22-0102 Tɔɖoƒe

Gbedasi: 62-1230M Tɔɖoƒe



BranhamTabernacle.org

Ame Ɖeka Gbedeasi Ƒe Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃a,

Ŋkuɖodzi Ŋkeke ƒe ƒe kae nye esi na Ŋugbetɔ la. Ewɔ mí ɖekae tso xexea katã me kple  nu ɖeka ko lia si ate ŋu ahe Eƒe Ŋugbetɔ la vɛ ɖe du, gaƒoƒo la ƒe Gbedeasi la, Mawu ƒe Gbe la ŋutɔ ŋutɔ si le Eƒe Ŋugbetɔ la yɔm do goe.

Ke azɔ mexɔe se be Ele gbesɔsɔ be yeatu kɔkɔƒe gã la le go kemea dzi, be yeahe Xɔsea aɖe si akɔ Hame la adzo yi ɖe Ŋutikɔkɔe me vɛ. Ke Ele  Gbedeasiawo me.

Gbedeasi sia ƒe Ɖeɖefia ku seke hedeto ɖe míaƒe dziawo me azɔ. Míaƒe nuwɔnawo sɔ kple Nya la tututu. Míenyae be míaƒe nufiafia deblibo kple Nya la, míele le ɖeke tsɔm le Ekpem alo le Eɖe ɖem le Me o. Na míawo ya la, míele nububu aɖeke dim o negbe Nya la le nyaƒoka dzi.

Ele míadzram ɖo hena kɔkɔƒe mamlea esime wòle Xɔse si hĩa mí na Kɔkɔdzɔe la nam mí. Xɔse ma, le mía me AZƆ. Wole Kristo ƒe agbe ɖem ɖe go kloe le nɔnɔme aɖe si do ŋutilã me, le mía me, abe alesi wònɔ Kristo me ene.

Míele Eƒe agbe kpɔm. “Dɔ siwo wɔm Mele la woawo kee miawɔ.” Menye amesi wɔ eɖokui be yexɔese o, amesi susui be yexɔese o, gake, “Amesi xɔese.” “Amesi xɔ Dzinye se la, dɔ siwo wɔm Mele la, eya hã awɔe.” Nukata? Èku seke ɖe Agakpe ma ke dzi. Nukae nye Agakpe laa? Nya la, kokoko. Èku seke ɖe afima. Wò dziehe Ɣletivi lae wònye ne èbu le atsiaƒu dzi.

Míeku seke ɖe Agakpe ma dzi alegbegbe. Míexɔ kakaɖedzi kuɖe Eŋu. Míenya Nusi Wònye. Míetsɔa amebubu aɖe ƒe Nya o, míenɔa anyi kple Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi. Míeva ɖo míaƒe Tɔɖoƒe la gbɔ.

Míekpɔ kɔɖiɖi fũ hekpɔ dzidzɔ. Megahĩa be woabia nya aɖe abe alesi wònɔ le Ʋɔŋudrɔlawo ƒe ŋkekewo me, kple ame geɖewo alegbegbe egbea ene, afisi amesiame wɔa nusi dzɔ le eƒe nukpɔkpɔ ŋu, afisi amesiame ɖo eƒe tɔɖoƒe le hewɔa nusi dzroe ko o. Mawu metrɔa Eƒe dɔwɔwɔ o, Mateŋui aganye Mawu o. Ne Mawu gblɔ nane kpɔ alo wɔa nane la, edze be Wòawɔ numa ke ɣesiaɣi.

Mawu dɔa nyagblɔɖila aɖe ɖa kokoko be wòakplɔ Eƒe dukɔ. Edɔ Eƒe dɔla kple nyagblɔɖila adrelia ɖa; Amegbetɔ Vi la si le Eɖokui ɖem fia le agbetɔ ŋutilã me, be yeayɔ Yeƒe Ŋugbetɔ la do go aɖakplɔe. Nyaƒokawo nye Mawu Ƒe Gbe na Eƒe Ŋugbetɔ la. MÍAƑE TƆƉOƑE LAE MA.

Eyi ɖe dzigbe le afima. Enyae. Ke melɔ̃a ema, alesi wòhevae. Eƒe tɔɖoƒe la su eyama si, eƒe atiziɔti la.

Mawu le Eƒe Ŋugbetɔ yɔm ɖe du. Matrɔ Eƒe ɖoɖo la o. Madɔ amehatsotso aɖeke be wòaƒo Eƒe Ŋugbetɔ la nu ƒu o. Eƒe Ŋugbetɔ la awɔ ɖeka le Nya dzadze la, si nye Mawu Ƒe Gbe le Nyaƒokawo dzi ŋu. Enye Mawu ƒe subɔsubɔdɔ vavã na egbea.

Mɔnu nyuie aɖeke mele wu be míadze Ƒe Yeyea gɔme esime míava ɖe du aɖase míaƒe atiziɔti la, míaƒe Tɔɖoƒe la, wòaƒo nu na mí o. Medi be makpe amesiame be wòava se nu kpli mí Kɔsiɖagbe ŋdi ga 10 me, Jeffersonville ƒe game, aɖase Gbedeasi: Tɔɖoƒe 62-1230M.

Ne miate ŋu atu mí o la, mele dzidem ƒo na mi be miatia Gbedeasi aɖe aɖaƒo le miaƒe aƒewo me, alo mide dziƒo na miaƒe kplɔla be netia Gbedeasi aɖe alebe miawo hã mianɔ anyi ɖe du, le amisisi gãtɔ kekeake si li la te, aɖase Ŋugbetɔ la ƒe Tɔɖoƒe si dzi woɖo kpe la.

Nɔvi. Joseph Branham