Mawu ƒe dɔla kple gbedeasitsɔla 7lia si dzi woɖo kpe la, ekema nusi wògblɔ le NYAƑOKA DZI menye eƒe nyawo o, gake Mawu Ŋutɔ ƒe susuwo ŋutɔ ŋutɔ si woɖe gblɔ woe. Míele míaƒe dzeƒe Mavɔ la dzudzɔm ɖe Nya ɖe sia ɖe si wògblɔ le nyaƒokawo dzi dzi, esime míexɔe se be enye ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI. Womate ŋu atsɔ kpee alo aɖe le eme o, nenema ke mehĩa gɔmeɖeɖe o; Amegbetɔ Vi la Wònye le nuƒom to ame si Wòtia be wòawu Eƒe Nya ŋu dzi.

Ŋugbetɔ vavã la nya nyaƒokawo sese ƒe vevienyenye. Na míawo ya la, nyaƒokawo nye gã eye subɔsubɔdɔ mamleawo katã nye sue. Edze be amesiame nabia woɖokui se be ɖe yewoƒe dzeƒe Mavɔ la ziɔ ɖe Nya ɖe sia ɖe si Mawu ƒe nyagblɔɖila gblɔ dzia. Ne mexɔe se be Mawu ƒe Gbe wònye le nuƒom hele Eƒe Ŋugbetɔ yɔm la, ekema naneke meli le vevie wu PLAY ZIZI o, esime le wole ʋɔnudrɔgem to Nya ɖe sia ɖe si MAWU ƑE NYAGBLƆƉILA GBLƆ dzi…menye to nusi ame aɖe gblɔ be Mawu ƒe nyagblɔɖila gblɔ dzi o.

Ne nèxɔe se be yehĩa wu nyaƒokawo la, ekema mele vevie na wò kakaka be nàte gbe ɖe nyaƒokawo sese dzi o, gake ɖe vevienyenye geɖe ɖe subɔsubɔdɔ la dzi. Gã ɖeka koe ate ŋu nɔ asiwò.

Esime míanɔ toɖom nyaƒoka Kɔsiɖagbe sia la, Mawu Ŋutɔ le nuƒo ge na mí aɖagblɔ na mí be Agbe Mavɔ la ƒe ɖaseɖigbalɛ le sea ŋu le mía si. Nu sia nu si Adam kple Xawa bu la le mía si. Wole ehe ge va na mí to ɖeɖefia me, kple tso Mawu ƒe Asi me to kpeɖoɖodzi dzi.

Emegbe la Agblɔ nusi dzɔ le Dziƒo na mí. Alesi Yesu Ŋutɔ xɔ Agbalẽ la, dze nutrenu la, emegbe ɖoe ɖa nyagblɔɖila si Wòtia la hegblɔ na Eyama be netsɔe na Yeƒe Ŋugbetɔ la…ɣlidodo ƒe nya gblɔm nèle hã!!! Nusianu le anyigba dzi kple le Dziƒo ase mía ŋkɔ be míedoɣli hedo aƒa lélélé esime míakpɔ míaƒe ŋkɔwo siwo woŋlɔ ɖe Alẽvi la ƒe Agbe Gbalẽ me.

Ke Etsɔ Agbalẽ la, (ŋutikɔkɔe!) ʋu Agbalẽ la, hedze Nutrenuawo; Heɖoe ɖa anyigba dzi, ɖo ɖa Eƒe dɔla adrelia, be wòaɖe fia Yetɔwo! Yenye ekem. Oo, míatɔwo! Nukae dzɔ? Aƒa léléléwo, ɣlidodoawo, Aleluyawo, amesiaminawo, ŋusẽ la, ŋutikɔkɔe la, ɖeɖeɖego la!

Eye Yohanes tsitsia, sinɔ tsitre ɖe afima, míanɔviŋutsua la, nɔ ɣli dom! “Nukata,” egblɔ be, “nu sia nu le Dziƒo, nusianu le anyigba, kple nusianu le atsiaƒu me, se be medo aƒa sesĩe be, ‘Amen! Amen! Yayrawo, bubu, kple kalẽ, kpakple ŋusẽ, na Eyama si le agbe tso mavɔ yiɖe mavɔ.”

Afikae nàte ŋu se ɖeɖefia gã sia le? NYAƑOKAWO ƉEƉEKO DZI. Nu tɔxe aɖe li na Ŋugbetɔ la ne wole Mawu Ŋutɔ sem wòle nuƒom to agbetɔ ƒe nuɣiwo dzi hele gbɔgblɔm na wo bena, “NYE ŊUGBETƆ LƆLƆ̃ MIENYE.”

Va nɔ anyi ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋkume to Play Zizi dzi le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe ga me, esime míase Eƒe dɔla kple gbedeasitsɔla adrelia wòahe: Gbagbãƒe Si Le Hamea Ƒe Agbenɔɣi Adreawo Kple Nutrenu Adreawo Dome 63-0317E vɛ na mí.
Míele ɣlidoge hele dzidzɔ kpɔ ge aɖanɔ gbɔgblɔm be Aleluya.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na Gbedeasi la:

Mose III: 25:47-55
Yeremia:32:1-15
Zaxaria: 3:8-9/4:10
Romatɔwo:8:22-23
Efesotɔwo:1:13-14/4:30
Nyaɖeɖefia: 1:12-18/ Ta 5lia/ 10:1-7/ 11:18