24-0225 Ame Tovovo La

Gbedasi: 64-0614e Ame Tovovo La


BranhamTabernacle.org

Xɔ̃ Lɔlɔ̃tɔwo,

Ŋdɔ ga 12 ƒo le Jeffersonville, fĩeɣi ga 7 le Afrika, ŋdi ga 10 le Arizona; Ŋugbetɔ la le ƒuƒom ɖe du le xexea katã me. Míelala kpɔ ɣeyiɣi sia le kɔsiɖa blibo la katã me. Míele mɔkpɔkpɔ gã aɖe me, le lalam kpɔ Mawu be wòaƒo nu na mí to amegbetɔ ƒe nuɣiwo dzi to Eƒe dɔla sesĩe kple gbedeasitsɔla adrelia dzi. Míele gbedom ɖa be, “Aƒetɔ dzram ɖo, “Si ami nam, eye nam Wò Nya ƒe Ɖeɖefia geɖe wu.”

Míekpɔ kɔɖiɖi, elabena míenyae kakaɖedzitɔe, bena nyagblɔɖila, ke nyagblɔɖila ɖeɖeko, si ye Agbe Nyawo le na gaƒoƒo sia. Míate ŋu ɖo nutete aɖe Egɔme keŋkeŋ o, gake míenyae be míexɔ Nya ɖesiaɖe dzi se eye míele dzudzɔm ɖe Dzi.

Míenyae be, tututu ko abe alesi Aƒetɔ wɔe kple Mose ene la, Mawu le dzadzraɖo wɔm be yeakɔ Yeƒe nyagblɔɖila ŋuti le míaƒe ŋkume. Le ɣeyiɣi ma me la, ɖeko Wòʋuʋu toawo. Ɣeyiɣi sia me la, Ele dziƒowo kple anyigba ʋuʋum.

Ɣeyiɣi la va ɖo. Míaƒe dziwo le ƒoƒom kaba kaba le míame. Míesea míade ƒe Aflaga Hagbe wódzea ƒoƒo. Le ɖekawɔwɔ me la, Ŋugbetɔ tsona ɖe eƒe afɔwo dzi hedzea hadzidzi be, XƆESE KO, nusianu le bɔbɔe, Xɔese Ko. Mawu le dzadzram ɖo be yeaƒo nu na mí.

Míesena : “Ŋdi xɔ̃nyewo.”

Míaƒe dziwo kpɔa dzidzɔ le nyagblɔe etɔ̃ siawo sese me ko. Nyagblɔɖila yɔm fifia ko be yeƒe xɔ̃. Emegbe la egblɔa na mí be,

Mia katã miedzrom. Nye—nyemetsɔ ɖeke le me na afisi meyina o, me—me…menye, menye miawo ye o. xɔ̃wo le asinye, le afisiafi le xexea katã me, gake enye—menye—menye mia katã ye o. Nane le hatsotso sue sia ŋu si ko…Nyemenya o. Mebua wo ŋu…Hatsotso a—aɖeke mele asinye anyigba dzi, si ŋu menya nu kuɖe, si teɖe ŋunye abe hatsotso sia ene o. Mawu ne na be míegamakpɔ o dzro —dzro alegbegbe, be, le Fiaɖuƒe si gbɔna me la, míanɔ afima ɖe du dzro; ye nye nye gbedodoɖa.

Ɖeɖefia gã Kae Mawu aɖe fia mí egbea? Nuka se ge míala? Ɖewomahĩ míese Esia zi geɖe, geɖe tsã, gake egbea ato vovo, eye anɔ abe ŋkeke aɖe si menɔ anyi kpɔ tsã o ene.

Nukae Wònye? Xɔsetɔ Ƒe Nuɖuɖu. Ŋkumeɖobolo tso Dziƒo si ŋu míele azã ɖu ge le. Ŋkumeɖobolo si nye míawo Eƒe Ŋugbetɔ, ɖeɖeko tɔ. Enye Shekina ƒe Ŋutikɔkɔe le Ŋkumeɖobolo la dzi si le mɔxem na mí tso gbegblẽ gbɔ.

Egodotɔwo kpɔa mí hebiana be, “Nuka mi amesiawo le wɔwɔm mahã? Nyaƒokawo ko sem míelea? Mi amesiawo la mienye Ametovovowo vavã.”

Ŋutikɔkɔe!! Míekpɔ dzidzɔ alegbegbe, eye meda akpe alegbegbe na Aƒetɔ la be míenye Ametovovowo; bometsilawo na Eyama kple Eƒe Nya si dzi Woɖokpe. Míekpɔa dzidzɔ le gbɔgblɔ na xexeame be, “Ẽ, MEXƆ NYAƑOKA ƑE SUBƆSUBƆDƆ DZI SE. MEXƆ PLAY ZIZI DZI SE. MEXƆE SE BE ENYE GBE VEVIETƆ KEKEAKE SI MIATE ŊU SE. Ẽ. MEXƆE SE BE ELEBE WOAGBUGBƆ NYAƑOKAWO VA NYAGBLƆTI LA DZI.”

Ne woɖe kɔnyinyi ƒe nutsyɔnu la ɖa la, miate ŋu akpɔe be Mawu ganye Mawu le Eƒe Nya la me kokoko. Egalea Eƒe Nya la me ɖe asi kokoko. Eyae nye—Eyae nye Mawu, si nye Eƒe Nya Ŋlɔla.

Meka nusi wɔm ameaɖe le o, alo le gbɔgblɔm o la, Míexɔe se, eye emegbe la míɖea zɔ le Eŋu. Ne Miewɔnɛ o la, ekema Miexɔ Edzi se o. Miele xɔmetsovɔ la godo o. Xɔmetsovɔ ma nye ame ɖeka tɔ. Gbedeasi Ma le ɖeka.

Mekpɔ mɔ heka ɖe dzi be—be gbɔgbɔme nugɔmesese su miasi le nusi Mawu le didim be yeana Hamea nase egɔme evɔ mele eɖem gblɔ kɔtɛ o la ŋu. Miekpɔea? Nane wònye, ɣeaɖewoɣi la, ehiã be míagblɔ nanewo le nɔnɔmea ɖe me be wòagbɔdzɔ amewo, ele be wòana amea ɖewo nado go, amea ɖewo nadzo, eye amea ɖewo na—na—nade ŋugblẽ. Gake tameɖoɖoa ɖe ta wowɔ esia ɖo. Nenema wòdze be woawɔe.

Woɖe Nya la fia Mawu ƒe nyagblɔɖila. Hatsotso aɖeke, Farizitɔ, alo Zadukitɔ, alo kɔmaha aɖe alo kɔmama aɖeke o. NYAGBLƆƉILA YE. Susu vovovo eve alo etɔ̃ mele esi o. Ame ɖeka wòtsɔ. Nya La le esi, ke eya ɖeka ko.

Ekema ate ŋu anye be amea ɖewo agblɔ be, “Ɖe nèdi be yeagblɔ be Mawu aɖo numa tɔgbee awɔa?” Ewɔe tututu. Egale ewɔm fifia hã.

Abe alesi wogblɔe ƒe alafa woenye esi la, míele numa ke sem egbea be: “Gake ame bubu aɖewo le afisia si Mawu yɔ.”
Nyateƒe ye. Eye zi geɖe alesi wokplɔ ɖo hele yiyim la, Amen, gake ne ame aɖe le agbagba dzem be yeaɖe afɔ axɔ Mawu ƒe tsitrenɔƒe si Mawu na míaƒe nyagblɔɖila, si Wòɖoɖi heɖo na dɔ ma la, elebe míanɔ anyi kple Nya si dzi woɖokpe la, Mawu ƒe Gbe na míaƒe ŋkeke la.

Mide dze sii, enye ku, be woanɔ adzɔge le Eŋu fifia. Edze be nàyi ɖe Eme to xɔmetsovɔ sia me, alo màyi o. Aleke Mawu ate ŋu akpɔ nublanui na wo, gake miɖo ŋku dzi nusi ke wònye, bena Mawu le nusi le xɔmetsovɔ ma godo la ɖem ɖe go. Mile ŋku ɖe nusi nɔ xɔmetsovɔa godo ŋu, Nya lae! Nuka dzi wotsyɔ nui? Nya lae! Nukae wònye? Ele aɖaka la me. Nya la dzie xɔmetsovɔ ma tsyɔ̃ nui. Mikpɔea? Ke Yesu enye Nya ma, ke Eyae nye Nya ma, eye Eƒe ŋutilã ƒe avɔ la Ɣlae.

Na míawo ya la, ɖeɖeɖego wònye! Meganye nyagbe ɖeɖe koe o; ezu nu vavã! Amen!

Míenyae be na bubuwo la míenye Ametovovowo, eye ate ŋu ɖe gbe na xexeame abe gakpoblanu ene na xexeame, gake ele amewo katã hem va Eyama gbɔ.

Va eye woablawò ɖe Nya la ŋu kpli mí Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase nyagblɔɖila la wòagblɔ na xexeame alesi míenye Ametovovowo 64-0614E. Edze míaŋu alegbegbe eye míede akpe alegbegbe be míagblɔ be ye míenye.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na Gbedeasi la sese:
Korintotɔwo I 1:18-25
Korintotɔwo II 12:11