Category Archives: Uncategorized

23-1210 Xɔse Deblibo

Gbedasi: 63-0825E Xɔse Deblibo


BranhamTabernacle.org

Xɔse Deblibo Ƒe Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Míaƒe XƆSE vaa tso nu sese me, Nya la sese me. Nya la vana na nyagblɔɖila.

Nyagblɔɖila nye:

Nya La zu ŋutilã! Aleluya! Nya La le dɔwɔm le amegbetɔ ŋutilã me, to ŋutilã me dzesiwo me, to nulékpɔ dzesiwo me, to Ŋɔŋlɔme dzesiwo me, blibodedetɔe, be yeahe Xɔse Deblibo va na wò hena Kɔkɔdzoe Deblibo.

Míele nusi tututu Nya la gblɔ na mí be míawɔ la wɔm to Mawu ƒe Gbe ɖeka si dzi woɖo kpe la sese dzi be wòaƒo nu aɖaɖe Eƒe Nya fia to amegbetɔ ŋutilã dzi be wòana mí Xɔse Deblibo.

Mieɖo…miaƒe towo ku na nububu ɖe sia ɖe negbe nusi gblɔm Gbɔgbɔ la le. Mikpɔea? “Amesi si to le (si le esem la), mikpɔea nusi gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo”; amesi si nusemɔ̃ le, si léna nusi Gbɔgbɔ la le gbɔgblɔm na hameawo. Mikpɔea?

Míenye Eƒe nusémɔ̃ si le Nya ɖe sia ɖe lém hele exɔm le sesem. Ne Wòna mí ɖoɖo be: “Migblɔ nusi le nyaƒoka mawo dzi. MENYE Mawu ƒe Gbe na mi. Mieyɔam be miaƒe kplɔla, eye miele egblɔm nyuie, elabena eyae menye.” Míele woŋuti ŋudɔ wɔm. Nukake gblɔm Wòle la, ɖikeke ƒe vɔvɔli aɖeke mele afi aɖeke o; míeyia azɔli dzi ko. Nukake Aƒetɔ le gbɔgblɔm to Eƒe nyagblɔɖila dzi la, ame aɖeke meli le xexeame si ate ŋu ƒo nu na mí aɖe mí ɖa le me o, míeyina dzi nenema ke ko.

Azɔ míele gegem ɖe Xɔse Deblibo me, blibodede blibo si mate ŋu da ƒu o la me. Xɔse ma medana ƒu gbeɖe o.

Azɔ Xɔse Deblibo le míasi le Eƒe Nya me. Míele míaɖokuiwo dzi kpɔm o. Míele naneke vɔ̃m o, abe Hiob ene. Míele vɔvɔm esime míele ƒutsotsoe gãwo kpɔm hele toyim le tsi me abe Petro ene o. Ŋkeke mawo ŋu va yi.
AZƆ, míele Nya Deblibo ma si le agbe hele míame la dzi kpɔm. Míele gegem ɖe Ŋugbetɔ la ƒe nulékpɔ me. Míele gegem ɖe kɔkɔdzoe ƒe nɔnɔme me.

Ne míele gbedom ɖa la, míexɔna se be míexɔna nusi biam míele la, eye asu míasi; wole etsɔ ge na mí. Ɣeyiɣi, teƒe, nububu aɖeke mele etrɔ ge o. Míenyae bena wowɔe vɔ. Ekpan. Aleke míewɔ henyae? Elabena menye míaƒe Nya ye o, gake EƑE NYA, si Wòɖe gblɔ hetsɔ na mí ye. ŊUSẼ KPLE XƆSE DEBLIBO LE míasi be MÍAƉEE GBLƆ.

Tututu ko abe alesi Yesu wɔe na Eɖokui ene la, míele dzesi dem míaƒe tsitrenɔƒe; amesi míenye. Nu ɖeka si wòle be míawɔ ekema, yenye be míaɖo xɔse ɖe nusi míenye la me. Aɖo xɔse ɖe nusi NYA la le gbɔgblɔm be míenye la me! Ekema Mawu ƒe Nya la ava míame aɖaɖe Eɖokui ɖe go; elabena míenye xɔsetɔ. Eye xɔsetɔ nye “Mawu ƒe xɔse si le zɔ̃ ɖem le míame.”

Ke azɔ, míezu amesiwo wosi ami na kple Gbɔgbɔ ma ke, mesia siwo wosi ami na; ŋkeke mamlea ƒe mesiawo, be míana Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi la nadze woakpɔ; be míatsɔ afia be Meku o, gake le Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe nɔnɔme me la, Ele Eƒe dukɔ me; le agbasam le Eƒe Ŋugbetɔ dome, kple lɔlɔ̃ ƒe nuwɔna Nɛ, le Eɖokui trɔm ɖe, Eya me. Wole ɖeka zum na Srɔ̃ɖeɖe Nuɖuɖu la; eye dzesi mawo ke, si ƒe ŋugbe Mawu ma ke do, le Nya ma ke me la, le Eƒe ɖeɖeɖego mawo ke wɔm.

Naneke megasusɔ na mí be míawɔ o negbe be Míaxɔe se; eye le Exɔxɔ se me la Enye nuvavã la si wɔna Xɔse Deblibo la. Migase ema, LE EXƆXƆ SE ME LA ENYE NUVAVÃ SI WƆNA XƆSE DEBLIBO LA.

Ɖe lãmeka falɛfalɛ aɖe le wò ŋutilã me si keaɖi le Nya ɖeka ŋua: KPAO
Ɖee nèxɔ Nya ɖe sia ɖe dzi sea: Ẽ
Ɖee Wòna wò Gbedeasi sia ƒe Ɖeɖefia: Ẽ
Ɖee Ŋugbetɔ la ɖeka ko si Ɖeɖefia vavã la anɔa: Ẽ
Ɖee nènya be yenye Eƒe Ŋugbetɔa: Ẽ
Ɖee Wògblɔ be le Nya ɖe sia ɖe xɔxɔ se me la ana wò Xɔse Debliboa: Ẽ
EKEMA ENYE XƆSE DEBLIBO ŊUGBETƆ NYA LA!!

Oo Aƒetɔ dzra mí ɖo abe ɖe medzɔ kpɔ o ene esime míaƒoƒu ɖe du Kɔsiɖagbe be míase Wò Nya la. Kpeɖe mía ŋu be míagakpɔ míaɖokuiwo dzi gbeɖe ake o, gake míaxɔ Wò Nya si Nèɖe gblɔ na mí ko dzi se. Míekpɔ Hehe ƒe Ŋusẽ Etɔ̃lia le zɔɖeɖe me eye Míenyae be Ele míame. Elebe míanɔ Wò Nya ɖem anɔ gbɔgblɔm eye míanɔ edzi xɔm nɔ sesem.

Míenyae be Egbɔna le madidi me na Wò Ŋugbetɔ Nya Deblibo la. Nukakee míehĩa la, Fofo, NUKAKEE MÍEHĨA LA, míenya be míele Exɔ ge. Elabena Enye Wò Nya si Nèɖe gblɔ na mí vɔ xoxo. Naneke meli be woawɔ o negbe be WOAXƆESE. Míexɔese Fofo, míexɔse. Azɔ na míaɖezɔ ɖe WÒ NYA dzi.

Míele míaƒe gegewo, nuvɔ̃wo kple dzidadawo katã me ʋum. Kpɔ mí to Vi Wò ƒe Ʋu me afisi wotso afia na mí le to Wò Amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ dzi.
Nà be tɔtrɔ aɖe nava Wò Ŋugbetɔ me abe esi medzɔ kpɔ gbeɖe o ene. Trɔ Wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖe míadzi eye tsɔ nusiwo katã hĩa mí la na mí.

Dɔlelelawo ahaya tso woƒe fukpekpewo katã me. Megbedela atrɔ gbɔ va Nya la gbɔ. Wò Ŋugbetɔ le xexea katã me akpɔ wò mɔ si wona na egbe eye wòaxɔse.

Ne ame aɖeke mele asiwò si ada asi ɖe dziwò o la…da asi ɖe ɖokuiwò dzi…xɔsetɔ ye nènye. Èzu Nya la, esime nèxɔ Nya la.

Va Aƒetɔ Yesu, Wò Ŋugbetɔ le eɖokui dzram ɖo le eɖokui siasia ɖe Wò ŋkume dzi, le tsitsim. Míedi be Wò Nya na do awu na mí aɖawɔ leke na mí.

Va si ami na mí abe esi medzɔ kpɔ o ene Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime wò Ŋugbetɔ ƒe akpa aɖe aƒoƒu ɖe du be yease WÒ naƒo nu aɖaɖe alesi míaxɔ: Xɔse Deblibo 63-0825E fia mí.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na takpekpe la:

Marko Kɔkɔe 11:22-26/ 16: 15-18
Yohanes Kɔkɔe 14:12 / 15:7
Hebritɔwo 11:1 / 4:14
Yakobo 5:14
Yohanes I 3:21

23-1203 Aleke Mawɔ Aɖaɖudzii?

Gbedasi: 63-0825M Aleke Mawɔ Aɖaɖudzii?


BranhamTabernacle.org

Ta Me Dzogbenya Lɔlɔ̃tɔ,

Alegbegbe míaƒe dziwo dzokpo kple dzidzɔ Kɔsiɖagbe esime míese míaƒe Aƒetɔ ƒo nu hegblɔ nusi le emevam fifia la na mí. Míele ɖeka wɔm kple Nya la eye míele ƉEKA zum kple Eyama. Madidi kura o míele ɖeka wɔ ge kple amekɔkɔe siwo dzo doŋgɔ na mí be míanɔ ƉEKA kpli wo. Emegbe míakatã le ƉEKA wɔ ge kple Kristo abe ƉEKA ene hena Alẽvi la ƒe Srɔ̃ɖeɖe Nuɖuɖu la.

Dzidzɔ kae yɔ míaƒe luʋɔwo fũ esime Wògblɔ na mí be míasusui le ɣeyiɣi ɖeka me, le aɖabaƒoƒo ɖeka me, xexeame gɔ hã manya nusi le dziyim o; gake kasia la, míele míaƒe lɔlɔ̃tɔ siwo dzo yi la kpɔ ge le míaƒe ŋkuwome, eye míagale ɖeka wɔ ge kpli wo ake.

Mɔkpɔkpɔ kae yɔ míaƒe dziwo me be míasusui be, kasia la, míele míatɔwo, míanɔwo, nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo, srɔ̃ŋutsuwo, srɔ̃nyɔnuwo, viwo, gɔ hã míaƒe nyagblɔɖila kpɔ ge. MÍELE WO KPƆ GE, LE ŊUTILÃ ME!!

Míele enya ge tututu le ɣeyiɣi ma me be, yenye ESI; Ɣeyiɣi la de, míeva ɖo, EVƆ. Numuame to Ɖeɖefia me ƒe nya gblɔm mielea!! Esi mele susum bum hele nuƒom le eŋu fifia la, mele mia ŋkɔ sem miele ɣlidom, ŊUTIKƆKƆE, ALELUYA, WOAKAFU AƑETƆ LA ƑE ŊKƆ.

Ɣeyiɣi kae nye esia le míasi sum, míele azãɖum le lɔlɔ̃ leta sia siwo wogblẽ ɖi na mí ŋu. Lɔlɔ̃ leta siwo míate ŋu ɖe do go ɣesiaɣi si míedi aɖaxlẽwo ɖe dzi kple ɖe dzi ake kple ake. Menye ema ɖeɖeko o, gake ELOLOWU gɔ hã, míete ŋu le míaƒe Aƒetɔ la ŊUTƆ sem wòle nuƒom na mí to amegbetɔ ƒe nuɣiwo dzi hele gbɔgblɔm na mí be, “Medzra lɔlɔ̃ leta siawo ɖo ɖi na miawo ko, Nye dzi lɔlɔ̃tɔ. Menyae xoxo be ɣeyiɣi aɖe avava be ahĩa be yease Nye magblɔ alesi gbegbe Melɔ̃na wò eye nènye Tɔnye la na wò.”

“Medi be magblɔ na wò be gbe sia gbe ne futɔ la le ƒoƒom ɖe dzi wò, ne èle wò dodokpɔ kple tetekpɔwo me tom la, TƆNYEE NÈNYE.
Mexe fe la vɔ. Meɖu ɖe sia ɖe si wòɖanye dzi la vɔ…ɖee nèɖo TOMA lɔlɔ̃tɔ? NUKAKEE nèhĩa la, meɖudzi na wò vɔ, elabena melɔ̃na wò “.

“Menya mi do ŋgɔ hafi xexea aɖe nava nɔ anyi gɔ hã. Enye Nye akpa aɖe tso ƔEYIƔI ma me. Mele ŋku ɖom ema dzi fifia o, gake Meɖo ŋkui. Mègaŋlɔ nusi megblɔ na wò be o, ènye Ŋutilã tso Nye Ŋutilã me, Gbɔgbɔ tso Nye Gbɔgbɔ me, Ƒu tso Nye Ƒu me”.

“Ɣeyiɣi si ƒe nya Menɔ gbɔgblɔm na mi la va ɖo. Vevesesewo maganɔ anyi o, dodokpɔwo kple tetekpɔwo; ŋkekemawo ŋu va yi. Azɔ míawo ɖeɖeko ɖe du wònye le Mavɔmavɔnyenye me”.

“Milé dzi ɖe ƒo. Mikpɔtɔ nɔ dzi yim. Agudzedze la tu aƒe. Xaxaɣi siwo katã me tom nèle gbe sia gbe la ɖeko wòle wò tem ɖe Eyama ŋu wu ye.”

“Ne nane va dzi wò, eye èdze sese le ɖokuiwò me be ègbã gudugudu alegbegbe, ɖeɖi te ŋu wò eye nu tikɔ na wò, eye èdze abe ɖeko màgate ŋu kpɔtɔ ayi dzi o la, mele be nàŋlɔe be gbeɖe o, mele afima kpli wò tututu. Nye Nya le agbe le me Wò. Nye Nya ye nènye.”

“Megblɔ na wò be, ɖe Nya la gblɔ. Nusiwo katã dim miele la, ne miedo gbeɖa la, mixɔese bena Miaxɔe eye Asu miasi. Woatsɔe na mi. Meɖudi na mi vɔ”.

Gɔmesese kae le Nya siawo si na mí. Wolé na mí ɖe te gbe sia gbe. Ekɔa míaƒe Gbɔgbɔ dzi henana mí teƒe le Dziƒo nutowome kple Eyama. Agbe ko nɔm míele na Mawu kple Eƒe Nya la. Taɖodzinu ɖeka ye le míasi, eyae nye Yesu Kristo. Ema Godo la, nu bubu aɖeke megale vevie o.

Míelé Ŋutega la. Xɔmetsovɔ la heyi ɖe megbe eye míele Eyama Kpɔm, Eƒe Nya si zu ŋutilã, le nuƒom na mí to eƒe amegbetɔ ƒe nuɣiwo dzi. Míele lɔlɔ̃ me kple Nya sia, Gbedeasi sia, Gbe ma.

Va wɔ ɖeka kpli mí Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, eye nàwɔ wò agbe me ƒe numetoto gãtɔ kekeake. Ase alesi nàɖu aʋa ɖe sia ɖe si Satana tsɔa ɖona wò mɔ dzi. Nàyɔ wò dzi fũ kple dzidzɔ kpakple dzikpɔkpɔ esime nànyae be yenye Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ.

Nɔvi. Joseph Branham

63-0825M Aleke Mawɔ Aɖaɖudzii?

Nyaɖeɖefia 3:21-22

23-1126 Ɖekawɔwɔ Ƒe Ɣeyiɣi Kple Dzesi

Gbedasi: 63-0818 Ɖekawɔwɔ Ƒe Ɣeyiɣi Kple Dzesi

PDF


BranhamTabernacle.org

Ŋutilã tso Eƒe Ŋutilã Me, Nya tso Eƒe Nya Me, Agbe tso Eƒe Agbe me, Gbɔgbɔ tso Eƒe Gbɔgbɔ Me,

Nɔvinye ŋutsu kple nyɔnu xɔasiwo, mixlẽ nyameʋuʋu ma ɖeka ma ake ake. Mixlẽ nusi Mawu Ŋutɔ yɔ mi fifia ko. Aleke amegbetɔ aɖe ate ŋu ŋlɔ nusi gɔme ema nye na mí le amegbetɔ ƒe nyagbe gblɔewo mee. Womateŋu ɖee gblɔ o. Ne ɖeko míate ŋu se egɔme keŋkeŋ aɖazae, kple míaƒe dzi, susu kple luʋɔ blibowo la, mexɔese vavã be anye ne Kɔkɔdzoe la va me.

Nukae le afima be woavɔ̃? Nukae le afima be ame na tsi dzimaɖi kuɖe eŋu? Satana le aʋawɔm tsitre ɖe míaŋu, le funyafunya wɔm mí, le dɔlelewo hem va míadzi, le ƒoƒom ɖe míaƒe susuwo dzi kple susu baɖa ƒomevi ɖe sia ɖe, gake naneke meli si ate ŋu wɔ vɔ̃ mí o. Ɖee nane ate ŋu wɔ vɔ̃ Yesua? KPAO, ekema nenema ke naneke mate ŋu wɔ vɔ̃ mí o. Egblɔ fifia ko be: MÍENYE Yeƒe Ŋutilã, Yeƒe Nya, Yeƒe Gbɔgbɔ.

Dzidzɔ kple akɔfafa kae nye esi le míasi le míaƒe dzime ne míele ŋugbledem le nusi Wòle gbɔgblɔm na mí dzi. Ɖeɖefiawo si Mawu le míanam, nyaƒoka ƒe agba, ɖe nyaƒoka ƒe agba, ɖe nyaƒoka ƒe agba dzi. Gbɔgbɔ Kɔkɔe le fiafiam le míame abe Tometsi Vudo la ene.

Woɖomí ɖi be míakpɔe eye Míasee. Míele eye míate ŋu ge alo woable mí o. Míele míaƒe mɔ dzi yina be míado go míaƒe Ta, míaƒe Xɔnametɔ, míaƒe Srɔ̃ŋutsu, míaƒe Fia, míaƒe Aƒetɔ, míaƒe Lɔlɔ̃tɔ, míaƒe Ɖela, le gododo Teƒe si wona mí la me!

Migase esia zi ɖeka ake lo: Mawunyenye ƒe blibodede La keŋkeŋ le MÍAƑE ŋutilã, Eƒe Hame la me, gbãnɔƒeawo. Nusiwo katã Mawu nye la, Etrɔe ɖe Kristo me; eye nusiwo katã Kristo nye la, wotrɔe ɖe Hame la me; míawo, Eƒe Ŋugbetɔ la. Menye nane si le dzɔdzɔ ge gbeɖeka ye o, EGBLƆ BE ELE MEVAM LE MÍAME FIFI LAA.

Ɖee miate ŋu bu eŋu kpɔa, tso keke ɣeyiɣi la ƒe gɔmedzedze me ke la, Mawu metsɔ Eƒe adzame nyaɣaɣla si nɔ Eƒe susume na ame aɖeke, va sẽ ɖe egbea o. Nukata Wòwɔ ema ɖo? Elabena Enɔ lalam be yeana MÍAWO míanyae le ŋkeke mamle siawo me abe alesi Wòdo ŋugbe ene. Enɔ lalam kpɔ mí. Enyae be míawoe nye ame Ɖeka si woateŋui, eye woase, EGƆME KEŊKEŊ… ŊUTIKƆKƆE!!!

Etia mí be míanye Yeƒe Ŋugbetɔ elabena Enyae bena míage o. Míele nya ma me lé ge ɖe asi meka nusi le xexeame ƒe susɔea katã si be wòagblɔ kuɖe Eŋu o. Míele Nya ma me lé ge ɖe asi ke NYA ma ƉEƉEKO! Woɖo mí ɖi be míanɔ tsitre ɖe afima. Míe NYE vi siwo Yesu Kristo xɔ.

Geɖe wu li gɔ hã. Mise nyuie lo…de fetsu ɖokuiwò. Ta la (Mawu) kple Ŋutilã la (Míawo) zu nu ɖeka. Enye Mawu si woɖe ɖe go le MÍA me.

  • Mawu kple Eƒe Hame la le ƉEKA, “Kristo le MIA me.”
  • Míe NYE Mawu ƒe Ɖeɖefia Gã la.
  • Míetsɔ Eƒe Ŋkɔ gɔ hã; Eƒe Ŋkɔ yenye Yesu, Amesiamina la.
  • MÍENYE Kristo ƒe Ŋutilã si wosi ami na la.
  • MÍELE Mawu ɖem ɖe go abe alesi ŋutilã Ma wɔe ene.

Míenye Eƒe Ŋugbetɔ, si wodo fu kple Eƒe Gbɔgbɔ. Hame la, le viwo dzim, Eƒe Gbɔgbɔ la do fui wòle Eƒe Ŋkɔ tsɔm; le Eƒe Agbe tsɔm. Satana ƒe ŋuɖoɖo la le Míasi. Ta La le afisia. Kristo, Aƒetɔ si fɔ̃ ɖe tsitre la, le afisia le Eƒe Tsitretsitsi ƒe Ŋusẽ ma ke si me Wònɔna kokoko me, le Eɖokui ɖem ɖe go le míame, Eƒe Ŋugbetɔ Nya si Woɖe ɖe go la.

Mawu le Eƒe Ŋugbetɔ la wɔm ɖeka fifia. Ele wowɔm ɖeka le xexea katã me kple Eƒe Nya la, nu ɖeka si ahe Eƒe Ŋugbetɔ la va ɖe du. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le Eƒe Ŋugbetɔ la kplɔm hele ƒuƒome ɖe du. Le agbenɔɣi ɖe sia ɖe me, nyagblɔɖila nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na woƒe ŋkeke la.

Mibu esia ŋu kpɔ. Ne amewo le gbɔgblɔm be míele gbetem ɖe dɔla gbedeasitsɔla adrelia dzi akpa la, miɖo ŋku dzi be, Mawu Ŋutɔ de EƑE NYAƔAƔLAWO KATÃ siwo Wòlé ɖe Eƒe Susume hafi xexea aɖe gɔ hã na nɔa anyi, Eƒe dɔla gbedeasitsɔla adrelia ƒe asiwo me. Mawu Ŋutɔ kaɖe Ŋutsu sia dzi 100%, alegbegbe be Ede Eƒe nuwuɣi Ɖoɖo gã la eƒe asiwo me. Ena eyama…MISE, ENA EYAMA Eƒe nyaɣaɣlawo ƒe Ɖeɖefia ŋutsu ma. Ena ŋutsu ma nusiwo womeŋlɔ gɔ hã o ƒe Ɖeɖefia. Egblɔ be nukake wògblɔ le anyigba dzi la nɔ vevie alegbegbe be, Wole gbeɖiɖi ma ke gbugbɔ gblɔ ge le dziƒo.

Ɖikeke aɖeke meli o be Mawu dɔ ŋutsu siwo yɔ fũ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le xexe sia me. Gake ŋutsu siawo dometɔ ɖe sia ɖe, togbɔ be woyɔ fũ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, wotɔ mate ŋu dzɔ o fãa. Mawu meɖona kpe nusi gblɔm wole dzi be enye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi, hegblɔ na mi be miaxɔ Nya ɖe sia ɖe dzi se o. Ame ɖeka koe li si si tɔtete le tso Mawu gbɔ, Eƒe dɔla gbedeasitsɔla adrelia ye.

Miate ŋui, eye elebe, pastɔ nanɔ miasi. Gake ne pastɔ ma mele egblɔm na mi be MAWU ƑE GBE le nyaƒokawo dzi yenye GBE VEVIETƆ SI WÒLE BE WOASE, eye wòde GBÃ miaƒe ŋkume esime wòanɔ esem kpli mí, menye anɔ gbɔgblɔm na mi ko be esiae nye nusi nyagblɔɖila gblɔ o la, pastɔ gbegblẽtɔ yema le miasi.

Amekakee le miakplɔm la, ne gɔ hã miele gbɔgblɔm be Gbɔgbɔ Kɔkɔe ye wònye la, anyo na mi wu be mianɔ ɖeka wɔm kple Gbedeasi sia, Gbe Ma, abe alesi Wònye Gbe Ɖeka si te ŋu gblɔ be, “MENYE MAWU ƑE GBE NA MI”.

Ne woɖo mi ɖi be Miakpɔe la, miele Ekpɔ ge. Ne mele nenema o la, miele ekpɔ ge gbeɖe o; womeɖo mi ɖi be miakpɔe o.

Míekpɔ dukɔwo le ɖeka wɔm, míekpɔ xexeame le ɖeka wɔm, míekpɔ hamewo le ɖeka wɔm. Míekpɔ Ŋugbetɔa le ɖeka wɔm, le ɖeka wɔm kple Nya la. Nukaŋutie? Nya lae nye Mawu. Eye esi Nya la…Esi Ŋugbetɔsrɔ̃la (nye Nya la), eye Ŋugbetɔla (nye Nya la sela), Woƒo ƒu le Ɖekawɔwɔ me. Wowɔ ɖeka abe srɔ̃ɖeɖe ene. Mikpɔea, Wole dzadzram ɖo na srɔ̃ɖeɖe, eye Wo—Wozu Ɖeka. Nya la zu wò, wò èzu Nya la. Yesu gblɔ be, “Le ŋkeke ma me miadze sii. Nusi katã Fofo la nye la, Menyee; eye nusi katã Menye la, mienyee; eye nusi katã mienye la, Menyee. Le ŋkeke ma me la miadze sii bena Mele Fofo la me, Fofo la le Menye, Nye hã mele mia me, eye miawo miele Menye.”

Mele miakpem be miava wɔ ɖeka kpli mí le Mawu ƒe Gbe ŋu Kɔsiɖa sia gbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase, Ɖekawɔwɔ Ƒe Ɣeyiɣi Kple Dzesi 63-0818.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na takpekpe la:

Psalmowo 86:1-11
Mateo kɔkɔe 16:1-3

23-1119 Kristo Yenye Mawu Ƒe Nyaɣlaɣla Si Woɖe Fia

Gbedasi: 63-0728 Kristo Yenye Mawu Ƒe Nyaɣlaɣla Si Woɖe Fia


BranhamTabernacle.org

Nyagblɔɖila Ƒe Dzi Ƒe Lɔlɔ̃tɔ Vevietɔ,

Woawoe nye a—amesiwo wodi na Wò, to Gbɔgbɔ la kple to Nyateƒe ƒe Nya la dzi. Eye mele gbedom ɖa be Nàyra wo, Aƒetɔ, eye léwo ɖi ɖe du kplikplikpli kple Kristo ƒe lɔlɔ̃ ƒe bablawo.

Midzraɖo, míele yayrawo, amisisiwo kple Ɖeɖefia xɔ ge wu tsã. Míele woŋkɔ sem le míaƒe luʋɔwo me, nane le mɔ dzi gbɔna. Game la su. Míele dzidzɔ me alegbegbe hele mɔkpɔkpɔ gãwo me. Ŋugbetɔ la le xexea katã me le ƒuƒom be yease Gbedeasi aɖe si le míakɔ ge yi kɔkɔƒe yeyewo, aɖayɔ mí fũ, agayɔ mí fũ, eye emegbe la agbugbɔ yɔ mi fũ kple Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe tso Mawu ƒe fiazi la me.

Ŋɔŋlɔ le eme va ge. Toklãnana va me. Ʋɔŋudɔdrɔ̃ tu aƒe. Aƒetɔ la gbɔna be yeayɔ Yeƒe Ŋugbetɔ yiɖe míaƒe Srɔ̃ɖeɖe Zã la me. Yɔyɔ mamlea ɖi. Mawu ƒe vava va ɖo. EGBƆNA NA MÍ.

Míenye Eƒe Nuku si woɖoɖi si le Ekpɔm helɔ̃ Xɔe. Wogbã míaƒe nuvɔ̃wo, wobu. Wogeɖe Yesu Kristo ƒe Ʋu ƒe nuŋlɔtsi me, eye mele be woagaɖo ŋku wo dzi gbeɖe o. Mawu ŋlɔ WOKATÃ be. Míele tsitre abe Mawu ƒe viŋutsu kple vinyɔnu, le Mawu ƒe ŋkume ene. Míenyee FIFIA…menye miavanyee o; míenye Mawu ƒe viŋutsuwo kple vinyɔnuwo.

Míele dzesi dem nu ɖeka, NYA LA. NYAƑOKAWO. GBEDEASI SIA. Wole ɖeka.

Eye zi ɖeka ake, ɣeyiɣi aɖe koe nye esi, esime Ètsɔ ŋutega la fia, agbadɔ sue la le afisia, kuɖe woadzra Nuɖuɖu la ɖi, bena ɣeyiɣi aɖe gbɔna esime wole esia katã hĩa ge ŋu… “Dzra Nuɖuɖu sia ɖi ɖe afisia na ɣeyiɣi la.

Ɣeyiɣi lae nye esi. Nuɖuɖu lae nye Esi. Míawoe nye dukɔ la. Ɖeɖefia la le Míasi.

Bubuwo ate ŋu da Nyaƒoka Subɔsubɔdɔ la ƒe asixɔxɔ ƒu. Míawo ya o. Míaƒe agbewo ye, enye nu sia nu na mí. Ewu agbe na mí. Ne míeɖo biabia aɖe kuɖe nane ŋu la, míeyina ɖabiana ame aɖe be neɖe egɔme na mí, alo wòadii na mí o. Ɖeko míewɔna tututu abe alesi Mawu ƒe dɔla fia mí be míawɔe ne míele nugɔmesem o alo ne biabia aɖe le míasi ene.

Ɖee miese egɔmea? Ne mieda ƒu la, mitrɔ gbɔ va nyaƒoka sia gbɔ ake. Nyemenya va sẽ ɖe ɣekaɣie maganɔ anyi kpli mi o. Miɖo ŋku dzi, Nyateƒe lae nye esi, kuɖe ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI ŋu. Nyateƒe Lae. Ŋɔŋlɔ lae Wònye.

Ne mieda ƒu la, mitrɔ gbɔ va nyaƒoka la gbɔ.

Migakpɔ dziku ɖe míaŋu o, nusi WÒGBLƆ lae ma…KPEƉE, esiae nye ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI ƑE NYATEƑE la ŋu. Megblɔ be Eƒe akpa aɖe, Eƒe ɖe, alo ne ame aɖe ɖe nusi nye Nya si wosi ami na kple esi menyee o la o. NYAƑOKAWO NYE ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI.

Ɖewomahĩ miate ŋu Lée, alo ase Egɔme o alo womekpɔ Ɖee fia mi haɖe o. Gake na míawo ya la, nusi gblɔm WÒLE na mí to Eƒe nyagblɔɖila dzi yenye esi.

Ènya alesi ègblɔa nuwo na srɔ̃wò, nyɔnuvi sue si ɖe ge nàla la. Èlɔ̃nɛ alegbegbe, ɖeko ègblɔna nyaɣaɣlawo nɛ, eye nènana wònɔa wò axadzi, eye wòlɔ̃na wò kple nu sia nu. Mienya alesi wòle.

Nusi Mawu, Kristo, le wɔwɔm na Hame lae ma. Mikpɔea? Ena Wòle nyaɣaɣlawo nyam, nyaɣaɣlawo ɖeɖeko. Menye ahĩadzela siawo o; Esrɔ̃a Ye gblɔm mele.

Ke ɖeko míele Wokatã xɔm de eme ko. O alesi gbegbe Ŋugbetɔ aɖe dzɔadzi hetina dzodzodzoe doŋgɔ na eƒe srɔ̃ɖeɖe tututu. Bebli hafi míate ŋu zi kpoo. Míele minitiawo ɣlẽm…. aɖabaƒoƒoawo. Eyi edzi kpɔtɔ le egblɔm na mí ɖe dzi kple ɖe dzi ko alesi gbegbe Wòlɔ̃na mí.

Satana kpɔtɔ le ƒoƒom ɖe míadzi wu tsã ŋutɔ, gake nusi medzra ɖo ɖi na o la, yenye be fifia la míe NYA amesiwo míenye. Ɖikeke aɖeke megali o, MÍAWOE NYE NYA SI WOƉE GBLƆ LA. Míate ŋui, eye míele ewɔm, le Nya la ɖem le gbɔgblɔm. Ŋuɖoɖo le míasi na Satana. Mawu ɖo kpe Eɖokui dzi. Míenye Eƒe Nya gbagbe la eye míele nuƒom kple tɔtete si Wòna mí la.

Azɔ Yenye esia egbe, le Eƒe Nya me, le numake si Wòwɔ le afima la ɖem ɖe go. Mate ŋu de dzesi tanyenye bubu aɖeke o. Kpao, amegã. Bishɔf aɖeke meli o, naneke kura o. Ele dzesi dem Tanyenye ɖeka, Kristo ye ma, eye Kristo yenye Nya la. Oo, míatɔwo! Whew! Melɔ̃a ema. Uh! Ẽ, amegã.

Míenye Fiaɖuƒe aɖe me tɔ, ke Fiaɖuƒe lae nye Mawu ƒe Nya si zu Gbɔgbɔ kple Agbe le míaŋutɔ ƒe agbe me. Le esiata, míenye Eƒe Nya gbagbe la.

Le nyateƒe me la esia le nyawo KATÃ gblɔm xɔ̃nyewo, NE ƉEƉEFIA VAVÃTƆ LA LE MIASI BE MIAXƆE EYE MIAXƆE SE.

Mide dzesi azɔ, míwɔ ɖeka ɖe du le Tanyenye ɖeka te, abe, gbaɖegbe Israel ene. Azɔ miele egɔme sema? Abe gbaɖegbe Israel ene; Mawu ɖeka, si dzi woɖo kpe kple Dzo Lilikpo, eye Wòɖe Eɖokui fia to nyagblɔɖila aɖe dzi, be wòanye Nya la. Mawu ma ke, Dzo Lilikpo ma ke, le nɔnɔme me ma ke dzi; Mate ŋu trɔ Eƒe mɔ o. Enye be…Ede blibo ko alesi wòate ŋui.

Nyagblɔɖila la… mina esia negeɖe me. Mawu ɖeka, si dzi woɖokpe kple Dzo Lilikpo, to nyagblɔɖila aɖe dzi, be enye Nya la na ŋkeke ma, eye Mate ŋu trɔ o.

Mate ŋu ayi dzi agayi dzi, eye míate ŋu dzɔdzi aɖadeka kple numegbe ɖe numegbe dzi; eye míele ewɔ ge, le xexea katã me Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase: Kristo Yenye Mawu Ƒe Nyaɣaɣla Si Woɖe Fia 63-0728.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na takpekpe la:

Mateo kɔkɔe 16:15-17
Luka Kɔkɔe Ta 24lia
Yohanes Kɔkɔe 5:24 / 14:12
Korintotɔwo I ta 2lia
Efesotɔwo Ta 1
Kolosetɔwo Ta 1
Nyaɖeɖefia 7:9-10

23-1112 Mawu Meyɔna Ame Va Ʋɔnudɔdrɔ̃ Me Le Toklãnana Eyama Manɔmee Gbã O

Gbedasi: 63-0724 Mawu Meyɔna Ame Va Ʋɔnudɔdrɔ̃ Me Le Toklãnana Eyama Manɔmee Gbã O


BranhamTabernacle.org

Gaƒoɖokui Tometi sue, Tometi gã, Agbledela & Nyɔnu Aƒedzikpɔla Lɔlɔ̃tɔwo,

Nukake ye wònye si le Mawu si na mi be miawɔ la, dzikpɔkpɔ le miasi ɖe ema dzi. Elebe miana akɔŋta Mawu ɖe eta. Meka alesi futɔ la le gbɔgblɔm na mi be mieɖi naneke o la, miele vevie na Mawu alegbegbe be Eƒe wɔti gã la mate ŋu wɔ dɔ miawo manɔmee o.

Eyɔ mi, tia mi, ɖo mi ɖi, eye wòna mi Eƒe nuwuɣi ƒe Gbedeasi gã la ƒe ɖeɖefia. Eɖo ŋu ɖe miaŋu 100%. Miawoe nye Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ ŋutɔŋutɔ, Eƒe Dzi lɔlɔ̃tɔ, eye Wòlɔ̃na mi ŋutɔ.

Enana toklã madzudzɔmadzudzɔe amewo le dukɔwo katã me be, “Mitrɔ dzi me, alo miatsrɔ̃”, “Mitrɔ gbɔ va Nya la gbɔ”, “Midzraɖo, nane le dzɔdzɔ ge.” Ɣeyiɣi ma va ɖo mlɔeba. Mawu gbɔna na Eƒe Ŋugbetɔ la, tututu ko abe alesi Wòdo ŋugbe be yeawɔe ene. Eyɔ Eƒe Ʋufɔti la do go le ʋufɔti la me.

Geɖewo tra mɔ le Mawu ƒe nuwuɣi ƒe Gbedeasi gã la gbɔ egbea, le gbɔgblɔm be, “nusi wògblɔ be adzɔ la, meva me o. Nuwo katã le nenema ke. Dzidzimewoe va yi hafi Mawu ƒe nyagblɔɖilawo ƒe nyagblɔɖi geɖewo va me. Gake evame tso, tututu abe alesi wogblɔe ene. Nya ɖe Nya dzi.

Eƒe Biblia gblɔ na mí be: Abe alesi wònɔ le Noa ƒe ŋkekewo me ene la, nenema ke wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vava me”. Hafi Mawu nadɔ eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖa be yeatsrɔ̃ xexeame le tsiɖɔɖɔ ƒe agbenɔɣi gã ma me la, Mawu dɔ nyagblɔɖila aɖe ɖo xexeame. Nukae nyagblɔɖila ma wɔ?

Edzra amewo ɖi na ɣeyiɣi la. Noa dzra amewo ɖi, ke enye nublanuikpɔkpɔ ƒe yɔyɔ do ŋgɔ na ʋɔŋudɔdrɔ̃ la.

Noa dzra amewo ɖi hafi ʋɔŋudɔdrɔ̃ la va enawo toklã kuɖe eŋu. Enye Mawu ƒe Mɔ si wòta na ŋkeke ma.

Mawu ƒe nyagblɔɖila gblɔ na mí be Mawu metrɔna Eƒe ɖoɖo gbeɖe o. Nusi Wòwɔ le ɣeyiɣi ma me la, Egale ewɔm egbea. Ɖeko míele ANYI NƆ GE KPLE ƉOƉO SI MAWU NA EGBEA EYE MÍAZI PLAY.

Abe ɣeyiɣi ma me ene la, amewo gblɔna be míetena gbe ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖila dzi akpa; Gbɔgbɔ Kɔkɔe Wònye, menye William Branham ye o. Míegblɔna be, AMEN, menye amegbetɔ ƒe nyae sem míele o, nusi EYA GBLƆ ko sem míele.

Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae nye Nyagblɔɖila na gaƒoƒo sia; Ele kpe ɖom Eƒe Nya dzi, hele Eɖem fia. Gbɔgbɔ Kɔkɔe nye Nyagblɔɖila le Mose ŋɔli. Gbɔgbɔ Kɔkɔe nye Nyagblɔɖila le Mixa ŋɔli. Gbɔgbɔ Kɔkɔe, si ŋlɔ Nya la, va heɖo kpe Nya la dzi.

Gake Nɔviŋutsu Branham gblɔ na mi kɔsiɖa si va yia me pɛ be;

Azɔ, mikpɔea, mikpɔ nyuie kokoko na nusi sem miele la. Mikpɔea? Geɖewo le eme akpa wɔe bena amegbetɔ ƒe akpa ko wònye

Nyemegblɔe bena Aƒetɔ la gblɔ ema nam o. “Me” xɔese, mikpɔea. Eye mexɔese be mele be woawɔe o.

Na nye kple nye aƒe ya, matsɔ nusi Mawu ƒe dɔtsɔla kple gbedeasitsɔla adrelia XƆNASE, SUSUNA ALO GƆ HÃ SENA LE EƉOKUI ME le mawunyagblɔla, bishof alo ame bubu ɖe sia ɖe ta me.

Amekae Mawu dɔ kpɔ be wòadrɔ̃ ʋɔŋu nusi Yeƒe nyagblɔɖila xɔase, sena le eɖokui me alo susuna gɔ hã be wogbɔɖe me alo womegbɔ ɖe eme o hã?…Mina magblɔ amesi mesusu be eyae la na mi.

Mikpɔ Kora, le ŋkeke siwo me Mawu dɔ Mose kple gbedeasi ɖa la ɖa, ke Kora kple Datan bu susu, va Mose gbɔ, hegblɔ be, “Azɔ, lala vie, ele gbe tém ɖe ɖokuiwò dzi akpa! Èsusui be wòenye kpe ɖeka si le aƒua ta; kpakpaxe si le ba me, woénye ɖeka si li. Mana nànyae be ame bubuwo li siwo hã le, kɔkɔe!”

Toklãnana, ʋɔŋudɔdrɔ̃ tu aƒe. Mitrɔ gbɔ va GƆMEDZEDZE NYA la gbɔ. Mitrɔ gbɔ va Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe na míaƒe ŋkeke kpɔ. Mitrɔ gbɔ va Mawu ƒe nyagblɔɖila gbɔ. Gbedeasi sia, Eƒe Gbe. Elebe Wòanye GBÃTƆ kple nu vevietɔ la na mi.

Ɖikeke aɖeke meli be gbe, kple yɔyɔ le bubuwo si, be woaɖe gbeƒã aɖafia Gbedeasi sia o. Gake Nyaƒokawo, Gbe ma, elebe wòanye Gbe vevietɔ si miate ŋu se le miaƒe aƒewo me, miaƒe ʋuwo me, eye vevietɔ la, le miaƒe hamea me, ne miedi be mianye Mawu ƒe Ŋugbetɔ.

Miva se Gbe ma kpli mí Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, le Jeffersonville ƒe game, esime Mawu ƒe nyagblɔɖila anɔ toklã nam xexeame bena Aƒetɔ la ƒe vava tu aƒe. Esia ate ŋu anye zi mamletɔ la.

Nɔvi. Joseph Branham

Mawu Meyɔna Ame Va Ʋɔnudɔdrɔ̃ Me Le Toklãnana Eyama Manɔmee Gbã O.
63-0724

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na takpekpe la:

Yesaya 38:1-5
Amos Ta 1

23-1105 Etsɔa Ɖe Le Eme. Ɖee Mietsɔa Ɖe Le Mea?

Gbedasi: 63-0721 Etsɔa Ɖe Le Eme. Ɖee Mietsɔa Ɖe Le Mea?


BranhamTabernacle.org

Nyanyuie Vi Lɔlɔ̃tɔwo,

Míawoe nye dukɔ yayratɔ kekeake si zɔ le anyigba dzi kpɔ. Gɔ hã ɖe ɖee míate ŋu dze Mawu ƒe dɔla kple gbedeasitsɔla adrelia ŋu bubu be wòle nya siawo gblɔm na mí be:

Melɔ̃a mi. Oo, melɔ̃a mi abe ɖee mienye nye ŋutɔ vinyewo ene, eye mienye vinyewo le Nyanyuie la me. Medi mi na Kristo, to Nyanyuie la dzi.

Mawu léa be na mí alegbegbe be Edɔ Eƒe nyagblɔɖila si dzi woɖo kpe ɖe mí kple Dzo Lilikpo ƒe dzesi be yeana míanya be menye ame sia ko wònye nɔ zɔzɔm kpli mí o, gake Mawu wònye nɔ etame tututu. Eyae nye Amesi le mɔa ŋgɔ.

Le esi Wòléa be na mí ta, hafi ʋɔŋudrɔdrɔ̃ gã nava la, Edzra mɔ aɖe ɖo ɖi na mí alebe míavo tso ʋɔŋudrɔdrɔ̃ siwo katã gbɔna la si me. Sisimɔ ma la, míawo Ametitiawo, ɖeɖeko tɔe. Míawoe nye amesiwo lɔ̃ xɔ Agbekui sia. Míawoe nye amesiwo woɖoɖi be Míakpɔe. Míawoe nye amesiwo si nyaƒoka subɔsubɔdɔ gã sia ƒe Ɖeɖefia le.

Eku ɖe subɔsubɔdɔ sia ta. Eku alebe Gbɔgbɔ Kɔkɔe ate ŋu anɔ afisia le ŋkeke sia me be yeafia nusiawo. Elé be na mi. Etsɔ ɖe le eme be Yeahee va afisia. Ekpɔ gbɔ be yeawɔ nyameʋuʋu la. Etsɔ ɖe le eme elabena Elɔ̃ mi. Etsɔ ɖe le eme alegbegbe be yeawɔe, be yeadɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖa na esia, be yeawɔ subɔsubɔdɔ sia egbea.

Ne woɖo mi ɖi na Agbe Mavɔ la, miele Ese ge eye miakpɔ dzidzɔ le Eme. Miaƒe Akɔfafa ye. Nusi miedi vevie le miaƒe agbe blibo la me lae. Adzagba xɔasi ma ye. Míegblẽ nu sia nu ɖi ɖe Gbedeasi sia, Gbe sia ta. Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo wònye le nuƒom na mí.

Mele be ame aɖeke na wɔ na mí abe vidzĩ míenye ene o, XƆSETƆWOE MÍENYE, naneke meli si ate ŋu Xɔe ɖa le míagbɔ o. Míetsɔ ɖeke le me na nusi gblɔm ame aɖe le o, míexɔ Nya ɖe sia ɖe dzi se.

Eléa be na mí alegbegbe; ne míehĩa dɔyɔyɔ la, ɖeko míexɔa Eƒe Nya dzi sena tso míaƒe dzi me ke. Ekema meka nusi ɖɔkita gã aɖe, nusi akɔfala aɖe, nusi dɔyɔla aɖe, nusi dɔyɔƒe aɖe, nusi dodokpɔ aɖe agblɔ o la, ɖeko míexɔna Eƒe Nya dzi sena. Ɖeko Míenyae! Mehĩa be woagagblɔ nu bubu aɖe kuɖe Eŋu o; Míenyae.

Elé be na mí alegbegbe be Wòna Eƒe nyagblɔɖila dzra Nuɖuɖu ɖi na Eƒe Ŋugbetɔ. Ena nufiame pastɔ, osɔfo, kple ame ƒe hatsotso ɖe sia ɖe le xexea katã me gɔ hã be woawɔ ɖe eƒe nufiameawo dzi eye woaƒo nyaƒoka siawo le woƒe ƑUƑOƑE alo hatsotsowo me.

Ne mi ameawo awɔ esia ŋdi sia ko, amesiwo ta wole gbedoge ɖa ɖo, kple mi amesiwo le nyaƒoka sia sem, le xexea katã me, ke ne woƒo nyaƒoka sia vɔ, eye osɔfo alo amesi le eƒom le ƒuƒoƒe aɖe me, le hatsotsowo me le egodo le avetsuwo me alo afikake miele, amesiwo le eƒom la, miawɔ miaƒe nyameʋuʋu eme nakɔ gbã, ke emegbe la miva kple naneke le miaƒe dzi me kura o, negbe xɔse, eye woado gbe ɖa ɖe miata, ele me be, Atike la awɔ dɔ.

Mesusui be míaƒe nyahelawo gblɔna be nyagblɔɖila MEGBLƆ KPƆ be woaƒo nyaƒokawo le hame me o ɖe? Menye le woƒe hameawo me ɖeɖeko wògblɔ o, gake le avetsuwo me alo AFIKAKE miele la…MIƑO NYAƑOKAWO.

Ne miaɖo to awɔ nusi tututu Mawu gblɔ to Eƒe dɔla gbedeasitsɔla adrelia si dzi woɖo kpe dzi la, ekema miawo hã XƆSE gãtɔ si ate ŋu su miasi la ate ŋu su miasi.

Me, me… gbã la, eye be woate ɖe esia ŋu la, elebe woasi ami na nyaselawo kple xɔse. Mi—mi, ne xɔse mele miasi o la, ekema mehĩa—mehĩa gɔ hã be miava be woado gbeɖa ɖe miata o, elabena ahĩa na miaƒe xɔse kple nye xɔse ɖe du; nye xɔse be maxɔ Eyama dzi se, miaƒe xɔse be miaxɔ Eyama dzi se.

Míaŋutɔ míelé ebum ko be, alo le egblɔm ko, alo le mɔkpɔm be nenemae wòle o. Nyaƒokawo nye Mɔ si Mawu na na egbea. Menye ame aɖe si woyɔ be William Marrion Branham ƒe nyawoe o, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Nya siwo woɖe fia ye. Eyae wònye madamadatɔe, “Amen!” Míaƒe tɔɖoƒe ye. Enye Nyateƒe la ke Nyateƒe la ɖeɖeko sɔŋ.

Ke ne miekpɔ Mawu ƒe Tɔɖoƒe, Eƒe Nya, ŋugbedodo aɖe le nane ŋu la, elebe mianyae gbã be Mawu ƒe Nya wònye, be nusi kpɔm miele wole wɔwɔm la nye Mawu. “Ewɔ abe nenemae, ate ŋu anyee, edze abe ate ŋu nyee fãa” aɖeke meli—meli o—meli o.” “Mawu ye Wònye!” Ekema ne mieva ɖo ɖoƒe ma la, ekema Adzagba xɔasi lae ma, elebe miate ɖa le nu sia nu si ame bubu aɖe le gbɔgblɔm na mi si tovovo Nɛ la gbɔ. Mele be miakpɔ nusi amegbetɔ wɔ dzi o.

Míele LƆLƆ̃ GÃ ƑE AZÃ GÃ aɖe ɖu ge Kɔsiɖagbe sia. Míele nusi tututu Mawu ƒe dɔla kple gbedeasitsɔla adrelia si dzi woɖo kpe gblɔ na mí be míawɔ la wɔ ge: Míazi Play eye míawɔ ɖe edzi.

NUKAKE míehĩa la, míele exɔ ge. Míele Exɔ ge elabena míele míaƒe xɔse tsɔ ge akpe ɖe EƑE XƆSE ŋu be míaxɔ Eyama dzi se. Emegbe la míakatã míele gbɔgblɔ ge be:

Tso ɣeyiɣi sia dzi la, nane le nye dzi me le gbɔgblɔm nam bena nye xaxawo ŋu tso. Me—mehaya, mahaya”? Ɖee miexɔe sea? Mido miaƒe asiwo dzi, “Mexɔ Ema se!” Mawu ne yra mi.

Le esime Mawu tsɔa ɖe le me ta, mele miakpem be miava wɔ ɖeka kpli mí; alo mele dzidem ƒo na miaƒe pastɔ, miaƒe ŋgɔnɔla, be wòakplɔ nyagblɔɖila ƒe nufiameawo ɖo, eye wòase Mawu ƒe dɔla adrelia wòagblɔ Mawu ƒe Nya eye miaxɔ nukakee miehĩa, Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game esime míase: 63-0721 Etsɔa Ɖe Le Eme. Ɖee Mietsɔa Ɖe Le Mea?

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na takpekpe la:

Yohanes Kɔkɔe 5:24 / 15:26
Petro I 5:1-7
Hebritɔwo 4:1-4

23-1029 Gatɔ

Gbedasi: 63-0717 Gatɔ

PDF


BranhamTabernacle.org

Gaxɔmenɔtɔ Lɔlɔ̃tɔwo,

Agbe si nɔm miele fifia la aɖe agbe si mianɔ ɖe mienɔ agbe le Noa, alo Mose ƒe ŋkekewo me, elabena gbɔgbɔ ma kee xɔ mi do. Gbɔgbɔ ma ke si le miame fifia la nɔ amewo me le ɣeyiɣi ma me.

Ɖee mienɔ agbe le Noa ƒe ŋkekewo me la, ameka ƒe akpa dzi mianɔ le ɣeyiɣi ma mee? Ɖee miage ɖe tɔdziʋu la me kple Noa anɔ exɔm nɔ sesem be eyae nye amesi Mawu tia be wòatu aɖakaʋu la eye wòakplɔ amewo, loo ɖee miagblɔ be, “Nye hã mate ŋu atu aɖakaʋu. Nye hã menye tɔdziʋuƒetɔ nyuie kple tɔdziʋutula”?

Kae kuɖe ɖee mienɔ agbe le Mose ƒe ŋkekewo me ŋu? Ɖee mianɔ anyi kple Mose aɖaxɔe se be eyae nye amesi Mawu tia be wòakplɔ amewo, loo ɖee miadzo ayi kple Datan kple Kora esime wogblɔ bena “Míawo hã míele kɔkɔe, nane le míasi be míagblɔ. Mawu tia míawo hã.”?

Elebe míadometɔ ɖe sia ɖe natia, egbe sia, le ku kple agbe dome.
Nyemetsɔ ɖeke le me na akpa si dzi ebe yele o. Nusi wɔm nèle, gbe sia gbe la, ɖoa kpe nusi nènye la dzi. Míele Play Zim GBE SIA GBE.

Ɖee nèle Nya me gbe sia gbea? Ɖee nèle gbedom ɖa, le Aƒetɔ la ƒe Lɔlɔ̃nu deblibo dim le nu sia nu si nèwɔna mea? Ɖee nèle play zim hele Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe la sem gbe sia gbea? Ɖee nèxɔe se be ele vevie kutɔkutɔe be Woazi Play mahã? Ɖee nèxɔe se be Gbe ma si le nyaƒokawo dzi la nye Mawu ƒe Gbe na egbea?

Na míawo ya la, ŋuɖoɖo lae nye Ẽ. Míele egblɔm na xexeame be míenye Mawu ƒe Nya, Eƒe Gbedeasi la, Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe na míaƒe ŋkeke la ƒe Gaxɔmenɔtɔwo. Ẽ, míexɔ Play Zizi dzi se kple míaƒe dzi blibo. Ẽ, míexɔe se be woyɔ hame ƒe agbenɔɣi 7lia ƒe gbedeasitsɔla be wòakplɔ Ŋugbetɔ la. Ẽ, Gbe ma si le nyaƒokawo dzi la nye Gbe vevietɔ si wòle be woase.

Mawu ƒe Lɔlɔ̃ La, Eƒe Gbe, Gbedeasi sia tri akɔ alegbegbe, enye Ɖeɖefia tɔgbe aɖe na mí, si Gbɔ míate ŋu ate ɖa le o. Míezu Eƒe Gaxɔmenɔtɔ.

Míedzra nububu ɖe sia ɖe. Meka nusi ame aɖe le gbɔgblɔm o la, Wotsɔe de numega na mí. Nane kuɖe Eŋu wɔe be ɖeko míate ŋu te ɖa le Egbɔ o. Míaƒe agbewo ƒe dzidzɔ ye ma. Míate ŋu nɔ agbe Esia manɔmee o.

Dzi le míadzɔm alegbegbe, míede akpe alegbegbe, míele adegbe ƒom alegbegbe be míenye Aƒetɔ la kple Eƒe Gbedeasi la ƒe gaxɔmenɔtɔ; elabena ɖekae wole. Ewu agbe na mí. Gbesiagbe la eme le kɔkɔm na mí wu hele nu vavã zum na mí wu bena míenye Eƒe Ŋugbetɔ la. Míele Eƒe Lɔlɔ̃nu deblibo me. Míate ŋu aɖe Nya la agblɔ, elabena míenye Nya si zu ŋutilã.

Míetsa ka kple nububu aɖeke o negbe Kristo kple Eƒe Gbedeasi la na gaƒoƒo la; neganye mía fofo ŋutɔ hã, mía da, míanɔviŋutsu, míanɔvinyɔnu, míasrɔ̃ŋutsu, míasrɔ̃nyɔnu, ame ɖesiaɖe. Kristo ɖeka ko míetsa ka kple, eye Eya ɖeka ko. Míetsa ka kple Gbedeasi sia, Gbe sia eye míele Eƒe kɔkuti te, elabena enye Mawu ƒe Mɔ si wota na ŋkeke sia, KE MƆ BUBU AƉEKE MEGALI O.

Míeganye gaxɔmenɔtɔwo na míaŋutɔwo ƒe ameti ɖokuitɔdilawo, na míaŋutɔwo ƒe nugãwo didi o. Míetsɔ míaɖokuiwo na keŋkeŋ eye míele Eƒe kɔkuti te. Meka nusi xexeame ƒe susɔe le wɔwɔm o, wotsɔ lɔlɔ̃ ƒe kɔsɔkɔsɔwo de mí Eƒe kɔkuti kple Eƒe Gbe te.

Míele akpedam alegbegbe be míenye Gaxɔmenɔtɔwo. Gblɔe nam, Fofo, nusi wòle bena mawɔ gbesiagbe ƒe miniti ɖe sia ɖe ƒe aɖabaƒoƒo ɖe sia ɖe. Na Wò Gbe wòafia nu mí le nusianu si míewɔna, si míegblɔna, kple alesi míeɖena zɔ me. Míedi be míanya naneke o negbe Wò.

Va eye woade ga nume na wò kple Mawu ƒe Nya kpakple Eƒe Gbe Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase alesi míawɔ azu: Gaxɔmenɔtɔ 63-0717.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ

Filemon 1:1: Paulo Yesu Kristo ƒe gaxɔmenɔto, kple Timoteo míanɔviŋutsu, ɖo ɖe Filemon mía lɔlɔ̃tɔ kple hadɔwɔla.

Nyanyanana: Nɔviŋutsu Branham, míe LƆ̃NA alesi nèyɔna Filemon, EDEBLIBO na Ŋugbetɔ la.

23-1022 Nukata Nèle Ɣlidom? Ƒonu

Gbedasi: 63-0714M Nukata Nèle Ɣlidom? Ƒonu


BranhamTabernacle.org

Mawu Ƒe Agbadɔ Lɔlɔ̃towo,

Menye Eƒe Hame. Mienye Eƒe Hame. Míenye Agbadɔ si me Mawu nɔna. Míenye Mawu gbagbe la ƒe Agbadɔ; Mawu gbagbe le agbe le miaƒe ameti la me. Míaƒe zɔɖeɖewo nye Mawu ƒe zɔɖeɖewo. Ŋutikɔkɔe!!

Míakatã míele ƒuƒom ɖe du, le teƒe suewo le xexea katã me; míakatã míele vavam le Mawu ƒe Gbe la ŋu, Eƒe Nya na egbea.

Edzeanyi alegbegbe. Babla ɖe naneke ŋu o, negbe ɖe Yesu Kristo kple Eƒe Nya ŋu. Yenye Ema, ekpan. Míele anyinɔm ɖe du le Dziƒo nutowome esime Mawu ƒe Gbea ŋutɔ le míawɔm blibo.

Míele mɔdzi yina ɖe nuwuwu. Míakatã míeyina ɖe Ŋugbedodo Nyigba la dzi. Míadometɔ ɖe sia ɖe! Èɖanye nyɔnu aƒedzikpɔla, ɖetugbui sue, nyaga ɖeɖi, amegã ɖeɖi alo ɖekakpui la, nukake nènye la, míakatã míele yiyim. Míadometɔ aɖeke mele anyi tsi ge o. Míadometɔ ɖe sia ɖe le yiyim, eye “míele te tɔ ge ɖe naneke ta o.”

Míexɔe se be elebe míakatã míanɔ du. Yesu Kristo ƒe Ŋutilã ƒe hatsotso gã ɖeka si wɔ ɖeka, le lalam kpɔ ŋutikɔkɔe ƒe Vava ma. Mele be míama o, gake ame dzo ɖa le Nyanyuie la ƒe nufiafia ƒe mɔ nyuie la dzi.

Elebe mɔ aɖe nanɔ anyi si afia esi le eteƒe kple esi mele eteƒe o. Eye mɔ ɖeka si miate ŋu tsɔ awɔe gbeɖe la, yenye be migatsɔ gɔmeɖeɖe aɖeke kpeɖe Nya la ŋu o, Mixlẽe alesi Wòle ko eye Mixɔesee nenema. Ame sia ame le eŋutɔ ƒe gɔmeɖeɖe gblɔm, eye ena Wòle nane si tovovo gblɔm. MAWU ƑE GBE ƉEKA koe LI NA ŊUGBETƆ LA. MIZI PLAY!

Mele egblɔm le nyaƒoka sia dzi, kple na nyasela siawo, mele esia gblɔm le Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe gbɔgbɔɖeameme te be: Amesi le Aƒetɔ ƒe akpa dzi la, neva Nya sia te!

Gbe aɖe le Nya na míaƒe ŋkeke la si. Míaƒe nyagblɔɖila yenye Gbe ma. Gbe Ma yenye Nya gbagbe na míaƒe ŋkeke la. Woɖo mí ɖi be míase Gbe ma eye be míakpɔ gaƒoƒo sia, ke naneke mele mɔ xe ge na mí le Gbe ma ƒe sese ta o.

Míaƒe xɔse le Ekpɔm eye wòtiana be Yeasee meka nusi gblɔm ame aɖe le o. Míeɖea ŋku kpɔna mɔ bubu aɖe dzi o. Míelé míaƒe ŋkuwo maʋamaʋa ɖe Nya la dzi eye míele to dzi na Gbe ma.

Le ɖokuitsɔtsɔ me na Wò Aƒetɔ, tso míaƒe dziwo me de Wò Tòwo gbɔ la, esiae nye míaƒe gbedodoɖa vevie.

Bena míaƒe agbewo natrɔ, tso egbe sia dzi yi, bena míaƒe susuɖe nanyo geɖe wu. Míadze agbagba be míanɔ agbe le tufafa kple bɔbɔenyenye aɖe tɔgbe, be, míanɔ exɔm nɔ sesem be nusi míebia Mawu la, Mawu atsɔe na ame sia ame. Eye míele nya vɔ̃e aɖeke gblɔ ge ɖe míanɔewo ŋu, alo ɖe ame aɖeke ŋu o. Míele gbedoge ɖa ɖe míaƒe futɔwo ta eye míalɔ̃wo, awɔ nyuie na amesiwo wɔa baɖa na mí. Mawu ye nye Ʋɔŋudrɔ̃la kuɖe amesi tɔ dzɔ kple medzɔ o ŋu.

Mele miakpem be miava eye miasi ami na miaƒe Xɔse le Mawu ƒe Gbe sese me kpli mí Kɔsiɖagbe, le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase: Nukata Nèle Ɣlidom? Ƒonu 63-0714M

Nɔvi. Joseph Branham

23-1015 Fɔ̃bubu & Kɔmunĩɔ

Gbedasi: 63-0707m Fɔ̃bubu
Gbedasi: 63-0707e Kɔmunĩɔ


BranhamTabernacle.org

Aƒeme Hame Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Mina míakatã míaƒoƒu ɖe du eye míase Gbedeasi, Fɔbubu La 63-0707m, Kɔsiɖagbe sia le fĩeɣi ga 5 me, Jeffersonville ƒe game.

Mina míadzra míaɖokuiwo ɖo emegbe na gomekpɔkpɔ kɔkɔe sia be míama Aƒetɔ la ƒe Fĩeɣi nuɖuɖu le míaƒe aƒewo me le Gbedeasi la megbe esime míase 63-0707e Kɔmunĩɔ La. Emegbe la míawɔ Kɔmunĩɔ kple afɔkɔklɔ takpekpeawo ŋuti dɔ le eyome. Abe Fɔbubu La ke ene la, wole Kɔmunĩɔ la hã ƒe nyaƒoka ƒo ge le Voice Radio dzi (le Eŋlisigbe me ɖeɖeko), saŋku ƒe gbeɖiɖi adze eyome, numegbe aɖe si akplɔ ame geɖe afɔkɔklɔ me, kple Nyanyuie la ƒe Hagbewo, abe alesi míewɔnɛ kokoko na Aƒeme Kɔmunĩɔ takpekpewo ene.

Le gɔme le afisia la miakpɔ mɔŋu siwo dzi miato axɔ/aɖa Kɔmunĩɔ wein kple abolo la.

Mele akpedam alegbegbe be Aƒetɔ ta mɔ aɖe na mí be míakpe fiawo dzi Fia va míadometɔ ɖe sia ɖe ƒe aƒewo me hena ŋkeke tɔxɛ aɖe ŋutɔ kple Eyama. Kakaɖedzitɔe la mele mɔkpɔm be madogo miawo katã le Eƒe Kplɔ̃ la ŋu.

Mawu neyra mi,

Nɔviŋutsu Joseph Branham

Instructions for Baking Bread / Making Wine

Instructions to obtain Communion Wine / Feet Washing Bins

23-1008 Ɖee Wò Agbe Dze Na Nyanyuie Laa?

Gbedasi: 63-0630E Ɖe Wò Agbe Dze Na Nyanyui Laa?

PDF


BranhamTabernacle.org

Mawu Ƒe Nyagblɔɖila Ƒe Alẽha Lɔlɔ̃tɔ,

Mina míado gbeɖa.

Dziƒo Fofo, alegbegbe míeda akpe be míega ƒoƒu ɖe du zi ɖeka ake le xexea katã me le Mavɔmavɔnyenye ƒe akpa sia. Be míanɔ susu ɖeka me kple alɔ̃ ɖe nu ɖeka dzi kpli Wò; be míase Wò Gbe wòaƒo nu na mí. Zi ɖeka ake la míele mɔkpɔm na ŋusẽ ƒe yeyewɔwɔ be wòava tso Gbɔwò, be nàna mí dzideƒo kple ŋusẽ hena mɔzɔzɔ si le ŋgɔgbe la.

Míele ƒuƒom ɖe du be míaxɔ Mana si nam wole mí. Gbɔgbɔme Mana ma si Wodzra ɖo ɖi be wòana mí ŋusẽ hena mɔzɔzɔ la. Eyae nye nu ƉEKA si ate ŋu lé mí ɖe te le ŋkeke siwo gbɔna me.

Ègblɔ na mí be, hafi Nàɖo Wò Hamea ɖoɖo me la, elebe Nàhemí va ɖe du, le teƒe ɖeka, kple tame ɖeka. Emegbe la Nàdɔ Wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖe mí hena amekpɔkplɔ; menye haƒoƒuwo ƒe aɖaŋuɖeha o, menye amewo ƒe hatsotso o, gake Wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe be wòaƒo nu na mí tso nume yi ɖe to me.

ȃo nu to Wò dɔla me hegblɔ na mí be:

“Medi be mianɔ anyi kple miaƒe pastɔ eye mianɔ anyi kple Nufiafia si fiam wole le afisia. Minɔ anyi kple Nya sia, migadzo le Egbɔ o! Minɔ anyi kple Nya la meka nusi vaa kple dzoa o, minɔ anyi kple Nya ma!”

Fofo, míele le wɔwɔm ɖe Wò Nya dzi hele anyinɔm kple míaƒe pastɔ la. Mawu ƒe Gbe na egbea ɖeɖekoe le Wò Nya dzadze si dzi wole kpeɖom kple si ɖe ɖe go na míaƒe ŋkeke la ɖem le gbɔgblɔm.

Ègblɔ na mí be abe alesi wònɔ le Sodom ƒe ŋkekewo me ene la, nenema ke wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe Vava me; bena nu evewoe le míakplɔ ge, eye xexeame ƒe susɔe aɖo nu eve. Woƒe nu evea woenye mawunyagblɔla eve.

Gake na Wò gbɔgbɔme Hamea, Wò ameɖoɖi, Ŋugbetɔ Aƒenɔ Tiatia la, míaƒe nu eveawo anye Wò, si woɖe ɖe go le amegbetɔ ŋutilã me, si le míakplɔm kple Dzo Lilikpo La.

Yawo neƒo sesiẽ fãa. Ahomwo netu fãa. Míele dedie, ɖaa. Míele dzudzɔm ɖe afima tututu le Wò Nya dzi. Game la va ɖo. Gbɔgbɔme ƒe dodo la ɖo. Míele zɔzɔm hele nuƒom kple Wò gbesiagbe, le Wò Gbe sem. Míele kadodo me kpli Wò eŋueŋu.

Míedi be míanye Wò Asiwo, Wò Ŋkuwo, Wò Aɖe. Wòenye weinti la, míenye Wò alɔdzeawo. Na mí ŋusẽ, Fofo, be míatse Wò ku. Míaƒe didi ɖeɖekoe yenye be míaɖo agbe aɖe si dze na Wò Nyanyuie la.

Ɖe Ɖokuiwò ɖe go to míame, Fofo, be míayi Wò dɔ la dzi aɖawu Wò ŋugbedodo Nya dzi. Míaƒe didi ɖeɖekoe yenye be míanye Wò gbedeasitsɔlawo na egbea, be míawu dzɔdzɔenyenyewo katã ŋu.

Míedi be míase Wò nàgblɔ na mí be:

Nye gbedodoɖa enye, na amesiwo le radio dzi alo esiwo le xɔa me…le nyaƒokawo ƒe nutowo me, kple amesiwo le teƒe sia. Amenuvevewo katã ƒe Mawu, si le Dziƒo, naklẽ Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe yayraa la ɖe mí katã mía dzi, ale gbegbe be, tso zã sia me dzi, heyina la, míate ŋu anɔ agbe si ŋu Mawu agblɔ le be, “Edze Ŋunye. Ge ɖe dzidzɔ Mavɔ si wodzra ɖo ɖi na wò tso xexeame ƒe gɔmeɖoanyi me ke la me.” Be Dziƒo Mawu la nadɔ Eƒe yayrawo ɖe mi amesiawo katã dzi.

ŊUTIKƆKƆE…míawoe nye ema Fofo, Wò Ŋugbetɔ la le Nyaƒoka Nyigba dzi. Vavã, Èle Wò yayrawo dɔm ɖe míadzi hele Wò Nya ɖem fia mí, le gbɔgblɔm na mí kple Gbedeasi ɖe sia ɖe si míesena be, edze ŋu Wò nyuie, MÍENYE WÒ ŊUGBETƆ.

Ne nèdi be yeaɖoto míaƒe pastɔ, Mawu ƒe pastɔ na xexeame amesi Wòdɔ ɖa be wòayɔ Eƒe Ŋugbetɔ do go aɖakplɔe la, va tu mí Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, be míase eyama wòagblɔ Agbe Mavɔ ƒe Nyawo, esime wòahe Gbedeasi vɛ na mí tso Mawu gbɔ: Ɖee Wò Agbe Dze Nyanyuie La? 63-0630E.

Nɔvi. Joseph Branham

Nyanyananu Tɔxɛ: Ne Aƒetɔ la lɔ̃ la, míawɔ Kɔmuniɔn / Afɔkɔklɔ Ƒe Takpekpe Kɔsiɖagbe si gbɔna zã me, ɣleti ewolia ƒe ŋkeke 15lia.