24-0426 Biabiawo Kple Ŋuɖoɖowo 1

Gbedasi: 64-0823M Biabiawo Kple Ŋuɖoɖowo 1


BranhamTabernacle.org

Nyaƒokasela Lɔlɔ̃tɔwo,

Ɖeko nyemate ŋu agblɔe kakaka o, NANEKE melolo wu be woase Mawu ƒe Gbe wòaƒo nu na mí to Eƒe dɔla kple gbedeasitsɔla si dzi woɖo kpe na míaƒe ŋkeke dzi o. Ɖeɖefia ɖe Ɖeɖefia megbe la Aƒetɔ la le ɖeɖefia nam mí. Nuwuwu meli Nɛ o. Gbedeasi Ɖesiaɖe le abe ɖee Míesee kpɔ o ene. Enye Nya Gbagbe la, Mana Yeye, Mawu ƒe Nuɖuɖu si Wodzraɖo Ɖi na Eƒe Ŋugbetɔ la, eye nusi ko wòle be míawɔ lae nye MÍAZI PLAY.

Míese nusianu kuɖe MÍAƑE Kɔkɔdzoe si gbɔna le madidi me ŋu. Míeyina… ŊUTIKƆKƆE, MÍEYINA ƉE Srɔ̃ɖe Nuɖuɖu la me. Eɖo MÍ ɖi be míanɔ Afima to Eƒe nunyadaɖi dzi, eye naneke mele te tɔ ge o. Nya la le afisia wɔ ɖeka kple ame, eye eveawo zu Ɖeka. Ele Amegbetɔvi la ɖem ɖe go. Nya la kple Hame la zu Ɖeka. Nukakee Amegbetɔvi la wɔ la, Enye Nya la, Hame la wɔa numa ke.

Hafi mayi dzi la, ɖewomahĩ miedi miagaxlẽ ema ake!! Aleke míate na abosam wòana míalé blanui mahã? Mise nusi míele mɔkpɔm na. Mise amesi míenye. Mise nusi le mevam FIFIA.

Afika yim míele? Yiɖe MÍAƑE Srɔ̃ɖeɖe Nuɖuɖu ƒe afisi woɖomí ɖi le to Eƒe nunyadaɖi dzi, afisi MÍ, Eƒe Nya kple Hame, zu ƉEKA KPLE EYAMA, eye nukake Amegbetɔ Vi la wɔ la, MÍEWƆNA NUMA KE!!

Emegbe la míese nusianu kuɖe MÍAƑE Tsɔme Ƒe la ŋu. Xɔtula Mawumetɔ La ta MÍAƑE Du Yeye la, afisi Wòle agbe nɔ ge kpli MÍ, Eƒe Ŋugbetɔ le. Etu Esia hede nu sue ɖe sia ɖe tututu ko le MÍAƑE didi ŋu; nusi Avivi MÍA ŋu ko. Afisi míahĩa kekeli aɖeke le o, elabena Alẽvi lae anye míaƒe Kekeli. Afisi nyagblɔɖila anɔ agbe le ʋɔtru si le míaxa le; anye míaƒe aƒelika le. Míaɖunu tso atimawo me, míalia sika mɔ mawo dzi yiɖe vudo la gbɔ aɖano tsi. Míanɔ zɔzɔm ge ɖe Mawu ƒe paradisowo me, kple Mawudɔla siwo anɔ dzodzom le anyigba ta me, anɔ hagbewo dim. Ŋutikɔkɔe! Aleluya!

Ele Kpe Ɖom Eƒe Nya dzi na mí; Eya, Dzo Lilikpo la, na woɖe foto kple Eyama kple Eƒe dɔla kple gbedeasitsɔla be yeaɖo kpe dzi aɖagblɔ na xexeame be, “Miɖo To Eyama.” Mele be míake ɖi Nya ɖeka o, elabena Menye nyagblɔɖila ƒe nya ye o, Enye Mawu ƒe Nya si woɖe gblɔ na Eƒe Ŋugbetɔ la. Emegbe la Egblɔ na mí be, teƒenɔnu le míasi tso ɖoɖoɖi me, le kakaɖedzi nam mí. Mele míakpɔm o, míaƒe gbe ko sem wòle to Yesu ƒe Ʋu dzi. Míede blibo le Eƒe ŋkume.

Gogloƒe le gogloƒe yɔm wu tsã ŋutɔ, eye Fofo la le míayɔm fũ kple Eƒe Nya si woɖe fia. Nusianu si míehĩa be míanya la wolé ɖe mɔ dzi hetsɔe na MÍ.
Gblɔeɖe la nuwuwu meli na Gbedeasi Nya Gbagbe sia o. Naneke melolo wu be míanyae be MÍE nye Eƒe Ŋugbetɔ o. Kakaɖedzi si le esia nyanya me be Gbe ma sese, Play Zizi, nye Aƒetɔ la ƒe Lɔlɔ̃nu debliblo; Ena Eƒe ɖoɖo la.

Geɖe wu li si gbɔna! Enye Nya Tsi Gbagbe Si memiɛna o na Eƒe Ŋugbetɔ la. Tsikɔ me wu mí le míaƒe agbewo alea kpɔ o, gake míekpɔ fafa alea kpɔ o esime míele nusiwo katã dim míele la nom le nom.

Kɔsiɖagbe ɖe sia ɖe la, Ŋugbetɔ la kpɔa dzidzɔ alegbegbe be yeaƒo ƒu ɖe du kple Ŋugbetɔ la ƒe akpa aɖe le xexeame, be yease nusi ɖe ge Wòle afia emegbe. Egblɔ na mí be ne míate ŋu va afisia le Agbadɔa me o la, míadi hame aɖe le afi aɖe; aɖa yi.

Míakatã míate ŋu aƒo ƒu ɖe afisi nyagblɔɖila tu te ɖo o; eƒe tanɔƒe afisi wòɖo gɔme anyi ɖo o, gake míate ŋu trɔ míaƒe hamewo, alo míaƒe Aƒewo hamewo, afisi míadee nyagblɔti dzi le. Afisi woate ŋu anyi mí le kple NYA DEBLIBO TUTUTU KO ABE ALESI WOƉEE FIA ENE.

Ƒuƒoƒo si lolo wu aɖeke, amisisi si lolowu aɖeke, teƒe si lolowu aɖeke be woanɔ meli de anyinɔnɔ ɖe du le Dziƒo nutowome, anɔ Mawu ƒe Gbe sem ŋu o.

Mele miakpem be miava se Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe kpli mí Kɔsiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime Wòle nuƒo ge na mí zi ɖeka ake to Eƒe dɔla gbedeasitsɔla dzi, aɖo biabia siwo katã le míaƒe dziwo dzi, aɖana mí kakaɖedzi bena míenye Eƒe Ŋugbetɔ.

Nɔvi. Joseph Branham

Kɔsiɖagbe ƒe Gbedeasi: Biabiawo Kple Ŋuɖoɖowo #1 64-0823M