Easter ƒe 2024

Kristo Ƒe Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Ele be woaɖo ŋku Kalvaria gbesiagbe. Ke míese nya tso eŋuti fũ xlẽ nu tso eŋuti fũ. Mawunyagblɔlawo gblɔa mawunya le eŋuti, tso gbaɖegbe ke. Hadzilawo dzia ha tso eŋuti, to agbenɔɣiawo katã me. Nyagblɔɖilawo gblɔe daɖi, ƒe akpe ene gɔ̃ hã hafi wòva dzɔ. Eye egbe nyagblɔɖilawo fiaa asi ɣesiɣi wòdzɔ va yi. Enye ŋkeke vevi aɖe ŋutɔ! Enye ŋkeke vevi le ŋkeke siwo Mawu ɖo ɖe anyigba la dzi dome.

Ƒuƒoƒo tɔxɛ kae nye esi le Ŋugbetɔ la si su ge le xexea katã me Ista ƒe kɔsiɖanuwuwu sia. Míele míaƒe ʋɔtruwo tu ge aɖatso kadede kple egodo xexeame. Míati míaƒe mɔ̃wo katã alebe womegaɖefu na mí o, eye míaƒo nu na Eyama le ŋkeke ɖe sia ɖe me ʋuu. Míele míaƒe gbewo kɔ ge dzi ɖe Eyama gbɔ le ɖekawɔwɔ me, le susu ɖeka kple gbe ɖeka me, akafu Eyama, asubɔ Eyama, be míagblɔ alegbegbe míelɔ̃ Nɛ Nɛ.

Míele Eƒe Gbe se ge wòaƒo nu na míaƒe dziwo esime míagbugbɔ kɔ míaƒe agbewo ŋu na Eyama. Naneke manɔ vevie na mí wu o esime míele míaɖokuiwo dzram ɖo na Eƒe Vava si le madidi me. Ŋugbetɔ La le Eɖokui dzram ɖo wu alesi dze.

Medi be míakatã míawɔ ɖeka hena ɖoɖo si gbɔna sia:

YAWOƉAGBE

Yawoɖagbe zã mee Aƒetɔ Yesu ɖu fĩeɣi Nuɖuɖu Mamlea kple Eƒe nusrɔ̃lawo, le ŋkuɖoɖo Ŋutititozã do ŋgɔ na Israel viwo ƒe dodo dzi. Mɔnukpɔkpɔ kae nye esi be míadoka kple Aƒetɔ la le míaƒe aƒewo me, do ŋgɔ na míaƒe kɔsiɖa ƒe nuwuwu kɔkɔe la, eye míabia Eyama be wòatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí, eye wòana mí nusiwo katã hĩa mí na míaƒe mɔzɔzɔ la.

Wɔe dzro, Aƒetɔ. Yɔdɔ dɔnɔwo. Fa akɔ na amesiwo ŋu ɖeɖi te. Na dzidzɔ amesiwo wote ɖe anyi. Na ŋutifafa amesiwo ŋu ɖeɖi te, nuɖuɖu dɔwuinɔwo, tsi amesiwo tsikɔ le wuwum, dzidzɔ amesiwo lé blanui, ŋusẽ hame la. Aƒetɔ, he Yesu va míadome le zã sia me, esime míele dzadzraɖo wɔm be míaɖu kɔmunĩɔ si le Eƒe ŋutilã gbagbã la teƒe. Míele gbedom ɖa, Aƒetɔ, be Nesrã mí kpɔ le mɔ ɖedzesi aɖe dzi.

Yra bubuwo, Aƒetɔ, le xexea katã me, siwo le lalam kpɔ Aƒetɔ la ƒe Vava kple dzidzɔ, akaɖikawo le tsotso, kple dudzɔtoƒeawo si woŋu kɔ keŋkeŋ, kpakple Nyanyuie la ƒe Kekeli si le keklẽm le teƒe doblukɔwo.

Mina míakatã míadze egɔme le FĨEƔI GA 6 me, le miaƒe nutome ƒe game dzi, eye míase:

Kɔmunĩɔ 62-0204, ke emegbe la nyagblɔɖila le míakplɔ ge ayi ɖe míaƒe Kɔmunĩɔ takpekpe kple Afɔkɔklɔ Takpekpe me, esi woanɔ ƒoƒom le Lifeline app dzi (le Eŋlisigbe me), alo miate ŋu xɔ takpekpe la ɖe mɔ̃ dzi le Eŋlisigbe alo le gbegbɔgblɔ bubuwo me to link si le gɔme la zizi dzi.

Le Gbedeasia sese me la, míele ƒuƒo ge kple míaƒe ƒomeawo le míaƒe aƒewo me aɖaɖu Aƒetɔ la ƒe fĩeɣi Nuɖuɖu.

Le Gbedeasi la ɖokpɔkplɔ me la, míele ƒuƒoge ɖe du kple míaƒe ƒomeawo le míaƒe aƒewo me aɖaɖu Aƒetɔ la ƒe Fĩeɣi Nuɖuɖu.

FIƉAGBE

Mina míayi ɖe gbedodoɖa me kple míaƒe ƒomeawo le ŊDI GA 9 me, eye ake le ŊDƆ GA 12 me, anɔ Aƒetɔ la kpem be wòanɔ anyi kpli mí eye wòayɔ míaƒe aƒewo me fũ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la esime míanɔ míaɖokuiwo ŋuti kɔm Nɛ.

Mina míaƒe susu woagbugbɔ yiɖe Kalvaria, le ƒe 2000 megbe, eye míakpɔ míaƒe Ɖela le atsitsoga la ŋu, eye emegbe la míade míaɖokuiwo Eƒe asiwo me be míawo hã míawɔ nusi dzea Fofo la ŋu kokoko:

Ke esi ŋkeke sia, nye ŋkeke vevi kple ŋkeke gãtɔwo kekeake dometɔ ɖeka na mí ale gbegbe la, mina míakpɔ nu vovovo etɔ̃ si ŋkeke sia nye na mí la. Míate ŋu axlẽ alafalafawo. Gake, ŋdi sia la, metia nu vevi ɖekaɖeka etɔ̃, siwo míedi be míakpɔ, le ɣeyiɣi ʋee siwo gbɔna la me, nusi Kalvaria nye na mí. Eye mele gbe dom ɖa be esia nabu fɔ̃ nuvɔ̃wɔla ɖesiaɖe si le afisia; awɔe be amekɔkɔe ɖesiaɖe nayi ɖe klo dzi; esi ado dɔléla ɖesiaɖe ƒe xɔse ɖe dzi ayi Mawu gbɔ, ale be wòazɔ adzo, ahaya; nuvɔ̃wɔla ɖesiaɖe, nakpɔ ɖeɖe; megbedela ɖesiaɖe natrɔ gbɔ, eye ŋu nakpee le eɖokui ŋu; eye ame kɔkɔe ɖesiaɖe, nadzɔ dzi, ahakpɔ tenɔnɔ yeye kple mɔkpɔkpɔ yeye.

Emegbe le ŊDƆ GA 12 me la, mina míawɔ ɖeka le míaƒe aƒewo me ase, Gbemagbe Le Kalvaria 60-0925.

Emegbe la mina míagawɔ ɖeka ɖe du ake le gbedodoɖa me le ƔETRƆ GA 3 me le ŋkuɖoɖo míaƒe Aƒetɔ ƒe kaklã ɖe atsitsoga ŋu dzi.

MEMLEƉAGBE

Mina míakatã míagawɔ ɖeka ake le ŊDI GA 9 , kple le ŊDƆ GA 12 me, eye míadzra míaƒe dziwo ɖo ɖe nu gã siwo wɔ ge Wòala na mí le míadome ta.

Mate ŋu ase Wòagblɔ be, “Satana, va afii!” Enye Aƒetɔ azɔ. Edo asi ɖa, gbo ku kple tsiẽƒe ƒe safuiawo le eƒe axada me, tsɔe ku Eya Ŋutɔ ƒe axa me. “Medi be made dzesi nane na wò. Ènye ameflula eteƒe didi. Nyee nye Mawu gbagbe ƒe Vi ɖetugbui leaƒe tɔdzidzia. Nye Ʋu la kpɔtɔ le sisim le atitsoga ŋu, eye woxe fe blibo la! Dzena aɖeke megale asiwò o. Woɖe ama wò. Tsɔ safuiawo Nam!”

Ekema emegbe LE ŊDƆ ga 12 me la, míakatã míava ɖe du ase NYA la: Ameɖiɖi 57-0420

ŊKUƉODZI ŊKEKE kae nye ge wòala na Eƒe Ŋugbetɔ le xexea katã me.

Emegbe la mina míagaƒoƒu ɖe du le gbedodoɖa me le ƔETRƆ GA 3 me.

KƆSIƉAGBE

Mina míafɔ̃ kaba abe alesi Nɔviŋutsu Branham wɔe ene esime eƒe xɔlɔ̃ sue, akɔtadzĩ, fɔ̃ eyama le ŊDI GA 5 me ene. Mina míada akpe na Aƒetɔ la ko be efɔ̃ Yesu ɖe tsitre tso kukuawo dome:

le ŋdi ga atɔ̃ ŋdi sia la, xɔ̃nye sue kple akɔtadzĩ la dzo va frese la to hefɔ̃m. Edze ko abe eƒe dzi sue la awo ene, esime wòle gbɔgblɔm be, “Efɔ̃ ɖe tsitre.”

Le ŊDI GA 9 me la mina míagawɔ ɖeka ake le míaƒe gbedodoɖa Kɔsɔkɔsɔ la me, anɔ gbedom ɖa ɖe míanɔewo ta eye míanɔ míaɖokuiwo dzram ɖo be míase Mawu ƒe Gbe.

LE ŊDƆ GA 12:30 me la, míele ƒuƒoge ɖe du be míase míaƒe Ista Gbedeasi la: Ista Ƒe Nutrenu Vavã La 61-0402.

Le ƔETRƆ GA 3 me la, mina míagawɔ ɖeka ake le gbedodoɖa me, anɔ akpedam Nɛ ɖe KƆSIƉA ƑE NUWUWU DZEANYI SI WÒNA MÍ KPLE EYAMA KPAKPLE EƑE ŊUGBETƆ LA LE XEXEA KATÃ ME ta.

Na nɔvinyeŋutsuwo kple nɔvinyenyɔnuwo le ƒugodo la, abe ƒe si vayi me ene la, medi be makpe mi be miawɔ ɖeka kpli mí le Jeffersonville ƒe game dzi, le esi ka gbedodoɖa ƒe gameawo katã le ɖoɖo sia me. Mede dzesi, alekekee hã, be Nyaƒokawo ƒoƒo le Yawoɖagbe, Fiɖagbe, kple le Memleɖagbe ɣetrɔ le Jeffersonville ƒe game dzi la asesẽ ŋutɔ na miadometɔ geɖewo, eyata meɖe kuku mivo fãa be miaƒo Gbedeasi mawo le ŋkekea ƒe game ɖe sia ɖe si adze edzi na mi dzi. Medi, alekekee hã, be míakatã míaƒoƒu ɖe du le Kɔsiɖagbe ŊDƆ GA 12:30 me le Jeffersonville ƒe game, be míase míaƒe Kɔsiɖagbe Gbedeasi la ɖe du.

Medi be magakpe mia kple miaƒe viwo be miakpɔ gome le Nutata ƒe ɖoɖowo, dzesidede agbalẽ, kple YF ƒe kizwo me, esi me miaƒe ƒomea katã ate ŋu se vivi le ɖe du. Míesusui be miele wolɔ̃ ge esime wotu wokatã ɖe NYA si se ge míele le kɔsiɖa ƒe nuwuwu sia dzi ta.

Kuɖe Kɔsiɖanuwuwu ɖoɖo la ŋu, nyanyanana kuɖe nuɖaɖa ŋu kuɖe Kɔmuniɔn takpekpe la ŋu, dɔwɔnu siwo hĩa ge wole na Nutata ɖoɖowo, Ista ƒe Kizwo, kple nyanyanana bubuwo la, mikpɔ link siwo le gɔme.

Mina míati míaƒe telefoniwo le Ista ƒe kɔsiɖanuwuwu la ta negbe na fotowo ɖeɖe, be míase Ŋkeke La Ƒe Numegbe, eye be míaƒo nyaƒokawo tso Table ƒe app, Lifeline ƒe app, alo link si dzi woxɔa nu ɖe mɔ̃ dzi me.

Enye bubu aɖe tɔgbe nam be makpe mia kple miaƒe ƒome va ɖe du kple Ŋugbetɔ la le xexea katã me na Kɔsiɖanuwuwu si yɔ fũ kple SUBƆSUBƆ, KAFUKAFU KPLE DƆYƆYƆ. Mexɔe se vavã be enye Kɔsiɖanuwuwu aɖe si atrɔ wò agbe yiɖe mavɔmavɔ me.

Nɔviŋutsu Joseph Branham

Takpekpe la ƒe Audio

Ista Kɔsiɖanuwuwua ƒe Tanyawoe nye si. Yawoɖagbe ƒe KƆMUNIƆ̃ kple afɔkɔklɔ le nusiwo woaxɔ ɖe mɔ̃ dzi la me.


YAWOƉAGBE – ƔETRƆ GA 6 (miaƒe game dzi)

KƆMUNIƆ̃ 62-0204


FIƉAGBE – ŊDƆ GA 12:30 me (miaƒe game dzi)

Gbemagbe Le Kalvaria 60—0925


MEMLEƉAGBE – ŊDƆ GA 12:30 (miaƒe game dzi)

Ameɖiɖi 57-0420


KƆSIƉAGBE – ŊDƆ GA 12:30 me (Jeffersonville ƒe game dzi)

Ista Ƒe Nutrenu Vavã La 62-0402