22-1009 Nyabiabiawo Kple Ŋuɖoɖowo #2

Gbedasi: 64-0823E Nyabiabiawo Kple Ŋuɖoɖowo #2



BranhamTabernacle.org

Ɖetugbui Le Aƒe Dzadzɛ Lɔlɔ̃a Si Woɖe,

Mawu lɔ̃a mí alegbegbe be Ena Eƒe nyagblɔɖila ɖo míaƒe biabiawo KATÃ ŋu na mí, heɖo Ŋuɖoɖoawo nyaƒoka dzi. Ne míehĩawo la, nusi ko wòle be míawɔ lae nye be AXƆSE AƉAZI PLAY.

Ɖee Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le asinyea?

Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe kpeɖodzi vavã la, esime Mawu ɖe fia wò eye nèkpɔe be, ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI ye eye nèlɔ̃ xɔe.

Ekema Ele asinye Aƒetɔ, esime Nèɖe Gbedeasi sia fiam eye melɔ̃ Xɔe abe Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi ene!

Gake, edzea ko be megena akpa… hã kae ku ɖe nye tsɔme si vayi ŋu?

Menye nusi nènye, nusi nènye va yi, alo naneke kuɖe eŋu o, nusi Mawu wɔ na wò fifia ye. Kpeɖodzi lae nye ema.

Aƒetɔ, Mèle nye tsɔme si vayi dzi kpɔm o eye Mèle nye vodada geɖe, geɖewo kpɔm fifia gɔ hã o, gbe nye ko sem Nèle; Ŋutikɔkɔe Aƒetɔ, GBƆGBƆ KƆKƆE LA LE ASINYE.

Nɔviŋutsu Branham, menyae be nègblɔ be menye wòenye kpe ɖeka le aƒuata o, gake amekae anɔ mɔ fiam Kristo ƒe Ŋugbetɔ le nuwuɣi laa?

To Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, mexɔe se be mele mɔ fiam Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ la.

Nu geɖewo le nye dzi dzi, nuka wòle be mawɔ?

Nububu aɖeke mele vevie fifia o wu be woaƒo ƒu Mawu ƒe viwo katã ɖe du aɖagblɔ be, “Mina míadzo.”

Akpe na wò Aƒetɔ, ye wɔm míele tututu. Nububu aɖeke mele vevie na mí wu o negbe Wò Nya la. Wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe le mɔfiam mí to Wò nyagblɔɖila dzi eye míele ƒu ƒom ɖe du le Wò Nya ŋu tso xexeame, eye míele gbesɔsɔ be míadzo.

Biabia geɖewo le asinye, mehiã mɔfiame, kpekpeɖeŋu, kple ŋuɖoɖowo. Afika makpɔ wo lee?

Mele afisia be madze agbagba be makpe ɖe mia ŋu, elabena melɔ̃a mi. Mienye vinyewo si medzi na Kristo. Mele miadometɔ ɖe sia ɖe ta biam se. Mele miata biam se le zã sia me; mebiana miata ɣesiaɣi; mebiana miata kokoko, eye ema abe nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnu ene.

Míawo hã míelɔ̃na wò Nɔviŋutsu Branham. Míenyae be Mawu dɔ wò ɖa be nafia mɔ mí aɖakplɔ mí. Míedzro Esia kpɔ kple Nya la ke Esɔ ɖe fli dzi pɛpɛpɛ.

Amekae nye fofonye le Nyanyuie la mee?

Vinyewo mienye; me—menye mia fofo le Nyanyuie la me, menye fofo abe alesi woanye fada o, menye—menye mia fofo le Nyanyuie la me abe alesi Paulo gblɔe le afima ene.

Míenyae be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la Ye le wòkplɔm be nàkplɔ mí, Nɔviŋutsu Branham. Èle egblɔm ko abe alesi Paulo gblɔe le Biblia me ene be, miadze nusi nègblɔ yome tututu, esime Wònye nyateƒe, eye mele be míatrɔ nu sue ɖeka alo kakɛ ɖeka o.

Nuka wòle be nàwɔ Nɔviŋutsu Branham?

Medi mi na Kristo, ke azɔ, me—meɖe mi na Kristo; egɔme yenye be mede mi agosɔ me kple Kristo abe ɖetugbui la aƒe dzadzɛ ene. Migaɖe dzi le ƒo nam o, migaɖe dzi le ƒo nam o! Mikpɔtɔ nye ɖetugbui le aƒe si le dzadzɛ.

Eɖe mí na Kristo abe ɖetugbui le aƒe dzadzɛwo na Eƒe Nya la. Míate ŋu eye míete ŋu le ahĩa dze ge kple amebubu gɔ hã o. Míedzroa nu sia nu si míesena kple esi míewɔna to Wò Nya si wodzraɖo di dzi.

Nukae nye nu vevitɔ si mate ŋu awɔ be manye Eƒe Ŋugbetɔ la, Nɔviŋutsu Branham?

Nɔ anyi kple Nya la.

Woate ŋu aƒo ŋuɖoɖowo katã ta kpli na míaƒe biabiawo kple nya siawo be:

MINƆ ANYI KPLE NYA LA.

Gbedeasi Sia Nye Nya la na míaƒe ŋkeke la. Nɔviŋutsu Branham nye Mawu ƒe Gbe na míaƒe ŋkeke la. Edze be nu sia nu nasɔ ɖe fli dzi kple Nya la. Nya la mehiã gɔmeɖeɖe aɖeke o. Ne míe ZI PLAY LA, WONA NUSIWO KATÃ MÍEHĨA LE AFIMA, LE NYAƑOKAWO DZI.

Nane le dzi dzi na wò si nèhĩa ŋuɖoɖo naa? Va wɔ ɖeka kpli mí Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míaxɔ míaƒe Ŋuɖoɖowo katã esime míase: 64-0823E – Nyabiabiawo Kple Ŋuɖoɖowo #2

Nɔvi. Joseph Branham