24-0414 Dziƒo Ŋugbetɔsrɔ̃ Kple Anyigba Dzi Ŋugbetɔ La Ƒe Tsɔme Ƒe La

Gbedasi: 64-0802 Dziƒo Ŋugbetɔsrɔ̃ Kple Anyigba Dzi Ŋugbetɔ La Ƒe Tsɔme Ƒe La


BranhamTabernacle.org

Anyigba Ƒe Dze Lɔlɔ̃tɔ,

Oo, Ŋugbetɔ lɔlɔ̃tɔ, ɣeyiɣi kae nye esi le míasi sum, le esime míenɔ anyi ɖe du le Dziƒo nutowome, le Nya la ƒe ŋkume, le tsitsim, le dzesidem amesiwo míenye, afisi míetso, kple afisi yim míele.

Be míanyae, tso míaƒe dziwo me ɖaa ke be, AZƆ la míenye Mawu ƒe viŋutsuwo kple vinyɔnuwo. Menye míava nye o, míenye FIFIA. Míenye Mawu ƒe susu ƒe nyenyewo.

Ne Satana le ƒoƒom ɖe míadzi, hele agbagba dzem be yeatsɔ míaƒe vodadawo, míaƒe tsɔ si va yi, kple míaƒe gbesiagbe gegewo fia mí la; ne wòle agbagba dzem be yeagbã mí gudugudu le míaƒe susu kple gbɔgbɔ me kple eƒe alakpawo la, ɖeko míeɖoa ŋku dzi nɛ hegblɔ na nɛ be, ”Mawu, tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me ke, kpɔm do ŋgɔ; esɔ gbe Satana, NYE, eye Wòdɔ Yesu ɖa be wòaxɔ NYE aƒle.” XLÃ NU NƐ!

“Azɔ, Satana, dzo ɖa le gbɔ nye, elabena Eƒe Vi ƒe Ʋu le nuƒom ɖe TENYEƑE. Nyemate ŋu awɔ nuvɔ̃ o. Nye vodada, ẽ, nye vodada geɖewo la, Mawu mate ŋu kpɔwo o. Nu ɖeka si wòsena lae NYE gbe si le Eyama subɔm kple kafum, eye nu ɖeka si Wòkpɔna lae nye NYE teƒenɔnu.”

Míaƒe teƒenɔnu le mía nu ƒom ɖe du tso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe, dziehe kple nyiehe, le míawɔm ɖeka le Nya si Wòna Eƒe Ŋugbetɔ le nyaƒoka dzi la te. Eyae nye nu ɖeka si ŋu Wòade bubu; elabena Enye Eƒe Mɔ si wòna la.

Nuka gblɔ ge Wòle kple ɖe ge wòle afia mí emegbe? Míese Eyama ƒo nu to Eƒe nyagblɔɖila dzi zi geɖe alegbegbe hegblɔ na mí kuɖe nusi míaƒe Aƒe yeye aɖi ŋu, gake ɣeyiɣi sia le nɔnɔ ge abe ɖe míese naneke kuɖe Eŋu kpɔ tsã o ene.

Xɔtula Mawumetɔ La, wɔe esia na Eƒe Lɔlɔ̃tɔ. Mikpɔea? Oo, teƒe kae wòanye, esime, Dzɔdzɔme Mawumetɔ, Xɔtula Mawumetɔ aɖe wɔe na nyenye Mawumetɔ aɖe si woɖoɖi Mawumetɔe to Mawu Mawumetɔ aɖe dzi Amesi—Amesi nye Mawume ƒe Agbe Tɔ! Nuka gɔ̃ Du ma aɖii! Mibu eŋu.

Bebli hafi míete ŋu le míaɖokuiwo lém. Míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple mɔkpɔkpɔ de kɔkɔƒe mamlea. Míaƒe dziwo le du sim be yewoase Mawu wòaƒo nu tẽ na mí aɖagblɔ na mí be Yele míaƒe Aƒe yeye la wɔm hele etum alebe míate ŋu nɔ agbe le eme le Mavɔmavɔ me kple Eyama.

Nububu kae se ge míala, eye nuka ɖe ge wole afia mí Kɔsiɖagbe, esime Wòle nusianu gblɔ ge na mí kuɖe Ameɖoɖi, Teƒenɔnu, Agbenɔɣi, Ŋkeke Enyilia, To Kɔkɔe, Toxɔwo, kple Kpekpe Kɔkɔe ŋu?

Ɖee míate ŋu atsɔ míaƒe susuwo kuɖe nusi le mevam fifia tututu ŋua? Mawu le Eƒe Ŋugbetɔ la nuƒom ɖe du le xexea katã me alebe Wòateŋu gblɔ nusi míaƒe Aƒe yeye la aɖi na mí. Ele egblɔ ge na mí titotito. Ŋutikɔkɔe ƒe ɣeyiɣi kae nye esi le míasi su ge.

Le akpa kemea la, míaƒe aʋawo mesesẽ ɖe dzi nenema gbegbe kpɔ tsã o. Satana le míatom wu tsã. Eƒe ƒoƒoɖeamedziwo medze kpɔ be wole xodzoe alo le tetem ɖa o.

Gake ŊUTIKƆKƆE na Mawu, míaƒe XƆSE le Eƒe Nya me mediɖe dzi wu nenema kpɔ o. Míaƒe XƆSE le amesi míenye nyanya me ku seke wòde to ɖe míaƒe Luʋɔ me, wɔe be míate ŋu aʋã o.

NANEKE meli si ta wòle míavɔ̃ o; NANEKE si ta wòle be míaxa nu le o. Fofo la le míata kpɔm keŋkeŋ. Efiamɔ hekplɔa míaƒe AFƆTOƑE ƉESIAƉE. Eléa mí ɖe Eƒe Asi me. Satana nye ameflula si ƒe nuwuwu gogo ko, ke enyae. Eyae nye amesi le vɔvɔ̃m, enyae be yele dɔwɔm kple Mawu ƒe Ŋugbetɔ Nya si Woɖe gblɔ la eye ekpɔa gege ɣesiaɣi.

MíeNYE NYA LA. Míenɔ Eyama me tso gɔmedzedzea me. Míele ezu ge gbeɖeka o, MÍENYE FIFIA. Ne míenye Nya la, ekema míate ŋu ƉE NYA LA GBLƆ, NE MÍATE ŊU XƆESE KO…EYE MÍEXƆESE.

Loo mienye xɔsetɔ (NYA LA) alo mienye Ɖikela (MENYE NYA LA O). Ka lẽ ɖeka hã mele míaƒe ŋutilã me si keaɖi Nya ɖeka o. Miva ɖo! Míeɖo kpe dzi na Satana be: míenye Nya la. Míate ŋu anye agbadze le afɔ gɔme, GAKE MÍEKPƆTƆ NYE ŊUTILÃ LA ƑE AKPA AƉE!!!

Eyata ne alakpatɔ ma le yome na míadometɔ ɖeka la, Ŋugbetɔ la vana ɖe du tso xexea katã me eye míe XLÃNA NU NƐ GA XLÃNA NU NƐ kple Nya la.

Ne dɔlele va míadometɔ ɖeka dzi la, míewɔa ɖeka ɖe du he XLÃNA NU NƐ! Ne míadomtɔ ɖeka le dziɖeleameƒo ŋkɔ sem la, nukae míakatã wɔna? XLÃNA NU NƐ!

Míele Aƒe yim, Ŋugbetɔ. Game la su. Ŋugbetɔ La dzra Eɖokui ɖo vɔ xoxo. Míele Aɖakaʋu la me. Etu ʋɔtru la eye míele eme dedieɖe. Míele hagbe la sem na Ŋugbetɔ be wòava anɔ zɔ̃zɔ̃m esime wòanɔ ɖiɖim le agbaka la me be yeawɔ ɖeka kple Ŋugbetɔsrɔ̃ la.

Míanɔ míaƒe srɔ̃ɖemɔzɔ̃zɔ̃ me hena ƒe 1000, emegbe la míadzo kple míanɔewo kple Eyama yiɖe míaƒe Tsɔme Ƒe la me.

Migadae ƒu o, xɔ̃nyewo. Mɔnu ɖeka koe li si Mawu na heɖokpe dzi: NYAƑOKAWO. Enye Dzo Lilikpo si le nuƒom hele Eƒe Ŋugbetɔ la kplɔm.

Nukakee wɔm miele la, mide Gbe ma mia kple miaƒe ƒomea ŋkume Kɔsiɖa sia gbe. Xɔse vana tso nusese me, Nya la sese me, eye Nya vana na nyagblɔɖila la. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nye Nyagblɔɖila na míaƒe ŋkeke si le nuƒom na Eƒe Ŋugbetɔ to Nyaƒokawo dzi.

Miawoezɔ̃ ne miawɔ ɖeka kpli mí Kɔsiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime Ŋugbetɔ la ƒe akpa aɖe awɔ ɖeka ɖe du anɔ Mawu sem, wokatã le game ɖeka dzi, wòanɔ nuƒom to Eƒe dɔla sesẽ dzi eye wòagblɔ nusianu na mí kuɖe: Dziƒo Ŋugbetɔsrɔ̃ Kple Anyigba Dzi Ŋugbetɔ La Ƒe Tsɔme Ƒe La 64-0802 ŋu.

Nɔvi. Joseph Branham