24-0303 Aɖaŋudɔwɔwɔ

Gbedasi: 64-0705 Aɖaŋudɔwɔwɔ


BranhamTabernacle.org

Aɖaŋudɔwɔwɔ Ƒome Lɔlɔ̃tɔ,

Alegbegbe Gbedeasi mamle siawo de blibo na Kristo ƒe Ŋugbetɔ la. Mawu, le nuklom le Eɖokui dzi le míaƒe ŋkume, le Eɖokui ɖem fia le gaglagbe. Xexeame mate ŋu Kpɔe o, gake na mí, Eƒe Ŋugbetɔ la, Nusi míate ŋu kpɔ koe ma.

Míeto xɔmetsovɔ la me hekpɔ Eyama le gaglagbe. Mawu, le agbetɔ ŋutilãwo megbe. Nya zu ŋutilã, tututu ko abe alesi Wòdo ŋugbe le Luka 17 kple Maleaxi 4 me ene. Eɣla Eɖokui le amegbetɔ ƒe nutsyɔnu me, le Eƒe nyagblɔɖila kple le Eƒe Hame la me.

Míenyea dzidzɔmewo kekeake le xexeame ne míese Mawu wòle nuƒom to Eƒe dɔla gbedeasitsɔla dzi hele gbɔgblɔm na mí be,

Mede akpe alegbegbe ɖe miata. Dzidzɔm alegbegbe be mele dɔwɔm kpli mi. Dzidzɔm alegbegbe be menye miadometɔ ɖeka. Mawu nenɔ kpli mi. Awɔe. Madzo ɖa le miagbɔ kpɔ o. Magblẽ mi ɖi kpɔ o. Mele dzodzo ge ɖa le miagbɔ kpɔ o. Mieto xɔmetsovɔ la me azɔ.

Míezu ametovovowo na ame sia ame, gɔ hã le míaŋutɔ ƒe fliwo me, gake edze míaŋu alegbegbe, míede akpe alegbegbe, ɖe Ɖeɖefia si Wòna mí kuɖe Eƒe Nya na egbea ŋu ta. Be míenye Kristo kple Eƒe Nya si woɖe ɖe go ƒe bometsilawo.

Míetsɔ míaƒe xɔse kpeɖe Eƒe nyagblɔɖila ƒe xɔse ŋu, eye míewɔ ɖeka ɖe du, zu Mawu ƒe GLIKPO ɖeka. Mate ŋu wɔ naneke míawo manɔmee o; míate ŋu wɔ naneke nyagblɔɖila ma manɔmee o; nenema ke míate ŋu awɔ naneke Mawu manɔmee o. Eyata ɖe du la, MÍEZUA GLIKPO ƉEKA, Katsatsa la; Mawu, Eƒe nyagblɔɖila, Eƒe Ŋugbetɔ. Míezu Eƒe Aɖaŋudɔwɔwɔ.

Ƒe akpe ene Wòxɔ hewɔ Eƒe Aɖaŋudɔwɔwɔ gbãtɔa.
Fifia, ƒe akpe eve wòxɔ Nɛ wòwɔ Eƒe Aɖaŋudɔwɔwɔ evelia, MÍ, Eƒe Ŋugbetɔ, Eƒe Aɖaŋudɔwɔwɔ ƒome gã la, Adam Evelia kple Xawa Evelia. Azɔ míele gbesɔsɔ na abɔ la, Milenium la. Egamɛ mí ake ke azɔ la míesɔ gbe.

Míenye Eƒe Ŋugbetɔ Nya Deblibo la, Eƒe GƆMEDZEDZE Nuwɔwɔla ƒe akpa aɖe. Blitia la, ahadza kple tsro la, le ƒuƒom ɖe Nukua me azɔ, le gbesɔsɔ na tsitretsitsi la, hele gbesɔsɔ na nuŋeŋe la. Alfa La zu Omega. Nuku si yi to me la, do to ɖoƒe aɖe me hegazu Nuku la ake.

Nuku, si ge le Eden bɔ la me, heku le afima la, trɔ gbɔ. Tso nuku madeblibo ma si ku ɖe afima me la, etrɔ gbɔ va Nuku deblibo la, Adam Evelia gbɔ.

Azɔ míezu Adam Evelia, Ŋugbetɔ vavãtɔ la, Nuku la, míegbugbɔ va kple Nya gɔmedzetɔ la. Elebe Nya ƒe nusianu nanɔ míasi alebe míanye Nuku la. Nuku afa mate ŋu nɔ míasi o; míate ŋu tsi o, elebe míanye Nuku blibo la.

Nu ɖeka koe susɔ, nuŋeŋe la le afisia. Míetsi ŋutɔ. Míesɔ gbe na Vava la. Nuŋeɣi ye nye esi. Nuku la gbɔva eƒe gɔmedze nɔnɔme la me. Aɖaŋudɔwɔwɔ ƒome la gbugbɔ va, Kristo kple Eƒe Ŋugbetɔ la.

Be yeade dziƒo na Yeƒe nyagblɔɖila kple Eƒe Ŋugbetɔ la, Aƒetɔ la na ŋutega gã aɖe Eƒe dɔla. Enae MÍ, Eƒe Ŋugbetɔ la ƒe ŋgɔdonukpɔkpɔ. Esime míeto eƒe axa la, egblɔ be, míenye aƒenɔvi sue siwo nyakpɔ. Egblɔ be míakatã míenɔ yekpɔm tẽ, esime míevanɔ yiyime.

Le nuwuwu la ameaɖewo do go le fli me, eye wonɔ wotɔ si ŋu wɔm be yewoa gbugbɔ va fli me. Ekema ede dzesi nane si le vevie ŋutɔ, wonɔ afi bubu aɖe kpɔm, womenɔ eya kpɔm o. Wonɔ hame ma si yiɖe gbegblẽ me kpɔm. Alegbegbe wòdze ŋunye eye alegbegbe mele akpe dam be magblɔ be, menye MÍ, ŋgɔgbetɔawo ye o, míedo ɖa le fli me alo ɖe míaƒe ŋkuwo ɖa le dzi kpɔ o.

Eyata, Aɖaŋudɔwɔwɔ la kple Mawu ƒe Vi la, Aɖaŋudɔwɔwɔ la kple Ŋugbetɔ la, ke Enye Eya ƒe akpa aɖe, si wòle be wòanye Nya ƒe nuwuwu. Nya le me vam, eye míele gbesɔsɔ na Aƒetɔ la ƒe Vava.

Alegbegbe míede akpe be míenye Eƒe Aɖaŋudɔwɔwɔwo ƒe Ƒome, Eƒe Ŋugbetɔ vavã la. Nya la le me vam, eye míele gbesɔsɔ na Aƒetɔ la ƒe Vava.

Mele miakpem be miava wɔ ɖeka kpli mí Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, be miase Nya la kpli mí, aɖazu Mawu ƒe Aɖaŋudɔwɔwɔ Ƒome la ƒe akpa aɖe, esime míase Gbedeasi: Aɖaŋudɔwɔwɔ 64-0705.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na takpekpe la:

Yesaya 53:1-12
Maleaxi 3:6
Mateo Kɔkɔe 24:24
Marko Kɔkɔe 9:7
Yohanes Kɔkɔe 12:24/ 14:19