22-0109 Ɖee Esiae Nye Nuwuwu Dzesi laa, Amegã?

Gbedasi: 62-1230e Ɖee Esiae Nye Nuwuwu Dzesi laa, Amegã?



BranhamTabernacle.org

Mawu ƒe Gbedoxɔ Lɔlɔ̃a,

Gbedeasi sia ƒe ŋusẽ meɖo seƒe o. Ede blibo le Eɖokui me. Eyae nye Nya mamlea ɖe nuwo katã dzi. Nububu aɖeke megali o negbe Gbe ma si wolé ɖe nyaƒoka dzi. Enye Mawu ƒe Gbedeasi gaƒoƒo tɔa si dzi woɖo kpe. Eyae nye míaƒe Tɔɖoƒe.

Míele míaƒe mɔzɔzɔ me tuta Ŋugbedodo Nyigba dzi, esime Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, Dzo Lilikpo la le míakplɔm. Wodzra míaƒe Gbɔgbɔme Nuɖuɖu ɖo ɖi be wòalé mí ɖe te le míaƒe mɔzɔzɔ la me. Wolé nusiwo katã hĩa mí la nam mí.

Do ŋgɔ na eƒe ku la, Dawid dzra nu geɖewo siwo hĩa be woakɔ tu Aƒetɔ ƒe aƒe la ɖi. Ede se be edze be wòaɖo atsyɔ geɖe, axɔ ŋkɔ gã, kple ŋutikɔkɔe, le duwo katã me.

Emegbe la eƒonu na Salomo, hetsɔ xɔ la ƒe akpata, eŋu xɔwo, nudzraɖoƒewo, dzisasrãwo kple xɔ emetɔwo kpakple nutsyɔnu la xɔ ƒe nɔnɔme de asi na eyama.

Etsɔ nusiwo katã wòbu ɖe ta me la ƒe nɔnɔme de asi nɛ, siwo nye Yehowa ƒe aƒe la ƒe kpɔwo kple eŋu xɔwo katã godoo, Mawu ƒe aƒe la ƒe nudzraɖoƒewo kple nu kɔkɔeawo dzraɖoƒewo.

Nunɔlawo kple Lewi-viwo ƒe hawo, kple nusianu na Aƒetɔ la ƒe aƒe ƒe subɔsubɔdɔwo katã. Ena eyama Aƒetɔ la ƒe aƒe ƒe subɔsubɔdɔwɔnuwo katã hã. Sika kple klosalo na subɔsubɔnu ƒomeviwo katã. Sika kple klosalo ɖe akaɖiti ɖe sia ɖe ŋu. Sika kple klosalo na ŋkumeɖobolo ƒe kplɔ̃, gaflowo, ʋutrewo kple kpluwo kpakple goeawo.

Sika nyuitɔ alesi atu dzudzɔdovɔsamlekpui la nu hekpe ɖe sika Kerubiawo, siwo keke aʋala hetsyɔ YEHOWA ƒe nubablaɖaka dzi la ƒe tasiaɖam la ŋuti.

Wodzra nusianu ɖi heƒoƒuwo ɖi na xɔtutu la. Naneke meʋe te o. Edze be wòakplɔ xɔtutu la ƒe nɔnɔme tata do tututu alebe wòatu Yehowa ƒe Gbedoxɔ la.

Gake le míaƒe ŋkeke me la, Mawu le Gbedoxɔ bubu tum si nye Eƒe Ŋugbetɔ la. Womele Gbedoxɔ sia ya tsrɔ̃ ge o, boŋ anɔ agbe Mavɔ kple Eyama. Edzra nusianu si wohĩa be woatu Eƒe Gbedoxɔ yeyea ɖi geɖe heƒoƒui ɖi.

Mawunyenye, Da ƒe Nuku, Daniel Ƒe Kɔsiɖa Blaadreawo, Hame Ƒe Agbenɔɣi Adreawo, Nutrenu Adreawo, De Dzesi Wò Ŋkeke la, Srɔ̃ɖeɖe Kple Srɔ̃gbegbe, Nukoklo Le Mawu Ŋu, Dzesi la, Tɔɖoƒe, Amesiaminawo, Gbɔgbɔme Nuɖuɖu, Kristo Nye Nyaɣlaɣla, kple alafa ɖe alafa dzi ƒe bubuwo, siwo yome wòdze be woadze tututu.

Edzra nusianu si hĩa mí ɖi, gake edze be míakplɔ xɔtutu la ƒe nɔnɔme do tututu, esime míatrɔ dzesi aɖeke alo nane si meɖi naneke o.

Azɔ, nusi gblɔm mele ŋdi sia lae nye be, esiae nye Nuɖuɖu dzadzraɖo. Nuɖuɖu dzadzraɖo, ale be nane nanɔ mia si miaɖu, ale be nane nanɔ miasi be miatsɔ anyi mia ɖokuiwoe. Miakpɔ Esia le miaƒe nyaƒokawo dzi. Mibɔbɔ nɔ anyi ɖe xɔ me le ɖoɖoezizi me. Ɖewohĩ, ne medzo vɔ eteƒe didi la, miagaɖo ŋku dzi kokoko be nusiawo nye nyateƒe. Mibɔbɔ nɔ anyi ɖe miaƒe xɔ me eye miaɖo toe. Mikpɔea? Ke esiae nye Nuɖuɖu la, si woƒoƒu ɖi, le nudzraɖoƒe.

Egblɔ be yevona geɖe le agbadɔa me wu teƒe bubu ɖesiaɖe. Eyae nye teƒe si woƒoƒu Nuɖuɖu la ɖo ɖi.

Le egodo le takpekpeawo me afisi meyina la, miesena kpɔ gbeɖe be meɖea gbeƒã Gbedeasi siawo o ɖe. Kpao, medo ŋugbe na mi, be mava agbadɔ sia me. Afisia tututu ye meɖea gbeƒã nye Gbedeasiawo tso. Etɔ̃ alo ene bubuwo si Aƒetɔ la nam, gale asinye le afisia, Ŋɔŋlɔawo le asinye kuɖe ŋu, si nyema akatse aɖegbeƒãe le teƒe bubu aɖeke negbe afisia ko o. Afisiae Mawu ƒe Nya dze gododo tso. Azɔ, vaseɖe si me Mawu natrɔe la, mele afisia nɔ ge aɖegbeƒãe tso afisia tututu. Esɔ gbe.

Aƒetɔ la ƒe nyagblɔɖila ƒo nu hegblɔ bena amehatsotso aɖe li siwo xɔ ye dzi se, eye dɔ le wowum eye woléa ɖe nya ɖe sia ɖe si yegblɔ ŋu. Miawoe nye amehatsotso ma. Mienye eƒe ƒuƒoƒe la. Mienye eƒe ha sue la.

Menɔ gbedodoɖa me eye mese be Aƒetɔ la le míakplɔm be míase Gbedeasiawo Si Wòna Eƒe nyagblɔɖila ƒoƒu ɖi wosɔgbɔ le Eƒe nudzraɖoƒe me be wòatu Eƒe Ŋugbetɔ la.

Míele edzi yi ge adze Eƒe nyagblɔɖila la yome esime míase: Ɖee Esiae Nye Nuwuwu Dzesi laa, Amegã?62-3012E. Medi be makpewò be nàva tu mí Kɔsiɖagbe le ŋdi ga 10 me, Jeffersonville ƒe ga me, be míase Nuɖuɖu sia si wodzraɖo ɖi tɔxɛ si atu wò ɖe Aƒetɔ la ƒe Gbedoxɔ la me.

“Ɣeyiɣi megali o.” Ne wòle la, mina míadzra míaɖokuiwò ɖo, xɔ̃wo, be míado go mía Mawu la. Nuɖuɖu sɔgbɔ li si woda ɖi azɔ. Mina Míazãe. Mina Míazãe fifia.

Nɔvi. Joseph Branham