24-0421 Kpe Ɖoɖo Eƒe Nya Dzi

Gbedasi: 64-0816 Kpe Ɖoɖo Eƒe Nya Dzi

PDF

BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ-Hame Lɔlɔ‌tɔ,

Amegbetɔ Vi la va heɖe Eɖokui fia le agbetɔ ŋutilã me na Eƒe Ŋugbetɔ la. Egblɔe, Míexɔe se, eye Wòɖokpe Edzi. Míenye Eƒe Ŋugbetɔ-Hame si dzra míaɖokuiwo ɖo Nya ɖe sia ɖe si doa go le Eƒe nu me sese kple edzi xɔxɔ se me.

Amekukuwo ƒe tsitretsitsi aɖe le anyi nɔ ge. Aɖo kpe dzi. Hamea ƒe Kɔkɔdzoe aɖe le anyi nɔ ge. Aɖo kpe dzi. Milenium aɖe le anyi nɔ ge. Aɖo kpe dzi. Dziƒo yeyewo kple anyigba yeye aɖe le anyi nɔ ge. Aɖo kpe dzi, elabena Eƒe Nya gblɔe nenema.

Míawoe anye amesiwo le afima nɔ ge. Aɖo kpe dzi. Míenye amesiwo wowɔ Nya sia ƒe akpa aɖe. Eɖo MÍ ɖi be míanɔ Afima. Kɔkɔdzoe aɖe le anyi nɔ ge to Eƒe nunyadaɖi dzi eye naneke mele te tɔ gee o, míele afima nɔ ge!

Eteƒe didi Satana dze agbagba be yeana amewo nake ɖi le Nya ɖeka si woɖe gblɔ ŋu. Migawɔ ema o. Mixɔ Nya ɖe sia ɖe dzi se ko. Elebe miaxɔ Nya ɖe sia ɖe dzi se alebe mianɔ Afima. Menye nyagblɔɖila ƒe Nya ye o, Enye Mawu ƒe Nya si wolé ɖi hedzraɖo ɖi ɖe Nyaƒokawo dzi.

Nunɔla gã la, bishɔf la, kardinal la, kplɔla la? “Mawu! Nya ɖesiaɖe si doa go tso Mawu ƒe nu me.” Aleke míawɔ anya be enye Mawu ƒe Nya mahã? Egblɔ nenema, emegbe Eɖo kpe Edzi. Eɖo kpe Eƒe Nya la dzi.

ELEBE miaxɔ Nya ɖe sia ɖe si doa go tso Mawu ƒe nu me. Eɖo kpe dzi be Yeƒe Nya Wònye le Nyaƒokawo dzi. Eɖo kpe dzi be William Marrion Branham nye Yeƒe dɔla gbedeasitsɔla adrelia; Mawu ƒe Gbe le míaƒe ŋkeke me. Amesiwo katã mexɔa Gbedeasi la kple gbedeasitsɔla dzi se o la woatsrɔ‌.

Azɔ, menye ameha sia ɖeɖe ko mele nu ƒom na o. Wole esia ɖe nyaƒoka dzi, mikpɔea, eye Eyina ɖe xexeame katã. Miese egɔmea, xexeametɔwo, Nya ɖeka ma, Nya ɖeka, menye nyafɔkpe ɖeka o, menye paragraf ɖeka o, Nya ɖeka, ema ɖeɖe koe Xawa ke ɖi.

Enye Nya la, eye míenye Eƒe Nya ƒe akpa ɖe xoxo. Susuma tae míele afisia, be míaɖo kpe míaƒe teƒe dzi le agbea me. Be míaxɔ Nya ɖe sia ɖe dzi se. Be míanɔ anyi kple Nya la. Be míafia asi Nya ɖe sia ɖe si le Nyaƒokawo dzi Ŋugbetɔ la.

Le míaƒe ŋkeke me la, Amegbetɔvi la ɖe eɖokui fia. ETSA Hame la na Ta; bla Ŋugbetɔ la ƒe srɔ‌ɖeɖe. Ŋugbetɔsrɔ‌ La ƒe yɔyɔ va ɖo. Amegbetɔvi La va le amegbetɔ ŋutilã me be yeabla eveawo ɖe du. Enye Nya la. Míenye Eƒe Nya, eye eveawo bla ɖe du.

Ehiã Amegbetɔvi la ƒe ɖeɖefia ƒe ɖeɖeɖego. Menye hanunɔla o…Mikpɔ nusi gblɔm melea? Mikpɔea, enye Amegbetɔvi la, Yesu Kristo, si aɖi va le amegbetɔ ƒe ŋutilã me le mía dome, eye wòawɔ Eƒe Nya nu vavãe ale gbegbe be esia awɔ Hame la kple Eyama woazu nu ɖeka, Ŋugbetɔ la, eye emegbe Ayi Aƒe le Srɔ‌ɖeŋkekenyuie ɖuƒe. Amen.

Nya la ƒe ɖeɖeɖego awɔ Ŋugbetɔ la ɖeka. Egale Amegbetɔvi la ɖem ɖe go ake, menye hame la ƒe mawuŋunusrɔ‌lawo o. Amegbetɔvi La! Nya la kple Hame la le ɖeka zum. Nukake Amegbetɔvi la wɔ la nye Nya la. Mí, Eƒe Ŋugbetɔ la, le numa ke wɔ ge.

Míewɔ ɖeka to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, Eƒe Nya, Eƒe Gbe dzi, eye míele dzadzraɖo wɔm be míayi ɖe Srɔ‌ɖeŋkekenyuie ɖuƒe la me. Nya la bla mí ɖedu, eye eveawo zu ƉEKA.

Miegblɔa be NYAƑOKAWO, NYAƑOKAWO, NYAƑOKAWO. Elebe miaƒo Nyaƒokawo le miaƒe aƒewo me, le miaƒe hamewo me. Wohea nya ɖe míaŋu elabena míetea gbe ɖe Nyaƒokawo ƒoƒo dzi akpa. Nukata míegblɔa nane nenema? Amekae le nuƒom na MÍ le Nyaƒokawo dzii?

Azɔ, miɖo ŋku dzi, ema menye Yesu ye nɔ nu ƒom na Abraham le afima, si ate ŋu anya Sara ƒe dzimesusuwo le Emegbe o. Menye Yesu ye o, womedzii haɖe o. Gake enye Ŋutsua ɖe si nɔ amegbetɔ ƒe ŋutilã me, si Abraham yɔ be “Elohim, Ŋusẽkatãtɔ gã la.”

Ne miexɔe se be woɖe Amegbetɔvi la fia le míaƒe ŋkeke me; be Mawu le nuƒom to amegbetɔ ƒe nuɣiwo dzi la, aleke ameaɖe mate ŋu kpɔ Gbe ma dadaɖi abe GBE VEVIETƆ KEKEAKE SI WÒLE BE MIASE ƒe asixɔxɔ o mahã?

Nyemele nyahem ɖe bubu siwo mele nusi míexɔ se dzi kpɔm hele edzi xɔm le sese ŋu o; mía nɔviŋutsu kple nɔvinyenyɔnu wonye, gake mekpɔ KƆƉIƉI ALEGBEGBE, ƉI ƑO ALEGBEGBE, KAKAƉEDZI ALEGBEGBE be esiae nye Mɔ si Mawu ta na Eƒe Ŋugbetɔ. Nyemate ŋu awɔe bubue o. Elabe na nye kple nye aƒe ya la, Play Zizi yenye MƆ ƉEKA si li.

Zi ɖeka ake mele xexeame kpem be wòava awɔ ɖeka kpli mí le Kɔsiɖagbe le FĨEƔI ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase: Kpeɖoɖo Eƒe Nya Dzi 64-0816.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na takpekpe la:

Mateo Kɔkɔe 24:24
Marko Kɔkɔe 5:21-43/ 16:15
Luka Kɔkɔe 17:30 / 24:49
Yohanes Kɔkɔe 1:1 / 5:19 / 14:12
Romatɔwo 4:20-22
Tesalonikatɔwo I 5:21
Hebritɔwo 4:12-16 / 6:4-6 / 13:8
Fiawo I 10:1-3
Yoel 2:28
Yesaya 9:6
Maleaxi 4