24-0505 Biabiawo kple Ŋuðoðowo #2

Gbedasi: 64-0823E Biabiawo kple Ŋuðoðowo #2

PDF


BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Nya Blibo Lɔlɔ̃tɔ,

Aƒetɔ la ƒe Vava ko lalam míele. Hele míaƒe akaɖiawo dzram ɖo, yɔ fũ kple Ami, le Nya si woɖe fia zã kple keli sem.
Le gbedom ɖa, gaƒoƒo ɖe sia ɖe; menye gbe sia gbe o, gaƒoƒo ɖe sia ɖe. Ɖeko míele míaɖokuiwo lém ɖi le dzadzraɖo ƒe nɔnɔme me to anyinɔnɔ ɖe, kple NYA ƉE SIA ƉE dzi xɔxɔ se me.

Míele mɔkpɔm, ga sia ga me, na amesiwo le alɔ̃ dɔm le anyigba ƒe ʋuʋudedi me be woanyɔ gbã. Kasia la, míele wokpɔ ge; míafofowo, míadadawo, míasrɔ̃ŋutsuwo, míasrɔ̃nyɔnuwo, nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo. Woanɔ tsitre ɖe afima, le míaƒe ŋkume gã. Míanyae le ɣeyiɣi ma me be, míeva ɖo, ɣeyiɣi la de. Kɔkɔdzoe ƒe Xɔse ayɔ míaƒe luʋɔwo, susuwo kple ŋutilãwo fũ. Emegbe la gbegblẽ ŋutilã siawo ado magblẽmagblẽ le Aƒetɔ la ƒe kɔkɔdzoe ƒe Xɔse me.

Ke emegbe la míadze ƒuƒoƒo ɖe du. Mí amesiwo le agbe eye míetsi anyi la woatrɔ mí. Ku ŋutilã siawo mele ku kpɔ ge o. Kasia la, anɔ abe nane kplɔ nu to míadzi ene… woatrɔ mí. Tso amegã ɖeɖi me yiɖe ɖekakpui me, tso nyãga ɖeɖi me yiɖe ɖetugbui me.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, míele mɔzɔ ge abe susu ene kple amesiwo fɔ̃ ɖe tsitre vɔ. EKEMA… ŊUTIKƆKƆE …wole míakɔ ge dzi kpli wo adogo Aƒetɔ la le yame.

Ɣeyiɣi kae nye esi si gbɔna na mí. Futɔ la le AGBAGBA DZEM be yealé mí ɖe teteɖeanyi me, míalé blanui eye dzi naɖe le míaƒo, gake ŋutikɔkɔe na Mawu, mate ŋui o. Ɖeɖefia LA kuɖe Amesi Wònye; amesi Wòdɔ be wòayɔ mí do goe; amesi míenye, menye amesi míava nye o, AMESI MÍENYE ŋu le míasi. AZƆ Eku seke ɖe míaƒe LUƲƆ, SUSU KPLE GBƆGBƆ me, eye naneke meli si ate ŋu xɔ ema le míasi o. Alekewɔ míenya mahã? Mawu gblɔe nenema!

Esia menye míaƒe aƒe me o, ekatã nye tɔwò, Satana, àte ŋu xɔe fãa. Míele eƒe akpa aɖeke dim o eye míegale edim ke o. Tsɔme Ƒe aɖe le míasi esi wotu na mí. ELE GBESƆSƆ. Wowu xɔtutu la ŋu. Asitɔtrɔ le ŋu mamleawo katã sɔ gbe. Ke nyanyanana geɖe wu le asinye na wò, LE MADIDI ME KURA O la, Egbɔna le míakplɔ ge alebe míate ŋu awɔ ƒe 1000 ƒe Srɔ̃ɖeɖemɔzɔzɔ madzudzɔ kple Eyama, eye womekpe wò o, eye mèle afima nɔ ge o.

Ŋutikɔkɔe nu kawoe nye esi Gbedeasi sia le ɖeɖem fia mí ɣesiaɣi ne míele Play Zim. Mawu Ŋutɔ ɖi va, heƒonu to amegbetɔ ƒe nuɣiwo dzi alebe Wòate ŋu agblɔ nusiawo na mí. Etia mí hena mí Eŋutɔ ƒe Ɖeɖefia vavã kple BLIBO la.

Enye Nya si va zu ŋutilã, menye Mose ƒe ŋkeke me ƒe Nya o, Mose enye ŋkeke ma ƒe Nya; menye Noa ƒe ŋkekewo me ƒe Nya o, Noa enye Nya la na ŋkeke ma; menye le ŋkeke…Nya la na Eliya ƒe ŋkeke o, Eliya enye Nya ma na ŋkeke ma; ke enye fifi ɣeyiɣi ƒe Nya, ke woawo nɔ agbe le tsã me.

Ɖee miesɔ gbea?…Yenye esi gbɔna. Enye tu nugbɔ eve eye wòkpe, ke míelɔ̃nɛ alegbegbe!!!

Nu ɖeka ma ke gava eme! Eyae nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe kpeɖodzi, ne Mawu ɖee fia wò eye èkpɔ, ALE AƑETƆ GBLƆ ESI hexɔ edzi se la. Menye nusi nènye o, nusi nènye tsã o, alo naneke kuɖe eŋu o, nusi Mawu wɔ na wò fifia la ye. Eyae nye kpeɖodzi.

Aleluya, Eƒo gatagbadze la ɖe me. AZƆ mina míase Eyama Wòazii ɖe eme.

Ena mí Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe kpeɖodzi la, Yohanes 14. Egblɔ be, “Nu geɖewo gale asinye magblɔ na mi. Ɣeyiɣi mele asinye be mawɔe o, gake ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va la, Eya lagblɔ afia mi, aɖo ŋku nusiwo megblɔ na mi la dzi na mi, eye afia mi hã nusiwo lava va eme.” Ɖe miekpɔe oa? Emae nye kpeɖodzi la. Eyae nye agblɔe doŋgɔ eye anye… axɔ Nya si woŋlɔ la ƒe Mawume gɔmeɖeɖe la. Azɔ, ɖe ema menye nyagblɔɖila ƒe kpeɖodzi oa?

Gbɔgbɔ Kɔkɔe Lae nye agbenɔɣi ɖe sia ɖe ƒe nyagblɔɖila. Enye míaƒe agbenɔɣi la ƒe nyagblɔɖila la. Nya La vana na nyagblɔɖila ma ƉEƉEKO. Enye Mawu si le nuƒom hele Eɖokui ɖem fia to Eƒe nyagblɔɖila me. Enye Nya la na egbe. Gbedeasi Sia, LE NYAƑOKA DZI, nye Nya la ƒe gɔmeɖeɖe debliblo, kple mawume kpeɖodzi.

“Ke ne nu blibo la va la, ekema woaɖe nusiwo nye afãafãwo la ɖa.” Ekema nu sue siawo katã kuɖe ati kpo yi dzi kple anyi sigbe ɖevia ɖe ene, anɔ agbagba dzem be woaƒo nu kple gbegbɔgblɔwo, kple nu bubu siawo katã la, ne nu blibo la… Ke egbe, to Mawu ƒe amenuveve me la, Nya la ƒe gɔmeɖeɖe blibo la su mía si kpakple Mawume kpeɖodzi la! Ekema nusi nye afãafã la woɖee ɖa. “Esime menye ɖevi la, meƒoa nu abe ɖevi ene, mesea nu gɔme abe ɖevi ene; gake esi mezu ŋutsu la, meɖe ɖevime nuwɔwɔwo ɖa.” Amen!

Nu blibo la va; Nya la ƒe gɔmeɖeɖe blibo la va. MIZI PLAY. Nusi hĩa Eƒe Ŋugbetɔa ɖeɖekoe ma, eye eya ɖeɖekoe Wòhĩa.
Va Zi Play kpli mí Kɔsiɖagbe sia le Ɣetrɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, eye míase NYA BLIBO la, KPLE KPEƉODZI MAWUMETƆ esime míase: Biabiawo Kple Ŋuɖoɖowo #2 64-0823E

Nɔvi. Joseph Branham