22-0116 Mawu Si Le Eɖokui Ɣlam Le Gblɔenyenye Me, Emegbe Le Eɖokui Ɖem Fia Nenema Ke

Gbedasi: 63-0317m Mawu Si Le Eɖokui Ɣlam Le Gblɔenyenye Me, Emegbe Le Eɖokui Ɖem Fia Nenema Ke



BranhamTabernacle.org

Eliya Ƒe Alẽha Sue Lɔlɔ̃a,

Míawoe nye dukɔ tɔxɛ, saga kple tutɔ na xexeame, eye hã na xɔsetɔ geɖewo, gake alekeke hã, míenye nunɔlanyenye gbɔgbɔmetɔ, fiaƒome dukɔ, si le gbɔgbɔme vɔsasawo wɔm na Mawu, kple míaƒe nuɣiwo ƒe kutsetse hele kafukafu tsɔm na Eƒe Ŋkɔ la. Míedi be míagblɔ na xexeame be dzi le míadzɔm alegbegbe, míede akpe alegbegbe, eye enye bubu na mí alegbegbe be míenye Wo Dometɔ Ɖeka.

Míedzra míaƒe dzonu susɔeawo katã, esime Wònamí Dzonu xɔasi la, Eyaŋutɔ ƒe Ɖeɖefia la. Míekpɔ Mawu ƒe Nya ŋutɔ si woɖe ɖe go. Ŋkeke mamleawo ƒe ŋugbedodo la ŋutɔ, fĩeɣi ŋɔli ƒe Kekeliawo siwo wòle be woaklẽ.

Woɖe fia wòde to le míaƒe dziwo me be Gbe si sem míele le nyaƒoka dzi la nye Amegbetɔ Vi la si le Eɖokui ɖem fia. Gbe ma gblɔ na mí be: minɔ afisia, mikpɔ Nuɖuɖu Sia si wodzraɖo ɖi si mede nyaƒokawo dzi na mí dzi. Ne biabia aɖe le miasi la, mitrɔ gbɔ va nyaƒoka siawo gbɔ. Ate ŋu nye nusi atsaka mi vie gɔ hã, gake migbugbɔ ƒo nyaƒoka la aɖase nyuie. Ne mienye Ŋugbetɔ la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la Aɖee fia mi. Miɖo ŋku dzi be, nyaƒokawo mehĩa gɔmeɖeɖea ɖeke o, migblɔ nusi le nyaƒokawo dzi ɖeɖe ko. Nyee nye miaƒe kplɔla eye miawoe nye nye alẽha suea, minɔ anyi kple nyaƒoka ƒe nufiafia la.

Menyae be ame sɔgbɔwo alegbegbe mesea nusi wɔm míele gɔme ne míele Gbedeasi ɖeka sem ɖe du le ɣeyiɣi ɖeka me o, gake enyo, wokpɔtɔ nye míanɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo eye míelɔ̃awo eye mele be míaƒo nu tsitre ɖe wo ŋu kpɔ gbeɖe o. Edze be amesiame nawɔ nu abe alesi wose be Aƒetɔ la kplɔ yewo be yewoawɔe ene. Mawu wɔa dɔ hekplɔa mí tɔxɛ tɔxɛe.

Nyagblɔɖila gblɔ na mí be edze be míadzro nusianu me kpɔ kple Nya la, aɖaɖokpe dzi kple Nya la, tututu ko abe alesi wòwɔe ene. Nya egbetɔ, nye eye wònye Biblia, kokoko. Biblia gblɔ na mí be le ŋkeke mamleawo me la Aɖe nyaɣlaɣlawo katã kple nuɣlaɣlawo siwo le Eƒe Biblia me afia keŋkeŋ to nyagblɔɖila aɖe si dɔ ge Wòle ɖa dzi. Eya Ŋutɔ le nu ƒo ge to nyagblɔɖila sia dzi aɖaɖe Eɖokui afia le ŋutilã me tututu ko abe alesi Wòwɔe na Abraham ene. Eƒe Nya manye ame ƒe nyawo o, boŋ Mawu Ŋutɔ ƒe Nyawo ŋutɔ ŋutɔ. Anye ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI, alea Biblia kple Gbe ma woanɔ ɖeka aɖanye numa ɖeka ke.

Gogloƒe aɖe le gogloƒe aɖe yɔm le míaƒe dziwo me be míase Gbe ma si dzi woɖo kpe la. Míedi be míase Mawu ƒe Gbe tẽ tso Eƒe nyagblɔɖila si wòtia dzi. Lɔlɔ̃ ƒomevi aɖe le míaƒe dziwo me be míase Gbe ma eye míavo ko aɖanyae be mehĩa be míabia nya aɖeke le naneke si sem míele ŋu o, ɖeko wòle be míaxɔ NYA ƉESIAƉE dzi se.

Teƒe bubu aɖeke meli si míate ŋu awɔe le o. Menye be ame aɖe avagblɔ nya gbegblẽ aɖe na mí, alo akplɔ mí baɖa, esime Gbɔgbɔ Kɔkɔe le woawo hã si o, gake míenyae be woate ŋu agblɔ nane si gblẽ na mí fãa esi womedzi yewoawɔe o hafi. Gake ne míele Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe sem le nyaƒoka dzi la, ŋutɔ gɔ hã ne míele nusi gblɔm wole gɔme sem o la, Papa Mawu gblɔ be ɖeko wòle be míagblɔ be AMEN, MÍEXƆ NYA ƉESIAƉE DZI SE. Míate ŋu awɔ ema na gbe bubu aɖeke o.

Gbe ma de dɔ asi na Mí hã be:

Migaɖotom o; gake miɖo to nusi megblɔ la. Nusi megblɔ lae nye Gbedeasi la. Migatsɔ ɖeke le me na gbedeasitsɔla o; milé ŋku ɖe Gbedeasi la ŋu. Miaƒe ŋkuwo nenɔ, menye gbedeasitsɔla dzi o, boŋ Gbedeasi la dzi. Nusi Wògblɔ la, numa dzi wòle be woakpɔ.

Nusi wògblɔ la NYE gaƒoƒo la ƒe Gbedeasi la; Eyae nye nusi dzi wòle be woakpɔ.

Ele nuwo ɖem fia mí geɖe wu tsã. Gbedeasi Ɖesiaɖe si míesena la ɖena gbe abe Gbedeasi yeye si míese kpɔ gbeɖe o ene. Togbɔ be míesewo zi gbɔ zi alafawo tsã la, míate ŋu aɖe egɔme o, ele abe ɖee míele esem hena zi gbãtɔ ene eye Wòle Ɖeɖefia geɖe geɖe nam mí ɖe dzi wu.

Ɖe ko míate ŋu abu eŋu kpɔ be ame aɖe medi be yease Gbedeasi siawo kpli mí o. Ɖekawɔwɔ kple Ɖekanyenye ƒomevi aɖe le Ŋugbetɔ la kple Nya la dome. Míekpɔ kɔɖiɖi blibo wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe le míaƒe agbewo me.

Zi ɖeka ake la míele mɔkpɔkpɔ gã aɖe te alegbegbe. Ele ko abe ɖee fifia hafi wole Nutrenuawo ʋum ene. Ele nusiwo míekpɔ gbeɖe va yi o fia ge mí aɖahe Kekeli va nusiwo míese zi geɖe, geɖewo kpɔ tsã dzi; gake fifia la, míele Ekpɔ ge eme na kɔ ƒãa.

Míenyae be nusianu si hĩa mí na Eƒe Kɔkɔdzɔe vava kpuie lae, nye Gbe ma le nyaƒokawo dzi.

Mawu to ŋutega dzi dɔ Eƒe nyagblɔɖila yi ɖe Arizona gbedadaƒo megbe afisi mawudɔla adre kɔe yi dzi le, eye emegbe la egbugbɔ dɔ eyama va Jeffersonville be wòaɖe Nutrenu Adreawo ƒe nyaɣlaɣlawo siwo le bebe ɖi fia Ŋugbetɔ la.

Va ɖo ka me kpli mí esime Mawu anɔ nuƒom to nuɣi dzi yi to me Kɔsiɖagbe sia le ŋdi ga 10 me, Jeffersonville ƒe game, eye míase: Mawu Si Le Eɖokui Ɣlam Le Gblɔenyenye Me, Emegbe Le Eɖokui Ɖem Fia Nenema Ke 63-0317M.

Míadze Gbedeasi la gɔme le xexlẽme #94 dzi, nuŋutikɔkɔ takpekpe la megbe.

Nɔvi. Joseph Branham

Kronika Gbãtɔ 17:1-8
Yesaya 35:8 / 40: 1-5 / 53:1
Maleaxi ta 3 lia
Mateo Kɔkɔe 11:10, 11:25-26
Yohanes Kɔkɔe 14:1-6
Korintotɔwo Gbãtɔ ta 13lia
Nyaɖeɖefia ta 21lia