24-0407 Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ

Gbedasi: 64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ

PDF


BranhamTabernacle.org

Tometsi Vudo Me Nola Lɔlɔ̃tɔwo,

Ŋugbetɔ la magate ŋu nye ame ɖeka ma ke Ista ƒe Ŋkuɖoɖodzi kɔsiɖa nuwuwu sia si Aƒetɔ la na mí megbe o. Wotu míakatã ɖe xɔ me kple Eyama, le kadem henɔ Eyama subɔm kɔsiɖa ƒe nuwuwu la katã. Eƒe amegbɔnɔnɔ yɔ míaƒe aƒewo kple hameawo me fũ.

Míenɔ mɔkpɔkpɔ gãwo me alegbegbe. Míenyae be esia nye Aƒetɔ la ƒe Lɔlɔ̃nu na mí. Mawu nɔ dzadzraɖo wɔm be yeawɔ nane. Míetso ka le xexeame kple eƒe modzakaɖeɖewo gbɔ. Míewɔ ɖeka le xexea katã me le ɖekawɔwɔ me. Míenɔ anyi ɖe du le dziƒo nutowome, le míaɖokuiwo dzram ɖo esime Wòle NU ƑO ge KPLI MÍ le mɔ la dzi.

Míaƒe dziwo nɔ ɣli dom sesiẽ be, “Aƒetɔ, wɔm maɖi Wò wu. Dzram ɖo na Wò vava kpuie la. Nam Ɖeɖefia geɖe wu. Wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe neyɔ nye ametia ƒe ka lẽ ɖe sia ɖe Dzro.”

Esime takpekpe ɖe sia ɖe dze egɔme la, míegblɔ le míaɖokuiwo me be, “Aleke wòate ŋu va mee? Mese Gbedeasi siawo nye agbea katã, gake azɔ la wokatã dze nuyeye, abe ɖee nyemese wo kpɔ gbeɖe tsã o ene “.

Ɖeɖefia si gbana go la gava míaƒe dziwo me ake…Eyae Wònye…EYA. Gbɔgbɔ Kɔkɔe Ŋutɔe Wònye le NUƑOM NA MÍ TẼ.

Menye nye o! Eya! Eyae nye Amea! Megblɔ na mi fifia ko be, nye ŋutilã ko Wòxɔ. Ɖeko Wòxɔ nye aɖe, xɔ nye ŋkuwo, elabena Enyae be megblẽwo ɖi na Ye, eyata ɖeko Wòva hena mewɔ ema. Eyata menye nyee o! Eyae Wònye! Ke menye nyee le egodo le afima kpli mi o, Eyae wònye le egodo le afima kpli mi. Eyae nye Tsitretsitsi kple Agbe la. Oo, Mawu, Mawu; mixɔe se. Oo, amewo: Mixɔ Eyama dzi se. Mixɔ Eyama dzi se. Ele afisia.

Ena mí Ɖeɖefia la be míanyae be NYAƑOKAWO nye Mawu ƒe Gbe si le nuƒom na mí egbea. Wonye Eƒe Nyawo, Eƒe Gbe…EƑE GBE, si wolé ɖi he DZRAƉOƉI alebe míate ŋu ƉOTO EYAMA wòagblɔ Agbe Mavɔ ƒe Nyawo na mí. Wonye Eƒe mɔ si wòta na Eƒe Ŋugbetɔ.

Enye Tome Tsi, fafa, si kɔ hele fiafiam hele fiafiam. Gawu míele nom la, gawu míedoa ɣli sesiẽ be, “Geɖe wu Aƒetɔ, GEƉE WU. Yɔ nye kplu la fũ Aƒetɔ, yɔe fũ Aƒetɔ”. Ke Ewɔe! Gawu míele nom la, GAWU WÒLE MÍANAM.

Emegbe la woɖe gblɔ be Satana kpɔ gege to Nyanyuie la ƒe ŋusẽ dzi.To Dziƒo Mawu Amesi ɖo hedɔ Eƒe dɔla be wòaɖe gbeƒã Nyanyuie la na mí dzi. To Mawu si Amesi ŋlɔ Nya hedɔ Eƒe Dɔla Amesi nɔ anyi be wòaɖo kpe Eƒe Nya dzi dzi. “Do go ɖa le amewo me, le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me”.

ELE BE abosam na do go ɖa le dɔlela ɖe sia ɖe, fukpela ɖe sia ɖe me. Azɔ Mawu ƒe ŋusẽ fɔ mí ɖe tsitre na lãmesẽ kple ŋusẽ ake.

Emegbe la, tso míaƒe dzi me ƒe gogloƒewo me ke la míegblɔ be:

Azɔ melɔ̃ xɔ Yesu Kristo, abe Mawu ƒe Vi si fɔ̃ ɖe tsitre ene, Enye nye Ɖela, Enye nye Fia, Enye nye Dɔyɔla. Mehaya azɔ. Mekpɔ ɖeɖe. Matso le afisia le agbe ƒe yeyewɔwɔ me, be mayi ɖawɔ nye nyuietɔ kekeake Amesi…na Eyama Amesi fɔ̃ ɖe tsitre ɖe tanye. Aleluya!”

Tome Tsi yenye esi nom míele gbe sia gbe. Eyae nye vudo ɖeka si tso Dziƒo tẽ si le sasram ɣesiaɣi. Ele eɖokui si. Efana hekɔna kokoko. Meƒaƒãna gbeɖe o. Enye Tsi gbagbewo si le trɔna edzi edzi, ɖena nu yeye aɖe fiana Ŋugbetɔ la ɣesiaɣi.

Efiana kokoko. Mehiã be míagbɔe o, atroe o, aʋuʋui o, alo age ɖe eme o. Mawu ƒe Agbetsi vudo wònye, eye míate ŋu abu nububu nono ŋuti o.

Míesea egbea be, “Míaƒe tsi yenye tsi nyuietɔ kekeake si miate ŋu no. Míetsɔe to míaƒe nutsyɔtsyɔ ɖoƒe 7 tɔ la me. Emegbe la míetsɔ tomenu siwo katã MÍETSYƆ DO la gbugbɔ ge ɖe tsi si míesusu be miehĩa be miagblɔ be tsi su mi.”

Ŋutikɔkɔe na Mawu, mele be míade míaɖokuiwo afɔku me alo akeɖi le nusi nom míele alo nusi wotsɔ kpee alo tsyɔ le me ŋu o. NUSIANU si míehĩa la le míaƒe Tsia me. Nusi wòle be míawɔ koe nye be MÍAZI PLAY aɖano tsi esime wòle kɔkɔm ɖi.

Akɔfafa kae nye esi be woano Tsi sia. Míele akpa to ge agbadroƒe geɖewo na míaƒe mɔ be míano le Eme ko, gake mehĩa be míawɔe o. Míekɔ Nɛ yia afisiafi si míeyina. Le míaƒe aƒewo me, le míaƒe hamewo me, le dɔ me, ne míele míaƒe ʋuwo kum, ne míele azɔlizɔm…MÍENONA, GA NONA, GANONA ƉE DZI.

O xexe, va no tsi tso Mawu ƒe Vudo si Wòna la me. Eyae nye teƒe ƉEKA si mele be miavɔ̃ agblɔ be, “Mele gbedom ɖa be Gbɔgbɔ Kɔkɔe nakpɔ tanye be nyemagano nane si mele be mano o.” NUA KATÃ NYE NYA DZADZE SI DZI WOƉO KPE SI LE SASRAM TSO DZIƑO ƑE VUDOWO ME.

Teƒe bubu aɖeke megali na Eƒe Ŋugbetɔ la be wòano tsi le o!

Va no tsi kpli mí le míaƒe Tometsi Vudo la me Kɔsiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase: Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ 64-0726E.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na Gbedeasi la sese:

Psalmowo 36:9
Yeremia 2:12-13
Yohanes Kɔkɔe 3:16
Nyaɖeɖefia Ta 13lia