Gbedasi: 64-0614e Ame Tovovo La
- 25-1109 Ame Tovovo La
- 24-0225 Ame Tovovo La
- 22-0807 Ame Tovovo La
- 21-0523 Ame Tovovo La
- 16-1130 Ame Tovovo La
Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu
5/22/2021
Ame Tovovo Lɔlɔ̃awo,
Esime wole xexeame blam ɖedu kple gakpoblanu la, dukɔ aɖe li si woyɔ be Ŋugbetɔ, eye wobla ɖedu hã. Mawu dɔ gakpoblanu aɖe ɖe xexeame eye Wòhe Ŋugbetɔ la do le gbegblẽ sia si me míele agbe le, va Mawu ƒe Ŋku me. Le xexeame gbɔ la woyɔ mí be Ame Tovovowo, gake na Mawu ya la, míenye gakpoblanu siwo Eƒe Nya ƒoƒu ɖedu.
Woakafu Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ, dzidzɔm eye mede akpe be menye gakpoblanu aɖe siwo bla ɖe Mawu ƒe Nya, gaƒoƒo la ƒe Gbedeasi la ŋu. Mawu dɔ ameaɖe ɖe anyigba dzi be wòaxɔ Eyama ƒe teƒe abe Eƒe teƒenɔla ene. Mawu, si le Eɖokui ɣlam zi ɖeka ake ɖe agbetɔ ŋutilãgbalẽ me.
Wotsyɔ nu xexeame Ɖee, gake menye na Eƒe Ŋugbetɔ la o. Míedze nu to avɔma me henɔ anyi azɔ ɖe Shekinah ƒe Ŋutikɔkɔe ƒe ŋkume hele Mana si woɣla ɖum le Mawu ƒe Akplɔ ŋu.
Amewo susunɛ be míewɔ Nɔviŋutsu Branham mawu aɖe. ŋutilãgbalẽ ƒe akpa kemɛa ko wole. Gake womedidi boo le Mawu ƒe Nya gbɔ o. Wosusui be míebu, gake míenyae be míebu o. Le nyateƒe me la, míenya afisi míetɔ ɖo tututu. Míenya tɔdziʋu si ƒomevi míeɖo, kple ya ƒomevi si le ƒoƒome.
Míenya nusi míaƒe ka la nye, kple nusi míaƒe gakpoblanu la nye. Edo ɖe gaglãgbe na Eƒe vi suewo.
Edze be míakpɔtɔ nɔ ŋku ɖom dzi na wo be esia metsi tre ɖe Mawu ƒe Nya ŋu o. Esime Mawu dɔ Mose ɖe Israelviwo la, Mawu wɔ Mose mawu, hewɔ Aaron, efoa, nyagblɔɖila. Le nyateƒe me la, nyagblɔɖilawo katã le Biblia me nye Mawu na dukɔ la. Yesu Ŋutɔ gblɔ be mawuwo wonye. Ɖeko Wòyi dzi le Eƒe amemo trɔm. Mawu ɖeka ma ke wònye ɣesiaɣi, le Eƒe nɔnɔme trɔm, en morphe.
“Mawu si le ɣlaɣlam ɖe nyogbalẽwo te, Mawu si le ɣlaɣlam ɖe agbetɔ ŋutilãgbalẽ me.” Mikpɔea? Nusi Wòwɔ ye ma. Esime Mawu ɖe eɖokui ɖe go le xexeame la, Eɣla ɖe avɔ aɖe me, le Agbetɔ ŋutilãgbalẽ aɖe me si woyɔ be Yesu. Wotsyɔ nui eye wòɣla ɖe amegbetɔ ŋutilãgbalẽ aɖe si woyɔ be Mose me, ke wonye mawuwo, menye Mawuwo o; gake wonye Mawu, Mawu ɖeka ma, Eƒe amemo ko trɔm wòle, le nu ɖeka wɔm ɣesiaɣi, hele Nya sia hem vɛ.
Le Nya la ŋu la, Mawu wònye ɖe eɖokui ɖe go le ŋkeke mamlea me le Eƒe dukɔ la dome, na Nuku si wotia la, le nyagblɔɖila ƒe nɔnɔme me. Menye ɖe ame la nye Mawu o, boŋ be Mawu ƒe nunana lae nye Mawu si ŋu wotsyɔ nu le Amegbetɔ ŋutilãgbalẽ me.
Esime Nya la nɔ Mose me la, ezu Mawu le ŋutilã me. Esime Wònɔ Yesu me la, Ezu Mawu le ŋutilã me. Nu ɖeka ko Wòwɔ lae nye eɖɔli Eƒe amemo, menye Eƒe Nya o, menye Eƒe dzɔdɔme hã o, ale la, Nya ma ɖeka ke le míaƒe nyagblɔɖila si kple dzɔdzɔme ma ke abe Mawu ene.
Nukae nye Nya mamleawo si Mawu na Eƒe nyagblɔɖila ŋlɔ ɖi le Nubabla Xoxo la mee?
Kpɔ ɖa, madɔ nyagblɔɖila Eliya ado ɖe mi; hafi ne Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la nava ɖo.
Nu mamlea si Mawu na Eƒe nyagblɔɖila ŋlɔ ɖi la nye be Yele nyagblɔɖila sesẽ aɖe dɔ ge ɖa kple Eliya ƒe gbɔgbɔ na xexeame hafi Aƒetɔ la Ƒe vava ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la nava ɖo.
Ka woenye Nubabla Yeye la ƒe Nya mamleawo, agbalẽ si Mawu Ŋutɔ ŋlɔ ɖi? Mawu nɔ AME si woyɔ be Yohanes zãm be neŋlɔ agbalẽ la. Mawu nɔ AME zãm be wòagblɔ nusi wòle be Yohanes naŋlɔ ɖi de agbalẽ la me nɛ. Yohanes ŋlɔ nusi wòkpɔ hese AME ma gblɔ ɖi. Emegbe la Mawu zã AME tsɔ ɖe nusi woŋlɔ ɖi heɣla de Biblia katã me la fia. Nukae Yohanes wɔ mahã?
Eye nye Yohanes ye nye amesi se nusiawo, eye mekpɔ wo. Eye esi mese wo, eye mekpɔ wo la, medze klo, be made ta agu ɖe mawudɔla, si ɖe nusiawo fiam la, ƒe afɔ nu. Eye wògblɔ nam bena: Kpɔ ɖa, megawɔe o, wò hadɔla kple nɔviwò, siwo nye nyagblɔɖilawo kple amesiwo lé agbalẽ sia me nyawo me ɖe asi la, ƒe hadɔla menye; de ta agu na Mawu ko
Yohanes, zi gbɔ zi evelia, dze klo de ta agu na AME sia. NUKA TA? Yohanes kpɔ hese Mawu si ŋu wogatsyɔ kple amegbetɔ ŋutilãgbalẽ ake. Enye ŋutilã si tovovo na esime wònɔ esime wòzɔ Kplii, mlɔ anyi Kplii, ɖu nu Kplii, esime wotsyɔ Ŋui le Eƒe anyigba dzi ƒe agbadɔ kemɛa me, gake na Yohanes yea la, Eyae Wònye. Mawu wòganye ake ƔLA ɖe amegbetɔ ŋutilãgbalẽ me, lo anye ne madze klo ade ta agu nɛ o.
Emegbe la Mawu ga ƒo nu zi ɖeka ake. Eye kpɔ ɖa, Megbɔna kpuie, eye nye fetu kpe ɖe ŋutinye gbɔna, bene maɖo teƒe na amesiame ɖe alesi eƒe dɔwɔwɔ le la nu.
Emegbe la Eƒonu kuɖe Eƒe mawunyenye ŋu.
Nyee nye Alfa kple Omega, gbãtɔ kple mlɔetɔ, gɔmedzedze kple nuwuwu.
Emegbe la Eƒe Nya mamleawo na Eƒe Ŋugbetɔ la:
Nye Yesu ye nye amesi dɔ nye mawudɔla la, bene wòaɖi ɖase le nusiawo ŋuti na mi hena hameawo. Nyee nye Dawid ƒe ke kple eƒe ƒome, ŋukeɣletivi keklẽ la.
Yesu Ŋutɔ, le nuƒom na Eƒe Ŋugbetɔ la be, Nyee Wònye, si woɣla zi ɖeka ake le amegbetɔ ŋutilãgbalẽ me, le Nye dɔla si medɔ ɖa mi me. Maƒo nu to eyama me aɖa ɖe nuwo KATÃ si woŋlɔ ɖi heɣla ɖe nye Nya me fia. Maɖoe ɖe hamewo katã be wòaɖi ɖase.
Kae nye MƆ DEBLIBO LA na EYAMA be wòaɖi ɖase le miaƒe hameawo mee?
ZI PLAY!! MAWU ƑE GBE Wònye.
Emegbe la nyagblɔɖila gblɔ alesi míele sesem le míaɖokui me egbea na xexeame.
Eyata mesusui be mía dome ametsitsi geɖewo le numa ke susum. Mawu si Ŋu ŋutilãgbalẽ le! Ate ŋu ɖe gbe abe gakpoblanu na xexeame, gake ele amewo katã hem va Eɖokui gbɔ.
Mawu, si ŋu ŋutilãgbalẽ le, le amewo katã hem va EƉOKUI gbɔ. Abe Yohanes ene la, míekpɔ Mawu le amegbetɔ ŋutilãgbalẽ me. Abe Yohanes ene la, míele amegbetɔ subɔm o, boŋ woɖe fia be Mawu wònye le nu ƒom na Eƒe Ŋugbetɔ le amegbetɔ ŋutilãgbalẽ, abe alesi Wògblɔ na mí be Yeawɔe ene. ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI wònye.
Va ne Mawu ƒe Nya na bla wò ɖedu kple Ame Tovovowo Kɔsiɖagbe, ga 2 woale me, Jeffersonville ƒe ga me, aɖase Mawu si ɣla ɖe amegbetɔ ŋutilãgbalẽ me, wòaɖi ɖase aɖa hɛ Gbedeasi, Ame Tovovo La 64-0614E vɛ.
Nɔvi. Joseph Branham
Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ doŋgɔ na Gbedeasi la sese:
Korintotɔwo I 1:18-25
Korintotɔwo II 12:11