Gbedasi: 64-0614M Nukoklo Le Mawu Ŋu
- 25-1102 Nukoklo Le Mawu Ŋu
- 24-0218 Nukoklo Le Mawu Ŋu
- 22-0731 Nukoklo Le Mawu Ŋu
- 21-0516 Nukoklo Le Mawu Ŋu
- 19-0630 Nukoklo Le Mawu Ŋu
- 19-0623 Nukoklo Le Mawu Ŋu
- 16-1127 Nukoklo Le Mawu Ŋu
5/15/2021 Hɔ̃WO LE ƑUƑOM ƉEDU
Ɖevi Sue Lɔ̃lɔawo,
Míewɔ míaƒe nyametsotso. Woɖo kpe Gbedeasi la dzi. Amegbetɔvi la gava le amegbetɔ ŋutilã me ake be yeaɖe Yeƒe Nya afia. Wodze kɔnyinyi ƒe xɔmetsovɔ la ɖe eve.
Eyae nye Esi, Dzo Lilikpo la, tɔ ɖe gaglãgbe, hele Nya la ɖem ɖe go na ŋkeke sia. Míekpɔe, eye Míexɔe Se…NYA ƉESIAƉE!!
Míese nyaƒoka mawo ƒe ɖesiaɖe esime wole vavame. Eme le kɔkɔm ɖedzi geɖe wu na mí esime míele toɖom wodometɔ Ɖesiaɖe la. Míedzro Ŋɔŋlɔawo me. Woɖe Mawu ƒe Nya ɖe go heɖo kpe edzi na mí.
William Marrion Branham Ɖee gblɔ, ke Mawu na wò va me.
Nuka Wònyee? Mawunyenye si woɣla ɖe ŋutilã me. Mibu Eŋuti kpɔ! Dzo Lilikpo ma ke si ɖi va amemawo si woŋlɔ Biblia dzi, nye Dzo Lilikpo ma ke kpli mí egbea, si le Biblia gɔme ɖem. Eƒe Nya, Nyaƒokasiawo, na míele Eyama ɖim wu gbesiagbe. Míele agbe le Eƒe Ŋkume hele sɔsɔm kple Eƒe nɔnɔme yayra la esime míele zɔzɔm kple Eyama eye Wòhe le nuƒom na mí.
Miawo miegale xɔmetsovɔ ma godo ake o, Ɖevi suewo, Mawu do va gaglãgbe na mi.
Míegale xɔmetsovɔ ma godo o, míekpɔe le gaglãgbe. Enye Ŋkumeɖobolo ma ŋue míele azã ɖum le esi míele ɖeka wɔm ɖedu le xexeame godoo be míaɖo to Amegbetɔvi la wòaƒo nu na mí aɖaɖe Eƒe Nya la fia. Enye xɔsetɔwo ƒe Nuɖuɖu si nye xɔsetɔ vavã ƉEƉEKO tɔ.
Ɖewomahĩ bubuwo woadi nuɖuɖu si tovovo, gake na míawo la, woɖee fia, Mawu dɔ Eƒe Nya na Ame Ɖeka, menye hatsotso aɖe o, ame Ɖeka.
Nenema ko wònɔna ɖaa, nyagblɔɖila aɖe ava kple Aƒetɔ la ƒe Nya, le agbenɔɣi ɖesiaɖe me, ga sia ga me, to Ŋɔŋlɔa katã me va yi. Nya la vana na ame ƉEKA. Le agbenɔɣi ɖesiaɖe me la, nenema koe, gɔ̃ hã le hamea ƒe agbenɔɣiwo me, tso gbãtɔ dzi yi mlɔetɔ dzi. Ame bubuwo ƒe teƒe li, ele teƒe, mide dze sii, gake minɔ adzɔge na Dzo Lilikpo ma.
Míele Mawu ƒe Gbe si wolé ɖi hede nyaƒoka dzi, Nya si mehĩa GƆMEƉEƉEA ƉEKE O, NYAŊUKƆKƆA ƉEKO O, NYA DZADZEA ƉEƉEKO, Mana Si woɣla la dim.
Tututu ko abe alesi Helatɔwo le Mawu aɖe dim ene; ke Eyae nye ekem tɔ ɖe woƒe ŋku me tututu, gake womete ŋu kpɔ Eyama o ɖe nutsyɔnu la ta. Nenema kee wòle egbea, womate ŋu kpɔ Eyama o le nutsyɔnu si le mo na wo ta.
Ŋugbetɔsrɔ̃ la va le amegbetɔ ŋutilãgbalẽ me hele míawɔm ɖekae ɖe du, ke azɔ míele ƉEKA zum. Enye Amegbetɔvi la ƒe ɖeɖefia ƒe ɖeɖeɖego, Yesu Kristo le amegbetɔ ŋutilãgbalẽ me ake. Ele míawɔm ɖekae hele míakplɔm yi Srɔ̃ɖeɖe Ŋkekenyuie si Wòdzra ɖo ɖi na Eƒe Ŋugbetɔ la me.
Mise ɖa Ɖevi Suewo, MIENYE NYA si woŋlɔ ɖi hele ɖeɖem ɖe go. Fofo la na mi Ɖeɖefia kuɖe Eŋutɔ ŋu na ŋkeke sia, ke azɔ, Ena wò Ɖeɖefia kuɖe ƉOKUIWÒ ŋu, Eƒe Nya Ŋugbetɔ Deblibo la. Ɖe Nya la gblɔ, womate ŋu atɔ wò te o.
Gbedeasi sia nye Eŋutɔ ƒe subɔsubɔdɔ deblibo la, menye ame aɖe tɔ o, menye kɔmahatsɔŋkɔ aɖe tɔ abe le agbenɔɣi mawo me va yi ene o, boŋ Eŋutɔ tɔ, hele Eɖokui ɖem ɖe go: Luka Kɔkɔe 17:30, Maleaxi 4, Nyaɖeɖefia 10:7, Hebritɔwo 13:8.
Ne miele mɔkpɔm na nu bubu aɖe, alo na ame bubu aɖe, be wòaɖe wu nusi le nyaƒokawo dzi fia mi la, mieda Esia ƒu xɔ̃nyewo. Mitrɔ gbɔ va Gɔmedzedze Nya la gbɔ. Nya deblibo la.
Menye nyee o, menye miaƒe osɔfo ye o, NYA SIA, GBEDEASI SIA, NYAƑOKA SIAWO Wònye, elabena wonye Mawu Ƒe Gbe ƉEKA si dzi woɖo kpe heda asi ɖo.
Va se Gbema wòaklo ŋu le Eɖokui ŋu Kɔsiɖagbe sia le ga 2 woale me, Jeffersonville ƒe game esime míaƒo ƒu ɖedu aɖaɖo to Mawu wòaɖe Eƒe Gbedeasi la gblɔ na Eƒe Ŋugbetɔ la: Nukoklo Le Mawu Ŋu 64-0614M
Nɔvi. Joseph Branham
Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ doŋgɔ na toɖoɖo Gbedeasi la:
Mateo 24:24
Luka Kɔkɔe 17: 28-29
Yohanes Kɔkɔe 14:14
Korintotɔwo I 12:13
Korintotɔwo II 3:6 – Korintotɔwo II 4:3
Filipitɔwo 2:1-8
Timoteo I 3:16
Hebritɔwo 13:8
Nyaɖeɖefia 10:7 & 19:13
Mose II Ta 19 & 20
Yoel 2:28
Maleaxi 4:5