All posts by admin5

22-0410 Mɔfiala

Gbedasi: 62-1014E Mɔfiala

PDF



BranhamTabernacle.org

Alẽvi Lɔlɔ̃awo Siwo Kplɔm Wole,

Aʋa mamlɛ sia tu aƒe. Míeyina ɖe afisi míede kpɔ gbeɖe tsã o. Míele gbedadaƒo me tom, eye míele míaƒe mɔdzi le afiaɖe, eye míate ŋu ayi míaƒe Mɔfiala manɔme o. Migavɔ̃ o alẽha sue, Mawu na Mɔfiala aɖe be wòakplɔ mí.

Mɔfiala sia aɖe nuwo afia mí, eye agblɔ nusiwo Wòse la; Ate ŋu agbugbɔ gblɔ míaƒe nyawo tututu aɖagblɔ nusi míegblɔ la. Edze be míakplɔ Mɔfiala sia ɖo, elabena Eyae nye ame Ɖeka pɛ si nya mɔ la.

Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, Egblɔ na Eƒe nusrɔ̃lawo be nu geɖewo kpɔtɔ le Ye si be yeagblɔ aɖaɖefia mí, eyata Yele nyateƒe Gbɔgbɔ la ɖo ge ɖe mí, eye Afia mɔ mí yiɖe Nyateƒe siawo katã me. Egblɔ be Eƒe Ŋugbetɔ la ade dzesi Eyama esime Wòaɖe Eɖokui afia aɖaɖokpe Eɖokui dzi tututu ko abe alesi Wòwɔe esime Wòva ŋutilã me zi gbãtɔ ene.

Anya susu ɖe sia ɖe si le míaƒe dzi me. Anya amesi míenye kple nusi míewɔ. Anya nusianu kuɖe míaŋu. Enye Mawu ƒe Mɔfiala, Gbɔgbɔ Kɔkɔe si le agbe hele Eɖokui ɖem fia le agbetɔ ŋutilã me.

Tututu ko abe alesi Yesu Ŋutɔ gblɔ ene be, “Menye Nyee le dɔawo wɔm o; Fofonye si le Menye lae. Vavã mele egblɔm na mi, Vi la mate ŋu awɔ naneke le Eɖokui si o; negbe nusi Wòkpɔ Fofo la le wɔwɔm la, emae Vi la hã wɔna. Fofo la le dɔwɔm, eye nye hã mele dɔwɔm.”

Nenema ke Eƒe dɔla mele nuƒoge le eɖokui ŋu o, gake nukake se ge wòala la, eyae gblɔ ge wòala. Axɔ nusiawo katã le Fofo la gbɔ, eye emegbe la afiawo mí. Afia nyaɣlaɣlawo katã siwo woɣla ɖe Nya la me.

Fofo gblɔ na mí be AMEAƉE anɔ YE si si anɔ Yeƒe teƒe le afisia le anyigba dzi, Mɔfiala aɖe, eye bena Yeƒe Ŋugbetɔ la ade dzesi Eyama kɔtɛ adze eyome.

Akɔ Mawu ɖeɖeko ŋuti. Agblɔe eme akɔ ƒãa be, Menye yee enye, dɔla adrelia o, amegbetɔ Vi la ƒe ɖeɖeɖego ye. Mawu ƒe nyaɣlaɣla si ŋu wole nuʋum le lae. Menye ame ye o, Mawu ye. Menye amegbetɔ Vi lae o; enye gbedeasitsɔla tso amegbetɔ Vi la gbɔ. Amegbetɔ Vi lae nye Kristo, eyae nye ame Ɖeka si ɖum míele.

Geɖewo woagblɔ be ye woenye amesiwo wosi ami na be yewoakplɔ Ŋugbetɔ la, gake Mawu medi be miaziɔ ɖe miaƒe nugɔmesese alo miaƒe susuwo dzi, alo ame aɖe ƒe susu ametɔwɔwɔe aɖewo dzi o. Mawu dɔ Mɔfiala aɖe ɖa, eye Mawu di be miaɖo ŋku dzi be Yeƒe Mɔfiala si yefia mi lae ma.

Míaƒe Mɔfiala mele ame ɖeka kplɔ ge ato mɔ sia, eye ɖeka ato mɔ ma aɖagblɔ be : edze be nàse mawunyagblɔla sia, emegbe la edze be nàse mawunyagblɔla ma o; womelɔ̃a ɖe dzi kple wonɔewo gɔ hã o. Aleke ema ate ŋu ana miade blibo mahã?

NYA DEBLIBO ƉEKA koe li si le míahe ge va aɖalé mí ɖe du, EƑE GBE NYA DEBLIBO SI DZI WOƉOKPE LE NYAƑOKA DZI.

Wogblɔna egbe be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le míadometɔ ɖe sia ɖe kplɔm tɔxɛ tɔxɛ, nusi le eteƒe. Ekema nukata mawunyagblɔla le miasi ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe le miakplɔm mahã? Ɖo to ɖokuiwò: anyo nam wu be mawunyagblɔla aɖe nekplɔm eye wòafia num ke menye Mawu ƒe nyagblɔɖila si dzi woɖokpe ya o mahã? Anyo nam wu be eƒe gɔmeɖeɖe kuɖe Nya ŋu nasu asinye wu be masee tẽ tso Mawu Ŋutɔ ƒe Gbe me esime eya ate ŋu aɖe egɔme geɖe alegbegbe wu mahã?

Nyemele agbagba dzem be mabufɔ mawunyagblɔlawo, lo be magblɔ be wonye alakpatɔwo, alo be mele be miaɖo to mawunyagblɔlawo o. Meɖekuku mitsɔe kem ne nyemele egblɔm nyuie o. Ɖeko mele gbɔgblɔm be ɖe womateŋu anye miaƒe tɔɖoƒe, nya mamlea, miaƒe Mɔfiala o. Amewo mate ŋu alɔ̃ ɖe dzi kple wonɔewo gbeɖe o. Ame ɖe sia ɖe ɖo susu vovovo, kpɔkplɔ vovovo. Aleke ema ate ŋu ana Ŋugbetɔ la ade blibo mahã? Ne mieɖo to wokatã, henya be wokatã womateŋu alɔ̃ ɖe dzi be nusi gblɔm yewole nye Mawu ƒe Nya si deblibo o la, aleke ema ya ate ŋu ana Ŋugbetɔ la ade blibo mahã? Aleke ema ate ŋu anye miaƒe Mɔfiala mahã?

Ne ɖeko míaɖe asi le Gbɔgbɔ Kɔkɔe ŋu be wòalé mí ɖe du kple Eƒe Nya la, míanɔ dzi ɖeka, susu ɖeka, tame ɖeka, to Gbɔgbɔ ɖeka dzi; Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, Mawu ƒe Mɔfiala si afia mɔ mí yi ɖe Nyateƒe la katã me. Gake edze be nàdze wò Mɔfiala yome.

Megaʋli wò Mɔfiala ƒe Nya gbeɖe o. Dze Eyome. Ne menye nenem o la, èle búbú ge. Ke, ɖo ŋku edzi be, ne èdzo le Egbɔ la, natsi akogo, eyata míedi be míate ɖe Mɔfiala ŋuti.

Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le míakplɔm be míadze Yeƒe Mɔfiala yome, esi nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si le nuƒom to Eƒe dɔla kple gbedeasitsɔla adrelia dzi. Menye ame ƒe Nya ye o, Enye Mawu ƒe Gbe na Eƒe Ŋugbetɔ la eye Eyae nye NU ƉEKA PƐ SI ATE ŊU NA ŊUGBETƆ LA ADEBLIBO.

Va tu mí Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míadze míaƒe Easter Kɔsiɖa la gɔme le toɖoɖo míaƒe Mɔfiala la me. Ele mɔfiage mí to afisi míede kpɔ gbeɖe tsã o.

62-1014E Mɔfiala

Nɔvi. Joseph Branham

Marko Kɔkɔe 16:15-18
Yohanes Kɔkɔe 1:1/ 16:7-15
Dɔwɔwɔwo 2:38
Efesetɔwo 4:11-13/4:30
Hebritɔwo 4:12
Petro II 1:21
Mose II 13:21

22-0403 Eƒe Vava Ƒe Dzodzĩ Miamiamia La

Gbedasi: 63-0623E Eƒe Vava Ƒe Dzodzĩ Miamiamia La



BranhamTabernacle.org

Ʋuamenɔlawo Katã,

Ŋutikɔkɔe na Mawu, ŋkeke kae nye esi si me míele agbe le. Míele Gbedeasi aɖe si dzi woɖo kpe, to dɔwɔwɔ ɖe sia ɖe dzi, be enye Yesu Kristo eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me sem. Ewɔ numawo ke tututu si Wòwɔ esime Wònɔ afisia le anyigba dzi; yɔdɔ dɔnɔwo, nya tamesusuwo, fia nusiwo avadzɔ do ŋgɔ, fɔ kukuwo ɖe tsitre, eye ɣesiaɣi, Ede blibo.

Tsi kplɔ nu ɖe ke la katã ɖa le to la tame. Naneke megasusɔ o negbe Agakpe. Nuŋɔŋlɔ wɔnukuwo Nɔ Agakpe la dzi, eyata Mawu dɔ Eƒe nyagblɔɖila sesẽa ɖo ɖa be wòaɖe Ŋɔŋlɔ la gɔme na Eƒe Ŋugbetɔ la. Azɔ woɖe Biblia gɔme keŋkeŋ.

Ekɔ Eƒe dɔla sesẽ la ɖe to la dzi hede AƑETƆ LA ƑE ƔI ASI ME NƐ. Eƒe dɔla tso to ma ta me emegbe heʋu eŋu. Le ememe la agakpe ɣi aɖe nɔ anyi, nane abe granite kpe tɔgbe ene si dzi womeŋlɔ nu ɖo gɔ hã o.

Egblɔ na mí be míanɔ Esia dzi kpɔm esime wòdzo yi Ɣetoɖoƒe. Emegbe la wokɔe yi dzi le Dɔla Adre dome hetrɔgbɔ va heɖe NUSIWO KATÃ WOMEŊLƆ ƉE AGAKPE LA ME O la fia mí.

“Esia nye Nye subɔla. Eye Meyɔe be wòanye nyagblɔɖila na agbenɔɣi la, be wòakplɔ dukɔ la abe alesi tututu Mose wɔe ene. Eye wonae ŋusẽe, be wòate ŋu aƒo nu nuwo nadzɔ.” Alo nane nenema tɔgbe, abe alesi Mose wɔ ene, sigbe ayɔ togbatowo vɛ. Ke míenya nu kuɖe kadzidɔewo, kple bubuawo ŋu, kple nusiwo dzɔ va yi xoxo la. Hattie Wright sue si le megbe afima, mebu be mienya nusi dzɔ le eƒeme.

W-I-L-L-I-A-M M-A-R-R-I-O-N B-R-A-N-H-A-M yenye Mawu ƒe ame si Wòtia be wòakplɔ Yeƒe Ŋugbetɔ la egbe. Eyae nye amesi Wòtia tsɔ ƒo nu na mí abe alesi Wòwɔe esime Wòva le ŋutilã me ƒe 2000 woenye esi. Ŋɔŋlɔ ɖe sia ɖe ɖoa kpe Edzi. Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖe Egɔme. Azɔ kakaɖedzi ƒomevi aɖe le míasi be ƉEƉEFIA NYATEƑETƆ le mía si kuɖe amesi WÒNYE VAYI, amesi WÒNYE kple amesi míe NYE ŋu: Eƒe Ŋugbetɔ lɔlɔ̃tɔ tiatia la.

Míenyae be míele Eƒe Lɔlɔ̃nu deblibo me le anyinɔnɔ kple Eƒe Nya la me. Ehea dzidzɔ kple dzidzɔkpɔkpɔ ƒomevi aɖe vɛ. Mele bɔbɔe be míaɖe nusi gɔme wònye na mí le nyagbe gblɔewo me o.

Kokoko la míenyae wòdeto le míaƒe dzi kple luʋɔ me be nane si tovovo la nɔ afima. Míenyae xoxoxo, ŋutɔ gɔ hã esime míenɔ nuvɔ̃ me, nane nɔ afima si gɔme míate ŋu aɖe o, evɔ ɖeko Wònɔ afima. Azɔ míe NYA. Míese le míaɖokuiwo me alea kpɔ tsã o, ɖikekewo megale o, nyabiabia ameɖokui se megale o, nyabiabia megale o, wotre heŋlɔe ɖe míaƒe luʋɔ me. ŊUTIKƆKƆE NA MAWU!!

Míawoe nye didime si ŋu mayi o sẽ ɖe esime nusiawo katã nava me. Míawoe nye didime si le megbedede kpɔm wòle eme vam le míaƒe ŋkuwo me. Ɣeyiɣi la tu aƒe. Eƒe Vava ƒe dzodzĩ miamiamia la le afisia. Eƒe toklã mamlea le emevam.

Ku kple tsɔtsrɔ ƒoxlã mí keŋ. Míele agbe le Sodom kple Gomora. Ɖiƒoƒo, nuvɔ̃, dzika le amewo tso ƒom, atomik bɔmbawo, xaxa le dukɔwo dome, eye le ɣeyiɣia katã me la míewɔ ɖeka henɔ anyi ɖe du le Dziƒo nutowome esime Mawu Ŋutɔ le gbɔgblɔm na mí be, MIGAVƆ̃ O, NYEDZI LƆLƆ̃A MIENYE. Naneke mate ŋu dzɔ ɖe miadzi o. Miɖe asi le miaƒe dziwo ŋu woanɔ bibim le miame esime Mele nuƒom na mi le mɔ la dzi hele gbɔgblɔm na mi be, NYE ŊUGBETƆ YE MIENYE.

Miva wɔ ɖeka kpli mí Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime howɔwɔ aɖe ava me. Abɔ la lz to yim. Dzodzĩ la dze keklẽ miamiamia. Ne nèle mɔkpɔm be yeadzo kpli mí la, anyo na wò wu be nàgblẽ wò azikotoku la ɖi, adzudzɔ wò nuƒoƒo, nàtsɔ wòmɔzɔkplowo, aɖanɔ gbesɔsɔ lo nàti anyi, elabena ɖeko wòle tetɔm le teƒe ɖeka hena ɣeyiɣi ʋe aɖewo ko. Egbɔna be yeagblɔ: Eƒe Vava Ƒe Dzodzĩ Miamiamia La 63-0623E.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ doŋgɔ na Gbedeasi la:

Mateo Kɔkɔe 5:28/ 22:20 / Ta 24

Timoteo 2 Ta 4lia

Yuda 1:7

Mose I Ta 6

22-0327 Anɔ Tsitre Le Gbagbãƒe La Me

Gbedasi: 63-0623m Anɔ Tsitre Le Gbagbãƒe La Me

PDF



BranhamTabernacle.org

Ame wɔnuteƒe Lɔlɔ̃awo,

Kɔsiɖa siawo siwo vayi la nye ŋutikɔkɔe ƒe ɣeɣiyi kekeake le míaƒe agbeawo katã me. Enye kɔkɔƒe gãtɔwo kekeake dometɔ ɖeka be woawɔ ɖeka kple Eƒe Ŋugbetɔ la le xexea katã me, le toɖom Mawu wònɔ Nutrenu Adreawo ɖem fia.

Nukae míawo katã míenɔ du henɔ toɖom mahã?

“Le toxɔ ma me la, Kpe ɣi aɖe nɔ anyi si dzi womeŋlɔ nu ɖo o.” Susuma tae wòle be mayi ɖe ɣetoɖoƒe ɖo, be matsa kple Dɔla siawo ƒe Gbedeasi la, be matrɔ gbɔ va afisia eye Maɖee fia hame la.

Elenɛ be wòayi ɖe ɣetoɖoƒe be yeatsa kple Dɔla 7 mawo, be wòatrɔ gbɔ va aɖaɖe nusi womeŋlɔ ɖi ŋutɔ gɔ hã o; gake azɔ la, to Ɖeɖefia me la, woɖe fia mí eye wòle Kɔkɔdzɔe ƒe Xɔse nam mí.

Míese Gbedeasi siawo míaƒe agbeawo katã, gake azɔ woɖewo fia abe gbeɖe tsã ene; ŋkeke lae nye esi azɔ, ɣeyiɣi lae nye esi azɔ. Míele nusi Wògblɔ na mí be ava dzɔ, le xexeame kple le Gbedeasi la me siaa, kpɔm hele esem eye azɔ wole eɖem ɖe go le míaƒe ŋkuwo me tututu.

Ɖee míaƒe dɔla kple gbedeasitsɔla 7lia nye nyagblɔɖila aɖe ko abe gbaɖegbe nyagblɔɖilawo enea? Kpao, woyɔe na dɔ aɖe si kɔkɔ geɖe wu nyagblɔɖilawo katã tɔ do ŋgɔ na eyama. Elabena Enye Amegbetɔ Vi la si le Eɖokui ɖem fia le amegbetɔ ŋutilã me tututu ko abe alesi Wòwɔe ƒe 2000 woenye esi ene. Woyɔ míaƒe nyagblɔɖila be WÒAKPLƆ ŊUGBETƆ LA le mɔ la katã dzi yi míaƒe Aƒe yeye la me, emegbe la aɖo mí Aƒetɔ la ŋkume.

Egblɔ na mí be yeƒe subɔsubɔdɔ la sɔ kple Mose ƒe agbe blibotɔe. Esime Mose nɔ eƒe mɔzɔzɔ me le Dzo Lilikpo la yome la, amewo tso hekpe nya kple eyama. Woyɔ amesiawo do go eye wole mɔdzi yina ɖe ŋugbedodonyigba la dzi. Wokpe akɔ kple Mose le esia gbɔgblɔ me be etena gbe ɖe eɖokui dzi akpa; me eyae nye ame kɔkɔe ɖeka si woyɔ o, yewo hã yewole kɔkɔe eye yewohĩa be yewoaɖe gbeƒã nane hã.

Egblɔ be wonye amekɔkɔewo, eye be nane le wosi be woawɔ hã le nyateƒe me, gake Mawu yɔ EYAMA, MOSE, AME ƉEKA, be wòakplɔ amewo.

Woƒe teƒe li na wo. Wosi ami na wo. Wonɔ nusi woyɔ wo heɖowo be woawɔ wɔm le esia gbɔgblɔ me na amewo be, “miɖo to Mose”, gake wodi be yewoagblɔ NANE WU, ALO AƉE NUSI MOSE NƆ GBƆGBLƆM GƆME. Womekpɔ kɔɖiɖi le asi fiafia amewo ɖeɖeko me be woaɖo to Mose o. Wodi be yewoawɔ nane wu, alo tovovo, wu nusi wodo dɔ asi na wo be woawɔ.

Ne miele ɖi kem le miaƒe susume kuɖe amesi míaƒe nyagblɔɖila nye, alo nusi woyɔe be wòawɔ ŋu la, mele miakpem be míayi ɖe ɣetoɖoƒe be míakpɔ to aɖe le ɖoɖo me si Mawu ŋutɔ wɔ abe dzesi mavɔ ene ɖe anyigba dzi, to míaƒe nyagblɔɖila ƒe ŋkɔ, B-R-A-N-H-A-M, dede to ma dzi.

Mienye Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ la. Etia mi heɖo mi ɖi. Eƒe Nya le agbe hele mia me. Mienye Nya gbagbe la si zu ŋutilã. Ena mi Eƒe Nya ƒe Ɖeɖefia. Satana meɖo ŋusẽ ɖeke ɖe miadzi o. Kɔkɔdzɔe ƒe Xɔse ma le agbe hele mia me.

Gbɔgbɔ Kɔkɔe le Eƒe Ŋugbetɔ la kplɔm le Eƒe mɔ ɖeka si wona na egbe la dzi, Eƒe Nya si woɖe gblɔ to Eƒe dɔla kple nyagblɔɖila 7lia dzi. Nyagblɔɖila mae nye míaƒe kplɔla.
Míaƒe kplɔla do ŋugbe na mí be nyaƒoka gbedeasi yeye ɖe sia ɖe ado tso Nuɖuɖudzraɖoƒe la me gbã, sẽ ɖe esime Aƒetɔ la Atrɔe. Elabena afimae woadzra nyaƒokawo ɖo ɖi.

Ede dɔ asi na eƒe kplɔla kpeɖeŋutɔ Nɔviŋutsu Neville, azɔ fifia to Eƒe Amenuveve me la, na nyeŋutɔ hã, kuɖe nusi wòle be míawɔ le sɔleme ŋuti.

Mele gbedom ɖa be Nàkpe ɖe míaƒe kplɔla lɔlɔ̃tɔ, Nɔviŋutsu Neville ŋu. Wɔ eyama, Aƒetɔ, wòayɔ fũ kple amenuveve eye wòayɔ fũ kple nugɔmesese, alebe wòate ŋu atsɔ Nuɖuɖu sia si wodzraɖo ɖi aɖa nyi Mawu ƒe alẽviawo.

Nyaƒoka siawo nye amesiwo woyɔ nyagblɔɖila be wòakplɔ tɔ. Ne nèdi be yease ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI LA, va se: Anɔ Tsitre Ɖe Gbagbãƒe 63-0623M, kpli mí Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase Nuɖuɖu si wodzraɖo ɖi na Ŋugbetɔ la.

Míadze Gbedeasi la gɔme tso xexlẽme 27 la dzi.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔawo
Mose IV 16:3-4

22-0320 Nutrenu Adrelia

Gbedasi: 63-0324E Nutrenu Adrelia



BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Nuteƒewɔla Lɔlɔ̃a,

Eye esime wòɖe nutrenu adrelia ɖa la, ɖoɖoe zi le dziƒo anɔ gaƒoƒo afã.

  • Dziɖegbe Adre woenye Esi tututu, le wonɔewo yome: eɖe, eve, etɔ̃, ene, atɔ̃, ade, adre, xexlẽme deblibo ma. Dziɖegbe Adre le wonɔewo yome, woɖe gbe, menye…ɖeko wole esia wɔm ko—ɖeka ko, eve, etɔ̃, ene, atɔ̃, ade, adre, teŋ. Emegbe la, Dziƒowo meteŋu ŋlɔ Ema o. Dziƒowo mate ŋu nyanu kuɖe Eŋu o, nububu aɖeke o, elabena naneke meli si ayi edzi o. Enye gbɔɖemeɣi. Elolo alegbegbe, wɔebe, Woɣlae do Mawudɔlawo.
  • Eye esime dziɖegbe adreawo ɖe woƒe gbewo ɖe go la, mebe maŋlɔe:…
    Nane gblɔ be. Menye howɔwɔ ko wònye o. Wogblɔ nane. Ebe yeaŋlɔe.
    …eye mese gbe aɖe tso dziƒo nɔ gbɔgblɔm nam be,…
    Mikpɔ afisi gbeawo nɔ, Dziɖegbeawo. Menye le Dziƒo o; le anyigba dzi! Dziɖegbeawo meɖe gbe tso dziƒowo kpɔ gbeɖe o. Woɖegbe tso anyigba dzi.
  • Adre, Mawu ƒe xexlẽme deblibo la. Adre le wonɔewo yome ko. Dziɖegbe Adreawo ɖe gbe ɖe du, abe ɖe wonɔ nane yɔm ene.

Míaƒe dzimedidi yenye be míanye Mawu ƒe viŋutsu kple vinyɔnu vavã; be míanɔ gbesɔsɔ na Eƒe Kɔkɔdzoe si gbɔna le madidi me. Eyata edze be míabia Aƒetɔ la be: “Nukae le Kɔkɔdzɔe ƒe Xɔse la na ge Ŋugbetɔ laa”?

  • Mexɔe se be, to Dziɖegbe Adremawo dzi la, woaɖe fia le ŋkeke mamleawo me alebena woaƒoƒu Ŋugbetɔ la ɖe du hena kɔkɔdzoe ƒe xɔse la.
  • Eye Dziɖegbe Adreawo, le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia me le afisia tututu la, Wonye nyaɣlaɣla aɖe. Ɖee Biblia megblɔ be Esiae nye “Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia laa”? Nukata, nyaɣlaɣla aɖe li si woɣla, ekema, tso Eŋu. Hum! Nuka Wònye? Ele Dziɖegbe Adreawo si. Elabena, Yohanes be yeaŋlɔ nu teti ko, eye Gbe aɖe ɖi tso Dziƒo, gblɔ be, “Megaŋlɔe O. Gake, tre Eŋu. Tre Eŋu. Dee Agbalẽ la ƒe megbe. Elebe woaɖe fia. Nyaɣlaɣlawoe.

Ɖee Gbɔgbɔ Kɔkɔe, to subɔsubɔdɔ la dzi, le Dziɖegbe Adreawo ƒe Ɖeɖefia si le Kɔkɔdzɔe ƒe xɔse na ge wo ɖe ge afia Eƒe Ŋugbetɔ laa?

  • Azɔ Maleaxi 4 kple Nyaɖeɖefia 10:7 ƒe gbedeasitsɔla sia le nu eve wɔ ge. Gbã: le Maleaxi 4 ŋu la atrɔ viwo ƒe dziwo ayi ɖe fofowo tɔ gbɔ. Evelia: Aɖe dziɖegbe adreawo ƒe nyaɣlaɣlawo siwo le Nyaɖeɖefia 10 me afia esiwo nye ɖeɖefia siwo le nutrenu adreawo me.
  • Nutrenu siawo le agbalẽ la ƒe megbe. “Eye le ɣeyiɣi si me dɔla adrelia anɔ gbeɖem la, woawu nyaɣlaɣlawo katã siwo woŋlɔ ɖe Agbalẽ la me nu vɔ.” Eye enumake la Agbalẽ, sinɔ ʋuʋu eye woŋlɔ nu ɖe eme la, wotui, “Wowu Mawu ƒe nyaɣlaɣlawo nu.” Eye Esiae nye Mawu ƒe nyaɣlaɣlawo: Hame la ƒe dzodzo, kple nububu siawo. “Nyaɣlaɣlawo vɔ.” Esime dɔla adrelia ma ɖe nyaɣlaɣla ɖe sia ɖe gblɔ la , evɔ. Miɖemɔ amesi nanye nusi wòate ŋu anye, nukake wòanye. Mawu ƒe Nya mate ŋu ada ƒu o.

ELE GBLƆE ALEA:

Nyaɣlaɣla to Dziɖegbe Adremawo dzi ana Kɔkɔdzɔe ƒe Xɔse Ŋugbetɔ la. Mawu ƉEKA KO, to Eƒe dɔla kple gbedeasitsɔla Adrelia dzi, ye aɖe DZIƉEGBE ADREAWO fia Ŋugbetɔ la.

Ne nèdi be woaɖe Dziɖegbe Adreawo fia wò, be woana wò Kɔkɔdzoe ƒe Xɔse la, mɔ bubu aɖeke meli be woaxɔ Ɖeɖefia ma o negbe be Woaxɔe tso Mawu ƒe Gbe ɖeka si dzi woɖo kpe na míaƒe ŋkeke la me; menye tso gbɔnye o, menye tso kɔmegbadɔ kplɔla, nyanyuiegblɔla, alo nufiala gbɔ o, boŋ tso Mawu ƒe kplɔla la gbɔ na xexeame, to NYAƑOKA ZIZI dzi.

Va se woaɖe nyaɣlaɣlawo katã fia; aɖaxɔ Kɔkɔdzɔe ƒe Xɔse aheyɔ wò Akaɖi la fũu kple Ami, Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase Mawu wòaƒo nu aɖaɖe Eɖokui fia le gblɔenyenye me eye wòahe: Nutrenu Adrelia 63-0324E vɛ na mí.

Nɔvi Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ doŋgɔ na Gbedeasi la ƒe sese:
Mose V 29: 16-19
Fiawo I 12: 25-30
Xezekiel 48:1-7, 23-29
Mateo 24:31-32
Nyaɖeɖefia 7
Nyaɖeɖefia 8:1
Nyaɖeɖefia 10:1-7
Nyaɖeɖefia 14

22-0313 Nyabiabia Kple Ŋuɖoɖo Le Nutrenuawo Ŋu

Gbedasi: 63-0324m Nyabiabia Kple Ŋuɖoɖo Le Nutrenuawo Ŋu



BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃a Si Le Dzudzɔm,

Egbe la, xexeame le nyadzɔdzɔgbalẽwo ƒe tanyawo xlẽm be woase nusi dzɔ le xexeame etsɔ : Vɔvɔ̃, Dzodzodzoe tsitsi, Tukpegã siwo dea didiƒe, Nukliabɔmbwo, Gbegblẽ, Alakpawo, Amebeble, Dunyahehe, Ku.

Gake Ŋugbetɔ la le Nyaƒoka dzi Zim, hele Mawu ƒe Gbe sem wòle nu ƒom na Wo helegbɔgblɔm be: Awuɣi Ʋlayawo, Afiatsotso, Ameɖoɖi, Numuame, Ɖeɖefia, Nyateƒe, Kɔkɔdzoe, Agbe Mavɔ.

Mègavɔ̃ o lɔlɔ̃tɔ, Meli kpli wò, aɖaʋaƒoƒo ɖe sia ɖe gbesiagbe. Esiae nye Nye ɖoɖo gã si ŋu Meƒo nu na wò kuɖo. Azɔ, kpɔ wokatã ye ma woʋu le ŋkuwò me tututu.

Woatɔ yenye: Esiae nye míaƒe agbewo ƒe ŋkeke vɔ̃ɖitɔwo kekeake; nu sia nu ate ŋu awu nu etsɔ.
Míatɔ yenye: Esiae nye míaƒe agbewo ƒe ŋkeke gãtɔwo kekeake; nu sia nu ate ŋu awu nu etsɔ.

Mɔ aɖe si wona le Mawu si, EƑE NYAE. Edɔ Eƒe dɔla nyagblɔɖila ɖa kple Eƒe Nya be wòayɔ Eƒe Ŋugbetɔ la do goe eye wòakplɔ wo yiɖe woaƒe Aƒe Yeye si Wòdzraɖo ɖi na wo me.

Ne akɔfafa ma ke, ŋutifafa, kple kakaɖedzi si le míasi adzrowò la; ne adzrowò be nàva nɔ agbe le Aƒema si Wòdzraɖo ɖi na Eƒe Ŋugbetɔ me la; va tu mí Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, eye nàse Mɔ ɖeka si Mawu na na egbe la, nàɖase Eƒe Gbe si dzi woɖo kpe wòaɖe gbe abe dziɖegbe ene na mí: Nyabiabia Kple Nuɖoɖo Le Nutrenuawo Ŋu 63-0324M.

Nukpɔkpɔ do ŋgɔ sue aɖe na Tanyawo siwo se ge miele Kɔsiɖagbe.
Nukae awɔ Ŋugbetɔ la ɖekae: Nya la.
Amekae Nya la Vaa na: Nyagblɔɖila.
Amekae nye Mawu ƒe Gbe na mi: Nyagblɔɖila.
Ameka ƒe Nyawo wotsɔ le ʋɔŋudrɔ̃ge mí: Mawu ƒe Nya si wogblɔ to: NYAGBLƆƉILA DZI.

Nɔvi. Joseph Branham

22-0306 Nutrenu Adelia

Gbedasi: 63-0323 Nutrenu Adelia



BranhamTabernacle.org

Mawu Ƒe Alẽ Lɔlɔ̃awo,

Nu gã wu kae wòagate ŋu anye, dukɔ kpɔ gome wu kae míagate ŋu anye, wu be fiawo dzi Fia, aƒetɔwo dzi Aƒetɔ la anɔ míaƒe ŋkumee?

Mibu eŋu ko. Fiawo dzi Fia, aƒetɔwo dzi Aƒetɔ la li kpli mí. Eɖe fia mí be MÍEVA ƉO.
Míele afisia! Ɖeɖefia si Wòtsɔ na mí la tso Mawu gbɔ. Nyateƒe Wònye. Míenye Eƒe Ŋugbetɔ Alẽ tiatia la.

Míesea Eƒe lɔlɔ̃ letawo kɔsiɖa sia kɔsiɖa gblɔna na mí be:
“Nye Alẽvi lɔlɔ̃awo, meyɔ nye alẽwo. Gbɔ̃wo Menyae o, gake miawo la miede Dzesie. Mietsi nuteƒewɔlawo, elabena Nye alẽwo Nyam eye womadze ame tutɔ aɖe yome o. Elebe wòanye Nye gbɔgbɔme Gbe ƒe dzesi ƉEƉEKO.”

Miedze ahĩa ƒo xlã alo kpɔ amebubu dzi ŋutɔ gɔ hã o; mietsi nyateƒetɔ na Nye Gbe. Miawoe nye Amesiwo menɔ lalam kpɔ. Menyae be wole fe ŋu ɖum le mia ŋu eye wose mi gɔme baɖa, gake megblɔ na mi magatrɔ gbɔ ɖe mia ta ne mie NƆ ANYI KPLE NYE NYA LA, eye miewɔe. AZƆ MIAWO TA MEGBƆNA ƉO abe alesi medo ŋugbe be Mawɔ ene. Nya si mienɔ tsi wume la gbɔna be yeakɔ mi yi Míaƒe Aƒe Yeye la me.

Bubuwo mate ŋu aɖo ɖeɖefia si le míasi o faa eye woagblɔ be míele bubu dem ame ŋu; alo míele ame subɔm ke menye míaƒe Aƒetɔ la o. Alegbegbe ŋku gbã na woe. Ne nenema wòle nyateƒetɔe la, ekema Kristo Ƒe Ŋugbetɔ si le ɣeyiɣi ƒe xɔmetsovɔ la godo hã tɔ medzɔ o ɖe.

Esime nyagblɔɖila kpɔ Ŋugbetɔ la si nɔ du sim va eyama gbɔ hele gbɔgblɔm be, “mía nɔviŋutsu xɔasi “, la wokɔ eyama hedae ɖe Teƒe Kɔkɔ aɖe. Nuka…ɖee Kristo ƒe ŊUGBETƆ la nɔ bubu dem nyagblɔɖila ŋu to eyama dada ɖe Teƒe Kɔkɔ aɖe dzia? Ɖee miele gbɔgblɔm be medze be woawɔ ema hafi oa?

Ekema ema megbe la, Ŋugbetɔ la katã nɔ tsitre ɖe afima le woƒe awu ɣi ʋlayawo me eye wodze ɣlidodo sesiẽ be, “Ɖee mèyi kple Nyanyuie la o la, anye ne míanɔ afisia o.” Ɖee me yi o la anye ne womanɔ afima oa?

Emegbe la Gbe aɖe ɖi tso dzi gblɔ bena wole ʋɔŋudrɔ̃ge mí kple NYA si wòɖe gbeƒã na mí la, eye emegbe la aɖo mí Eyama ŋkume. Gbe la megblɔ be wole ʋɔŋudrɔ̃ge mí kple nusi ame bubu aɖe gblɔ o alo nusi gɔme ameaɖe ɖe be wògblɔ la o, boŋ kple nusi wògblɔ la. Emegbe la aɖo mí Eyama ŋkume.

Mina maxɔ vovokpɔkpɔ aɖaƒonu le Ŋugbetɔ ƒe akpa si ɖo Ɖeɖefia ma ke si meɖo la ƒe ŋkɔ me, eye magblɔ alesi sem míele le míaɖokuiwo me. Ne wole ƲƆŊUDRƆGEMÍ, eye míaƒe DZEƑE MAVƆ la kuɖe Mawu ƒe Nya si wogblɔ to Eƒe nyagblɔɖila dzi ŋu la, ekema ɖeko wòle be míase Nya ma ƉEƉEKO tso Mawu ƒe Gbe me na míaƒe ŋkeke la. Míateŋui o, eye míele míaƒe dzeƒe Mavɔ dzudzɔ ge ɖe nusi gɔme ɖem ame bubu aɖe le, alo le gbɔgblɔm dzi o, negbe nusi WÒGBLƆ LA. MAWU ƑE GBE ƉEƉEKO MÍATE ŊU ASE, eye William Marrion Branham yenye MAWU ƑE GBE ƉEKA la…MAWUE GBLƆE NENEMA.

Medze agɔ le miadzi le esia gbɔgblɔ me, mitsɔe kem, gake, mese le ɖokuinye me be ate ŋu ana ame nado dziku, gake, menye Mawu ƒe Gbe na mi.

Eyata dzi le míadzɔm eye míede akpe na Aƒetɔ la be míele nuwɔm ko abe alesi Ŋugbetɔ la nɔ ewɔm le go kemea dzi ene. Ŋutikɔkɔe la Katã, Bubu kple Kafukafu neyi na míaƒe AƑETƆ YESU KRISTO ƉEKA KPLE ƉEƉEKO. Abe alesi Nyaɖeɖefia 22:9 ƒe nyagblɔɖila gblɔe na mí ene la, de ta agu na Mawu… EYAE WƆM MÍELE eye míelɔ̃a Eyama alegbegbe.

Gaƒoƒo la yi boo. Ŋɔŋlɔawo le me vam kaba wu alesi míate ŋu axlẽ nusiwo katã le dzɔdzɔm. Egbɔna na Eƒe Ŋugbetɔ la kaba. Xexeame le ɖeka wɔm. Ŋugbetɔ la le ɖeka wɔm. Wole kpe la ɖom na Kɔkɔdzoe la.

Míekafu Aƒetɔ la ɖe Mawu ƒe ameyɔyɔ siwo ɖea gbeƒã Nya la ta, gake mawunyagblɔlawoe, mida Gbe ma si wotsɔ le ʋɔŋudrɔ̃ge mi kple miatɔwo gbã ɖi. Miƒoƒu le miaƒe hameawo me aɖase Mawu ƒe Gbe ɖeka si dzi woɖo kpe la wòaƒo nu. Mizi Nyaƒoka dzi.

Míele amesiwo katã dzi be yewoava ageɖe Aɖakaʋu la me aɖakpɔ ɖeɖe kpli mí esime míawɔ ɖeka aɖase Mawu ƒe Gbe wòagblɔ Nya siwo wotsɔ le ʋɔŋudrɔ̃ge mí la kpem, le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game aɖase Nutrenu Adelia 63-0323.

Enye Alẽ Nuɖuɖu na Mawu ƒe Alẽwo. Wometsɔ naneke kpe o, womeɖe naneke le me o eye womeɖe naneke gɔme o, ALẼ NUƉUƉU dzadzɛ tsimatɔea ɖeɖeko.

Nɔvi. Joseph Branham.

Mose II 10:21-23
Yesaya 13:6-11
Daniel 12:1-3
Mateo 24:1-30
Mateo 27:45
Yohanes Kɔkɔea 10:27
Nyaɖeɖefia 6
Nyaɖeɖefia 11:3-6

22-0227 Nutrenu Atɔ̃lia

Gbedasi: 63-0322 Nutrenu Atɔ̃lia



BranhamTabernacle.org

Kristo Ƒe Ŋutilã Gã Ɖeka Lɔlɔ̃a,

Nukae le emevam egbea? Wole Mawu ƒe Nya nuwum. Wole ŋkeke siwo Ŋugbetɔ la lala kpɔ ʋuu la ɖem ɖe go le míaƒe ŋkuwo me tututu. Ŋkeke siwo Mawu ƒe nyagblɔɖila na mí toklã be wogbɔna la, va ɖo azɔ.

Woʋu Nutrenu aɖe. Nukae nye ema? Woklo nu le nyaɣlaɣla aɖe dzi. Mikpɔea? Eye ne woklo nu le nyaɣlaɣla aɖe dzi la, ekema kpẽ aɖe ɖina. Eɖea gbeƒã aʋa aɖe. Fuwɔame aɖe dzea anyi, eye woʋua hame aɖe ƒe agbenɔɣi.

•Rɔsha
•Aʋa
•Kɔmunism
•Ami
•Fuwɔamewo

Ne Rɔsha ɖi yi ɖe afima be yeaxɔ ami ma la, mida ŋku ɖi.

Rɔsha, kɔmunism, mele naneke dzi ɖum o. Mawu ƒe Nya mate ŋu ada ƒu o. Roma subɔsubɔha ye le xexeame dzi ɖu ge.

Tsɔtsrɔ ƒe Dɔla la le Rɔshia ƒe asi lém ɖi, kple atomik bɔmba; sẽ ɖe esime Hame la na ƒoƒu ɖe du, kple Kristo ƒe Ŋutilã gã ɖeka. “Nyemate ŋu awɔ naneke o sẽ ɖe esime nàva afisia.” Oo, ɖee ema menye kakaɖedzi yayra oa!

Hame la, Eƒe Ŋugbetɔ la, le ƒu nu ƒom ɖe du tso xexea katã me abe Kristo ƒe Ŋutilã gã ɖeka ene, heletoɖom Mawu si le nuƒom hele Eƒe Nya la ɖem fia. Míekpɔ Nya si le emevam le xexeame ƒo xlã mí, gake míekpɔ Nya la si le emevam hele eɖokui ɖem ɖe go le mía me.

Míele numuame xɔm to Ɖeɖefia me wu tsã esime nyagblɔɖi siawo le emevame.

Ŋɔdi kple vɔvɔ̃ lé xexeame. Wole lalam, le ŋku lém ɖi hele nyabiam woɖokuiwo se, nukae adzɔ emegbe? Nukae le etsɔ me? Nusiawo katã gɔme ɖe? Ɖee Rɔsha le kpɔkplɔ xɔ gea? Ekae kuɖe ga nyawo ŋu?

Ɣemaɣi la, Ŋugbetɔ la le ŊUTIFAFA me. MÍELE DZUDZƆM, yɔ fũ kple Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe, hele toɖom Eyama si le nuƒom to Eƒe dɔla gã sesẽ la dzi esime Wògblɔa na mí be: Migavɔ̃ naneke o nye alẽha suea, miawoe nye Nye lɔlɔ̃tɔ tiatia la. Mienye:

Amesiwo wotia do ŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖo anyi. Amen! Ke wonye nuteƒewɔlawo na Nya la. Amen! Whew! Melɔ̃ ema ya. “Woyɔwo , wotiawo, do ŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖo anyi.” Ke emegbe la, nuteƒewɔla na Nya la, to woƒe tiatia dzi, wokatã womu kple wein yeye kple Ami, le sɔ dom ko heyi na, ɖi gbɔna be yewoa do go eyama. Wonyae be Dziɖegbeawo awu nua nu na mí, le madidi me.

Ede dzesi be míenye nuteƒewɔlawo na Eƒe Nya la. Míewɔe to míaŋutɔwo ƒe tiatia dzi. Azɔ ɖeko míele sɔ dom yina teŋ ko, esime míenyae bena Dziɖegbeawo awu nua nu na mí le madidi me, eye Ava aɖakɔ mí yi míaƒe Aƒe Yeye la me.

Nu li wòdi be míaganya wu. Nane le bibim ko le eƒe dzi me tututu wòdi be míanya. Bebli hafi wòate ŋu alala esime wònyae bena ana mía Mú. To Mawu ƒe amenuveve me la, Eɖemɔ Eƒe nyagblɔɖila kpɔ mí, eƒe dukɔ la, le go kemea dzi kple eyama. Egblɔ be, “Esime mekpɔ mi la, miakatã miedo AWU ƔI ƲLAYAWO.”

Míeƒo ƒu ɖe eyama gbɔ. Míekɔ eyama ɖe dzi heɖoe anyi ɖe dzi le nu gã aɖe dzi. Míegblɔ na eyama be, “le anyigba dzi la, enye míaƒe kplɔla”.

Míadome miliɔnwo nɔ du sim va eyama gbɔ hele eyama fam hele eyɔm be “nɔviŋutsu”. Kasia la Gbe aɖe tso dzi hegblɔ be, “Amesiawo nye amesiwo nètrɔ dzi me na amesiwo nèkplɔ. Nusi nègblɔ na wo la eyae woatsɔ adrɔ ʋɔnu wò”.

Nyagblɔɖila ƒo nu hegblɔ bena, “Ne Paulo ƒe hatsotso la ge ɖe me la, nye hã tɔnye age ɖe eme, elabena meɖe gbeƒã Nya ma ke tututu.” Eye míakatã míedo ɣli sesĩe ƉE DU, KPLE GBE ƉEKA be:

“Míele dzudzɔm ɖe Ema dzi!”

Woakafu Aƒetɔ la ƒe Ŋkɔ, míele dzudzɔm ɖe Nya ɖe sia ɖe si Wògblɔ to Eƒe nyagblɔɖila dzi. Woatsɔ Nya ma adrɔ ʋɔnu mí. Nyagblɔɖila ƒe amewo míenye. Eyae nye míaƒe kplɔla si kplɔ mí yi ɖe Kristo gbɔ. Míakatã míedo awu Ɣi Ʋlayawo. Míenɔ dzudzɔm ɖe nusi ameaɖe gblɔ be egblɔ, alo nusi ameaɖe gblɔ be egɔme nye dzi o, míenɔ dzudzɔm ɖe Nya ɖe sia ɖe si wògblɔ la dzi.

Ŋkeke kple ɣeyiɣi kae nye esi be woanɔ agbe le me, Ŋugbetɔ. Ne miese nyadzɔdzɔwo egbea la, mianya nusi dzɔ etsɔ vayi. Mizi Nyaƒoka, eye miase nusi ava dzɔ tsɔ, kple ŋkeke si adze eyome, kple ŋkeke si adze eyome, kple ŋkeke si adze eyome.

Va ƒoƒu ɖe du kple Kristo ƒe Ŋutilã Gã Ɖeka le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game esime míase: Nutrenu Atɔ̃lia 63-0322. Nyabiabia ameɖokui se meli o, nu ŋuti bubu aɖeke o, wu be MIENYAE be miele ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI dzadze la sem tso Mawu ƒe Gbe me na míaƒe ŋkeke la.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na Gbedeasi la ƒe sese:

Daniel 9:20-27
Dɔwɔwɔwo 15: 13-14
Romatɔwo 11:25-26
Nyaɖeɖefia 6:9-11/11:7-8/22:8-9

22-0220 Nutrenu Enelia

Gbedasi: 63-0321 Nutrenu Enelia



BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃a Si Mu,

Esime Gbedeasi la ƒe nu ke la, míakatã míenɔ tame ɖeka, nɔ afi ɖeka, le xexea katã me, esime kasia gbe aɖe ɖi tso Dziƒo abe yaƒoƒo sesẽ aɖe ene. “Fiẽɣi na mi, xɔ̃wo. Mina míanɔ tsitre azɔ ko hena gbedodoɖa ƒe ɣeyiɣi vi aɖe”. Gbɔgbɔ Kɔkɔe yɔ míaƒe aƒewo kple hameawo me katã taŋ le afisi míenɔ anyi ɖo, kple Eƒe amegbɔnɔnɔ.

Emegbe la Nya la ƒe Ɖeɖefia ƒe ŋusẽ dze dzidzɔ numuame, kɔɖiɖi numuame nana mí; numuame sia bena woɖokpe Edzi, Wotsɔe fia, be míenye Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ lɔlɔ̃a si wotia.

Míele lalam kple mɔkpɔkpɔ gã aɖe kpɔ Dziɖegbe Adremawo be woaɖe Woƒe gbewo ɖe go na mí, elabena míenyae fifia, ɖikeke ƒe vɔvɔ̃li ɖeke manɔmee, be míenye hatsotso ma si xɔ Mawu ƒe Nya la. Míele nu lã ge aɖatso nu Kplii. Míate ŋu atu Dziƒowo nu, míate ŋu ado ʋɔ esia nu, alo awɔ ema, nukake míedi be míawɔ. Wole futɔ la wu ge kple Nya si le go dom tso míaƒe nu me, elabena Eɖana wu yi nu eve sia nu eve. Míate ŋu ayɔ tagbatsu siwo sɔgbɔ de kpekpeme tɔn biliɔn alafawo ne míele wo dim. Nukake MÍE GBLƆ la, ele dzɔdzɔ ge, elabena Enye Mawu ƒe Nya si le dodom tso Mawu ƒe nu me.

Míele kpɔkplɔ kekeake, kple blibo ɖo ge ɖe anyigba dzi, elabena míenye mawu sue. Mawu nye xexeame ƒe Mawu, afi sia afi tɔ, gake míele anyigba ɖo ge ɖe míawo ŋutɔ ƒe kpɔkplɔ te. Míate ŋu ƒo nu, míate ŋu ana ŋkɔ, míate ŋu agblɔ nu, míate ŋu atɔ te dzɔdzɔme la, míate ŋu awɔ nu sia nu si míedi; míaƒe domenyinu si woɖo te ye.

Satana le gbɔgblɔm be, “Evɔ wokpɔ fɔbubue!” Gake Ele ɣli dom sesĩe helegbɔgblɔm be, “WOMEKPƆE O. Woʋu woƒe nuvɔ̃wo me hele tsitre le Ŋkunyeme esime wotso afia na wo keŋkeŋ. Nyemagate ŋu ɖo ŋku dzi gɔ hã o. Vi Nye wonye kɔtɛ.”

Menye míaƒe tamesusu ye, alo míaƒe nya ye o, gake EƑE NYAE, EƑE ŊUGBEDODOE wònye, elabena Mawu metrɔa Eƒe ɖoɖo alo Eƒe alesi wòwɔna nuwoe o. Ame ko Wòzãna kokoko, eye Wòle gbɔgblɔm na mí be míenye Eƒe Ŋugbetɔ si woɖe ɖe go heɖo te keŋkeŋ si nɔ anyi kple Eƒe Nya.

Míenɔ anyi kple naneke o negbe Eƒe Nya Gɔmedzedzetɔ la. Mímedze ahĩa, alo kpɔ nububu aɖe dzi gɔ hã o, boŋ míenɔ anyi kple Mawu ƒe Gbe, Nya si Do ŋutilã hezu ŋutilã, Dzo Lilikpo si dzi woɖo kpe, Amegbetɔ Vi la, Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi. Míenye Eƒe Ŋugbetɔ Nya si le aƒe.

Ahamumu to Ɖeɖefia dzi ƒe nya gblɔm mielea. Abe míanɔvinyɔnu le Vudo la to ene la, mele be míalala zã blibo la katã alo alala sẽ ɖe ŋufɔke o, Esu míasi fifi laa. Míenye Eƒe nuku. Kekeli Ma klẽ ɖe mía dzi eye nane le ememe gbã go ɖe Agbe yeye aɖe me. Azɔ míele mɔ dzi le gbɔgblɔm na amesiame be, “Míewɔe. Nyabiabia ameɖokui se vɔ, Mawu Ŋutɔ le nuƒom na mí kple Gbedeasi ɖe sia ɖe si sem míele, le gbɔgblɔm na mí be: ‘miawoe nye amesiwo lalam Mele. Azɔ mele miakplɔ ge yi Míaƒe srɔ̃ɖeɖe mɔkeke la. Metu Aƒe nyakpɔ aɖe na mi alesi ko mielɔ̃a nu sia nu. Míele le mavɔmavɔ me to ge ɖe du.”

Na míawo ya la, woɖo kpe Mawu ƒe Nya si ƒe Ŋugbe wodo ƒe Nyateƒe la dzi heɖe fia. Yohanes 14:13, Yoel 2:28, Timoteo Evelia 3, Maleaxi 4, Nyaɖeɖefia 10. Míeyɔ fũ kple Ami la azɔ eye míemu.

Ɖee nèdi be yeaxɔ Numuame ma kea? Àte ŋui, gake teƒe ɖeka ko wòate ŋu asu asiwò le. Abe alesi esime Yesu nɔ srɔ̃ɖeƒe la eye wein vɔ na wo ene. Wonɔ wein nom nyateƒetɔ eye wònɔ wo mum, gake WEIN NYUIETƆ KEKEAKE la va tẽ tso Yesu Ŋutɔ gbɔ.

Va no Wein Nyuietɔ Kekeake eye nàmu ŋutɔ ŋutɔ to Ɖeɖefia dzi kpli mí Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe ga me, esime míase: Nutrenu Enelia 63-0321.

Nɔ gbesɔsɔ be nàmu kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe Wein.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ le dzadzraɖo me na mawunya “Nutrenu Enelia” 63-0321 sese.

Mateo Kɔkɔe 4
Luka Kɔkɔe 24:49
Yohanes Kɔkɔe 6:63
Dɔwɔwɔwo 2:38
Nyaɖeɖefia 2:18-23, 6:7-8, 10:1-7, 12:13, 13:1-14, 16:12-16, 19:15-17
Mose I 1:1
Psalmowo 16:8-11
Samuel II 6:14
Yeremia 32
Yoel 2:28
Amos 3:7
Maleaxi 4

22-0213 Nutrenu Etɔ̃lia

Gbedasi: 63-0320 Nutrenu Etɔ̃lia



BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃a Si Le Aƒe,

Menɔ gbedom ɖa ʋuu henɔ Aƒetɔ la biam se be nuka Wòana maŋlɔ aɖagblɔ si ate ŋu anye yayra kple dzideƒo na mi Eƒe Ŋugbetɔ la le go, aɖe me mahã. Nyagbewo mele asinye, eye nyemenya nusi magblɔ o. Mese le ɖokuinye me be nyemedze kura be maŋlɔ nya ʋewo siwo meŋlɔna o, gake bubu gãtɔ kekeake wònye nam le nye agbe me be mawɔ nane na Eyama.

Mexɔe se be Nutrenu Adre Siawo sese le ɣeyiɣi sia me la deblibo alegbegbe. Míele le ekpɔm be wole Mawu ƒe ɖoɖo gã la ɖem fia hele eʋum le míaƒe ŋkume. Gbedeasi ɖe Gbedeasi megbe le Ɖeɖefia gã zum ɖe Ɖeɖefia megbe. Míekpɔ Eyama wòle Eɖokui ɖem fia mí hele míakplɔm. Míenyae bena míele nusi Wògblɔ na mí be míawɔ la wɔm tututu, “anyinɔnɔ kple Nya la.” Mɔnu gãtɔ wu aɖeke meli be woawɔ ema wu Nyaƒoka Ƒoƒo o.

Mele esem le ɖokuinye me be yɔyɔ si Wòde nye dzi dzi yenye be malé Gbedeasi sia, Eƒe Gbe, nyaƒoka siawo ɖi ɖe miaƒe ŋkume ɣesiaɣi; be maɖe alesi wòle vevie be woase nyaƒokawo gɔme fia mi. Menyae be nyemate ŋu agblɔe nyuie o, gake MENYAE be tɔnye dzɔ esi mele egblɔm na mi be “Miƒo Nyaƒoka,” esi menye nye susuwo, nye tamesusu, alo nye nyawoe o, boŋ Mawu ŋutɔ si le nuƒom to Eƒe dɔla gbedeasitsɔla 7lia dzi ƒe Nyawoe, le gbɔgblɔm na mí be:

ɣeaɖewoɣi la ne míele nuxlẽm ko la, ke , azɔ, mikpɔ nyuie ŋutɔ. Ke azɔ ne miele exlẽm la, mixɔ nyaƒokawo, miɖo to wo nyuie ŋutɔ. Elabena, miele egɔme se ge le nyaƒoka dzi, elabena wogbugbɔ nɔ nyaƒokawo ƒom, eye wonyɔ ŋutɔ eye womekɔ ƒãa. Eyata, eme akɔ na mi wu le afima.

Abe alesi megblɔe zi geɖe doŋgɔ la, nyemetsitre ɖe gbeƒãɖelawo ŋu alo nusianu si Mawu de Eƒe hame la me ŋu o. Ema avanye be metsitre ɖe Mawu ƒe Nya ŋu. Mexɔe se be Mawu ye si ami na wo heyɔ wo. Gake mexɔe se be Mawu ŋutɔ ƒe gbe sese eye edede amewo ŋkume ye wòdze be wòanye nu vevietɔ kekeake si ame ɖesiaɖe si Mawu yɔ ate ŋu wɔ.

Be nàgblɔ be, ” Megblɔna na nye ƒuƒoƒea be neƒo nyaƒokawo” la mesu o. Ne nèxɔe se la:

•Amisisi gãtɔ wu aɖeke meli wu Mawu ƒe Gbe sese le nyaƒoka dzi o.

•Edze be Ɖeɖefia ɖesiaɖe nàva tso Gbe ma me.

•Kɔkɔdzoe ƒe xɔse si míehĩa la ava tso nusi gblɔm Gbe ma le me.

Aleke gbeƒãɖelawo medi be yewoase Gbe ma, kple woƒe hame, aɖaɖe AMEN ƉE NYA SIA NYA DZI MAHÃ?

Edze be nane nanɔ amesiame si si woase le woɖokuime eye woaxɔe se be enye nu VEVIETƆ KEKEAKE SI woate ŋu awɔ be woanye Kristo ƒe Ŋugbetɔ la. Elebe nane nanye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu Deblibo kple VEVIETƆ KEKEAKE. Pastɔ wò ƒe subɔsubɔdɔ yea? Toɖoɖo gbeƒãɖela bubuwo yea? Nyemele gbɔgblɔm be egblẽ o, le go aɖeke me o, azɔ ema nyo ŋutɔ le Nya ŋu, gake ɖee nèxɔe se be nu VEVIETƆ KEKEAKE yenye be woase Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe le nyaƒoka dzia?

Ne emae dzi ye nèxɔ se be enye nu VEVIETƆ KEKEAKE si nàte ŋu wɔ la, ekema nukata gbeƒãɖelawo medi be yewoaƒo eye yewoase GBEDEASI DEBLIBO VEVIETƆ KEKEAKE ma kple yewoƒe ƒuƒoƒeawo mahã?

Bia nya sia ɖokuiwò se, alo pastɔ wò:
Ɖee nèxɔe se be numegbe sia nye nyateƒe, loo ɖe esia nye vodada aɖe kple nɔviŋutsu Branham ƒe nugɔmemasese, alo agbagba dzem wòle be yeado yeɖokui ɖe dzia?

“Mikpɔ, nusi adzɔ tututu azɔ!Eye, na hamea la, nuka Wònyee? Nya si do ŋutilã hezu ŋutilã le Etɔwo dome ake! Mikpɔea? Ke ɖeko womele Edzixɔm le sesem o.

Ne nèxɔe se be numegbe sia nye nyateƒe, eye na wò ya la enye MAWU ƑE GBE, Nya si do ŋutilã hezu ŋutilã la, ekema aleke wɔ ameaɖeke mate ŋu akpɔ be NANEKE meli le VEVIE WU Gbe ma sese o ma.

Ɖetugbui alɔ̃dɔla nyɔ̃, lo Ɖeɖefia sia le asiwò alo nèle abe alesi wògblɔe ene be: “ɖeko womele Edzixɔm le sesem o”

Abe alesi nyagblɔɖila gblɔe na mí ene la, míawoe nye Dɔwɔwɔwo ƒe Agbalẽ yeye la, Alɔdze yeye ma, Eƒe Ame tiatiawo. Alea la, geɖewo le esem le woɖokuime be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le míakplɔm azɔ abe ame ɖeka ɖeka ene alo le míakplɔm to gbeƒãɖelawo dzi, menye to Eƒe nyagblɔɖila dzi o.

Nyateƒe geɖe le esia me, GAKE nyagblɔɖila ɖɔ esia hã ɖo, heɖe nyateƒe la fia mí.

Ameaɖe nɔ nuƒom nam le afisia eteƒe medidi o. Egblɔ be, “Gake Nɔviŋutsu Branham…” [Nɔviŋutsu Branham te gbe me—Tala.] Taflatse. Egblɔ be, “Menye le esi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va megbe o, Dɔlawo ƒe ɖeke mekplɔ hame la, alo le amewo kplɔm ɖeka ɖekae o. Kpao, amegã.” Egblɔ be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae kplɔa mí.”

Emae nye Dɔla kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gɔmemasese. VODADA YENYE MA, Dɔlawoe kplɔ Hame la yi edzi, eye wokpɔtɔ le Hame la kplɔm. Tututu.

Eƒe dɔla le Eƒe hame la kplɔm hele mɔfiam eyama. Miakatã míeɖo míaƒe teƒe kple yɔyɔ, gake dɔla ɖeka wòle be wòakplɔ Ŋugbetɔ la.

Miɖo to nusi Mawu ƒe nyagblɔɖila gblɔ kuɖe gbeƒãɖela bubuwo ŋu kɔ sɔ kple nusi Mawu YƆ EYAMA BE WÒAWƆ la,

Ele ko abe ame aɖe si nye e-e telefondɔwɔla, menye elektrikidɔwɔla tututu o. Ate ŋu awɔdɔ vi ɖe le eŋu ya. Hã abe, ne ame aɖe nye kadɔwɔla la, enyo, kakaɖedzitɔe la enye…Ame aɖe si nye elektrikiti ƒe dokula, eye mewɔ kadodo ƒe dɔ gbeɖe kpɔ o la, anyo nɛ wu be wòanɔ adzɔ ge na ka la; gake ate ŋu apatsi nua vie alo nane.

Gake esime woaɖe Nuvavãtɔ la afia le ŋkeke mamlea me, Hame la ƒe akpa mamletɔa tɔ la, eyae nye ɣeyiɣi si me Mawu gblɔ be Yeadɔ ɖo ɖe mí, le Ŋɔŋlɔawo ŋu. Eye míedzro me ʋuu ʋuu, be Egblɔe ɖi be Eliya ƒe Gbɔgbɔ la atrɔ gbɔ va ake le ameaɖe me.

Ne Ameaɖe le agbagba dzem be yeahedzre kpli wò aɖagblɔ na wò be, “ehiã wu nyaƒokawo ɖeɖeko sese. Nɔviŋutsu Branham megblɔ gbeɖe kpɔ be woaƒo nyaƒokawo le hame la me o. Gbeƒãɖelawoe hĩa be woana Ŋugbetɔ la wòadeblibo;” alo nukake ameaɖe ate ŋu agblɔ na wò, be yeadze agbagba awɔe be nàkeɖi, kple be Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe le nyaƒokawo dzi sese le wò hame me mele eteƒe o la…

Tututu ko abe alesi ameaɖe dze egɔme, dzea agbagba be yeahedzre kpli wò la; ne nènya afisi nànɔ tsitre ɖo la, nya nusi dzi xɔm wòle le sesem.

Ne wole gbɔgblɔm be yewoxɔse be, “Gbedeasi sia nye Nya la. William Marrion Branham nye Mawu ƒe dɔla kple gbedeasitsɔla adrelia. Gbedeasi sia nye Amegbetɔ Vi la si le eɖokui ɖem fia le ŋutilã me abe alesi Wòdo ŋugbe be Yele ewɔge ene…”la

Ele ko abe woalé fɔmizi eye woadee kpo aɖe me ene, eye miatu mɔ ɖe sia ɖe nu. Minɔ tsitre ɖe ʋɔtrua nu ko; ele nɛ be wòatrɔ gbɔ va. Nuakatã koe ma. Mietɔkpɔ doe ɖe me. Mikpɔea? Elenɛ be wòatrɔ gbɔ va ʋɔtrua nu ake, elabena eyae nye mɔnu ɖeka si wòateŋu ado to. Aɖo ta afisia, eye asusɔ vie wòaŋe kɔ; eye ayi afima ɖa, afima ɖa. Minɔ tsitre ko eye milé ŋku ɖe eŋu, eye atrɔ gbɔ va tututu. Mikpɔea? Evɔ.

Minɔ anyi kple Nyaƒoka Nufiafia ma. Migblɔ nusi gblɔm nyaƒokawo le ko. Migatrɔ Nya ɖeka o. Migatsɔ kpee, alo aɖe Nya ɖeka ɖa le me o. Mawu ƒe Gbe wònye na mi. Enye Nya si Do ŋutilã hezu ŋutilã. Wonye Nyawo siwo medanaƒu o. Eyae nye miaƒe pastɔ. Eƒe dɔla yele miakplɔm. Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi wònye.

Zi geɖe alesi ke mianɔ Nya ma me la, mianɔ dedie.

Miva dzra miaƒe akaɖiawo ɖo aɖayɔe fũ kple Ami Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime Mawu ƒe dɔla tiatia la aɖegbe abe dziɖegbe ene aʋu Nutrenu Etɔ̃lia 63-0320, Aɖefia Eƒe Ŋugbetɔ la.

Nɔvi. Joseph Branham.

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ le dzadzraɖo me na mawunya, “Nutrenu Etɔ̃lia” ƒe sese.
Ŋɔŋlɔawo:

Mateo Kɔkɔe 25:3-4
Yohanes Kɔkɔe 1:1, 1:14, 14:12, 17:17
Dɔwɔwɔwo Ta 2
Timoteo I 3:16
Hebritɔwo 4:12, 13:8
Yohanes I 5:7
Mose III 8:12
Yeremia Ta 32
Yoel 2:28
Zaxarya 4:12

22-0206 Nutrenu Evelia

Gbedasi: 63-0319 Nutrenu Evelia



BranhamTabernacle.org

Alɔdze Yeye Lɔlɔ̃a,

Evame; nusi ame kɔkɔeawo katã doŋgɔ na mí nɔ lalam kpɔ la. Gɔmedzedze ƒe Ati la to alɔdze yeye. Míeva ɖo. Míenye Alɔdze Yeye ma. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖiɖi, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mía dzi. Eƒe dɔla 7lia ɖo Pentekoste Xɔse la, apostolowo tɔa, Gɔmedzedze tɔ la te. Azɔ, Eƒe nyagblɔɖila le yiyim tso aƒeme yi ɖe aƒeme, le abolo gbãm kpli mí. Dzesi gãwo, nukunuwo, kple Ɖeɖefia ɖe Ɖeɖefia dzi li siwo wole kɔkɔm ɖe mía dzi.

Míedzra míaƒe akaɖiawo ɖi heyɔwo fũ kple Ami. Míele anyinɔm kple Nya Gɔmedzetɔ la, abe alesi Wògblɔe na mí be míawɔe ene. Bubuwo woate ŋu adzi Hame faa, gake míele NANEKE DIM O NEGBE MAWU ƑE GBE GƆMEDZEDZE TƆ LA.

Azɔ, misusu ema kpɔ ko azɔ. Mina ko—ko míadze agbagba míana nusi míexɔ se be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ana míanya la na geɖe me. Azɔ miɖo ŋku dzi, “Womaɖe naneke afia o; Mawu mawɔ naneke o, kura o, sẽ ɖe esime Wòaɖe fia Eƒe dɔlawo, nyagblɔɖilawo gbã.” Eye hafi Wòawɔ nane la, Eɖenae fiana.

Womate ŋu aɖe naneke fia Ŋugbetɔ la o; negbe na Eƒe nyagblɔɖila gbã. Ne nyaɣlaɣla aɖewo li si wòle be woaɖe fia, ɖeɖefia yeye aɖe, nusianu si míehĩa alebe míanye Eƒe Ŋugbetɔ be míayi Kɔkɔdzoe me la, Edze be wòava na nyagblɔɖila la gbã eye emegbe la EYA Aɖee afia mí, Eƒe Ŋugbetɔ la.

Aɖe nuka fia? Dziɖegbe Adreawo ƒe Nyaɣlaɣla La. Egɔme ɖe? Egɔme enye nu ɖeka le nu eve me. Lo ele nyaƒoka dzi vɔ xoxo eye woaɖe afia ne ɣeyiɣi la ɖo be woaɖe fia mí,

Gake mele eŋu bum kpɔ, esime nyaɣlaɣla mawo dze dodo la, Mawu gblɔ be, “Lé Ɖi fifia. Lala vie. Maɖe Afia le ŋkeke ma me. Megaŋlɔe o, kura o, Yohanes, elabena Woakli ŋui adze anyi. Ɖe asi le eŋu ko—ko, mikpɔea. Gake Maɖee afia le ŋkeke ma me esime wòhĩa be woawɔe le.”

Alo, ne Wògbugbɔ dɔ Eƒe nyagblɔɖila gbɔ va anyigba dzi be yeaɖo mí Eƒe ŋkume la, ekema Eƒe nyagblɔɖila aɖe Dziɖegbe Adreawo ƒe nyaɣlaɣlawo afia mí.

Azɔ, emegbe la Dziɖegbe Adre ƒe nyaɣlaɣlawo gbɔna esiwo womeŋlɔ ɖi kura gɔ hã o. Eye mexɔe se be emawo la, to Dziɖegbe Adremawo me la, wolewo ɖe ge afia le ŋkeke mamleawo me alebena woaƒoƒu Ŋugbetɔ la ɖe du hena Kɔkɔdzoe ƒe xɔse la. Elabena, nusi le mía si fifi la, mía—míete ŋu le ewɔ ge o. Nane li. Edze be míaɖe afɔ yi ŋgɔ vie wu.

Menye amewo ƒe hatsotso yele nyaɣlaɣla ma ɖe ge afia o, anye Eƒe dɔla kple gbedeasitsɔla 7lia, William Marrion Branham. Menye esi “ME” gblɔe nenema tae o; esi NYA LA GBLƆE NENEMA tae!!

“Exɔ Agbalẽ la kple, Nutrenuawo tɔ, hegbãwo,” eye wòfiae dɔla adrelia; elabena ema ɖeɖeko, Mawu ƒe nyaɣlaɣlawo, nye dɔla adrelia ƒe subɔsubɔdɔ.

Ele nuakatã gblɔm le afima tututu. Mawu ƒe nyaɣlaɣlawo menye ame bubu aɖeke tɔ wu dɔla adrelia o. Dziɖegbe Adreawo woaƒo Ŋugbetɔ la nu ƒu aɖana mí kɔkɔdzoe ƒe
xɔse.
Ne Dziɖegbeawo nye nusi aƒo Ŋugbetɔ la nu ƒu ɖe du, eye wòdze be Dziɖegbeawo ƒe nyaɣlaɣlawo nava tso dɔla 7lia gbɔ la, ekema naneke wɔwɔ meli si xɔ asi na Ŋugbetɔ la wu PLAY ZIZI azɔ o. Emae nye nusi aƒo Ŋugbetɔ la nu ƒu ɖe du na Kɔkɔdzoe la.

Minɔ anyi kple Nya Gɔmedzetɔ la le nyaƒoka dzi. MIZI PLAY.

Ke nyaƒokawo woaɖe geɖe afia kuɖe Eŋu, ne miele esrɔ̃me.

Woayra Aƒetɔ la ƒe Ŋkɔ! Ŋutikɔkɔe na Mawu! Míelɔ̃a seselelãme fatu ma si míexɔa tso Mawu ƒe Gbe sese me ne wòle nuƒom na mí le nyaƒokawo dzi. Ɖeko míesena Gbɔgbɔ Kɔkɔe yɔa mí ƒo xlãae esime míezɔa ƒo xlã Kplii. Míetsɔ Nɛ yia aƒe me kpli mí. Míelé Nɛ ɖe míaƒe suɖui dzi.

Va se kpli mí Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime Gbɔgbɔ Kɔkɔe age ɖe míaƒe aƒewo me abe yaƒoƒo sesẽ aɖe ene aɖaɖe nusiwo katã míehĩa la fia mí, esime míase: Nutrenu Evelia 63-0319.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na Gbedeasi la sese:

Mateo Kɔkɔe 4:8/ 11:25-26/24:6
Marko Kɔkɔe 16:16
Yohanes Kɔkɔe 14:12
Tesalonikatɔwo II 2:3
Hebritɔwo 4:12
Nyaɖeɖefia 2:6/6:3-4/ Ta 17lia/ 19:11-16
Yoel 2:25
Amos 3:6-7