Category Archives: Uncategorized

23-0514 Pergamo Hame Ƒe Agbenɔɣi La

Gbedasi: 60-1207 Pergamo Hame Ƒe Agbenɔɣi La


BranhamTabernacle.org

Nyagblɔɖila Ƒe Vi Lɔlɔ̃tɔwo,

Míenye Nya si woɖe ɖe go, esime Gbɔgbɔ la do ŋusẽ mí, míele Mawu ƒe Gbe sem, abe alesi Wòɖee gblɔ na mí ene, míe NYE EƑE ŊUGBETƆ.

Fofo na Eƒe Hame la Gbɔgbɔ la ƒe nunana ASIEKE, kple subɔsubɔdɔ ATƆ̃, gake Yesu gblɔ be: le agbenɔɣi ƉESIAƉE me la NYEŊUTƆ Maƒonu na ame ƉEKA KO. Gbedeasitsɔla Ɖeka Ko na agbenɔɣi ɖe sia ɖe axɔ nusi Medi be magblɔ na agbenɔɣi ma. GBEDEASITSƆLA ƉEKA Ma nye gbedeasitsɔla na Hame vavã la.

Eƒoa nu le Mawu teƒe to ɖeɖefia dzi. Emegbe la ɖeagbeƒã Gbedeasi la na amesiame, gake hatsotso tɔxɛ aɖe kɔŋ koe xɔnɛ le nɔnɔme aɖe me kɔŋ. Hatsotso ma ƒe ame ɖe sia ɖe nye ame aɖe si si nutete le be wòase nusi Gbɔgbɔ la le gbɔgblɔm to gbedeasitsɔla ƒe mɔ dzi. Amesiwo le esem la meɖona woaŋutɔwo ƒe ɖeɖefia tɔxɛ, alo enye hatsotso aɖe si le woŋutɔ ƒe haho ɖeɖefia xɔm o, GAKE AMESIAME LE NUSI GBEDEASITSƆLA XƆ TSO MAWU GBƆ VƆ LA SEM HELE EXƆM.

Aleke gbegbe wòle be míaɖɔ ŋu ɖoe nye si be míase Gbe ÐEKA, elabena Gbe ɖeka koe le Gbɔgbɔ la si si nye Mawu ƒe Gbe.

MAWU ƑE GBE ÐEKA li eye mehiã be woaɖo kpe edzi abe ASIEKEAWO ene o, eye mehiã be woatsyɔ abe ATƆ̃AWO ene o; NYA DZADZE GBE ÐEKA KO!!

Ðe míate ŋu aɖo to mawunyagblɔla bubuwoa? Ẽ, gake nu vevitɔe nye be nàgblɔ nya si nyagblɔɖila la gblɔ KO. Ame bubuwo ate ŋu axlɔ̃ nu, afia nu ahaɖe gbeƒã, eye ele be woawɔe hã; gake Mawu wɔ mɔ aɖe na mí egbea abe ŊKEKE BUBU AÐEKE O ene. Míate ŋu ase nya si tututu Mawu le gbɔgblɔm na Hamea.

Egblɔ na mí be ele be míaɖɔ ŋu ɖo ale gbegbe. EGBLƆ NA MÍ, MENYE NYE O, be wotsɔa ɖe kpena ɖe afisia ŋu, alo ɖea ɖe le afima, eye eteƒe medidina hafi gbedasia meganɔa dzadzɛ o. Ne míele to ɖom nyaƒokawo la, Enye Nya ɖe Nya dzi, Ale Aƒetɔ la Gblɔ Esi.

Gbɔgbɔ si le ame me ƒe kpeɖodzie nye be woalɔ̃ ɖe nusi Mawu ƒe nyagblɔɖila tsɔ na eƒe agbenɔɣi la dzi ahadze EYOME esime wònɔ hamea ɖom ɖe ɖoɖo me.

Esiatae míedze EYOME, eye míegblɔna be, míaƒe pastɔ nye dɔla gbedeasitsɔla adrelia eye nya si wògblɔ koe míedi be míase. Le mía gome la, Enye Mana Ɣaɣla.

Wokɔ Ɖeɖefia la ɖe míaƒe dɔla gbedeasitsɔla la dzi. Wotsɔ Nya la ƒe Ɖeɖefia la na eye woɖoe ɖe EYA na míaƒe agbenɔɣia. Nusi Kristo Nye ƒe Ɖeɖefia si lolo vie wu le esi; yɔyɔ si kɔkɔ vie, wu bubuawo katã. Ne míate ŋu anɔ agbe si kɔkɔ wu míaƒe pastɔ o la, ekema míedi be William Marrion Branham nanye míaƒe pastɔ.

Míenya be ame bubuwo makpɔ nusi míekpɔna, eye woaxɔ nusiwo dzi míexɔ se la dzi ase o, gake wogakpɔtɔ nye mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, eye míato Mavɔmavɔ la me kpli wo. Gake ele be míatsi nuteƒewɔlawo na nusi míexɔ se be enye mɔ si dzi Mawu ɖe fia mí be míasubɔ ahadze Eyome le.

Ele bɔbɔe ŋutɔ na ame bubuwo be woagblɔ be míetea gbe ɖe gbedeasitsɔla la dzi akpa, gake le nyateƒe me la, eƒe nyawo koe míegblɔna. Ele be miatsɔ nya ma ayi Aƒetɔ la gbɔ. Elabena Mawu ƒe Gbe ye le nusiawo gblɔm.

Mina míaʋu míaƒe dziwo kple susuwo eye míaxlẽ nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na mí to Eƒe dɔla dzi:

Esime wògbɔna xexeame kpuie la, Kekeli ƒe dɔla gã si ava mía gbɔ, si akplɔ mí ado goe, Gbɔgbɔ Kɔkɔe gã aɖe, ava le ŋusẽ me, eye wòakplɔ mí ayi Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ. Anɔ eme be manya o, gake anɔ afisia le ŋkeke siawo dometɔ aɖewo dzi. Awɔ…Mawu ana woanyae. Mahiã be wòaɖe eɖokui afia o, Mawu ana woanyae. Mawu aɖo kpe Eya ŋutɔ Tɔ dzi. Nusiae wògblɔ esime Yesu nɔ afisia eye Womenyae o, mikpɔea. Egblɔ be, “Ne Nyemewɔ Fofonye ƒe dɔwɔwɔwo o la, ekema migaxɔ Dzinye se o; ke ne Mewɔ Fofonye ƒe dɔwɔwɔwo, eye miate ŋu axɔ Dzinye ase o la, ekema mixɔ dɔwɔwɔawo dzi se.” Ðe ema sɔgbea?

Ðe meyɔ eɖokui be Kekeli ƒe dɔla gã na ŋkeke sia oa? Míenya be Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae le eme, gake egblɔ be: Anɔ eme be manyae o, gake anɔ afisia le ŋkeke siawo dometɔ aɖewo me. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la manya amesi Wònye oa? Mahiã be wòana amewo nanya eɖokui o; Mawu ana woanyae.

Eyata ele gbɔgblɔm be, nyagblɔɖila na míaƒe ŋkekeae nye Kekeli ƒe dɔla gã si akplɔ mí ado goe ayi Yesu Kristo gbɔ to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe mɔ dzi to eyama dzi. Ɖeɖefia la li na míaƒe ŋkekea.

Amekae le Ŋugbetɔ la fia ge Aƒetɔ la? MÍAƑE PASTƆ.

Gake nyagblɔɖila sia ava, eye abe alesi ŋgɔdola na vava gbãtɔ do ɣli be, “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe Alẽvi, si ɖea xexeame ƒe nuvɔ̃ ɖa esi” ene la, nenema ke ɖikeke mele eme o be ado ɣli be, “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe Alẽvi la gbɔna le ŋutikɔkɔe me.” Awɔ esia, elabena abe alesi Yohanes nye nyateƒe ƒe gbedeasitsɔla na ame tiatiawo ene la, nenema ke ame siae nye gbedeasitsɔla mamlɛtɔ na ŋugbetɔ tiatia si wodzi tso Nya me.

Esi míenya nyateƒenya siawo, eye Eyama ƒe Ɖeɖefia BLIBO la le mía si le ŋkeke sia me la, míezu Eƒe Ŋugbetɔ si wodzi to Gbɔgbɔ la dzi, si yɔ fũ kple Gbɔgbɔ la.

DZƆDZI ŊUGBETƆ, AMESI MÍENYE YENYE ESI!

Ne amesi wodzi kple Gbɔgbɔ, si yɔ fũ kple Gbɔgbɔ le xɔse me tsɔ Nya ma de eƒe dzi me eye wòtsɔe da ɖe eƒe nuyiwo dzi la, tsyo ema sɔ kple Mawunyenye ƒe nuƒoƒoe. Ele be to ɖesiaɖe naho. Satana mate ŋu anɔ tsitre ɖe amema ŋkume o.

Fifia ɖekawɔwɔ vavãtɔ le Ŋugbetɔsrɔ̃a kple mí, Eƒe Ŋugbetɔ la dome. Eɖe Eƒe Agbenya la fia mí, eye Míexɔe. Míake ɖii gbeɖe o. Eyata naneke mate ŋu agblẽ nu le mía ŋu o, ku gɔ̃ hã o.

DZƆDZI ŊUGBETƆ, AMESI MÍENYE YENYE ESI!

Nya la le ŋugbetɔ la me (abe alesi wònɔ Maria me ene). Kristo ƒe susu le Ŋugbetɔ la si elabena enya nusi Wòdi be woawɔ kple Nya la. Ewɔa Nya la ƒe sedede dzi le Eƒe ŋkɔ me elabena “ale Aƒetɔ la gblɔ esi ye.” Emegbe Gbɔgbɔ la na Nya la gagbɔ agbe eye wòva eme. Abe nuku si wodo hewu tsii ene la, eva ɖo eŋeɣi bliboe, hele eƒe taɖodzinu wum.

Míeva ɖo nuŋeŋe blibo gbɔ eye míele Eƒe taɖodzinu nuwum fifia.
Eƒe lɔlɔ̃nu koe míate ŋu awɔ. Ame aɖeke mate ŋu ana míawɔ nu bubu aɖeke o. “Ale Aƒetɔ la Gblɔ Esi” le mía si, loo míenɔa anyi kpoo. Míenya be Mawue le mía me, le dɔawo wɔm, le Eya ŋutɔ ƒe Nya la nuwum.

Míele dzidzɔ kpɔm, elabena nyagblɔɖila la kpɔ mí le ɣeyiɣi ƒe xɔmetsovɔa godo esime mí katã míekɔ míaƒe gbe dzi henɔ ɣli dom le ɖekawɔwɔ me be, “Ema dzie míele dzudzɔm ɖo!”

Va ƒo ƒu kpli mí Kwasiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, esime míase Mawu ƒe Gbe wòatsɔ: Pergamo Hame la Ƒe Agbenɔɣi La 60-1207 ƒe nyaɣaɣla vɛ na mí.

Nɔvi. Joseph Branham

Mose IV, 23:8-9
Nyaɖeɖefia 2:12-17, 17:1-5, 17:15

23-0507 Smirna Hame La Ƒe Agbenɔɣi

Gbedasi: 60-1206 Smirna Hame La Ƒe Agbenɔɣi


BranhamTabernacle.org

Xɔsetɔ Vavã Lɔlɔ̃tɔwo,

Míele abe Israel viwo siwo do go le Egipte hetɔ ko doŋgɔ na Ŋugbedo Nyigba ene. Míakatã míezɔ mɔ ɖe du. Míakatã míekpɔ Mawu ƒe nukunu mawo ke; míakatã míekpɔ gome le mana ma ke kple tsi tso Agakpe si woƒo la me. Míakatã míegblɔ be míedze Dzo Lilikpo ma yome. Gake EVE KOE ɖo Ŋugbedo Nyigba dzi emegbe. Nukata? EVE KOE NYE XƆSETƆ NYATEƑETƆWO ALO XƆSETƆ VAVÃWO. Vovototo kae le ɣeyiɣi ma kple fifia domee? Xɔsetɔ vavãwo nɔ anyi kple Nya la.

Ame ƒe hatsotso tɔxɛ ŋutɔ ɖeka koe li si si nutete le be woase nusi Gbɔgbɔ la le gbɔgblɔm. Hatsotso tɔxɛ aɖe si xɔna Ɖeɖefia vavã la. Hatsotso ma tso Mawu gbɔ. Wosena nusi gblɔm Gbɔgbɔ la le eye Woxɔe.

Míawoe nye hatsotso tɔxɛ ma si si Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le. Míawoe nye amesiwo wodzi tso Mawu me. Míawoe nye amesiwo wonyrɔ̃ ɖe Yesu Kristo ƒe Ŋutilã me to Eƒe Gbɔgbɔ la dzi.

Kpeɖodzinu vavã lae nye nusi gblɔm Gbɔgbɔ la le SESE. Gbɔgbɔ La le nuƒom. Gbɔgbɔ La le nufiam. Nusi tututu Yesu gblɔ Yeawɔ ne Yeva lae ma. Yohanes 14:26,”Eya afia nuwo katã mi, eye wòaɖo ŋku nusiwo katã Megblɔ na mi la, dzi na mi.”

Yesu do ŋugbe na mí be Yele agbe nɔ ge le míadometɔ ɖe sia ɖe me. Akplɔ mí, afia mɔ mí, ata mɔ na mí tɔxɛ tɔxɛ. Gake ƒe 72 woenye esi egbea, esime Mawu ƒo nu to Eƒe dɔla sesẽ dzi hegblɔ na xexeame be, “Menye Mawu ƒe Gbe na mi”.

Egblɔ na nuwɔwɔ ɖe sia ɖe bena “Nye, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, GBE aɖe le asinye si mazã atsɔ ƒo nu mi aɖaɖe Nye nyaɣaɣlawo katã afia mi”. Gomekpɔkpɔ mesu esi kpɔ gbeɖe be woalé Eƒe Gbe ɖe mɔ̃ dzi alebe míate ŋu ase Eƒe Gbe wòaƒo nu na mí tso nuɣi dzi yi ɖe to me o.

Le Egbe sese me le nyaƒokawo dzi la miele nya aɖeke bia ge miaɖokuiwo, akpɔ mɔ, alo ado gbeɖa ŋutɔ gɔ hã be nusi sem nèle nye nyateƒe mahã o. NUSI ameaɖe awɔ ye koe nye Azi Play, ke woate ŋu se Mawu ƒe Gbe wòaʋu eme na wo bena, “Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi”.

Ɖee nèhĩa dɔyɔyɔa: Zi Play. Èhĩa be yea ɖe srɔ̃a: Zi Play. Èhĩa be woaɖi yea: Zi Play. Biabia aɖe le dzi dzi na wòa: Zi Play. Èle nane me tom eye nèhĩa toƒoɖonyaa: Zi Play. Èɖo nyametsotso vevie aɖe awɔa: Zi Play. Menya nusi nàtsɔ wòa agbea awɔ oa: Zi Play eye nàse Mawu ƒe Gbe, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, wòaƒo nu wò tso nuɣi me yiɖe to me.

Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae nye ŋkeke la ƒe nyagblɔɖila. Egblɔ na xexeame be, esiae nye Gbe si Meɖoɖi be wòanye Nye Gbe na mi. Mayɔ bubuwo fũ kple Nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe, eye medɔ wo ɖa be woakpe ɖe miaŋu, gake Gbe Ɖeka koe le asinye si Meɖe gblɔ be enye NYE GBE. Meɖo foto kplii ŋutɔ gɔ hã be matsɔ ɖo kpe edzi na xexeame be, Miɖo To Eyama.

Meɖekuku migasem gɔme baɖa o. Ẽ, Mawu ƒe ame siamina siwo yɔ fũ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la li amesiwo Wòyɔ be woakpe ɖe Yeƒe viwo ŋu. Mele gbedom ɖa be manye wodometɔ ɖeka. Woawo hã woate ŋu na mi toƒoɖonya, afakɔ, aɖafia mɔ mi le agbe mɔzɔzɔ la me. Mawu ɖo wo afisia le taɖodzinu aɖe ta. Gake esi toƒoɖonya, akɔfafa, kple mɔfiame VEVIETƆ kekeake si miate ŋu xɔ lae nye Mawu ƒe Gbe si le nuƒom na mi to Play Zizi dzi. Nu sia nu si magblɔ na mi, alo ame bubu la, ele be wòatso Mawu ƒe Gbe me le nyaƒokawo dzi gbã.

Naneke mele vevie le wòagbe me, wu be nàse Mawu ƒe Gbe wòaƒo nu na wò o. Bia ɖokuiwò se be, ɖee nane le GÃ WU le xexe sia me si mate ŋu wɔ, alo le vevie le nye agbe me, wu be mase Mawu ƒe GBE si dzi woɖo kpea? Toɖoɖo nɔviŋutsu Joseph Kpao . Toɖoɖo ame bubu aɖe, KPAO. Naneke mele GÃ WU GBE MA O.

Ne Ɖeɖefia kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe le ame aɖe ƒe agbe me la elebe wòaɖe AMEN. Naneke mele gã wu Play Zizi le xexe sia me o.

Aleke gbegbe wòle be míakpɔ nyuie le nuwuɣi sia me be míanɔ anyi kple Nya ma. Tso papa ƒe nyawo dzi, amesi le gbɔgblɔm be yenye Mawu ƒe teƒenɔla ŋutɔ, kaka trɔ dzesi vi ɖeka alo fli ɖeka le nusi woɖe gblɔ me. Le Mawu ƒe Ŋkuwo ŋu la, nua KATÃ NYE NYA ƑE FUTƆ, KRISTO ƑE FUTƆ.

Míedi be míanɔ abe amewo le Samuel ƒe ŋkeke me o.

Esi wote ɖe Samuel ŋu hebia be woana fia yewo la, dzi ɖe le Samuel ƒo ale gbegbe be eƒe dzi gbã gudugudu kloe. Mawu nɔ eƒe dukɔ kplɔm to nyagblɔɖila sia si wotsɔ Ŋɔŋlɔawo ɖo kpe edzi la dzi eye wòse le eɖokui me be wogbe ye…

Míekpɔa ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nukunuwo, nunya, nunana kple ametakpɔkpɔ ŋu. Míexɔe se. Edzɔa dzi na mí. Eye hekpe ɖe eŋu la, míedi be míanɔ anyi ema manɔmee o. Ðeko míedi fia aɖe be nakplɔ mí ayi aʋa me…

“…MÍEDI BE FIA SI NYE MÍA DOMETƆ ÐEKA NAKPLƆ MÍ.”

Eye Mawu gblɔ na Samuel be. “Kpɔ ɖa, womegbe wò o, ke boŋ wogbe NYE be nyemaɖu fia ɖe wo dzi o.”

Bɔŋ la, míele sesem le miaɖokui me abe Elisa esime wònɔ nuƒom na Eliya ene. Eliya GBLƆ NƐ EMEKƆ ƑÃ, (egbea anye nusi wògblɔ le nyaƒoka dzi,) bena nɔ afisia esime madzo. Eliasa melɔ̃ o, eye mete ŋu wɔ numa o, eɖo Nya la ƒe ƉEƉEFIA na eƒe ŋkeke la.

Azɔ, míekpɔ wo esi wole mɔ zɔm, va sukua gbɔ. Eye wògblɔ be, “Wò tsi afisia. Nɔ afisia, eye nànɔ anyi eye nànye mawuŋunusrɔ̃la nufiala nyuie, kple bubuawo. Eye ɖewohĩ, gbeɖeka, àte ŋu ava zu kɔledzi si le afisia ƒe tatɔ. Gake ele be mayi edzi aɖiɖi yi ŋgɔgbe vie wu.”

57 Ɖee miate ŋu abu eŋu kpɔ be Mawu ƒe ame aɖe ƒe dzi dze eme be yeanye kɔledzi aɖe ƒe tatɔ, esime Mawu ƒe Ŋusẽ le afisi wòtsi tre ɖo ƒoxlã tututua? Kpao, amegã. Egblɔ be, “Meta Yehowa ƒe agbe kple wò agbe, nyemagblẽ wò ɖi o.” Melɔ̃ ema. Nɔ egbɔ, meka alegbegbe dziɖeleameƒo la le o, etso dawò, fofowò, alo wò pastɔ gbɔ gɔ̃ hã o. Tsi Eyama gbɔ.

Meta Yehowa ƒe agbe, manɔ tsi anyi kple Mawu ƒe Gbe to Play Zizi me, elabena Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi wònye nam.

Va wɔ ɖeka kple míaƒe alẽha la, Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míaƒo ƒu ɖe du ase Eƒe Gbe wòaƒo nu na mí aɖahe Smirna Hame La Ƒe Agbenɔɣi 60-1206 ƒe Nyaɖeɖefia vɛ na mí.

Nɔvi. Joseph Branham

Nyaɖeɖefia 2:8-11

23-0430 Efeso Hamea Ƒe Agbenɔɣi

Gbedasi: 60-1205 Efeso Hamea Ƒe Agbenɔɣi


BranhamTabernacle.org

Sika Dzadze Lɔlɔ̃tɔ Si Woƒo,

Alegbegbe mele akpe dam be mewɔ ɖeka kple miadometɔ ɖe sia ɖe, esime míele gegem ɖe Gbɔgbɔ la me hele toɖom Mawu wòle nuƒom na mí, tso nuɣi me yiɖe tome. Ɖeko nuwuwu meli na nusi ɖem Wòle fia mí o. Míaƒe dziwo yɔ fũ kple dzidzɔ. Míaƒe luʋɔwo le fiafiam gbago. Aleke ame aɖe ate ŋu ase nusi sem míele la gɔmee?

Miɖo to nusi Aƒetɔ la Ŋutɔ le gbɔgblɔm na mí la ɖa ko: “Mienye Nye Hame vavãtɔ la, Nye Ŋugbetɔ. Na Nyea la, miele abe sika DZADZE ene. Miaƒe dzadzenyenye nye Nye dzadzenyenye. Miaƒe nyenyewo nye NYE ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe nyenyewo. Miaƒe dzesidede ŋutɔŋutɔ la Menyee wòle. Nusi MENYE, lae ɖem miele ɖe go. Nusi le ASINYE lae ɖem miele ɖe go.
Na NYEA la, vodada aɖeke mele miame o, miaŋutikɔ kɔ le me kple le egodo. Tso gɔmedzedze yiɖe nuwuwu la, Nye dɔwɔwɔ mienye…eye Nye dɔwɔwɔwo katã deblibo.

Miava ʋɔnudɔdrɔ̃ me kpɔ gbeɖe o, elabena womate ŋu abu nuvɔ̃ na mi o. Do ŋgɔ na anyigba ƒe gɔmeɖoɖoanyi gɔ hã la, Nye taɖodzinu yenye be mama Nye Agbe Mavɔ kpli MI.

Aleke ame aɖe ate ŋu alé Nya siawo ɖo? Aleke miaƒe susuwo ate ŋu se nusi le eme vam la gɔmee? Nuka ɖem wòle fia? Mibu eŋu, míehĩa be míafa avi le míaƒe dzime agblɔ be, “Oo, ɖee menɔ anyi le megbe afima le agbenɔɣi gbãtɔa me esime wodɔ apostoloawo zi gbãtɔ ɖe.” Mehĩa na mí be míakpɔ megbe o, Elabena Eyama, amesi metrɔa le dzɔdzɔme alo le Eƒe mɔwo ŋu o la, le mía titina FIFIA, le nuƒom na mí hele gbɔgblɔm na mí be Enye Eyama ke etsɔ, egbe yiɖe mavɔmavɔ me. Esiae nye ɣeyiɣi GÃTƆKEKEAKE le xexeame ƒe ŋutinya me be míanɔ agbe.

Woƒo mí hekɔ míaŋu, yɔ fũ kple Kristo ƒe fukpekpe siwo tsi megbe. Wobu mí abe alẽ siwo wokplɔ yina wuƒe ene. Wowua mí ŋkeke blibo la katã. Míekpea fu geɖe, gake le wokatã me la, míehea ɖe megbe, míehea ɖe megbe o, nenema ke míenana amebubuwo kpeafu o. Na Eyama la, sika dzadze si woƒo míenye, míeglɔ̃ o, míegbã o, míetsrɔ̃ o, gake wome mí abe atsyɔ nane ene kple dzidzɔ mavɔ to agbe sia ƒe dodokpɔwo kple tetekpɔwo dzi.

Ele toklã nam amemamleawo katã azɔ be, “mitrɔ gbɔ va miaƒe Gbã Lɔlɔ̃ gbɔ.” Aleke gbegbe wòle be woakpɔ nyuie le esime ame mate ŋu atrɔ NYA ƉEKA, nu sue ɖeka alo fli ɖeka gɔ hã o. Emae nye Satana ƒe mɔtetre gɔmedzedzetɔa le Eden Bɔ la me. Nya ɖeka si wotsɔ kpe ko, Nya ɖeka si woɖe ɖa ko la, ekema ezu Nya ƒe futɔ.

Le agbenɔɣi mamle sia me la ele toklã nam mí be alakpa nyagblɔɖila geɖewo woava, anɔ gbɔgblɔm na amewo be ne womexɔ yewo dzi se o kple nusi gblɔm yewole dzi se o la, miabu.

MƆNU ƉEKA KOE li be woaka ɖe edzi be wometsɔ NANEKE kpee, be womeɖe naneke ɖa le eme eye wometrɔ naneke le me o…to MAWU ƑE GBE dzadze sese dzi ye…MIZI PLAY.

Akpe na Aƒetɔ la ɖe mawunyagblɔla vavã, si wofia nu nuteƒewɔwɔtɔe ta, amesiwo megblɔa Gbedeasi la sese gbesiagbe le woƒe aƒewo me ƒe vevienyenye na woƒe alẽawo ko o, gake le esime wonye kplɔla vavãwo ta, wole Gbedeasi Sia, Gbe Sia, Nyaƒoka Siawo ɖom, GBÃ KPLE ŊGƆ WU amewo ŋkume le woƒe hameawo me.

Le nusiawo gbɔgblɔ me la, wosem gɔme baɖa hetsɔ nya ɖe ŋunye be mele hamewo gbãm hele gbɔgblɔm na amewo be womegade sɔleme o. Gblɔe ɖe ko la ema menye nyateƒe o. NYA La le amewo ɖem ɖa le hame siawo siwo mele nyaƒokawo ɖom GBÃ le woƒe hameawo me o. Dɔ le wowum be woase Nya la tso Mawu ƒe Nyagblɔɖila gbɔ. Wole ESIA sem be enye Gbedeasi kple Gbe vevietɔ kekeake si dim yewole be yewoase. Wole esem be Enye Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu deblibo be yewoaƒo nyaƒokawo le yewoƒe hame me.

Megblɔa na amewo kokoko be, “MIDE SƆLEME”. NE wole biabiam be: “Ɖe nèle esem be gbeƒãɖelawo woagate ŋu ɖegbeƒã?” “Ẽ.” Nyemegblɔ kpɔ gbeɖe alo susu be mele be woawɔe o. Megblɔa na gbeƒãɖelawo, nufialawo, pastɔawo be, “Miwɔ nusi Mawu yɔ mi be miawɔ la, GAKE MEƉEKUKU, mide Mawu ƒe Gbe ŋutɔ si le Nyaƒoka dzi GBÃ, MENYE MIAƑE SUBƆSUBƆDƆ O”.

Emae nye NYE ƉEƉEFIA. Ele be woawɔ alesi WOSE BE WOKPLƆ YEWO BE YEWOAWƆ ene. Dzena le asinye be maɖe gbeƒã kple mafia nusi sem mele le ɖokuinye me la. Ne wodi be yewoa gblɔ be Nɔviŋutsu Branham megblɔ kpɔ gbeɖe be Woazi Play le Hame me o, Mawu ƒe Gbe si tututu ɖo wobe yewole kpɔkplɔm la, eka wo.

Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le, eye wòkplɔna, Eƒe Ŋugbetɔ la kokoko. Míexɔese be Ele gbɔgblɔm na MÍ be, “MIZI PLAY, MINƆ KPLE NYE NYAGBLƆƉILA, NYE GBE, NYE GBƆGBƆ KƆKƆE LA.”

Enyo, ekema, míaɖo aɖika ɖe edzi, sigbe Eliya nyagblɔɖila ene si do ŋgɔ na ema ene. Eye ne ènye Mawu-vi la, ànɔ anyi kple nyagblɔɖila si le Biblia sia me. Nya lae. De dzesi gaƒoƒo la, azãgbe la hã.

Amekae nye Biblia me ƒe nyagblɔɖila la, Nya la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la!

Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae nye Nyagblɔɖila na gaƒoƒo sia; Ele kpe ɖom Eƒe Nya dzi, hele Eɖem fia. Gbɔgbɔ Kɔkɔe nye Nyagblɔɖila le Mose ŋɔli. Gbɔgbɔ Kɔkɔe nye Nyagblɔɖila le Mixa ŋɔli. Gbɔgbɔ Kɔkɔe, si ŋlɔ Nya la, va heɖo kpe Nya la dzi.

Gaƒoƒo sia ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le míakplɔm to Eƒe nyagblɔɖila dzi, abe alesi Wòwɔ le agbenɔɣi ɖe sia ɖe me ene. Mawu metrɔna Eƒe ɖoɖo gbeɖe o.

Alea, wokpemi be miava wɔ ɖeka kpli mí le nusi míese be enye Mawu ƒe Ɖoɖo na mí to toɖoɖo Gbɔgbɔ Kɔkɔe me esime wòaƒo nu na mí to Eƒe nyagblɔɖila dzi, aɖakplɔ mí esime Wòahɛ Gbedeasi la vɛ na mí: Efeso Hame Ƒe Agbenɔɣi La 60-1205, le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game.

Nɔvi. Joseph Branham

Dɔwɔwɔwo 20: 27-30
Nyaɖeɖefia 2:1-7

23-0423 Patmo Ŋutega La

Gbedasi: 60-1204E Patmo Ŋutega La


BranhamTabernacle.org

Gbedasi: 60-1204E Patmo Ŋutega La

Mawu Ƒe Nya Lɔ̃la Lɔlɔ̃tɔwo,

Alegbegbe wònyo be meɖo nutete be maƒo nu na mi abe Mawu ƒe Nya Lɔ̃lawo ene. Naneke meli si ate ŋu xɔ Eƒe teƒe o. Be míaɖo gomekpɔkpɔ be míaɖo to míaƒe Aƒetɔ la le míaƒe agbewo ƒe ŋkeke ɖe sia ɖe me, wòanɔ nuƒom na mí to agbetɔ ƒe nuɣiwo dzi, hele amesi Wònye kple amesiwo MÍENYE LA gblɔm na mí. Teƒe aɖeke o, gbe aɖeke o, hame aɖeke o, kple ame aɖeke meli si ate ŋu agblɔ nusiawo na mi abe MAWU ƑE GBE ene o.

Egblɔ na mí be Nya la ƒe gbɔgbɔɖeameme le nyaƒokawo dzi. Nusi ko wòle be míawɔ lae nye be mía Zi Play ke Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔna xɔame fũ. Míaƒe gbedeasitsɔla nɔ agbe, kple Kekeli hem, tso amigo gã ma ƒe nunɔamesiwo me. Enyrɔ̃ eƒe akaɖika ɖe eme.

Eƒe agbe lé dzobim kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. Eƒe akaɖika (agbea) la nyrɔ̃ ɖe Kristo me.
To akaɖika ma dzi la ele Kristo ƒe agbea ŋutɔ hem, eye to edi la, ele kekeli nam mí, Ŋugbetɔ la.

Emegbe la Ele gbɔgblɔm na mí be menye ɖe Yeƒe gbedeasitsɔla sesĩe ƒe akaɖika koe le afima o, gake míakatã míele nuhem tso le dzɔtsoƒe ma ke me. Wonyrɔ̃ míakatã ɖe amigo ɖeka ma ke me. Míeku na míaɖokuiwo eye woɣla míaƒe agbewo kple Kristo ɖe Mawu me, esime wotre míaŋu kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.

Ame aɖeke mate ŋu aha mi ɖa le Eƒe asi me o. Womate ŋu wɔ vɔ̃ míaƒe agbewo o. Agbe si kpɔm wole kple ŋku la le bibim hele keklẽm le míame, le kekeli nam kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ɖeɖeɖegowo. Woɣla míaƒe, agbe makpɔmakpɔ ememetɔ la ɖe Mawu me eye Aƒetɔ la ƒe Nya ye le enyim. Yesu Kristo ƒe Nyaɖeɖefia su míasi le míaƒe ŋkeke me.

Alesi Nya la le míaƒe luʋɔ nyime. Naneke mele abe Eya ene o. Alesi Wòta mɔ aɖe wɔebe Ŋugbetɔ la, tso xexea katã me, ate ŋu aƒoƒu ɖe du be yease Mawu ƒe Gbe le game ɖeka dzi. Meka nusi nyahelawo alo ɖikelawo le gbɔgblɔm o la, Mawu ta mɔ aɖe eye enye nuvivi si le ʋeʋem lilili na Eyama. Egblɔ na mí eteƒe medidi o be Yele míakatã ŋu ƒo ge ɖe du le ŋkeke etɔ̃lia ƒe nuwuwu. Ŋutikɔkɔe!!

Mina míakatã míaƒoƒu ɖe du Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, be míase Mawu ƒe Gbe wòahe Nya la Ƒe Ɖeɖefia vɛ na mí esime míase: Patmo Ŋutega La 60-1204E.

Gbã la, elebe MÍAGE ƉE GBƆGBƆ LA ME esime míase;

Gbe si ɖe Eƒe Nya gblɔ le Eden Bɔ la me kple le Sinai To dzi, Gbe si wogase le Tɔtrɔ To ƒe Ŋutikɔkɔe nyuietɔa me la, ga le gbeɖem zi ɖeka ake, ke ɣeyiɣi sia na hame adreawo kple Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia mamlea si ŋu wowu la.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ le dzadzraɖo me na Gbedeasi la sese.

Miɖo ŋku Hame Ƒe Agbenɔɣi Adreawo ƒe agbalẽ xexlẽ kple esese dzi.

Yesaya 28:8-12
Daniel 7:8-14
Zaxarya 4:1-6
Maleaxi 4: 1-2, 4:5
Mateo Kɔkɔe 11:28-29, 17:1-2
Yohanes Kɔkɔe 5: 22
Hebritɔwo 4:3-4, 4:7-10, 4:12
Nyaɖeɖefia 1: 9-20, 19:11-15

Nyanyanana Tɔxɛ Tso Branham ƒe Agbadɔ la me

Be míazɔ kple Hame ƒe Agbenɔɣi Gbedeasi siwo se ge míele Kɔsiɖagbe ɖe sia ɖe le míaƒe Nyaƒoka Hame Ƒewo me la, míedi hã be míakpe mi be miaxlẽ ta si sɔ kplii le miaƒe Hame ƒe Agenɔɣi agbalẽawo me le kɔsiɖa me. Abe alesi Nɔviŋutsu Branham xlẽ le takpekpe siawo ƒe Gbedeasi gbãtɔa me ene be, “Woayra amesi le nyagblɔɖi sia ƒe nyawo xlẽm kple amesiwo le wo sem.” Na Nya la ƒe nusɔsrɔ deto alegbegbe alea abe alesi esia le ene la, ekpea ɖe ŋunye be maxlẽ vivivi, atɔ abu susu aɖado gbeɖa le nyameʋuʋu wɔnuku siwo Nɔviŋutsu Branham le gbɔgblɔm le Hame ƒe Agbenɔɣi agbalẽ la me.

Alekekee hã, miate ŋu ase Hame ƒe Agbenɔɣi Agbalẽ la ƒe xexlẽ si wolé ɖe mɔ̃ dzi hã, esi woaƒo le Lifeline dzi kɔsiɖa ƒe ŋkeke ɖe sia ɖe. Wole Ta ɖe sia ɖe ƒe xexlẽ si wolé ɖe mɔ̃ dzi ɖe ge le ŋdi ga 9 me le Dzoɖagbe, ŋdɔ ga 12 me le Blaɖagbe, ɣetrɔ ga 3 me le Kuɖagbe, fĩeɣi ga 6 me le Yawoɖagbe, kple zã ga 9 me le Fiɖagbe, si awɔe be anɔ bɔbɔe ɖe be miase le ɣeyiɣi si adze miaŋu.

Wole Quiz yeyewo hã da ge ɖe Young Foundations ƒe ɣiɖɔ dzi na Ta ɖe sia ɖe, na sɔhe siwo ŋlɔ ŋkɔ ɖe YF me.
Adze egɔme le Dame ɣleti me, Kɔsiɖagbe ƒe nyaƒoka ƒe Quiz woaxɔ ɣleti ɖe sia ɖe ƒe Quiz siwo nɔ anyi na mi teƒe. Enye ɣeyiɣi nyuie na mi be mialɔ miaƒe teƒeɖoɖo dzesiawo esime Quizawo ƒe xexlẽme adi ɖe edzi teƒe eve, gake woadometɔ ɖe sia ɖe agakpɔtɔ xɔ dzesi ewo abe teƒeɖoɖo ene!
Míele gbedom ɖa be Hame ƒe Agbenɔɣi Vovovoawo woanye yayra tɔxɛ na mi kple miaƒe ƒomea katã.

Nɔviŋutsu Joseph

23-0416 Yesu Kristo Ƒe Ɖeɖefia

Gbedasi: 60-1204M Yesu Kristo Ƒe Ɖeɖefia


BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔti Lɔlɔ̃tɔ,

Yubili kae nye esi Ŋugbetɔti la le ɖoɖom. Míaƒe dzi kple luʋɔwo le bibim le míame abe gbeɖe tsã ene. Ele zɔzɔm kpli mí hele nuƒom kple mí, le Eƒe Nya ɖem fia. Nuwo le dzɔdzɔm kabakaba alegbegbe be bebli míete ŋu le ŋku lém ɖe Woŋu.

Míele Nya Mawu ƒe Nya deblibo si Nyagblɔɖilati deblibo la ɖe ɖe go sem, si le gbeƒãɖem Nyagblɔɖila Nya deblibo la, hele Nyagblɔɖila deblibo ƒe ku tsem, to Mawu ƒe Nya deblibo dzi.

Nusianu si ku ƒe gbedeasitsɔla ene siwo wu ati la tsrɔ̃ heɖu la, Agbe ƒe gbedeasitsɔla eneawo ɖoe ɖo azɔ. Menye gbedeasitsɔla ATɔ̃ o, menye gbedeasitsɔla atɔ̃ hatsotso o, menye hatsotso aɖe o; gbedeasitsɔla ENE dɔ Ŋugbetɔti la ɖo.

Tso keke ɣeyiɣia ƒe gɔmedzedze me ke, Mawu lala kpɔ ŋkeke sia kple azãgbe sia be wòava eme alebe Yeate ŋu kpɔ Eƒe kutsetse, le Yeƒe ɣeyiɣi me, to nyagblɔɖila ƒe azãgbe dzi. Míawoe nye Kutsetse la. Azãgbe lae nye esi. Ŋuŋeɣi la ɖo.

Ista Kɔsiɖanuwuwu sia tovovo na Ista bubu ɖe sia ɖe si ƒe numetoto ame wɔ kpɔ. Míaganye amemawo ke kpɔ gbeɖe o. Aƒetɔ la ƒe amegbɔnɔnɔ aɖe alea. Menɔ lalam kpɔ Kɔkɔedzoe la be wòava me le aɖabaƒoƒo ɖe sia ɖe me.

Le Biblia me la, Dawid gblɔ Nyasiawo be: Woŋɔ nye asiwo kple afɔwo. Mate ŋu gblɔ be nye ƒuwo katã la: wole nye kpɔm helé ŋku ɖe ŋunye titotito.

Amewo xlẽ kpukpui ma hese kpukpui ma ƒe alafa alafawo, gake esime Yesu nɔ atsitsoga ŋu le afima le woƒe ŋkuwo me la, anye ne Ŋugbetɔ la kpɔ Eyama hede dzesi be, Egbe Sia, Wowu Ŋɔŋlɔ Sia Ŋu le míaƒe ŋkuwo me tututu.

Nukae woase le woɖokui me esime wonɔ dzesi deme be yewole Ŋɔŋlɔ ma si le mevam, kple yewoƒe ŋkuwo, eye wònye Nya si woŋlɔ la ƒe akpa aɖe.

Míawoe ma AZƆ. Míele agbe le ŋkeke siwo me Ŋɔŋlɔ mamleawo le mevam le míaƒe ŋkuwo me le; eye míenye Ŋɔŋlɔ ma ƒe akpa aɖe.

Ele agba sam le míatitina tututu. Ŋkeke etɔ̃lia ƒe nuwuwu wònye. Edze hefia mí Eƒe tsitretsitsi ƒe dzesi la. Enye eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me. Míenye Eƒe Amegbɔnɔnɔ ƒe kutsetse gbagbewo. Woɖee ɖe go eye ele dzedzem na míakatã, Eƒe Hame la.

ALEKE WÒLE EWƆ ƉO?

Woɖe nyagblɔɖila dzo ɖa le anyigba sia dzi, gake Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le nyaƒokawo dzi, eye wòle dukɔwo me tom kple xexeame ƒom xlã. ENYE AƑETƆ YESU KRISTO ƑE SUBƆSUBƆDƆ AGBAGBE. Ele Eƒe Ŋugbetɔ nuƒom ɖe du kple nu ɖeka si ate ŋu, eye awɔe dzi: Eƒe Nya. Eƒe Gbe. PLAY ZIZI!

Egbe Sia, Wowu Ŋɔŋlɔ, Sia Ŋu.

Eyae nye Ŋugbetɔsrɔ̃ti La tso Eden ƒe Abɔ la me. Gake Ŋugbetɔsrɔ̃ti La asi manɔmee la, mate ŋu tse ku o; Elebe Ŋugbetɔti Aɖe nanɔ esi. MIAWOE ma. Wodzimi kple dɔwɔnu ma ɖeka ke. Nya La zu ŋutilã le MIA me. Agbe Ma ke si le Ŋubetɔsrɔ̃ la me la le MIA me azɔ.

Ŋugbetɔ la le ɣli dom be: Aleluya, Amen, Ŋutikɔkɔe!!

Nukae Woɖo le nudzraɖoƒe na mí emegbe?

Ɣeyiɣi tɔxɛ sia ƒe taɖodzinu nye be mía… Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖo nyaƒoɖeamenu ƒe toklãnana nye dzi dzi, bena, ‘Elebe Hame la ŋkeke sia me naɖo Gbedeasi sia.” Elabena, mexɔe se bena enye Biblia me ƒe Gbedeasi vevietɔawo kekeake, elabena ele Kristo ɖem fia le Eƒe Hamea me le ɣeyiɣi sia me.

Alea la, Ŋugbetɔ la aƒoƒu Kɔsiɖa gbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase: Yesu Kristo Ƒe Ɖeɖefia 60-1204M

Medi be mado dziƒo na mi miase, alo axlẽ nu, kɔsiɖa sia kɔsiɖa le Hame ƒe Agbenɔɣi ƒe Agbalẽ la me, tanya si míese Kɔsiɖagbe ɖe sia ɖe la. Míele eda ge ɖe Lifeline Voice Radio dzi gbe sia gbe le game vovovowo dzi, gake mivo fãa be miaxlẽ, ase aɖasrɔ̃e le kɔsiɖa katã me le ga sia game.

Mina míakpɔ dzidzɔ eye míadzɔdzi. Miaƒe susu meganɔ xexe sia me kple nuvɔ̃ kpakple mɔkpɔkpɔbubu si ɖe to mí la dzi o. Mina míaɖu azã le nusianu si wɔm Wòle na mí gbe sia gbe la dzi.

Le Mose ŋɔli la, mekaɖe dzi be amewo kpɔtɔ nɔ Mose biam se be,
“Ɣekaɣie míadzo ɖa le teƒesia mahã? Ɣekaɣie míado go ɖa le afisia mahã?”

Ɖeko mese Mose wòna amewo dze akɔ anyi hegblɔ be:

“Ne Mawu sɔgbe. Gake fifia la, mikpɔ dzidzɔ le nusi wɔm Wòle na MI ŋu”.

Abitowo le aƒeme na mía? O.
Ʋetsuviwo le míaƒe atiwo ɖuma? O.
Tsi si me ʋu le ye nom mielea? O.
Miele tometsi fafɛ nom. Minɔ anyi ko hele vivisem le nusiwo katã wɔm Wòle hele ɖeɖem fia mi ŋu.

Enye ku, tsɔtsrɔ̃wo kple ʋɔnudɔdrɔ na wo. Gake na miawo ya, ŋkeke gãtɔ kekeake woenye esi le anyigba dzi. Dzidzɔ, ŋutifafa kple dzidzɔkpɔkpɔ nesu miasi. Mikafu Aƒetɔ la ko, ɖe nusiwo katã wɔm Wòle ta, eye mikpɔmɔ na nusi wɔge Wòle emegbe.

Nɔvi. Joseph Branham

23-0406 KƆMUNIƆN LA

Gbedasi: 57-0418 KƆMUNIƆN LA



BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔti Lɔlɔ̃tɔ Si Woɖɔɖo,

Le ƒea katã me la, menɔ mɔkpɔm na kɔsiɖa ƒe nuwuwu aɖe si me mate ŋu ado ʋɔtru ɖe xexeame keŋkeŋ, ati nye mɔ̃wo katã, aɖo gbeɖa le ŋkeke la katã me, ase Eƒe Gbe wòaƒo nu na nye dzi, aɖo Kɔmuniɔn kple Eyama, eye magbugbɔ kɔ nye agbe la ŋu na Eƒe Dɔ la keŋkeŋ le. Ele be GBE SIA GBE nanye Ista ŋkeke na mí, gake kɔsiɖa ƒe nuwuwu sia la le tɔxɛ ŋutɔ, mɔnukpɔkpɔ kɔkɔe; ɖeɖe ɖe aga ƒe ɣeyiɣi aɖe na Ŋugbetɔ la be wòava ɖe du aɖa Subɔ. Metsi DZODZODZOE ALEGBEGBE le eta xɔ̃nyewo. Bebli mate ŋu lala be mado ʋɔtru le ɣaɣlaƒe kple Mawu, afima le Gbɔgbɔ me, anɔ Eƒe Ŋkume kpɔm; awɔ ɖeka kple Kristo ƒe Ŋugbetɔ la xexea katã me, anɔ anyi ɖe Dziƒo nutowo me. Woakafu Aƒetɔ la ƒe Ŋkɔ! Ele be wòanye míaƒe agbewo ƒe kɔsiɖa ƒe nuwuwu kɔkɔe kple si do ŋgɔ kekeake.

Oo, mina míatɔ te minuti bubu ɖeka ɖe afisia. “Le Dziƒo nutowo me.” Azɔ, menye le egodo afiaɖe ko o, ke boŋ le Dziƒo nutowo me. Míeƒo ƒu ɖe “Dziƒowo,” esia fia xɔsetɔ ƒe nɔƒe. Bena, ne medo gbe ɖa ʋuu, ne èdo gbe ɖa ʋuu, alo ne hamea do gbe ɖa ʋuu, eye míesɔ gbe na Gbedeasi, Eye míeƒo ƒu mí katã abe amekɔkɔewo, siwo woyɔ, siwo wonyrɔ̃ le Gbɔgbɔ Kɔkɔe me, yɔ mí fũ kple Mawu ƒe yayrawo, siwo woyɔ, siwo wotia, siwo bɔbɔ nɔ Dziƒo nutowo me ɖe du fifia, míenye Dziƒotɔwo le míaƒe luʋɔ me. Míaƒe Gbɔgbɔwo kplɔ mí ge ɖe Dziƒo yaƒoƒowo me. Oo, nɔviŋutsu! Yee koe ma, Dziƒo yaƒoƒowo! Oo, nukae ate ŋu adzɔ fiẽ sia, nukae ate ŋu adzɔ fiẽ sia ne anye be míanɔ anyi ɖe afisia le Dziƒo yaƒoƒowo me, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe nanɔ agba sam ɖe dzi sia dzi si wogbugbɔ dzi eye wòzu nuwɔwɔ yeye le Kristo Yesu me la dzi? Nuvɔ̃wo katã le Ʋua te, le subɔsubɔ deblibo me, hekɔ míaƒe asiwo ɖe dzi ɖoɖe Mawu gbɔ eye míaƒe dziwo lia yi dzi, ɖanɔ Dziƒo nutowo me le Kristo Yesu me, hele subɔsubɔ tsɔm na ɖe du le Dziƒo nutowo me.
Ɖe enɔ anyi ɖe eɖe me kpɔa? Oo, menɔ eme ʋuu vaseɖe esi mafa dzidzɔ vi agblɔ be, “Mawu, gana madzo le afisia akpɔ o.” Dziƒo nutowome le Kristo Yesu me dzaa ko!
Woyra ɖe mía dzi kple nuka? Mawume dɔyɔyɔ, nyanyaɖi, ɖeɖefia, ŋutegawo, ŋusẽwo, aɖeyeyewo, gɔmeɖeɖewo, nunya, sidzedze, Dziƒo yayrawo katã, kple dzidzɔ manyagblɔ si yɔ fũ kple Ŋutikɔkɔe, dzi ɖesiaɖe yɔ fũ kple Gbɔgbɔ, míele zɔzɔm ɖe du, nɔ anyi ɖe Dziƒo nutowo me ɖe du, susu vɔ̃ ɖeɖe ɖeka hã manɔ mía dome o, sigareti yɔyɔ ɖeka hã o, awukpui ɖeka hã o, esia ɖeka, ema alo ekemɛ hã o, susu vɔ̃ ɖeɖe ɖeka hã o, amea ɖeke meɖo nyaa ɖeke ɖe nɔvia ŋu o, amesiame anɔ nu ƒom le lɔlɔ̃ kple nusɔsɔe me, amesiame le dzi ƒe ɖekawɔwɔ me le teƒe ɖeka, “eye kasia gbea ɖe ɖi tso Dziƒo va abe yaƒoƒo sesẽ ene.” Yee koe ma, “Yra ɖe mía dzi kpakple Gbɔgbɔ me yayrawo.”

Aƒetɔ Yesu xɔ míaƒe subɔsubɔ na Wò Ista ƒe kɔsiɖa ƒe nuwuwu sia. Mina míage ɖe Dziƒo nutowo me le Kristo Yesu me; mina míadze to me ayi ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me. Susu vɔ̃ ɖeɖe ɖeka hã manɔ anyi o, modzaka ɖeɖe aɖeke o, gake le susu ɖeka me, le Teƒe ɖeka la; ekema gbeɖiɖi aɖe neɖi tso Dziƒo abe ya sesẽ aɖe ene le míaƒe aƒewo me. “Va Aƒetɔ Yesu “, míele gbesɔsɔ be míakpɔ Wò ŋkume kple ŋkume.

Elabena woɖɔ Ŋugbetɔ la ɖo to míaƒe fĩeɣi Kekeli ƒe Gbedeasi la dzi; to Maleaxi 4 ƒe Gbedeasi la dzi. Míele akpe dam na Wò Aƒetɔ ɖe Kristo ƒe ɖeɖeɖego blibo le Eƒe Hamea me ta; menye hame aɖe si wotu kple asi o, gake Kristo ƒe ɖeɖeɖego blibo si woɖe fia le ame aɖe me, Wò nyagblɔɖila, to dzesi gãwo kple nukunuwo dzi, eye wògaɖe Mawu ƒe Nya katã la fia ake.
Ke azɔ Ele agbe le Wò Ŋugbetɔ la me le xexea katã me. Akpe na Wò be Èna be míele agbe be míakpɔ fĩeɣi Kekeli gã sia, le nyagblɔɖi ŋu.

Ke susu ka tae fĩeɣi Kekeli la do go ɖo? Nukata fĩeɣi Kekeli la? Be wòaɖɔ nu ɖo ye. Whew! Mise egɔmea? [Ƒuƒoƒe la gblɔ be, “Amen.” Fĩeɣi Kekeli la ɖo taɖodzinu ma ke si nɔ ŋdi Kekeli la si, be wòaɖɔ nusi Blukɔ ƒe Agbenɔɣi la tso, to Roma dzi ɖo. Mawu le nu ɖɔ ge ɖo, to fĩeɣi Kekeli la keklẽ dzi (nuka?), agaɖɔ Mawu ƒe Nya katã la ɖo ake, Kristo ƒe ɖeɖeɖego blibo la le Eƒe Hamea me. Nu sia nu si Wòwɔ, tututu ko abe alesi Wòwɔe ene la, agatrɔ nɔ anyi ale le fĩeɣi Kekeli me. Mikpɔ nusi gblɔm melea? Oo, ɖee medze anyi oa? [“Amen.”] Azɔ be míanyae be míele agbe le afisia tututu be Míakpɔe azɔ, fĩeɣi Kekeli la, le nyagblɔɖi la ŋu tututu.

Ŋugbetɔ vavã la metɔna le Afiatsotso dzi o, togbɔ be Enya be Yeƒe nuvɔ̃wo le abe ɖe Yemewɔwo kpɔ o ene; Metɔna le Kɔkɔenyenye dzi o, togbɔ be wokɔ Eŋu hedae ɖe aga hena dɔ la; Metɔna le Pentekoste o, togbɔ be Exɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe amenyɔnyrɔ̃ la; gake Eyia dzi yi MÍAƑE ŊKEKE ƑE NYA gbɔ:
Maleaxi 4, Nya la Ŋutɔ ga zu ŋutilã ake le agbetɔ me. “Maɖɔeɖo Yehowae gblɔe,” la, si ana Kɔkɔedzo Xɔse Ŋugbetɔ la. Azɔ Nya ma si woɖe ɖe go la ate ŋu va KO to Nyaƒokawo sese me, woakafu Eƒe Ŋkɔ dzeanyi la.

Wo dometɔ ɖeka, Martin Luther, edze Kekeli aɖe keklẽ. Kekeli sue aɖe nɔ Anyi, afiatsotso, ƒe ŋusẽ vi aɖe ŋutɔ ko.

Wesley va, esesẽ wu, kɔkɔenyenye.

Wesley megbe la, esi sesẽ wui la va, Pentekoste, Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe amenyɔnyrɔ̃ la, le nyagblɔɖila gã bubu aɖe me. Mikpɔea?

Gake le Maleaxi 4 ƒe, ŋkeke mamleawo me la, elebe Eliya nava kple Nya la ŋutɔ. “Aƒetɔ la ƒe Nya va na nyagblɔɖila la.” Le fĩeɣi Kekeliawo me la, ele be wòava, aɖɔ nu ɖo aɖahenu gbɔ va. Nuka? “Atrɔ ɖeviwo ƒe dziwo gbɔ va Mawu ƒe Xɔse la gbɔ.” Kekeli Enelia!

Miva ƒoƒu kpli mí le Nya la ŋu, le miaƒe aƒewo me, le Ista ƒe kɔsiɖa nuwuwu me eye mina Míasubɔ Aƒetɔ la. Miti miaƒe kaƒomɔ̃wo negbe na foto ɖeɖe, na Egbe Ƒe Numegbe sese, kple na nyaƒokawo ƒoƒo le Table ƒe app, Lifeline ƒe app dzi, alo le link siwo dzi wotoa hena nu ɖe mɔ̃ dzi ta.
Medi be míakatã míawɔ ɖeka na ɖoɖo sia:

YAWOƉAGBE

Yawoɖagbe zã mee Aƒetɔ Yesu ɖu fĩeɣi Nuɖuɖu Mamlea kple Eƒe nusrɔ̃lawo, le ŋkuɖoɖo Ŋutititozã do ŋgɔ na Israel viwo ƒe dodo dzi. Mɔnukpɔkpɔ kae nye esi be míadoka kple Aƒetɔ la le míaƒe aƒewo me, do ŋgɔ na míaƒe kɔsiɖa ƒe nuwuwu kɔkɔe la, eye míabia Eyama be wòatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí, eye wòana mí nusiwo katã hĩa mí na míaƒe mɔzɔzɔ la.

Mawu, dzro míaƒe dziwo me kpɔ azɔ. Ɖe Ʋu la le afima, Aƒetɔ? Ne meli o la, míele gbe dom ɖa bena—bena Wò nasisi ʋu la ɖee fifi laa, nàɖe míaƒe nuvɔ̃wo ɖa eye nàtsyɔ nu wo dzi, eye woaɖe ɖa le mía ŋu, Aƒetɔ, xexe sia me ƒe nuvɔ̃wo, ale be míate ŋu anɔ kɔkɔe ado ɖe mía Fofo ŋkume azɔ esi míeva be míaxɔ ŋu—ŋutilã la kple míaƒe Alẽvi la ƒe Ʋu si kɔ ɖi, Mawu ƒe Vi, mía Ɖela.

Mina míakatã míadze egɔme le fĩeɣi ga 6 me, le miaƒe nutome ƒe game dzi, eye míase:

Kɔmuniɔn La 57-0418.

Le Gbedeasia sese me la, míele ƒuƒo ge kple míaƒe ƒomeawo le míaƒe aƒewo me aɖaɖu Aƒetɔ la ƒe fĩeɣi Nuɖuɖu.

Le madidi me o la míele link aɖe ɖo ge si awɔe be miate ŋu xɔ nyaƒoka la kple Kɔmuniɔn ƒe takpekpe la ɖe mɔ̃ dzi, alo, anɔ Voice ƒe Radio dzi.

FIƉAGBE

Mina míayi ɖe gbedodoɖa me kple míaƒe ƒomeawo le ŋdi ga 9 me, eye ake le ŋdɔ ga 12 me, anɔ Aƒetɔ la kpem be wòanɔ nyi kpli mí eye wòayɔ míaƒe aƒewo me fũ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la esime míanɔ míaɖokuiwo ŋuti kɔm Nɛ.

Mina míaƒe susuwo woagbugbɔ yiɖe Kalvaria, le ƒe 2000 megbe, eye míakpɔ míaƒe Ɖela le atsitsoga la ŋu, eye emegbe la míade míaɖokuiwo Eƒe asiwo me be míawo hã míawɔ nusi dzea Fofo la ŋu kokoko:

Azɔ míele ekpɔm bena Eɖe Eyama fia nyuie. Atiŋudɔwɔla na wogaɖe Nya la fia le Aɖaŋudɔwɔwɔ me ake, si woyɔ be Eƒe Vi, Mawu, Imanuel. Misusui ko, bena Ame aɖe tsɔ eɖokui na alegbegbe sẽ ɖe esime Mawu de dzesi Eɖokui le eme le afima, le ŋutilã ma me, ke Ezu, Eyama kple Mawu zu Ɖeka. “Nye kple Fofonye míele Ɖeka. Fofonye le Menye. Mewɔna nusi dzea Fofo la ŋu kokoko.”

Nukae ne Kristotɔ egbe aɖo ɖaseɖiɖi aɖe nenema? Mianye aɖaŋudɔwɔwɔ le afisia tututu le Yuma, le mɔ dzi. Ne nènye nyɔnu nunyatɔ le xɔxɔnu le afima le nunyagba godo la, èkpɔtɔ nye aɖaŋudɔwɔwɔ na Mawu, esime ate ŋu gblɔ be, “Mewɔna nusi dzea Mawu ŋu kokoko,” eye xexea katã ate ŋu kpɔ Yesu Kristo ƒe — ƒe dɔ si le ɖeɖem ɖe go le mewò.

Emegbe le ŋdɔ ga 12 me la, mina míawɔ ɖeka le míaƒe aƒewo me ase, Blibodede La 57-0419

Emegbe la mina míagawɔ ɖeka ɖe du ake le gbedodoɖa me le ɣetrɔ ga 3 me le ŋkuɖoɖo míaƒe Aƒetɔ ƒe kaklã ɖe atsitsoga ŋu dzi.

MEMLEƉAGBE

Mina míakatã míagawɔ ɖeka ake le ŋdi ga 9, kple le ŋdɔ ga 12 me, eye míadzra míaƒe dziwo ɖo ɖe nu gã siwo wɔ ge Wòala na mí le míadome ta.

Aƒetɔ! Míeɖe kuku, Aƒetɔ! Oo, mate ŋu adzi ha fũ akpa. Mate ŋu agblɔ mawunya fũ akpa. Mate ŋu ado ɣli fũ akpa. Mate ŋu afa avi fũ akpa. Gake nyemate ŋu ado gbe ɖa fũ akpa o. Oo Mawu, dzro menye nadom kpɔ.

Menɔ nu ƒom, sẽ va yi laa, tso ta goglo aɖe ŋu, ale si ɣletiviwo klẽna to eme; tsɔ Wò Gbɔgbɔ ƒe gogloƒe de mía me, Aƒetɔ, abe alesi nyagblɔɖila Dawid gblɔ ene bena, “Gbɔɖeme ƒe tɔwo nu wòkplɔm yii,” menye tɔ siwo le hoo wɔm o. Gbɔɖeme ƒe tɔwo, kplɔm yi afima, Aƒetɔ. Na mazi kpoo.

Ekema emegbe le ŋdɔ ga 12 me la, míakatã míava ɖe du ase NYA la: Ameɖiɖi 57-0420

ŊKUƉODZI ŊKEKE kae nye ge wòala na Eƒe Ŋugbetɔ le xexea katã me.

Emegbe la mina míaƒoƒu ɖe du zi ɖeka ake le gbedodoɖa me le ɣetrɔ ga 3 me.

KƆSIƉAGBE

Ŋkeke deblibo Kae nye esi be míase eye míakpɔ gome le Ŋugbetɔti La Ƒe Ɖɔɖɔɖo Mee. Mina míafɔ̃ kaba abe alesi nɔviŋutsu Branham wɔe ene esime eƒe xɔlɔ̃ sue, akɔtadzĩ, fɔ̃ eyama le ŋdi ga 5 me ene. Mina míada akpe na Aƒetɔ la ko be efɔ̃ Yesu ɖe tsitre tso kukuawo dome:

le ŋdi ga atɔ̃ ŋdi sia la, xɔ̃nye sue kple akɔtadzĩ la dzo va frese la to hefɔ̃m. Edze ko abe eƒe dzi sue la awo ene, esime wòle gbɔgblɔm be, “Efɔ̃ ɖe tsitre.”

Le ŋdi ga 9 me la mina míagawɔ ɖeka ake le míaƒe gbedodoɖa Kɔsɔkɔsɔ la me, anɔ gbedom ɖa ɖe míanɔewo ta eye míanɔ míaɖokuiwo dzram ɖo be míase Mawu ƒe Gbe.

Le ŋdɔ ga 12:30 me la, míele ƒuƒoge ɖe du be míase míaƒe Ista Gbedeasi la: Ŋugbetɔti La Ƒe Ɖɔɖɔɖo 62-0422.

Le takpekpe sia megbe la, mina míagawɔ ɖeka ake le gbedodoɖa me, anɔ akpedam Nɛ ɖe KƆSIƉA DZEANYI SI WÒNA MÍ KPLE EYAMA KPAKPLE KPLE EƑE ŊUGBETƆ LE XEXEA KATÃ ME ta.

Na nɔvinyeŋutsuwo kple nɔvinyenyɔnuwo le ƒugodo la, abe ƒe si va yi ene la, medi be makpe mi be miawɔ ɖeka kpli mí na nudzɔdzɔsiawo le Jeffersonville ƒe game dzi, le esi ka gbedodoɖa ƒe ɣeyiɣiawo katã le ɖoɖo sia dzi kple nyaƒoka si míaƒo le Kɔsiɖagbe ɣetrɔ ŋu. Mede dzesi, alekekee hã, be Nyaƒokawo ƒoƒo le Yawoɖagbe, Fiɖagbe, kple le Memleɖagbe ɣetrɔ le Jeffersonville ƒe game dzi la asesẽ ŋutɔ na miadometɔ geɖewo, eyata meɖe kuku mivo fãa be miaƒo Gbedeasi mawo le ŋkekea ƒe ɣeyiɣi ɖe sia ɖe si adze edzi na mi dzi. Medi, alekekee hã, be míakatã míaƒoƒu ɖe du le Kɔsiɖagbe ŋdɔ ga 12:30 me le Jeffersonville ƒe game, be míase míaƒe Kɔsiɖagbe Gbedeasi la ɖe du.

Medi be magakpe mia kple miaƒe viwo be miakpɔ gome le Nutata ƒe agbalẽviwo ƒe wɔna kple nufiameawo, kple le YF ƒe quizwo me, esime avivi miakple miaƒe ƒomea katã ŋu ɖe du. Míesusui be miele wolɔ̃ ge esime wotu wokatã ɖe NYA si se ge míele le kɔsiɖa ƒe nuwuwu sia dzi ta.

Kuɖe Kɔsiɖanuwuwu ɖoɖo la ŋu la, nyanyanana kuɖe nuɖaɖa ŋu kuɖe Kɔmuniɔn takpekpe la ŋu, dɔwɔnu siwo hĩa ge wòle na Nutata ɖoɖowo, Ista ƒe Quizwo, kple nyanyanana bubuwo la, mikpɔ link siwo le gɔme.

Enye bubu aɖe tɔgbe nam be makpe wò kple wò ƒome va ɖe du kple Ŋugbetɔ la le xexea katã me na Kɔsiɖanuwuwu si yɔ fũu kple SUBƆSUBƆ, KAFUKAFU KPLE DƆYƆYƆ. Mexɔe se vavã be enye Kɔsiɖanuwuwu aɖe si atrɔ wò agbe yiɖe mavɔmavɔ me.

Nɔviŋutsu Joseph Branham


Takpekpe la ƒe Audio

Ista Kɔsiɖanuwuwua ƒe Tanyawoe nye si. Yawoɖagbe ƒe Kɔmuniɔn kple afɔkɔklɔ le nusiwo woaxɔ ɖe mɔ̃ dzi la me.

YAWOƉAGBE – Ɣetrɔ ga 6 (miaƒe game dzi)

(NYAƑOKA ƑE AKPA AƉE) + KƆMUNIƆN LA 57-0418

FIƉAGBE – ŋdɔ ga 12:30 me (miaƒe ga me dzi)

Blibodede 57-0419

MEMLEƉAGBE– ŋdɔ ga 12:30 (miaƒe game dzi)

Ameɖiɖi 57-0420

KƆSIƉAGBE– Ŋdɔ ga 12:30 me (Jeffersonville ƒe game dzi)

Ŋugbetɔti La Ƒe Ɖɔɖɔɖo 62-0422