23-0716 Gbagbãƒe Si Le Hame Ƒe Agbenɔɣi Adreawo Kple Nutrenu Adreawo Dom

Gbedasi: 63-0317e Gbagbãƒe Si Le Hame Ƒe Agbenɔɣi Adreawo Kple Nutrenu Adreawo Dome



BranhamTabernacle.org

Ta Me Dzogbenya Lɔlɔ̃tɔwo,

Míehe míaɖokuiwo va tsiba ta me hekeke míaƒe aʋalawo. Míaƒe aŋgba susueawo do eye wole Balime Dzogbenya la ɖem ɖe go azɔ. Míekɔ míaƒe agbewo ŋuti na Mawu kple Eƒe Nya la keŋkeŋ.

Míele nuwuɣi, hetso Ɣedzeƒe kple Ɣetoɖoƒe, Dziehe kple Nyiehe, le dzadzram ɖo na Kɔkɔdzoe ma. Míele míaɖokuiwo lém sesĩe hena miniti ʋe aɖewo sẽ ɖe esime lãwɔekui ɖe sia ɖe nayɔ fũ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. Míele dzadzraɖo wɔm be MÍAYI DZI.

Ŋkeke la va ɖo. Ele Etɔwo yɔm ƒoƒu ɖe Eɖokui gbɔ, le ɖekanyenye vavãtɔ la me kple Eɖokui. Enye Yesu Kristo si le agbe kple Eƒe Gbɔgbɔ le míaƒe ŋutilã me, le numawo ke si Wòwɔ la wɔm abe dzesifiati aɖe na xexeame ene.

Nu si de ŋgɔ wu ɖe sia ɖe le Ŋɔŋlɔa me la le mevam le míaƒe ŋkeke me.
Nuwɔna aɖe, si Mawudɔla aɖe gɔ hã, naneke, mete ŋu wɔe o, negbe Alẽvi la. Eva hexɔ Agbalẽ la le Amesi nɔ anyi ɖe Fiazi la dzi ƒe Nuɖusi me, Ʋui, ʋu Nutrenuawo, Heɖowo ɖo ɖa anyigba dzi, ɖo ɖe Eƒe dɔla adrelia, be Wòaɖe afia MÍ, Eƒe Ŋugbetɔ la.

Nusiwo le dzɔdzɔm la; Nya si ɖem Wòle fia mí gbe sia gbe la, gbɔgblɔ mele ŋu o. Míele míaƒe gbewo kɔm dzi hele ɣli dom hele ɣli dom sesĩe be, Aleluya! Amisisi la, ŋusẽ la, ŋutikɔkɔe la, ɖeɖeɖego la, Eƒe Nya ƒe Ɖeɖefia la lolo wu alesi Wònɔ kpɔ tso gɔmedzedzea me ke.

Kple nuwɔwɔ ɖe sia ɖe si le Dziƒo, kple le anyigba dzi, kpakple le anyigba te, le atsiaƒu me, kple nusiwo katã le wo me la míedo ɣli sesĩe be: yayrawo, bubu, ŋutikɔkɔe, ŋusẽ, na Amesi nɔ anyi ɖe fiazi la dzi, kple Alẽvi la yi ɖe mavɔ mavɔ me, amen! Amen, kple amen!

Nuwɔwɔ ɖe sia ɖe, ame ɖe sia ɖe tso ɣeyiɣi ƒe gɔmedzedze me la lala kpɔ ŋkeke sia be wòava. Gɔ hã Eŋutɔ lala sẽ ɖe esime Eƒe dɔla tiatia va anyigba dzi hafi Wòdo va be yeaxɔ Agbalẽ la, Aʋui eye wòaɖe Eƒe nyaɣaɣlawo katã fia Eƒe Ŋugbetɔ tiatia la.

Azɔ míenya nusi ame aɖeke le anyigba dzi menya o, tso ɣeyiɣi ƒe gɔmedzedze me, ke. Nu sia nu si woɣla ɖe Eƒe Nya me.
Nu sia nu si Ŋugbetɔ la hĩa la wolé ɖe mɔ̃ dzi hedae ɖe Mawu ƒe nudzraɖoƒe sue la.

Efia ɣeyiɣi xɔmetsovɔ la godo mí eye míele míaɖokuiwo kpɔm kple Eyama le Go kemea dzi. Ŋugbetɔ la dzra Eɖokui ɖo vɔ xoxo to Nya la sese dzi.

Míenɔ tutuɖo me. Míekpla Mawu ƒe aʋawɔnu la katã. Naneke mate ŋu ʋã mí o. Naneke mate ŋu do vɔvɔ̃ na mí o. Naneke mate ŋu na míaŋɛ ŋku ƒu Nya ɖeka dzi o. MÍENYE NYA LA.

Míele lalam kpɔ Eyama kple míaƒe seƒoƒotihe. Gaƒoɖokui xoxoa le ʋuʋum. Míele sɔwo ƒe du sisi sem, ke le mimlim le ʋufɔtiawo te. Tasiaɖam xoxoe la le tɔtɔ mɔ dzi.

Ne Wòva ɖo la míele kpo dzo ge tso xexe xoxo sia me ayi ɖe Eƒe Abɔwo me tẽ. Alé mí sesĩe agblɔ be, “Medzo be madzra nɔƒe aɖe ɖi na mi, gake fifia la evɔ vɔ, lɔlɔ̃tɔ”.

Eƒe Vava tu aƒe alegbegbe. Míele mɔkpɔkpɔ me wu gbeɖe tsã. Dzi le míadzɔm alegbegbe esime Wòle didim be míase Nutrenu Adreawo zi ɖeka ake. Míenyae be míegale Ɖeɖefia geɖe xɔ ge wu, elabena Gbedeasi ɖe sia ɖe si míesena la le abe ɖee Míesee gbeɖe kpɔ o ene.

Be woanɔ agbe egbe eye woase Gbedeasi sia la lolo gɔ hã wu ɣeyiɣi ma si me Wolée ɖe mɔ̃ dzi. Ele geɖe ɖem fia mí wu ŋutɔ gɔ hã fifia. Nuka ate ŋu dzɔ?

Miva ƒoƒu kpli mí le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, eye míase vivi le : 63-0317E Gbagbãƒe Si Le Hame Ƒe Agbenɔɣi Adreawo Kple Nutrenu Adreawo Dome sese me. Enye Nuɖuɖu si Aƒetɔ la Dzra Ɖo Ɖi na Ŋugbetɔ la be wòaɖu.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ le dzadzraɖo me na Gbedeasi la sese:

Mose III 25:47-55
Yeremia 32: 1-15
Zaxaria 3: 8-9/ 4:10
Romatɔwo 8: 22-23
Efesotɔwo 1:13-14 / 4:30
Nyaɖeɖefia 1:12-18 / Ta 5lia / 10:1-7 / 11:18