22-0925 Kpe Ɖoɖo Eƒe Nya Dzi

Gbedasi: 64-0816 Kpe Ɖoɖo Eƒe Nya Dzi

PDF

BranhamTabernacle.org

Anyigba Ƒe Dze Lɔlɔ̃awo,

Esime wòdze ko be Mate ŋu anyo wu o la, Edona Nyaƒoka ƒe Ɖeɖefiawo ƒe Agba na mí. Teƒenɔnɔ le mía si tso ameɖoɖi me. Susuma tae míetso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe, dziehe kple nyiehe ɖo, be míase Nya gbagbe si woɖe ɖe go la.

Esime Mawu wɔ xexea la, míenɔ Eƒe susu me. Esime míaƒe nutsola yi edzi nɔ asibidɛ fiam mí henɔ gbɔgblɔm na Fofo la be, “Wowɔ esia, wowɔ esia, wowɔ esia,” la míaƒe Aƒetɔ Yesu ƒe Ʋu tsyɔ míadzi. Ne míele gbedom ɖa la, Mawu mekpɔa mí o, míaƒe gbe ko wòsena to Yesu ƒe Ʋu la dzi.

Satana mate ŋu aɖefu; alo, ate ŋu ate kpɔ, gake mate ŋu alé Kristotɔ si wogbugbɔ dzi o. Elabena, Mawu, tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi ke la, kpɔ eyama do ŋgɔ, hedɔ Yesu ɖo ɖa be wòaxɔe aƒle, ke Ʋu la ƒoa nu le eƒe teƒe. Aleke wòate ŋu awɔ nuvɔ̃ esime Mawu ŋutɔ gɔ hã, mateŋu akpɔe o mahã? Nu ɖeka si Wòsea yenye miaƒe gbe. Ekpɔa miaƒe teƒenɔnɔ. Amen! Nyateƒee. Mikpɔea?

Mawu ƒe nyagblɔɖila gblɔ nusiawo na mí. Menye eyae nɔ nuƒom o; ɖeko wònɔ Mawu ƒe susuwo ɖem gblɔ, Eƒe nusiwo wòle be woava la ƒe nyenyewo. Ele eƒe nu zãm be yeatsɔ ɖewo agblɔ. Ke esime wògblɔ wo vɔ la, ele be woava me. “Dziƒowo kple anyigba nu woava yi, gake Nye Nya mada ƒu kpɔ o.”

Eɖo kpe Eƒe Nya dzi na mí zi gbɔ zi geɖe. Ɖee Meɖo kpe edzi na mí be yenye: Amegbetɔ Vi la si do ŋutilã le míadome oa? Ɖee Meɖo kpe edzi na mí be: Míaƒe nyagblɔɖila wu Ŋɔŋlɔ ɖe sia ɖe si woɖe gblɔ kuɖe eŋu oa? Ɖee Meɖo kpe edzi na mí be: Míenye Eƒe Ŋugbetɔ oa? Ɖee Meɖo kpe edzi na mí be: Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe kpeɖodzi vavã la le mía si oa?

Nukae vɔ̃m míele azɔ? Eɖo kpe edzi na mí, ne míele tsitre ɖe Egbɔ la, Anɔ tsitre ɖe míagbɔ. Eƒe Nya mate ŋu adaƒu o.

Amesiwo katã xɔ Gbedeasi sia kple agbenɔɣi sia ƒe gbedeasitsɔla dzi se la woakpɔ ɖeɖe. Amesiwo katã womexɔ Gbedeasi la kple eƒe gbedeasitsɔla dzi se o la, woatsrɔ̃ kple xexeame.

Miɖo to nyuie hame. Geɖewo alegbegbe sea egɔme baɖa, alo womeɖo Nya la ƒe Ɖeɖefia ɖeke o. Wosea be míetea gbe ɖe amea dzi akpa. Ne miexɔe se vavã be Nɔviŋutsu Branham nye Mawu ƒe nyagblɔɖila la, ekema miʋu miaƒe dzi kple luʋɔ aɖase nusi gblɔm Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi la le.

Nukae ahe Ŋugbetɔ la ɖe duu? Nukae awɔ Ŋugbetɔ la ɖeka be wòazu Ɖeka kple Mawu?

“Le ŋkeke ma me la woaɖe Amegbetɔ Vi la ɖe go.” Nuka? Be wòatsa Hame la ɖe Ta ŋu, awɔ ɖeka, Ŋugbetɔ la ƒe srɔ̃ɖeɖe. Ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe yɔyɔ ava to esia me tututu, esime Amegbetɔ Vi la aɖi va aɖa va eye ava le amegbetɔ ŋutilã me be yeawɔ eveawo ɖeka. Ele be Hame la nanye Nya la, Eya nye Nya la, ke eveawo le ɖeka wɔm, eye, be woawɔ ema la, ahĩa Amegbetɔ vi la ƒe ɖeɖefia ƒe ɖeɖeɖego.

Ahĩa Amegbetɔ vi la ƒe ɖeɖefia ƒe ɖeɖeɖego. Menye wò tamesusu o, menye wò nugɔmesese o, menye wò susuwo alo wò mawunyagbɔgblɔ o. Amegbetɔ vi la awɔ Ŋugbetɔ la kple Ŋugbetɔsrɔ̃ la ɖeka, ke ele eme vam FIFI LAA.

Míele Srɔ̃ɖeɖe Kɔnu aɖe me fifia kple Ŋugbetɔsrɔ̃ la eye míele dzodzo ge le madidi me yi ɖe míaƒe Srɔ̃ɖeɖe Nuɖuɖu kple míaƒe Srɔ̃ɖeɖe Mɔzɔzɔ la me.

Nya la kple Hame la le ɖeka zum. Nukake Amegbetɔ vi la wɔ la, Eyae nye Nya la, Hame la wɔa numa ke.

Míate ŋu anɔ agbe to Nya ɖe sia ɖe si doa go tso Mawu ƒe Nu me ɖeɖeko dzi! Mawu ɖo kpe edzi be míaƒe nyagblɔɖila nye Mawu ƒe nyaŋuɖela na egbe. Aleke míenya be enye Mawu ƒe Nya laa? Egblɔe nenema, emegbe la Eɖo kpe Edzi kple Eƒe Nya la.

Míenye Hame-Ŋugbetɔ si dzra eɖokui ɖo le ŋkeke mamleawo me. Amesiwo woyɔ do go tso le mamleawo katã me; xevi ma si ƒo ʋu si ƒo ʋu kple Eƒe Ʋu la.

Fofo, míaƒe dziwo le kpodzom, eye nye dzi le ƒoƒom, ne mele susu bum kuɖe ema ŋu henyae be Wò Nyawo le eteƒe, Wodometɔ aɖeke mate ŋu adaƒu o.

Mawu ƒe mɔ ɖeka si Wòta ɖi na egbe lae nye esi. Eyae nye mɔ ƉEKA si dzi woanɔ be womatrɔ Nya ɖeka o. Miɖo ŋku dzi be, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ate ŋu ava aɖasi ami na ame, gake kokoko la, ekpɔtɔ le Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu godo. ELE BE Mía NƆ ANYI KPLE NYA GƆMEDZEDZETƆ SI DZI WOƉO KPE LA.

Ne edzro wò be yeanɔ anyi kple Nya ma aɖase Mawu ƒe Gbe kpli mí la, mele wòkpem be nàwɔ ɖeka kpli mí Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game esime míase: KPE ƉOƉO EƑE NYA DZI 64-0816.

Mele na wò be nàwɔ ɖeka kpli mí alo ŋutɔ gɔ hã nàse nyaƒoka ɖeka ma ke le game ɖeka ma ke dzi kpli mí o, gake mele yɔyɔ wɔm na mi be, miɖo to Mawu ƒe nyagblɔɖila.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na takpekpe la:

Mateo Kɔkɔe 24:24
Marko Kɔkɔe 5:21-43/ 16:15
Luka 17:30/ 24:49
Yohanes 1:1/5:19/14:12
Romatɔwo 4:20-22
Tesalonikatɔwo I 5:21
Hebritɔwo 4:12-16/ 6:4-6/ 13:8
Fiawo I 10:1-3
Yoel 2:28
Yesaya 9:6
Maleaxi 4