22-0717 Ame Aɖe Le Afisia Si Ate Ŋu Asi Dzo La

Gbedasi: 63-1229M Ame Aɖe Le Afisia Si Ate ŋu Asi Dzo La


BranhamTabernacle.org

Yesu Kristo Ƒe Dzedzeme Lɔlɔ̃tɔ,

Abe alesi ŋutsuvi sue si kpɔ ahuhɔ̃ea me ene eye mede dzesi be yenɔ yeɖokui kpɔm o la, azɔ míele Mawu ƒe Ahuhɔ̃e me kpɔm, Eƒe Nya la, eye míele dzesi deme be, FOFO, NYEE MA, menye Wò Nya la ƒe dzedzeme. Menye Wò Nya si woɖe ɖe go. Xɔsetɔ ye menye, menye Wò Ŋugbetɔ!

Gbedeasi ɖe sia ɖe si míesena la kɔa míaƒe Xɔse yia kɔkɔƒe yeyewo. Egblɔ na mí be edze be míanɔ hatsotso etɔ̃ siawo ƒe dometɔ ɖeka me: Xɔsetɔwo, ame wɔ woɖokui xɔsetɔwo alo dzimaxɔsetɔwo. Esime míekpɔ Eƒe ahuhɔ̃e me la míedo ɣli be, “Mele ekpɔm, ɖikeke ƒe vɔvɔ̃li aɖeke manɔmee be, míenye Xɔsetɔwo. Elabena Xɔsetɔ ɖeka koe ate ŋu axɔ nuŋɔŋlɔ ɖe sia ɖe kple nyati ɖe sia ɖe dzi ase; FOFO, NYEE.”

Naneke meli si ate ŋu aɖikɔ na mí aɖana mí Agbe o negbe Mawu ƒe Nya si woɖe gblɔ ɖe nyaƒoka dzi. Mɔ ma ɖeka dzi ko Agbe ate ŋu ato ava, to Eƒe Nya si woɖe gblɔ, Mawu ƒe Gbe na míaƒe ŋkeke la dzi.

Midzra ɖo, geɖe wu gbɔna Kɔsiɖagbe sia, Siamlɔm 17, ƒe 2022. Amea ɖe le afisia si le Dzo la si ge, eye ne Ewɔe la, míakatã ƒe gbewo me ahe le ɣlidodo kple aƒadodo sesĩe be Amen, Aleluya, Woakafu Aƒetɔ la Ƒe Ŋkɔ, Ŋutikɔkɔe na Mawu ta, elabena Mawu Ŋutɔ ye anɔ nuƒom na mí teŋ aɖaɖe Eƒe Nya fia mí awu.

Abe alesi ŋdɔkutsu ma ke, si le keklẽm egbe la, ana bena nuku la naɖi hena nuŋeŋe la le Siamlɔm me ene. Mikpɔ nusi gblɔm mele la? Gake egbe ƒe Kekeli la mawɔ nyuie aɖeke le megbe le afima le Siamlɔm me o. Esẽnu wu. Lu la de ŋgɔ wu; ele klalo be Yeaxɔe. Amen. Kakaɖedzitɔe la nenema wòle.

Nuŋeŋe la tsi! Míede ŋgɔ wu hele klalo wu be Míaxɔe. Yesu ɖo nuɖukplɔ̃, afisi wonyia Mawu ƒe amekɔkɔeawo le kple ŋkeke la ƒe Nuɖuɖu si ɖi. Nyanyuie la ƒe Kekeli le kpeɖom edzi hele efiam bena Ele afisia egbea kpli mí. Ame kɔkɔewo le gbɔgbɔme Nuɖuɖu si wodzraɖo ɖi la ɖum, hele dzadzram ɖo hena Kɔkɔdzoe.

Ne míaƒe Pastɔ, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le nuƒom to Eƒe nyagblɔɖila si dzi woɖo kpe dzi la, trɔ asi le dzosimɔ̃ ma ŋu hesi Ɖeɖefia ƒe kekeli la, Agblɔ amesi Wònye le míaƒe ŋkeke me la na mí ko. Ado ɣli aɖana mí toklã be, mekpɔmɔ be miele alɔ̃ dɔm o ɖe.

Noa nye Kekeli le eƒe ŋkeke me. Mose nye eƒe gaƒoƒo la ƒe Kekeli, azɔ medɔ nyagblɔɖila sesẽ aɖe ɖo ɖe wò le wò ŋkeke me eye mele Nye Nya si ƒe ŋugbe medo la ɖem ɖe go. Enye Mawu ƒe Nya si woɖe ɖe go le wò ŋkeke me. Eyae nye egbe ƒe Kekeli la.

Esime Menɔ afisia le anyigba dzi le ŋutilã me zi mamlɛtɔ la, Metsɔ ƒo ƒe abolo atɔ̃ gbãtɔawo eye medze aboloawo ŋeŋe gɔme. Mewɔ abolo tso gbãtɔa me eye wòna nuɖuɖu ame akpe atɔ̃.

Emegbe la Metsɔ tɔmelã ɖeka, eye tso tɔmelã ma dzi la, mewɔ tɔmelã bubu gawɔ tɔmelã bubu ake, henyi ame akpe atɔ̃.

Gake le wò ŋkeke me la, naneke menɔ Asinye o. Ɖeko meƒo nu hegblɔ be, “Gblɔe anɔ afima,” eye wònɔ afima, naneke manɔmee. Kadzidɔe menɔ asinye kpɔ o; ɖeke menɔ afima o. Ɖeko Megblɔ be, “Nedo,” eye wòdo. Nye Nya medana ƒu o, eye elebe wòava me.

Abe Israel viwo ene, esime wonɔ woƒe mɔzɔzɔ me la, wonɔ mana yeye ɖum gbe sia gbe. Wonɔ zɔzɔm le Dzo Lilikpo ƒe Kekeli me. Dzo Lilikpo ma nye Yesu Kristo.

Egbe la Egali kpli mí ake, Dzo Lilikpo ma ake, le numawo ke si Wòwɔ wɔm esime Wònɔ anyigba dzi le afisia hele Eƒe Nya la ŋu wum.

Míele wò kpem be nàva tu mí Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game esime míaƒe pastɔ, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, Dzo Lilikpo la, asi Ɖeɖefia ƒe Kekeli la, esime míase: 63-1229M “Ame Aɖe Le Afisia Si Ate Ŋu Asi Dzo La”.

Nɔvi. Joseph Branham

Mose I 1:3, Ta 2
Psalmowo 22
Yoel 2:28
Yesaya 7:14, 9:6, 28:10, 42:1-7
Mateo Kɔkɔe 4:12-17, Ta 24 kple 28
Marko Kɔkɔe ta 16
Nyaɖeɖefia ta 3