21-0509 Kpe Ɖoɖo Eƒe Nya Dzi

Gbedasi: 64-0816 Kpe Ɖoɖo Eƒe Nya Dzi

PDF

BranhamTabernacle.org

Nya Lɔlɔ̃a,

Ŋugbetɔ la le dzadzraɖo wɔm be nyɔnyɔ bubu aɖe nasu eyama si le míaƒe luʋɔ me. Gbɔgbɔ Kɔkɔe agaƒo mía ŋu ƒu zi ɖeka ake ɖedu be míase Nya la WÒAƉO KPE: amesi míenye, afisi míetso kple afisi yim míele dzi na mí.

Eɖoa kpe Eƒe Nyawo katã dzi, Eƒe Nyawo katã. Mibu eŋu kpɔ ko, Eƒe Nyawo katã! Eye miawoe nye Eƒe Nya la. Eyae nye Nya la, eye mienye Eƒe Nya la ƒe akpa aɖe. Ke, susu ma tae wodɔ mi ɖe afisia ɖo, be miaɖo kpe mia teƒe dzi le agbe me.

Míe NYE Eƒe Nya. Míe NYE Eƒe nyenye. Ebu susu kuɖe mía ŋu henya mí do ŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖo anyi ke. Míenɔ Eƒe Susu me. Teƒenɔnu le míasi le Dziƒo tso ɖoɖoɖi me do ŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖo anyi ke. Ena mí Ɖeɖefia kuɖe Eŋutɔ ŋu, etsɔ, egbe yiɖe mavɔmavɔ me.

Ɖo to nyuie, elabena míeva ɖo nuwuwu. Mawu zi nɔnɔmea dzi. Ɣeyiɣia de be woawɔ nane, edze be nàwɔ nyametsotso. Amegbetɔvi la va be Yeawu Ŋɔŋlɔawo katã siwo ƒo nu kuɖe Eŋutɔ ŋu. Eɖo kpe Esia dzi kple Nya la. Afikae nètɔ te ɖo?

Biabia si wòle be nàwɔ na ɖokuiwò egbe lae nye be: Amekae nye dɔla kple gbedasitsɔla 7lia si Mawu gblɔ do ŋgɔ be Yeaɖo ɖa mahã? Ɖee Nya siwo medana ƒu o abe alesi wògblɔ be wole ye si nɔ esi, alo o mahã? Ɖee wòwu Ŋɔŋlɔwo katã si ƒo nu kuɖe eŋutɔ ŋua? Ɖee vodadawo le Gbedeasi si wòɖe gblɔ la mea?

Ɖee woŋlɔe ɖi le Nya la me be míehĩa nane wu nusi woɖe gblɔ to Mawu ƒe dɔla kple gbedasitsɔla 7lia dzi mahã? Ɖee Wògblɔ be Yeaɖo ameaɖe ɖa be wòaɖe nusi Yeƒe gbedasitsɔla gblɔ gɔmea? Ɖee Nya la gblɔ be Aɖo ŋutsuwo ƒe hatsotso aɖe ɖa be woakplɔ Eƒe Ŋugbetɔ la aɖawɔe Ɖekaa?
Ɖee Wògblɔ be mele be nàxɔ Nya ɖesiaɖe dzi se oa?

Ne èle egblɔm be nèxɔe se be: esiae nye gaƒoƒo la ƒe gbedeasi la. William Marrion Branham nye dɔla 7lia si Mawu ɖo ɖa be wòaɖe nyaɣlaɣlawo katã fia. Enye Amegbetɔvi si le Eɖokui ɖem fia la. Na míakpɔ nusi dɔla kple gbedasitsɔla sia gblɔ kuɖe AMESI wònye azɔ la ɖa.

Azɔ, miɖo ŋku dzi, ema menye Yesu ye nɔ nu ƒom na Abraham le afima, si ate ŋu anya Sara ƒe dzimesusuwo le Emegbe o. Menye Yesu ye o, womedzii haɖe o. Gake enye Ŋutsua ɖe si nɔ amegbetɔ ƒe ŋutilã me, si Abraham yɔ be “Elohim, Ŋusẽkatãtɔ gã la.” Si le fiafiam be…Eye Yesu gblɔ be, “Abe alesi wonɔ le Sodom ƒe ŋkekeawo me la,” azɔ mile ŋku ɖe ŋu nyuie, “le Sodom ƒe ŋkekeawo me la, nenema ke wòanye le Amegbetɔvi la ƒe vava, esime woaɖe Amegbetɔvi la ɖe go.” Maganye abe hame ene ake o, mikpɔea, maganyee ake o; woyɔ Ŋugbetɔ la, mikpɔea. “Le ŋkeke ma dzi la woaɖe Amegbetɔvi la afia.” Nuka? Be woatsɔ Hamea kple Ta awɔ ɖekae, aƒo ƒui, Ŋugbetɔ la ƒe srɔ̃ɖeɖe. Ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe yɔyɔ ato esia me ava tẽ, ne Amegbetɔvi la aɖi va eye wòava le amegbetɔ ƒe ŋutilã me be woa kple eve woawɔ ɖeka.

Esime AMEKA ava aɖawɔ Ŋugbetɔ la ɖekaa? Ŋutsuwo ƒe hatsotsoa? Gbeƒãɖela? Amegbetɔvi aɖi va aɖa geɖe agbetɔ ŋutilãgbalẽ me aɖawɔ eveawo ɖeka. Ke nuka Amegbetɔvi sia, ame aɖe le agbetɔ ŋutilãgbalẽ me awɔ?
Atsa Hame la ɖe Ta nu, awɔe ɖeka, Ŋugbetɔ la ƒe srɔ̃ɖeɖe.

Míenyae be Amegbetɔvi Lae nye Nya la na Egbe. Gake AMEKAE nye ŋutsu ma le agbetɔ ŋutilãgbalẽ me amesi dzie Amegbetɔvi la to ɖee Eɖokui fia mahã? Ele be wòanye nyagblɔɖila aɖe; elabena nyagblɔɖila ƉEƉEKOE Nya vana na eye nyagblɔɖila ƉEKA koe nye Nya la ƒe gɔmeɖela mawumetɔ.

Ele be Hame la nanye Nya la, Eyae nye Nya la, eye ne woa kple eve la woawɔ ɖeka, eye, be woawɔ esia la, ehiã Amegbetɔvi la ƒe ɖeɖefia ƒe ɖeɖeɖego. Menye hanunɔla o.

Nukae ahĩa be woawɔ Ŋugbetɔ la kple Nya la ɖekae? Menye hanunɔla aɖe o, ahĩa:

Ɖeɖeɖego la: Webster nyadigbalẽ: nane alo ameaɖe ƒe ɖeɖefia le ŋutilã aɖe me.
ƉEƉEFIA: Webster ɖe egɔme be: Nyanyanana aɖe si wolé ɖi tsã ƒe ɖeɖeɖego mlɔeba.
… Amegbetɔvi la tɔ. AMEKA dzie Amegbetɔvi la ɖe Eɖokui fia to mahã?
William Marrion Branham.

Ɖe nèkpɔ nusi tae futɔ la di be nàkeɖi be Nya ɖesiaɖe si woɖe gblɔ nye Ale AƑETƆ LA GBLƆ ESIA? Ɖee numegbe sia menye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi O boŋ nɔviŋutsu Branham ƒe susuɖeɖewo ko, alo eƒe susu, lo Mawu ƒe Nya wònye oa?

Ɖee nèle nusi gɔme ameaɖe ɖe be wònye dzi xɔse ge, lo ɖee nèle nusi Mawu ƒe dɔla kple gbedasitsɔla 7lia si dzi woɖo kpe gblɔm dzi xɔge ase mahã? Edze be nàbia nya ma ɖokuiwò se.

Nye—nyemenya o, nye…Mikpɔ nusi gblɔm melea? Mikpɔea, enye Amegbetɔvi la, Yesu Kristo, si aɖi va le amegbetɔ ƒe ŋutilã me le mía dome, eye wòawɔ Eƒe Nya nu vavãe ale gbegbe be esia awɔ Hame la kple Eyama woazu nu ɖeka, Ŋugbetɔ la, eye emegbe Ayi Aƒe le Srɔ̃ɖeŋkekenyuie ɖuƒe.

Yesu Kristo, Amegbetɔvi la, si le Eɖokui ɖem fia to Eƒe gbedasitsɔla dzi la awɔ Hame la kple Eŋutɔ ɖekae abe ƉEKA ene eye míayi ɖe Aƒeme le srɔ̃ɖeŋkekenyuie Ɖuƒe. Yae nye Ekem, kɔ ƒãa le Eŋlisigbe me.

Menyee le ema gblɔm o, menye nye susu alo susuɖeɖe wònye o, wòŋutɔ see na ɖokuiwò. Mawu wònye le nuƒom na Eƒe Ŋugbetɔ la to Eƒe dɔla 7lia dzi abe alesi Wòdo ŋugbe be Yeawɔ le Eƒe Nya la me ene. Menye ame o, MAWU.

Futɔ la gblɔa na wò be, “wole ame subɔm.” Meka ataŋu na wò Satana, míele ame si le nuƒom subɔm o, boŋ AƑETƆ YESU KRISTO si le nuƒom to amesi WÒTIA be yeaƒo nu to dzie.

Amen. Ewɔ ɖeka xoxo, mikpɔea, míeyina ɖe Srɔ̃ɖeŋkekenyuie ɖuƒe, menye srɔ̃ɖeƒe o. “…ɖu wò lã…wò ŋutɔ, kple ame sesẽwo katã ƒe lã, elabena Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe ɖo.” Gake, Kɔkɔdzoe la, enye Srɔ̃ɖeŋkekenyuie ɖuƒe yiyi. Ne, le afii Nya wɔ ɖeka kple amea la, ekema woa kple eve la woazu ɖeka. Ekema nuka esia wɔna ɣemaɣi? Eɖena Amegbetɔvi la ɖe go ake, menye hamea ƒe mawuŋutisrɔ̃lawo. Amegbetɔvi la! Nya la kple Hame la trɔ zu ɖeka. Nusianu si Amegbetɔvi la wɔna la, Enye Nya la, Hamea hã wɔna nenema ke.

Eyae ke nye esi, Mawu le nusi wɔm Wòle fifia tututu gblɔm na mí, ELE MÍAWƆM ƉEKA KPE EƑE NYA SI WÒGBLƆ TO AMEGBETƆVI LA DZI. Nya la kple Hame la (MÍ) le ɖeka zum.

Edze be nàxɔ Nya ɖesiaɖe dzi se. Megaɖo to ame alo ame ƒe susuɖeɖe o.

Ke mi amesiwo nɔ anyi ɖe afisia fifi laa la, ne miedi be mayɔ mia ŋkɔ la, eyae nye, Satana ye le agbagba dzem xoxoxo be yeana be miake ɖi le ŋunye. Migawɔ nenema o. Nɔvinyɔnu, ne èwɔ nenema la, enyo, è…alo, menye nye o, ke ake ɖi ko. Mixɔ Nya sia dzi se ko. Mele be miaxɔ dzinye ase o, ke boŋ mixɔ Esia dzi se. Mikpɔea? Ne megblɔ Nya sia la, menye tɔnye Ye o, Eyama Tɔe. Nye nyawo to vovo, gake Esia nye Eyama tɔ.

Menye William Marrion Branham ƒe nya wònye o, Mawu ƒe Nya ye, ke Satana le didim be nàkeɖi le Nya ɖeka ŋu ko.

Eye ne nyabiabia ɖo nane ŋu la, ele be woadoe akpɔ vaseɖe esime miake ɖe nusie le eteƒe la ŋu. Ke azɔ ne miekpɔ nusi le eteƒe vɔ la, Egblɔ bena, “Milé ɖe asi.” Le gbɔgblɔ bubu me la, “Milée sesĩe, migaɖe asi le eŋu o. Milé esia sesĩe!” Le gbɔgblɔ bubu me la, “Misẽ asi ɖe dzi, be magaɖiɖi o.” Milé nu nyui la me ɖe asi, ne woɖo kpe edzi vɔ megbe be “ele eteƒe.”Eye nu ɖesiaɖe si dzi woɖo kpee be “mele eteƒe o la,” miɖe asi le eŋu kaba ŋutɔ alesi ko miate ŋui, mite ɖa le nusia gbɔ.

Va tu mí Kɔsiɖagbe le 2 woale me, Jeffersonville ƒe game, be míase Fofo la wòaƒo nu to Eƒe Gbedasitsɔla si wòtia dzi aɖawɔ mí ɖekae hena Kɔkɔdzɔe esime wòanɔ egblɔm na mí be Yele Kpe Ɖom Yeƒe Nya Dzi 64-0816.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ doŋgɔ na subɔsubɔ la:
Marko 5:21-43
Fiawo I 10:1-3
Tesalonikatɔwo 5:21
Hebritɔwo 4:12